Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 32

HADZIDZI 44 Ame Si Dzi Nu Te Ðo Ƒe Gbedodoɖa

Yehowa Di Be Amewo Katã Natrɔ Dzi Me

Yehowa Di Be Amewo Katã Natrɔ Dzi Me

“Yehowa . . . medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.”2 PET. 3:9.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míanya nu si dzimetɔtrɔ fia, nu si tae wòle vevie, kple ale si Yehowa kpena ɖe amewo ŋu be woatrɔ dzi me.

1. Nu kae dzimetɔtrɔ fia?

 NE MÍEWƆ nu gbegblẽ aɖe la, ehiã vevie be míatrɔ dzi me. Le Biblia me ne ame aɖe trɔ dzi mea, efia be etrɔ eƒe nuŋububu kple nuwɔnawo, edzudzɔa nuwɔna gbegblẽa eye wòɖonɛ kplikpaa be yemagawɔe ake o.—Kpɔ Biblia Me Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe, “Dzimetɔtrɔ.”

2. Nu ka tae wòle be mí katã míasrɔ̃ nu tso dzimetɔtrɔ ŋu? (Nehemiya 8:​9-11)

2 Ele be amegbetɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ nu tso dzimetɔtrɔ ŋu. Nu ka tae? Elabe mí katã míewɔa nu vɔ̃ gbe sia gbe. Esi míenye Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo ta la, míenyi nu vɔ̃ kple ku dome. (Rom. 3:23; 5:12) Ame ɖeka pɛ hã meto le eme o. Ame siwo si xɔse sẽŋu le, abe apostolo Paulo ene, gɔ̃ hã wɔ avu kple nu vɔ̃. (Rom. 7:​21-24) Ke ɖe esia fia be ele be míalé blanui ɣesiaɣi le míaƒe nu vɔ̃wo ta? Ao! Nublanuikpɔlae Yehowa nye eye edi be míakpɔ dzidzɔ. Bu nu si dzɔ ɖe Yudatɔwo dzi le Nehemiya ƒe ŋkekea me ŋu kpɔ. (Xlẽ Nehemiya 8:​9-11.) Yehowa medi be woalé blanui anɔ nu xam le nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi ta o, ke boŋ edi be woasubɔ ye kple dzidzɔ. Yehowa nya be dzimetɔtrɔ nana ame kpɔa dzidzɔ. Esia tae wòfiaa nu mí tso dzimetɔtrɔ ŋu ɖo. Ne míetrɔ dzi me tso míaƒe nu vɔ̃wo mea, míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo si kpɔa nublanui la atsɔe ake mí.

3. Nu kawoe míasrɔ̃ le nyati sia me?

3 Le nyati sia mea, míadzro nu etɔ̃ aɖewo me tso dzimetɔtrɔ ŋu. Gbã, míasrɔ̃ nu si Yehowa fia Israel-viwo tso dzimetɔtrɔ ŋu. Evelia, míakpɔ nu siwo Yehowa wɔ tsɔ kpe ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋu be woatrɔ dzi me. Eye etɔ̃lia, míakpɔ nu siwo Yesu fia eyomedzelawo tso dzimetɔtrɔ ŋu.

NU SI YEHOWA FIA ISRAEL-VIWO TSO DZIMETƆTRƆ ŊU

4. Nu kae Yehowa fia Israel dukɔa tso dzimetɔtrɔ ŋu?

4 Esi Yehowa tia Israel-viwo be woanye yeƒe dukɔ la, ebla nu kpli wo, si fia be ewɔ ɖoɖo aɖe koŋ kpli wo. Ena wonya be ne wowɔ ɖe yeƒe sewo dzi la, yeakpɔ wo ta eye yeayra wo. Yehowa gblɔ tso se siwo wòna wo ŋu be: “Se sia, si dem mele na wò egbea mesesẽ na wò akpa o, eye mele didiƒe hã tso gbɔwò o.” (5 Mose 30:​11, 16) Gake ne wodze aglã gbe sea dzi wɔwɔ, le kpɔɖeŋu me, wovae subɔ mawu bubuwo la, yeƒe yayra maganɔ wo dzi o eye woakpe fu. Ne edzɔ alea gɔ̃ hã la, woate ŋu awɔ tɔtrɔwo be Mawu nagakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Woate ŋu ‘atrɔ ɖe Yehowa woƒe Mawu la ŋu ahaɖo to eƒe gbe.’ (5 Mose 30:​1-3, 17-20) Esia fia be woate ŋu atrɔ dzi me. Eye ne wotrɔ la, Yehowa hã agatrɔ ɖe wo ŋu eye wòayra wo.

5. Aleke Yehowa ɖee fia be yemeklɔ asi le yeƒe dukɔa ƒe nya me o? (2 Fiawo 17:​13, 14)

5 Yehowa ƒe dukɔ si wòtia la dze aglã ɖe eŋu enuenu. Wosubɔ trɔ̃wo hewɔ nu nyɔŋu bubuwo hã. Esia na wokpe fu. Gake Yehowa megbe eƒe dukɔ dzeaglã la o. Edɔ eƒe nyagblɔɖilawo ɖe wo gbɔ enuenu be woaxlɔ̃ nu wo ne woatrɔ dzi me agatrɔ ɖe ye ŋu.—Xlẽ 2 Fiawo 17:​13, 14.

6. Aleke Yehowa to eƒe nyagblɔɖilawo dzi fia eƒe amewo be ele vevie be woatrɔ dzi me? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

6 Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖilawo enuenu be woaxlɔ̃ nu yeƒe dukɔ la ne woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ to Yeremiya dzi be: “Oo, Israel dzego, trɔ va . . . Nyemaɖo adã ɖe mia ŋu o, elabena nuteƒewɔlae menye . . . Nyemalé dziku ɖe dɔme ɖaa o. Ðeko de dzesi wò vodada, elabena Yehowa wò Mawu ŋue nèda vo ɖo.” (Yer. 3:​12, 13) Egblɔ to nyagblɔɖila Yoel dzi be: “Mitsɔ dzi blibo . . . va gbɔnye.” (Yoel 2:​12, 13) Egblɔ to nyagblɔɖila Yesaya hã dzi be: “Mikɔ mia ɖokuiwo ŋu; miɖe miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ɖa le ŋkunyeme; midzudzɔ nu baɖa wɔwɔ.” (Yes. 1:​16-19) Yehowa na Ezekiel bia dukɔa be: “Ðe ame vɔ̃ɖi ƒe ku vivia nunyea? Menye ɖe medina be wòatrɔ tso eƒe mɔwo dzi ne wòanɔ agbe boŋ oa? Ame aɖeke ƒe ku mevivia nunye o. . . . Eya ta mitrɔ, ne mianɔ agbe.” (Eze. 18:​23, 32) Edzɔa dzi na Yehowa ne ekpɔ amewo wotrɔ dzi me elabe edi be woanɔ agbe tegbee. Eya ta Yehowa menɔa lalam ko be nu vɔ̃ wɔlawo natrɔ dzi me hafi yeakpe ɖe wo ŋu o. Na míakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu bubu aɖewo ɖa.

Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖilawo ɖe eƒe dukɔ dzeaglã la gbɔ enuenu be woaxlɔ̃ nu wo ne woatrɔ dzi me (Kpɔ memama 6-7)


7. Nu kae Yehowa to nyagblɔɖila Hosea kple srɔ̃a ƒe ŋutinyaa dzi fia eƒe amewo?

7 Yehowa to nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ aɖe dzi fia nu vevi aɖe eƒe amewo. Eku ɖe nyagblɔɖila Hosea kple srɔ̃a Gomer ŋu. Hosea srɔ̃ Gomer wɔ ahasi eye wòdzo le Hosea gbɔ va le tsatsam le ŋutsuwo dzi. Gomer wɔ nu si gbɔ eme, gake ɖe wòagate ŋu atrɔa? Yehowa si kpɔa ame ƒe dzi me la gblɔ na Hosea be: “Gayi nàlɔ̃ nyɔnu si hawòvi le lɔlɔ̃m eye wòle ahasi wɔm la, abe ale si Yehowa lɔ̃ Israel-viwo, evɔ wotrɔ ɖe mawu bubuwo ŋu . . . ene.” (Hos. 3:1; Lod. 16:2) De dzesii be esime Yehowa gblɔ nya siawo la, Hosea srɔ̃ kpɔtɔ nɔ nu vɔ̃ gãwo wɔm. Ke hã, Yehowa gblɔ na Hosea be wòatsɔe akee eye wòagakplɔe agbɔe. a Yehowa to kpɔɖeŋu sia dzi le nu vevi aɖe fiam eƒe ame siwo nye kɔlialiatɔwo. Eyae nye be togbɔ be woƒo wo ɖokuiwo ɖe nuwɔna vɔ̃ɖiwo me blibaa hã la, esi yekpɔtɔ lɔ̃ wo tae yele nyagblɔɖilawo dɔm ɖe wo gbɔ be woakpe ɖe wo ŋu woatrɔ dzi me. Ðe kpɔɖeŋu sia fia be Yehowa, ‘ame si dzroa dziwo me kpɔna’ la, ayi edzi akpe ɖe ame si kpɔtɔ le nu vɔ̃ gã wɔm ŋu be wòatrɔ dzi mea? (Lod. 17:3) Mina míakpɔe ɖa.

ALE SI YEHOWA KPENA ÐE NU VƆ̃ WƆLAWO ŊU BE WOATRƆ DZI ME

8. Nu kae Yehowa wɔ be yeatsɔ akpe ɖe Kain ŋu wòatrɔ dzi me? (1 Mose 4:​3-7) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

8 Kain ye nye Adam kple Xawa ƒe vi gbãtɔ. Enyi nu vɔ̃ dome tso edzilawo gbɔ. Azɔ hã, Biblia gblɔ tso eŋu be: “Eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.” (1 Yoh. 3:12) Anye susu ma tae esi Kain sa vɔ na Yehowa la, ‘Kain kple ƒe vɔsaa’ medze Yehowa ŋu o. Ðe wòle be Kain natrɔ eƒe agbenɔnɔ hafi, gake ‘edo dɔmedzoe helĩhelĩ heyɔ mo.’ Nu kae Yehowa wɔ? Yehowa ƒo nu na Kain. (Xlẽ 1 Mose 4:​3-7.) De dzesii be Yehowa de ŋugble kple Kain dɔmenyotɔe hegblɔ nɛ be ne ewɔ nyui la, yeayrae. Exlɔ̃ nui hã be eƒe dɔmedzoe la ate ŋu ana wòawɔ nu vɔ̃. Nublanuitɔe la, Kain meɖo to o. Meɖe mɔ Yehowa kpe ɖe eŋu wòtrɔ dzi me o. Togbɔ be edzɔ alea hã la, ɖe ema na Yehowa dzudzɔ kpekpeɖeŋu nana nu vɔ̃ wɔlawo be woatrɔ dzi mea? Kura o!

Yehowa kpe ɖe Kain ŋu be wòatrɔ dzi me eye wògblɔ nɛ be yeayrae ne etrɔ dzi me (Kpɔ memama 8)


9. Aleke Yehowa kpe ɖe David ŋu wòtrɔ dzi me?

9 Yehowa lɔ̃ Fia David vevie ŋutɔ. Egblɔ tso David ŋu gɔ̃ hã be enye ‘ŋutsu si ƒe nu dze yeƒe dzi ŋu.’ (Dɔw. 13:22) Gake David va wɔ nu vɔ̃ gãwo; ewɔ ahasi eye wòwu ame. Le Mose ƒe Sea nu la, David dze na ku. (3 Mose 20:10; 4 Mose 35:31) Gake dɔmenyotɔe la, Yehowa kpe ɖe David ŋu wòtrɔ dzi me. b Edɔ eƒe nyagblɔɖila Natan ɖe David gbɔ togbɔ be ɣemaɣia, David meɖe dzimetɔtrɔ ƒe dzesi aɖeke fia o gɔ̃ hã. Natan zã kpɔɖeŋu aɖe si wònya be awɔ dɔ ɖe David dzi. Kpɔɖeŋua ʋã David wòtrɔ dzi me hã vavã. (2 Sam. 12:​1-14) David kpa ha aɖe si ɖe ale si gbegbe nu si wòwɔa te ɖe edzii la fia. (Ps. 51, etamenuŋɔŋlɔ) Psalmo ma fa akɔ na nu vɔ̃ wɔla geɖewo eye wòʋã wo wotrɔ dzi me. Ðe medzɔa dzi na mí be Yehowa kpe ɖe David ŋu lɔlɔ̃tɔe be wòatrɔ dzi me oa?

10. Aleke nèsena le ɖokuiwò me esi nènya be Yehowa gbɔa dzi ɖi eye wòlɔ̃a tsɔtsɔke?

10 Yehowa lé fu nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi. (Ps. 5:​4, 5) Enya be nuvɔ̃mewoe mí katã míenye, gake esi wòlɔ̃ mí ta la, ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ avu kple nu vɔ̃. Edzea agbagba ɣesiaɣi be yeakpe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãgãwo gɔ̃ hã ŋu be woatrɔ dzi me eye woate ɖe ye ŋu. Akɔfanya ka gbegbee nye esi! Ne míedea ŋugble le Yehowa ƒe dzigbɔɖi kple tsɔtsɔke ŋua, eʋãa mí be míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ, eye ne edzɔ be míewɔ nu vɔ̃ hã la, míatrɔ dzi me kaba. Azɔ mina míadzro nu si Yesu fia eyomedzelawo tso dzimetɔtrɔ ŋu la me.

NU SI YESU FIA EYOMEDZELAWO TSO DZIMETƆTRƆ ŊU

11-12. Nu kae Yesu fia mí tso Fofoa ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata.)

11 Esi ɣeyiɣia de be Mesia la nava anyigba dzi la, Yehowa na Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɖe gbeƒãe na eƒe amewo hexlɔ̃ nu wo be woatrɔ dzi me. Esi Yesu Kristo dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, eya hã fia nu amewo be ele vevie be woatrɔ dzi me.—Mat. 3:​1, 2; 4:17.

12 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔ bliboa me la, ena amewo nya be ye Fofo lɔ̃a tsɔtsɔke. Yesu wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe tsɔ kɔ esia me. Kpɔɖeŋua ku ɖe ŋutsu aɖe kple via ŋu. Via dzo le aƒe me va nɔ agbe baɖa hena ɣeyiɣi aɖe. Ke hã eva ‘nyɔ le eɖokui me’ eye wòtrɔ yi aƒeme. Aleke fofoa wɔ nui? Yesu gblɔ be: “Esi wòle mɔ dzi ʋĩi gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe nu wɔ nublanui nɛ, ale wòƒu du yi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe.” Ðevia ɖoe be yeabia be yeanye subɔvi le ye fofo ƒe aƒea me. Gake fofoa yɔe be “vinye” eye wògatsɔe ɖo enɔƒe le ƒomea me. Fofoa gblɔ be: “Ebú, eye wogakpɔe.” (Luka 15:​11-32) Hafi Yesu nava anyigba dzi la, ekpɔ eteƒe Fofoa ƒe dɔme trɔ ɖe nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me la ŋu eye wòkpɔ nublanui na wo. Yesu ƒe lododo sia wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ! Ena míekpɔ ale si gbegbe mía Fofo Yehowa kpɔa nublanui.

Vifofo si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododo si ku ɖe vi búbu la ŋu me la ƒu du yi ɖawɔ atuu na via si trɔ gbɔ va aƒeme la. (Kpɔ memama 11-12)


13-14. Nu kae apostolo Petro srɔ̃ tso dzimetɔtrɔ ŋu, eye nu kae wòfia amewo tso eŋu? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

13 Apostolo Petro srɔ̃ nu geɖe tso Yesu gbɔ ku ɖe dzimetɔtrɔ kple tsɔtsɔke ŋu. Petro da vo zi geɖe eye Yesu tsɔe kee faa. Le kpɔɖeŋu me, esi Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ be yemenyae o la, eƒe dzi gbã eye wòse veve ɖe nu si wòwɔ la ta. (Mat. 26:​34, 35, 69-75) Gake esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, eɖe eɖokui fia Petro, anɔ eme be esime eya ɖeka koe le afi aɖe eye wòƒo nu kplii. (Luka 24:​33, 34; 1 Kor. 15:​3-5) Ðikeke mele eme o be le ɣeyiɣi ma mea, Yesu tsɔe ke apostolo Petro si trɔ dzi me la, eye wòka ɖe edzi nɛ be yekpɔtɔ lɔ̃e.—Kpɔ Marko 16:7.

14 Petro va se nu si dzimetɔtrɔ kple tsɔtsɔke fia gɔme nyuie, eya ta esu te afia nu amewo tso nu siawo ŋu. Ɣeaɖeɣi le Pentekoste ŋkekea megbe la, Petro ƒo nuƒo aɖe na ameha siwo nye Yudatɔ dzimaxɔsetɔwo eye wòɖe eme na wo be ame si wowu lae nye Mesia la. Ke hã exlɔ̃ nu wo lɔlɔ̃tɔe be: “Mitrɔ dzi me, eye migbugbɔ, ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, ale be miakpɔ dzidzemeɣiwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ.” (Dɔw. 3:​14, 15, 17, 19) Petro ƒe nyawo na míekpɔe be dzimetɔtrɔ fia be ele be ame siwo wɔ nu vɔ̃ natrɔ woƒe nuŋububu kple nuwɔna eye woawɔ nu si adze Mawu ŋu. Ne wowɔ esia la, Yehowa atutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa. Le ƒe geɖe megbe la, Petro ka ɖe edzi na Kristotɔwo be: “[Yehowa gbɔa] dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (2 Pet. 3:9) Nya fakɔname kawoe nye esi! Mɔnukpɔkpɔ le ʋuʋu ɖi be ne edzɔ be Kristotɔ aɖe wɔ nu vɔ̃—nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã eye wòtrɔ dzi me la, woakpɔ nublanui nɛ atsɔ akee!

Yesu tsɔe ke apostolo Petro eye wòka ɖe edzi nɛ be yelɔ̃e (Kpɔ memama 13-14)


15-16. (a) Nu kae kpe ɖe apostolo Paulo ŋu wòsrɔ̃ nu tso tsɔtsɔke ŋu? (1 Timoteo 1:​12-15) (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

15 Saul si tso Tarso wɔ nu gbegblẽ geɖe eye wòhiã be wòatrɔ dzi me be woatsɔe akee. Eti Kristotɔwo yome kutɔkutɔe. Ðewohĩ awɔ na Kristotɔ akpa gãtɔ be ŋutsu ma ya mate ŋu atrɔ dzi me akpɔ o. Gake Yesu si wofɔ ɖe tsitre ya nya be Saul ate ŋu atrɔ. Eya kple Fofoa kpɔ nɔnɔme nyui aɖewo le Saul me. Yesu gblɔ be: “Ŋutsu sia nye dɔwɔnu tiatia aɖe nam.” (Dɔw. 9:15) Yesu wɔ nukunu aɖe gɔ̃ hã tsɔ kpe ɖe Saul ŋu be wòatrɔ dzi me. (Dɔw. 7:58–8:3; 9:​1-9, 17-20) Esi Saul, si wova yɔ be apostolo Paulo, trɔ dzi me zu Kristotɔ la, egblɔ zi gbɔ zi geɖe be yekpɔ ŋudzedze ɖe ale si wokpɔ nublanui na ye henyo dɔme na ye la ŋu. (Xlẽ 1 Timoteo 1:​12-15.) Paulo ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ gblɔ esi wòfia nu nɔvia Kristotɔwo be: “Mawu le didim be yeakplɔ wò ayi dzimetɔtrɔ gbɔ.”—Rom. 2:4.

16 Ɣeaɖeɣi la, Paulo se be woɖe mɔ na ŋutsu aɖe si nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ la wòkpɔtɔ nɔ Korinto hamea me. Nu kae Paulo wɔ tso eŋu? Nu si wòwɔ la na míesrɔ̃ nu vevi aɖe tso ale si Yehowa hea to na ame lɔlɔ̃tɔe kple ale si wòle vevie be míasrɔ̃ Yehowa akpɔ nublanui na amewoe ŋu. Míadzro nya sia me ayi ŋgɔe le nyati si kplɔe ɖo me.

HADZIDZI 33 Dro Wò Agba Ðe Yehowa Dzi

a Nudzɔdzɔ sia le etɔxɛ. Egbea, Yehowa mebia tso srɔ̃tɔ maɖifɔa si be wòakpɔtɔ anɔ srɔ̃a si wɔ ahasi la gbɔ o. Le nyateƒe me la, Yehowa to Via dzi na eme kɔ be srɔ̃tɔ maɖifɔ la ate ŋu atiae be yeagbe srɔ̃a si wɔ ahasi la.—Mat. 5:32; 19:9.

b Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Aleke Yehowa Ƒe Tsɔtsɔke Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wòe?” si dze le November 15, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 21-23, memama 3-10.