Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Yehowa Dzi

Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Yehowa Dzi

‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Yehowa dzi, elabena eléa be na mi.’—1 PET. 5:7.

HADZIDZI: 60, 23

1, 2. (a) Nu ka tae mele be wòawɔ nuku na mí ne míetsi dzimaɖi ɣeaɖewoɣi o? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

ƔEYIƔI sesẽwo mee míele. Dzi le Satana Abosam kum vevie eye wòle “tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.” (1 Pet. 5:8; Nyaɖ. 12:17) Eya ta mewɔ nuku o be ɣeaɖewoɣi la, mí Mawu subɔlawo hã míetsia dzimaɖi. Le kpɔɖeŋu me, mawuvɔ̃lawo abe Fia David ene gɔ̃ hã ‘tsi dzimaɖi’ ɣeaɖewoɣi. (Ps. 13:2) Apostolo Paulo hã ‘tsi dzimaɖi ɖe hameawo katã ŋu.’ (2 Kor. 11:28) Ke nu kae míate ŋu awɔ ne dzimaɖitsitsi va zu agba si wu tsɔtsɔ na mí?

2 Mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la kpe ɖe esubɔlawo ŋu le blema, eye egbea hã ekpena ɖe mía ŋu míekpɔa gbɔdzɔe geɖe tso míaƒe xaxawo kple dzimaɖitsitsiwo me. Biblia gblɔ na mí be: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mi.’ (1 Pet. 5:7) Gake aleke nàte ŋu awɔ esiae? Na míadzro mɔ ene me kpɔ. Woawoe nye: Gbedodoɖa vevie tso dzi me, Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu, Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea si míana wòakpe ɖe mía ŋu kple míaƒe seselelãmewo gbɔgblɔ na ame si dzi míeka ɖo. Esime míele mɔnu ene siawo me dzrom la, kpɔe ɖa be àte ŋu ade dzesi ale si nàtsɔ wo awɔ dɔe hã.

“DRO WÒ AGBA ÐE YEHOWA DZI”

3. Aleke nàte ŋu ‘adro wò agba ɖe Yehowa dzi’ le gbedodoɖa me?

3 Afɔ gbãtɔ si míate ŋu aɖe ye nye be míado gbe ɖa na Yehowa vevie tso dzi me. Ne kuxiwo do mo ɖa si wɔe be ède vovo ge do kpoe, vɔvɔ̃ ɖo wò alo nètsi dzimaɖi la, gblɔ wò dzimenyawo na Fofowò lɔ̃ame si le dziƒo la. Hakpala David ƒo koko na Yehowa be: “Oo Mawu, se nye gbedodoɖa.” Egagblɔ le psalmo ma ke me be: “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te.” (Ps. 55:1, 22) Ne èwɔ nu sia nu si nàte ŋu awɔ tso nɔnɔmea ŋu vɔ la, nɔ gbedodoɖa dzi tso dzi me le esi teƒe be nànɔ dzi tsim ɖe kuxia ŋu. Gake aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màtsi dzimaɖi fũu akpa alo atsi dzodzodzoe o?—Ps. 94:18, 19, etenuŋɔŋlɔ.

4. Nu ka tae wòhiã vevie be míado gbe ɖa ne míetsi dzimaɖi?

4 Xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7. Yehowa ate ŋu aɖo gbe siwo míedona ɖa vevie tso dzi me madzudzɔmadzudzɔe la ŋu. To mɔ ka nu? Ana míaƒe susu nadze akɔ anyi ale be míaƒe seselelãmewo nagaɖe fu na mí o. Ame geɖe ɖia ɖase tso ale si esia va eme na woe ŋu. Mawu na ŋutifafa kple dzidzeme si ƒo amegbetɔwo ƒe nugɔmesese ta la xɔ ɖe woƒe dzimaɖitsitsi kple vɔvɔ̃a teƒe. Ate ŋu anɔ alea le wò hã gowòme. Eya ta “Mawu ƒe ŋutifafa” ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si nàdo goe dzi. Àte ŋu aka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo lédziname sia dzi be: “Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu. Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò.”—Yes. 41:10.

MAWU ƑE NYAA NANA MÍEKPƆA ŊUTIFAFA LE EMEME

5. Aleke Mawu ƒe Nyaa ate ŋu ana míakpɔ ŋutifafa ememetɔ?

5 Nu evelia si ana míakpɔ ŋutifafa ememetɔ ye nye be míanɔ Biblia xlẽm anɔ ŋugble dem le nu siwo míexlẽ ŋu. Nu ka tae esia le vevie? Mɔfiame nyui siwo tso Mawu gbɔ la le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na dzimaɖitsitsi, alé enu, alo anɔ te ɖe enu. Mègaŋlɔ be o be Mawu ƒe Nya la kpena ɖe ame ŋu eye wònaa dzidzeme ame, elabena Wɔla la ŋutɔ ƒe nya siwo me nunya le lae le eme. Ne èle ŋugble dem le Mawu ƒe nyawo ŋu, eɖanye le ŋkeke me alo zã me o eye nèle mɔ ŋutɔŋutɔ siwo nu nàte ŋu atsɔ Biblia me mɔfiamewo awɔ dɔe le ŋu bum la, esia ado ŋusẽ wò ale gbegbe. Yehowa na eme kɔ ƒãa be yeƒe Nyaa xexlẽ ate ŋu ana ame ‘nalé dzi ɖe ƒo ahasẽ ŋu,’ eye awɔe hã be ‘wòagavɔ̃ alo ŋɔdzi nalée o.’—Yos. 1:7-9.

6. Aleke Yesu ƒe nyawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe?

6 Yesu ƒe nya siwo faa akɔ na ame la le Mawu ƒe Nyaa me. Eƒe nyawo kple nufiafiawo na gbɔdzɔe eƒe nyaselawo. Amehawo ƒoa zi ɖe eŋu, elabena efaa dzi na ame siwo le nu xam, edoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ, eye wòfaa akɔ na ame siwo dzi nu te ɖo. (Xlẽ Mateo 11:28-30.) Etsɔ ɖe le eme na amewo lɔlɔ̃tɔe eye wòdina be yeakpɔ woƒe gbɔgbɔ me kple ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔ na wo. (Marko 6:30-32) Yesu do ŋugbe na eƒe apostolo siwo nɔ eŋu le eƒe mɔzɔzɔwo me be yeakpe ɖe wo ŋu. Míate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe míawo hã ŋu nenema ke. Mehiã be nànɔ Yesu ŋu ŋutɔŋutɔ hafi wòakpe ɖe ŋuwò o. Yesu, si nye Fia le dziƒo la, gasea veve ɖe mía nu hekpena ɖe mía ŋu egbea hã. Eya ta ne ètsi dzimaɖi la, ate ŋu ase veve ɖe nuwò, “akpe ɖe” ŋuwò ‘ahave nuwò le hiahiãgbe.’ Ɛ̃, Yesu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le xaxaɣiwo eye wòana mɔkpɔkpɔ wò ahana dzi naɖo ƒowò.—Heb. 2:17, 18; 4:16.

NƆNƆME SIWO MAWU ƑE GBƆGBƆ KƆKƆEA NANA MÍETUNA ÐO

7. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

7 Yesu do ŋugbe be mía Fofo si le dziƒo la ana gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo bianɛ. (Luka 11:10-13) Eya ta gbɔgbɔ kɔkɔea ye nye mɔnu vevi etɔ̃lia si dzi Mawu tona kpena ɖe mía ŋu ne míetsi dzimaɖi. Nɔnɔme nyui siwo Mawu ƒe dɔwɔŋusẽa nana míetuna ɖo la nye nɔnɔme siwo le Mawu ŋusẽkatãtɔ la ŋutɔ hã si. (Xlẽ Galatiatɔwo 5:22, 23; Kol. 3:10) Zi ale si nèle gbɔgbɔa ƒe ku tsem la, mia kple ame bubuwo dome ƒomedodoa aganyo ɖe edzi. Eya ta àkpɔe be yete ŋu ƒo asa na nɔnɔme aɖewo siwo ate ŋu ahe dzimaɖitsitsi vɛ hafi. Na míakpɔ ale si gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme vovovowo me ɖa.

8-12. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nɔnɔme sesẽwo alo anɔ te ɖe wo nu?

8 “Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa.” Ne èdzea agbagba ɣesiaɣi be yeade bubu amewo ŋu la, àkpɔe be dzimaɖitsitsi dzi ɖuɖu anɔ bɔbɔe na wò wu. Nu ka tae? Ne nɔvilɔlɔ̃, dadavilɔlɔ̃ kple bubudedeameŋu ɖea dzesi le wò nuwɔna me la, àƒo asa na seselelãmewo abe dziku kple dɔmevevi siwo hea dzimaɖitsitsi vanɛ.—Rom. 12:10.

9 “Dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ.” Ŋutifafa anɔ mia kple ame bubuwo dome ne èwɔa aɖaŋuɖoɖo sia dzi: “Minyo dɔme na mia nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa.” (Ef. 4:32) Esia wɔwɔ ana nàƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu ahe dzimaɖitsitsi vɛ hafi la. Awɔe hã be nàkpɔ masɔmasɔ siwo doa mo ɖa le amegbetɔwo ƒe blibomademade ta la gbɔ nyuie wu.

10 “Xɔse.” Egbea, ga kple agbemenuhiahiãwo koŋue nana míetsia dzimaɖi. (Lod. 18:11) Eya ta ne èxɔe se kple kakaɖedzi be Yehowa alé be na wò la, esia akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu. Nu ka tae wòle alea? Gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖo aɖaŋu na mí be ‘nu siwo le mía si fifia la nadze mía ŋu.’ Nya ma dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe dzimaɖitsitsi geɖe dzi akpɔtɔ. Paulo yi eƒe nyaa dzi be: “[Mawu gblɔ] be: ‘Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.’ Ale be dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: ‘Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?’”—Heb. 13:5, 6.

11 “Tufafa, ɖokuidziɖuɖu.” Bu viɖe kple nu siwo ate ŋu ado tso nɔnɔme siawo tutu ɖo me ŋu kpɔ. Nɔnɔme siawo ana nàƒo asa na nuwɔna kple nyagbɔgblɔ siwo ate ŋu ahe dzimaɖitsitsi vɛ na wò, eye àƒo asa na “dɔmedzoe, dziku, ɣlidodo, kple nya veame ɖe sia ɖe ƒomevi” hã.—Ef. 4:31.

12 Eme kɔ ƒãa be ɖokuibɔbɔ hiã be nàte ŋu abɔbɔ “ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te” eye ‘nàdro wò dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi.’ (1 Pet. 5:6, 7) Azɔ hã, ɖokuibɔbɔ sia ana wò nu nadze Mawu ŋu eye wòakpe ɖe ŋuwò. (Mika 6:8) Ne èɖoa ŋku edzi ɖokuibɔbɔtɔe be seɖoƒe le nu siwo nàte ŋu awɔ le nɔnɔme siwo nèdoa goe me ŋu la, àɖo ŋu ɖe Mawu ŋu eye esia aɖe wò dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ.

‘MIGATSI DZIMAÐI GBEÐE O’

13. Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: ‘Migatsi dzimaɖi gbeɖe o’?

13 Le Mateo 6:34 (xlẽe) la, Yesu ɖo aɖaŋu vevi aɖe esi wògblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe . . . o.” Gake ate ŋu adze abe nya ma dzi wɔwɔ sesẽ ene. Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: ‘Migatsi dzimaɖi gbeɖe o’? Edze ƒãa be menye ɖe wòle gbɔgblɔm be madzɔ gbeɖe be nɔnɔme aɖe nado mo ɖa si ana mawusubɔla natsi dzimaɖi o; míekpɔe va yi be Paulo kple David siaa tsi dzimaɖi. Gake Yesu di be yeƒe nusrɔ̃lawo nakpɔe be dzimaɖitsitsi dzodzro alo dzimaɖitsitsi atraɖii mekpɔa kuxiwo gbɔ o. Kuxiwo ava mía dzi gbe sia gbe, eya ta mele be Kristotɔ nadzi eƒe dzimaɖitsitsiwo ɖe edzi to kuxi siwo me wòto va yi kple esiwo medzɔ haɖe o ŋu bubu me o. Aleke nàte ŋu atsɔ Yesu ƒe nya siawo awɔ dɔe ale be nàƒo asa na dzimaɖitsitsi atraɖii?

14. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be màtsi dzimaɖi fũu ɖe nu siwo dzɔ va yi ta o?

14 Ame aɖe ate ŋu atsi dzimaɖi ɖe nu gbegblẽ aɖe si wòwɔ tsã ta. Ðewohĩ eƒe dzitsinya anɔ fu ɖem nɛ ɖe nane si wòwɔ ƒe geɖe va yi ta. Fia David se le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be yeƒe ‘vodadawo kɔ gbɔ ye ta.’ Egblɔ be: “Nye dzi le veve sem hena mele ŋeŋem sesĩe.” (Ps. 38:3, 4, 8, 18) Nu kae nye nu nyuitɔ si wòle be David nawɔ le nɔnɔme ma me? Nu kae wòwɔ? Eka ɖe edzi be Yehowa akpɔ nublanui na ye ahatsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye. Egblɔ kple kakaɖedzi be: “Dzidzɔtɔe nye ame si ƒe dzidada wotsɔ ke.”—Xlẽ Psalmo 32:1-3, 5.

15. Nu ka tae mele be nàtsi dzimaɖi ɖe ale si nɔnɔmeawo le fifia ŋu o? (b) Afɔ kawoe nàte ŋu aɖe atsɔ aɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Siwo Nàte Ŋu Awɔ Atsɔ Aɖe Dzimaɖitsitsi Dzi Akpɔtɔ.”)

15 Ɣeaɖewoɣi la, àtsi dzimaɖi ɖe ale si nuwo le fifia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime David ŋlɔ Psalmo 55 lia la, enɔ vɔvɔ̃m ɖe eƒe agbe ta. (Ps. 55:2-5) Ke hã, meɖe mɔ dzimaɖitsitsi na wòdzudzɔ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu o. David do gbe ɖa vevie tso eƒe kuxiwo ŋu, gake ekpɔe hã be ele vevie be yeawɔ nane tso nɔnɔme si me yele ŋu. (2 Sam. 15:30-34) Srɔ̃ David ƒe kpɔɖeŋua. Le esi nàtsi dzimaɖi atraɖii teƒe la, wɔ tɔwò sinua tso nɔnɔmea ŋu eye nàgblẽ mamlɛa ɖe Yehowa si me ahaka ɖe edzi be ade asi eme.

16. Aleke gɔmesese si le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔsee?

16 Kristotɔ ate ŋu atsi dzimaɖi dzodzro ne eva le dzi tsim ɖe kuxi siwo wòsusu be woate ŋu ado mo ɖa le etsɔme ŋu. Gake mehiã be nàtsi dzi fũu ɖe nu siwo medzɔ haɖe o ŋu o. Nu ka tae? Elabena zi geɖe la, nuwo medzɔna abe ale si míevɔ̃ be woava dzɔ ene o. Gawu la, kuxi aɖeke meli si gbɔ Mawu, ame si dzi míedro míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖo la mate ŋu akpɔ o. Eƒe ŋkɔa ŋutɔ hã gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.” (2 Mose 3:14) Gɔmesese deto si le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu la nana míekana ɖe edzi be akpɔ egbɔ be nu siwo katã ƒe tame wòɖo ɖe esubɔlawo ŋu la va eme. Àte ŋu aka ɖe edzi bliboe be Mawu aɖo eteƒe na esubɔla wɔnuteƒewo eye wòakpe ɖe wo ŋu be woagatsi dzimaɖi ɖe nu siwo dzɔ va yi, esiwo le dzɔdzɔm fifia kple esiwo medzɔ haɖe o ŋu o.

ÐO DZE KPLE AME SI DZI NÈKA ÐO

17, 18. Aleke wò dzimenyawo gbɔgblɔ na ame si dzi nèka ɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu dzimaɖitsitsi dzi?

17 Nu enelia si akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nue nye wò dzimenyawo gbɔgblɔ na ame si dzi nèka ɖo. Srɔ̃wò, xɔ̃wò vevi, alo hamemetsitsi aɖe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò susu nadze akɔ anyi. “Nuxaxa le dzi me ɖe wòtea ame ƒe dzi ɖe anyi, ke nya nyui nana dzi kpɔa dzidzɔ.” (Lod. 12:25) Dzeɖoɖo tso ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò me ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse nɔnɔmeawo gɔme nyuie ahanɔ te ɖe wo nu. Biblia gblɔ na mí be: “Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi, ke afi si aɖaŋuɖola geɖewo le la, nuwo dzea edzi.”—Lod. 15:22.

18 Yehowa toa hame ƒe kpekpe siwo míedena kwasiɖa sia kwasiɖa la dzi kpena ɖe mía ŋu míeɖua dzimaɖitsitsi dzi. Le afi ma la, mɔnukpɔkpɔ sua mía si míedea ha kple haxɔsetɔ siwo tsɔ ɖe le eme na mí siwo dina be yewoade dzi ƒo na yewo nɔewo. (Heb. 10:24, 25) ‘Dzidede ƒo na ame nɔewo’ si yia edzi le afi ma la ado ŋusẽ wò ahana wòanɔ bɔbɔe be nànɔ te ɖe wò dzimaɖitsitsia nu.—Rom. 1:12.

ƑOMEDODO SI LE WÒ KPLE MAWU DOMEE NYE WÒ ŊUSẼTSOƑE GÃTƆ

19. Nu kae na nèka ɖe edzi be ƒomedodo si le wò kple Mawu dome la ate ŋu ado ŋusẽ wò ne ètsi dzimaɖi?

19 Hamemetsitsi aɖe si le Canada kpɔ ale si gbegbe dzimaɖitsitsi dodro ɖe Yehowa dzi ɖea vii. Enye sukunufiala kple aɖaŋuɖola si ƒe dɔ tea ɖeɖi eŋu ale gbegbe, eye nu siwo me wòto va yi nana wòtsia dzimaɖi hetsia dzodzodzoe. Nu kae kpe ɖe nɔviŋutsu sia ŋu? Egblɔ be: “Mekpɔe be nu si kpena ɖe ŋunyee nye ŋusẽdodo ƒomedodo si le nye kple Yehowa dome. Esiae nye nu si koŋ doa ŋusẽm ne mele nɔnɔme sesẽwo me tom. Xɔlɔ̃ vavãwo kple haxɔsetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu hã wɔa akpa vevi aɖe ne metsi dzimaɖi. Meɖea nye dzimenyawo gblɔna na srɔ̃nye faa. Hamemetsitsiwo kple míaƒe nutome sue dzikpɔlaa hã kpe ɖe ŋunye ŋutɔ; wona mese nu si me tom mele la gɔme nyuie wu. Mede kɔdzi, metrɔ asi le nye gbe sia gbe ɖoɖowɔɖiwo ŋu, eye medi ɣeyiɣi na kamedede kple ɖiɖiɖeme hã. Ʋɛʋɛʋɛ la, nuwo va ka ɖe eme nam. Ne mekpɔ be nyemate ŋu awɔ naneke tso nɔnɔme aɖe ŋu o la, megblẽa nyaa ɖe Yehowa si me.”

20. (a) Aleke míate ŋu adro míaƒe dzimaɖitsitsiwo ɖe Mawu dzi? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Le nyati sia me la, míeva kpɔe be gbedodoɖa vevie tso dzi me kpakple Mawu ƒe Nyaa xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu akpe ɖe mía ŋu míadro míaƒe dzimaɖitsitsiwo ɖe Mawu dzi. Míekpɔe hã be ne míetua Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ɖo, míegblɔa míaƒe dzimenyawo na ame si dzi míeka ɖo, eye míedea ha tuameɖowo kple haxɔsetɔwo la, esia kpena ɖe mía ŋu míeɖua dzimaɖitsitsi dzi. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míakpɔ ale si teƒeɖoɖo si ƒe ŋugbe Yehowa do na mí la hã doa ŋusẽ míi.—Heb. 11:6.