Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Tesalonikatɔwo Ƒe Agbalẽ Evelia ta 3:14 gblɔ be ‘woade dzesi’ ame aɖewo. Hamemetsitsiwoe ade dzesi ameawoa, alo hamea me tɔwoe?

Apostolo Paulo gblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo le Tesalonika me be: “Ne ame aɖe meɖo to míaƒe agbalẽ sia me nyawo o la, mide dzesi ame sia.” (2 Tes. 3:14) Míegblɔ ƒe aɖewo va yi be nya sia yi na hamemetsitsiwo. Eya ta tsã ne ame aɖe gbe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ togbɔ be hamemetsitsiwo xlɔ̃ nui enuenu hã la, hamemetsitsiawo tea ŋu ƒoa nuƒo aɖe tsɔ xlɔ̃a nu hamea. Tso ema dzi la, nɔviwo magade ha kple ame ma si wode dzesi le hadomewɔnawo me o.

Gake fifia míekpɔe be ehiã be míawɔ asitɔtrɔ. Eme va kɔ na mí be ale si Kristotɔ ɖe sia ɖe awɔ nu le nɔnɔme aɖewo koŋ me ŋue aɖaŋu si Paulo ɖo la ku ɖo. Eya ta megahiã be hamemetsitsiwo naƒo nuxlɔ̃amenuƒo na hamea o. Nu ka tae míetrɔ ale si míese 2 Tesalonikatɔwo 3:14 gɔmee? Bu nu si ŋu Paulo nɔ nu ƒom tsoe hafi gblɔ nya mawo ŋu kpɔ.

Paulo de dzesii be hamea me tɔ aɖewo nɔ zɔzɔm “sakasaka.” Ezã Mawu ƒe Nyaa tsɔ xlɔ̃ nu wo gake wogbe tɔtrɔ. Le eƒe sasrãkpɔ aɖe mea, ede se be: “Ne ame aɖe medi be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o.” Gake nɔvi aɖewo gbe dɔwɔwɔ kokoko, togbɔ be ŋusẽ le wo ŋu woawɔ dɔ atsɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ hã. Azɔ hã wonɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me. Aleke wòle be Kristotɔwo nawɔ nu ɖe ame siwo nɔ zɔzɔm sakasaka la ŋu?—2 Tes. 3:​6, 10-12.

Paulo gblɔ be ‘woade dzesi ame siawo.’ Helagbe me nya “mide dzesi ame sia” fia be woanɔ ŋudzɔ ɖe amea ŋu. Hamea me tɔwo katãe Paulo nɔ mɔfiame sia gblɔm na, ke menye hamemetsitsiwo ko o. (2 Tes. 1:1; 3:6) Eya ta ne Kristotɔ aɖe de dzesii be nɔvi aɖe mewɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo dzi o alo le zɔzɔm sakasaka la, ate ŋu atiae be ‘yeadzudzɔ hadede kplii.’

Ðe esia fia be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ nu ɖe nɔvi aɖe si le zɔzɔm sakasaka la ŋu abe ame si woɖe le haa me enea? Ao, elabe Paulo gblɔ kpee be: “Miyi edzi mianɔ nu xlɔ̃mee abe nɔvi ene.” Eya ta hamea me tɔwo awɔ nu aduadu kplii le kpekpeawo eye woayi gbeadzi kplii, gake womaɖe modzaka kplii alo ade ha kplii le hadomewɔnawo me o. Nu ka tae? Paulo gblɔ be: “Ale be ŋu nakpee.” Ne wode dzesi ame si le zɔzɔm sakasaka la, esia ate ŋu ana ŋu nakpee eye wòatrɔ agbenɔnɔ.—2 Tes. 3:​14, 15.

Ke aleke míate ŋu awɔ ɖe 2 Tesalonikatɔwo 3:14 me nyawo dzi egbea? Hafi míade dzesi ame aɖe le hamea mea, gbã ele be kpeɖodzi nanɔ eŋu be amea le zɔzɔm “sakasaka” nyateƒe. Menye ame siwo ƒe nuŋububu kple nuwɔnawo to vovo na mía tɔ alo woƒe dzitsinya ɖea mɔ na wo wowɔa nanewo siwo míawo míawɔ o ƒe nya gblɔmee Paulo nɔ o. Eye eƒe nyawo meku ɖe ame siwo wɔ nu wòve mí hã ŋu o. Ke boŋ ame siwo ɖoe kplikpaa be yewomawɔ ɖe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me kɔ la dzi o ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe.

Egbea, ne míede dzesii be nɔvi aɖe ɖea tomaɖomaɖo ƒe gbɔgbɔ a sia fiana enuenu la, mía dometɔ ɖe sia ɖe aɖoe be yemagade ha kplii le hadomewɔnawo me o. Esi wònye ame ŋutɔ ƒe nyametsotsoe ta, masɔ be nàgblɔe na ame bubuwo o; wò ƒomea me tɔ siwo le aƒe ɖeka me kpli wò koe nàte ŋu agblɔe na. Míayi edzi awɔ nu aduadu kple amea le kpekpeawo eye míade gbeadzi kplii. Eye ne enya trɔ nɔnɔme ko la, míagate hadede kplii abe tsã ene.

a Le kpɔɖeŋu me, ne Kristotɔ aɖe gbe dɔwɔwɔ togbɔ be ŋusẽ le eŋu wòawɔ dɔ atsɔ akpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ, ne Kristotɔ aɖe ɖoe kplikpaa le gbe ɖom ɖi kple dzimaxɔsetɔ, ne Kristotɔ aɖe ƒoa nu tsia tre ɖe mɔfiamewo ŋu alo ne Kristotɔ aɖe kakaa ameŋugblẽnyawo. (1 Kor. 7:39; 2 Kor. 6:14; 2 Tes. 3:​11, 12; 1 Tim. 5:13) Ame siwo yia edzi wɔa nu siawo tɔgbi la le zɔzɔm “sakasaka.”