GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA December 2016

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso January 30 va se ɖe February 26, 2017 la le tata sia me.

AGBEMEŊUTINYA

Ale Si “Mezu Nuwo Katã Na Amewo Katã Ƒomevi”

Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ geɖe siwo su Denton Hopkinson si tso eƒe ɖekakpuime kpe ɖe eŋu wòkpɔ ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ amewo katã ƒomeviwoe.

Wona Ablɔɖe Mi To Amenuveve Me

Nusɔsrɔ̃ tso ale si wòdzɔe be Yehowa tsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò ŋu ate ŋu aɖe vi geɖe na wò.

“Susu Ðoɖo Gbɔgbɔ La Ŋu Hea Agbe Kple Ŋutifafa Vanɛ”

Aɖaŋuɖoɖowo le Romatɔwo ta 8 lia me siwo akpe ɖe ŋuwò wò asi nasu teƒeɖoɖo si Yehowa tsɔ ɖo amewo katã ŋkume la dzi.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa? Ekema, kpɔe ɖa be Biblia me biabia neni ŋue nàte ŋu aɖo hã.

Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Yehowa Dzi

Edzɔna be Mawu subɔlawo hã tsia dzimaɖi ɣeaɖewoɣi. Nu ene aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ “Mawu ƒe ŋutifafa.”

Yehowa Ðoa Eteƒe Na Ame Siwo Dinɛ Vevie

Aleke mɔkpɔkpɔ si le mía si be Yehowa aɖo eteƒe na mí la ɖea vi na mí? Aleke wòɖo eteƒe na esubɔlawo le blema, eye aleke wòle ewɔm fifia hã?

Tufafa—Nunyamɔ Wònye

Mele bɔbɔe be nàɖu ɖokuiwò dzi ne womewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o, ke hã Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woafa tu. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàtu mawumenɔnɔme sia ɖo?

Nyawo Diƒe Ƒe 2016 Gbetakpɔxɔ

Gbetakpɔxɔ si míemana kple esi míesrɔ̃na me nyati siwo woɖo ɖe woƒe hatsotso vovovoawo me.