Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Nu vɔ̃ ka ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe le aɖaŋu si wòɖo le Mateo 18:15-17 la me?

Enɔ nu ƒom tso nya siwo gbɔ Kristotɔwo ate ŋu akpɔ le wo kple wo nɔviwo dome ŋu. Ke hã enye nu vɔ̃ si ate ŋu ana woaɖe ame le haa me ne womekpɔ egbɔ o. Le kpɔɖeŋu me, nu vɔ̃ sia ƒe ɖewoe nye ameŋugbegblẽ kple ametafatafa.—w16.05, axa 7.

Nu kae nàte ŋu awɔ be Biblia xexlẽ naɖe vi na wò wu?

Àte ŋu awɔ nu siawo: Ʋu wò dzi ne èle Biblia xlẽm, be nàkpɔ nufiame siwo ŋu dɔ nàte ŋu awɔ; bia nya sia tɔgbi ɖokuiwò, ‘Aleke mate ŋu azã nya sia atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu?’; eye nàzã míaƒe agbalẽwo kple dɔwɔnu vovovoawo atsɔ awɔ numekuku le nu si nèxlẽ ŋu.—w16.05, axa 28-31.

Ðe wògblẽ be Kristotɔ naxa nu togbɔ be exɔ tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa dzi sea?

Xɔse si le Kristotɔ si le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa me mefia be mase veve ne eƒe ame vevi aɖe ku o. Abraham xa nu vevie eye wòfa Sara ŋutɔ. (1 Mose 23:2) Ʋɛʋɛʋɛ la, nuxaxaa dzi aɖe akpɔtɔ.—wp16.3, axa 4.

Le Ezekiel ta 9 la, ame kawoe ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le ali dzi na, kpakple ŋutsu ade siwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi la le tsitre ɖi na?

Wole tsitre ɖi na dziƒoʋakɔ siwo nɔ ŋgɔ wotsrɔ̃ Yerusalem, siwo agakpɔ gome le Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia tsɔtsrɔ̃ me le Armagedon-ʋa me. Le nyagblɔɖia ƒe emevava egbea me la, ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le ali dzi na la le tsitre ɖi na Yesu Kristo. Eyae anɔ dziƒo ade dzesi amewo hena agbetsitsi.—w16.06, axa 16-17.

Kuxi kawo mee Biblia to hafi gakpɔtɔ li?

Biblia gakpɔtɔ li togbɔ be (1) nu siwo dzi woŋlɔ Biblia ɖo, abe aƒlagbalẽwo kple lãgbalẽwo ene tea ŋu nyunyɔna mlɔeba; (2) dziɖuɖumegãwo kple subɔsubɔhakplɔlawo di be yewoatsrɔ̃e ɖa; eye (3) ame aɖewo dze agbagba be yewoatrɔ emenyawo gɔ̃ hã.—wp16.4, axa 4-7.

Nu kae Kristotɔ ate ŋu awɔ be wòanɔ agbe tsɛ?

Nya nu siwo hiã wò ŋutɔŋutɔ, eye nàdzudzɔ nu siwo mehiã o ƒeƒle. Wɔ ɖoɖo nyui ɖe ga ŋu. Ðe asi le nu siwo mehiã wò o ŋu, eye nàxe ŋuwò fewo. Ðe wò dɔwɔwɔ dzi kpɔtɔ, eye nàdzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi.—w16.07, axa 10.

Nu kae Biblia gblɔ be enyo sãsãsã wu sika alo klosalo?

Hiob 28:12, 15 ɖee fia be nunya si tso Mawu gbɔ nyo sãsãsã wu sika alo klosalo. Esi nunya sia le asiwò sum la, dze agbagba nàbɔbɔ ɖokuiwò eye nàli ke le xɔse la me.—w16.08, axa 18-19.

Egbea, ɖe wòsɔ be nɔviŋutsuwo naɖo gea?

Le dukɔ aɖewo me la, enye kɔnu be ŋutsuwo naɖo ge ahafɔ edzi nyuie wòanya kpɔ, eye esia mehea afi ma tɔwo ƒe susu ɖa kura le Fiaɖuƒegbedeasia dzi o. Ke hã nɔviŋutsu aɖewo siwo le afi ma tiae be yewomaɖo ge o. (1 Kor. 8:9) Le dukɔ alo nuto aɖewo me la, menye kɔnu wònye be woaɖo ge o, eya ta womebunɛ be esɔ na Kristotɔ siwo le afi ma o.—w16.09, axa 21.

Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Biblia me ŋutinya si ku ɖe David kple Goliat ŋu la dzi?

Biblia na míenya be Goliat kɔkɔ wu ame si kɔkɔ wu le xexea me egbea sentimeta 15 pɛ ko. David nye ame si nɔ anyi ŋutɔŋutɔ, eye blema nuŋɔŋlɔ si nye David ƒe aƒe si woɖe ɖe kpe dzi, kple nya si Yesu gblɔ hã ɖo kpe edzi nenema. Eye teƒe siwo ŋutinyaa fia asii hã li ŋutɔŋutɔ.—wp16.5, axa 13.

Vovototo kae le sidzedze, gɔmesese kple nunya dome?

Ame si si sidzedze le la xɔa nyatakaka geɖe tso nu siwo wòsrɔ̃ alo xlẽ la me. Ame si si gɔmesese le la kpɔa ale si nyatakaka vovovo siwo wòxɔ la de nu wo nɔewo me. Gake ame si si nunya le la tea ŋu wɔa sidzedze kple gɔmesese siaa ŋu dɔ le mɔ si aɖe vi nu.—w16.10, axa 18.