Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wona Ablɔɖe Mi To Amenuveve Me

Wona Ablɔɖe Mi To Amenuveve Me

“Mele be nu vɔ̃ naɖu aƒetɔ ɖe mia dzi o, elabena . . . amenuveve tee miele.”—ROM. 6:14.

HADZIDZI: 2, 61

1, 2. Nu ka tae Romatɔwo 5:12 nye mawunyakpukpui vevi aɖe na Yehowa Ðasefowo?

TSƆE be èdi be yeaŋlɔ mawunyakpukpui vovovo siwo Yehowa Ðasefowo nya nyuie hezãna edziedzi la ɖi. Ðe Romatɔwo 5:12 hã anɔ esiwo ava susu me na wò gbã la domea? Bu zi gbɔ zi ale si nèhe susu yi nya si nye, “Ale si ko to ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti” la dzii ŋu kpɔ.

2 Wohe susu yi mawunyakpukpui ma dzi zi gbɔ zi geɖe le Nu Kae Biblia Fia Mí? gbalẽa me. Ne èle agbalẽ sia srɔ̃m kple viwòwo alo ame bubuwo la, anɔ eme be àxlẽ Romatɔwo 5:12 esime nèle tame si Mawu ɖo ɖe anyigbaa ŋu, tafe la kple nɔnɔme si me ame kukuwo le me ɖem na wo le ta 3, 5 kple 6 lia me. Gake zi nenie wò susu yia Romatɔwo 5:12 me nyawo dzi ne èle tenɔnɔ si le asiwò le Yehowa ŋkume, wò nuwɔnawo kple wò etsɔmemɔkpɔkpɔwo ŋu bum?

3. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe nu vɔ̃ ŋu?

3 Le nyateƒe me la, nu vɔ̃ mewoe mí katã míenye. Míedaa vo gbe sia gbe. Ke hã, míeka ɖe edzi be Mawu ɖoa ŋui be kewɔ míenye, eye elɔ̃na faa be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. (Ps. 103:13, 14) Le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la, Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia Mawu be: “Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí.” (Luka 11:2-4) Eya ta susu aɖeke meli si tae míaganɔ nu xam ɖe nu vɔ̃ siwo Mawu tsɔ ke xoxo la ta o. Ke hã, ne míede ŋugble le ale si Mawu ate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake míi ŋu la, aɖe vi na mí.

MAWU TSƆA NU VƆ̃ KENA LE EƑE AMENUVEVE NU

4, 5. (a) Nu kae kpe ɖe mía ŋu míese nya si le Romatɔwo 5:12 la me? (b) Nu kae “amenuveve” si ŋu nya wogblɔ le Romatɔwo 3:24 la fia?

4 Míekpɔ numeɖeɖe vevi aɖewo le nya siwo ƒo xlã apostolo Paulo ƒe nya si dze le Romatɔwo 5:12 la me, vevietɔ le ta 6 lia me. Numeɖeɖe siawo akpe ɖe mía ŋu míase ale si Yehowa ate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la gɔme. Wogblɔ le ta 3 lia me be: “Wo katã wɔ nu vɔ̃, . . . eye nunana faa wònye be woto tafe si Kristo Yesu xe la dzi na ablɔɖe wo, eye wobu wo be wole dzɔdzɔe le eƒe amenuveve me.” (Rom. 3:23, 24) Nu kae “amenuveve” si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la fia? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be gɔmesese si le Helagbe me nya si Paulo zã ŋue nye be “woawɔ nane na ame faa, eye womanɔ mɔ kpɔm na teƒeɖoɖo aɖeke o.” Menye eƒe agbagbadzedze teƒe ɖom wole nɛ o eye medze nɛ hã o.

5 Agbalẽnyala John Parkhurst gblɔ be: “Ne wole nu ƒom tso Mawu alo Kristo ŋu la, zi geɖe la, [Helagbe me nya ma] kuna ɖe woƒe amenuveve si amegbetɔwo medze na o alo ɖeɖe kple xɔxɔ si wona amegbetɔwo dɔmenyotɔe la ŋu.” Eya ta, ale si woɖe “amenuveve” gɔme le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me la sɔ. Gake aleke Mawu ɖe amenuveve sia fiae? Eye aleke wòku ɖe míaƒe mɔkpɔkpɔ kple ƒomedodo si le mía kple Mawu dome ŋu? Mina míakpɔe ɖa.

6. Ame kawoe Mawu ƒe amenuveve la ate ŋu aɖe vi na?

6 Adam ye nye “ame ɖeka” si dzi nu vɔ̃ kple ku to “va xexea me.” Eya ta “ame ɖeka ƒe vodada wɔe be ku ɖu fia.” Paulo gblɔ be Mawu ƒe ‘amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ la’ va “to ame ɖeka, si nye Yesu Kristo dzi.” (Rom. 5:12, 15, 17) Eye amenuveve ma ɖe vi na amegbetɔwo katã. “To ame ɖeka [Yesu] ƒe toɖoɖo me . . . woana ame geɖewo nazu ame dzɔdzɔewo.” Nya lae nye be, Mawu ƒe amenuveve ate ŋu awɔe be amewo nakpɔ ‘agbe mavɔ to Yesu Kristo dzi.’—Rom. 5:19, 21.

7. Nu ka tae tafe ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ la nye dɔmenyonyo si míedze na o?

7 Menye dzizizie wònye na Yehowa be wòana Via nava anyigba dzi ahatsɔ eɖokui ana wòanye tafe ɖe mía ta o. Gawu la, esi míenye amegbetɔ madeblibo siwo wɔa nu vɔ̃ ta la, míedze na tafe ƒe ɖoɖo si Mawu kple Yesu wɔ na mí ale be Mawu nate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la o. Eya ta, nyateƒe si wònye be Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí hena mɔnukpɔkpɔ mí be míava nɔ agbe mavɔ la nye amenuveve si míedze na o vavã. Ele be míade asixɔxɔ gã Mawu ƒe amenuvevenunana la ŋu, eye míato ale si míenɔa agbee gbe sia gbe dzi aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.

ŊUDZEDZEKPƆKPƆ ÐE MAWU ƑE AMENUVEVE LA ŊU

8. Nuŋububu masɔmasɔ kae ate ŋu anɔ amewo si ku ɖe woƒe nu vɔ̃wo ŋu?

8 Esi míenye Adam ƒe dzidzimevi madeblibowo ta la, ele bɔbɔe be vodada naɖi ɖe mí, míawɔ nu gbegblẽ, alo míawɔ nu vɔ̃. Ke hã, masɔ kura be míabui be esi Mawu ve mía nu xoxo ta la, míagblɔ be, ‘Ne mewɔ nu gbegblẽ aɖe, nu si nye nu vɔ̃ le Mawu ŋkume gɔ̃ hã, mele be matsi dzi o, Yehowa atsɔe akem tsã’ o. Nublanuitɔe la, susu mae nɔ Kristotɔ aɖewo si esime apostoloawo nɔ agbe gɔ̃ hã. (Xlẽ Yuda 4.) Ðewohĩ nya ma medo le nu na míawo ŋutɔwo kpɔ ya o; ke hã, nuŋububu gbegblẽ ma ate ŋu anɔ dzi me na mí alo woate ŋu aƒãe ɖe mía me eye wòanɔ ke ƒom ɖe to le mía me.

9, 10. Aleke wona ablɔɖe Paulo kple ame bubuwo tso nu vɔ̃ kple ku si me?

9 Paulo ɖee fia kɔtɛ be ele be míatsri nuŋububu gbegblẽ si nye: ‘Mawu ŋutɔ ase egɔme. Aŋe aɖaba aƒu nye agbenɔnɔ alo nuwɔna gbegblẽwo dzi.’ Nu ka tae wòhiã be míatsri nuŋububu alea? Nu si tae nye be Paulo gblɔ be Kristotɔwo ‘ku le nu vɔ̃ gome.’ (Xlẽ Romatɔwo 6:1, 2.) Gake esime wogakpɔtɔ nɔ anyigba dzi la, gɔmesese ka nue woate ŋu agblɔ le be ‘woku le nu vɔ̃ gome’ le?

10 Mawu wɔ tafe la ŋu dɔ na Paulo kple eŋɔlimetɔ bubuwo. Esia wɔe be Yehowa tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo, etsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo, eye wòxɔ wo be woazu yeƒe gbɔgbɔmeviwo. Esia ta dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ su wo si. Ne wowɔ nuteƒe na Mawu la, woayi aɖanɔ agbe le dziƒo eye woaɖu fia kple Kristo le afi ma. Gake togbɔ be wogakpɔtɔ nɔ agbe henɔ Mawu subɔm le anyigba dzi hã la, Paulo te ŋu gblɔ tso wo ŋu be ‘woku le nu vɔ̃ gome.’ Ezã Yesu, ame si ku esime wònye amegbetɔ eye emegbe wofɔe ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔ makumaku le dziƒo la tsɔ wɔ kpɔɖeŋui. Ku magaɖu aƒetɔ ɖe edzi azɔ o. Nenema kee wònɔ le Kristotɔ amesiamina siwo bu wo ɖokuiwo be “yewoku na nu vɔ̃, ke azɔ yewole agbe na Mawu to Kristo Yesu dzi” la hã gome. (Rom. 6:9, 11) Wotrɔ woƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ. Womegaɖe mɔ nu vɔ̃ ƒe dzodzro siwo nɔ wo me la ɖu wo dzi o. Woku le woƒe tsãgbenɔnɔ ma gome.

11. Gɔmesese ka nue mí ame siwo le mɔ kpɔm be míava nɔ agbe le Paradiso me tegbee la ‘ku le nu vɔ̃ gome’ le?

11 Ke míawo ya ɖe? Hafi míava zu Kristotɔwo la, míewɔa nu vɔ̃ zi geɖe, eye ɖewohĩ míenya ale si gbegbe míaƒe nuwɔnawo nye ŋkubiãnya le Mawu ŋkume o. Míenɔ abe “[kluviwo ene] na makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ.” Woate ŋu agblɔ be míenye “nu vɔ̃ ƒe kluviwo tsã.” (Rom. 6:19, 20) Gake míeva srɔ̃ Biblia me nyateƒea, míetrɔ míaƒe agbenɔnɔ, míeɖe adzɔgbe na Mawu, eye míexɔ nyɔnyrɔ. Tso ɣemaɣi la, enye míaƒe didi be ‘míaɖo to Mawu tso dzi me’ ahawɔ ɖe eƒe nufiafiawo kple dzidzenuwo dzi. Eya ta míate ŋu agblɔ be “wona ablɔɖe [mí] tso nu vɔ̃ me” eye “[míeva] zu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo.” (Rom. 6:17, 18) Esia ta woate ŋu agblɔ tso míawo hã ŋu be “míeku le nu vɔ̃ gome.”

12. Tiatia kae wòle na mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ?

12 Azɔ tsɔ Paulo ƒe nya sia sɔ kple ɖokuiwò kpɔ: “Migana nu vɔ̃ nanɔ fia ɖum ɖe mia dzi le miaƒe ŋutilã siwo le kuku ge la me, ale be miawɔ woƒe didiwo dzi o.” (Rom. 6:12) Míate ŋu ‘ana nu vɔ̃ nanɔ fia ɖum’ ne míewɔa nu sia nu si míaƒe ŋutilã madebliboa ƒonɛ ɖe mía nu be míawɔ. Esi wònye be míate ŋu atiae be ‘míana’ nu vɔ̃ nanɔ fia ɖum alo be wòaganɔ fia ɖum o ta la, biabia lae nye be, Nu ka tututue nye míaƒe dzimedidi? Bia ɖokuiwò be: ‘Ne nye ŋutilã alo susu madebliboa ƒoe ɖe nunye be mawɔ nu gbegblẽ aɖe la, ɖe mewɔnɛa? Alo ɖe meku le nu vɔ̃ gomea? Ðe mele agbe na Mawu to Kristo Yesu dzia?’ Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe amenuveve si wɔe be wòtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí ŋu la, míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe adze eŋu.

ÀTE ŊU AÐU AƲA LA DZI

13. Nu kae na míeka ɖe edzi be míate ŋu agbe nu vɔ̃ wɔwɔ?

13 Yehowa ƒe amewo dzudzɔ agbe si ƒomevi wonɔna hafi va nya Mawu helɔ̃e, hele esubɔm. Agbe si ƒomevi wonɔna tsã la ate ŋu anye “nu siwo va le ŋu kpem na [wo] azɔ”; eye nuwɔna mawo wɔe be wodze na ku hafi. (Rom. 6:21) Gake wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. Nenemae wònɔ le Korinto Kristotɔ siwo Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽa na la dometɔ geɖe gome. Wo dometɔ aɖewo nye trɔ̃subɔlawo, ahasiwɔlawo, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, fiafitɔwo, ahamulawo kple esiawo tɔgbi. Ke hã, “wole tsi na” wo eye wona wo “ŋuti kɔ.” (1 Kor. 6:9-11) Nenema kee wòanya nɔ le Kristotɔ siwo nɔ Roma la dometɔ aɖewo hã gome. Gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ agbalẽ na wo be: “Eye migatsɔ miaƒe ŋutilãwo nɔ nu vɔ̃ nam abe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe aʋawɔnuwo ene hã o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitsɔ miaƒe ŋutilãwo hã na Mawu abe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe aʋawɔnuwo ene.” (Rom. 6:13) Paulo ka ɖe edzi be woate ŋu anɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me ale be Mawu ƒe amenuvevea nanɔ vi ɖem na wo ɖaa.

14, 15. Nya kae wòle be míabia mía ɖokuiwo ku ɖe ‘toɖoɖo tso dzi me’ ŋu?

14 Nenema kee wòle egbea hã. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo nɔ agbe abe Korintotɔwo ene tsã. Gake wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. Wodzudzɔ nu vɔ̃ gbe si wonɔna tsã eye “wole tsi na” wo. Ne aleae wònɔ le gowòme gɔ̃ hã la, aleke wò nɔnɔmea le le Mawu ŋkume fifia? Fifia si Mawu ve nuwò eye wòtsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò la, ɖe nèɖoe kplikpaa be yemagatsɔ ‘yeƒe ŋutilã anɔ nu vɔ̃ nam’ oa? Ðe ‘nàtsɔ ɖokuiwò ana Mawu abe ame si wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene’ boŋua?

15 Hafi míate ŋu awɔ esia la, ele godoo be míaƒo asa na eɖoɖo koŋ anɔ nu vɔ̃ gã siwo Korintotɔ aɖewo wɔ la wɔm. Esia le vevie hafi míate ŋu agblɔ be míexɔ Mawu ƒe amenuveve la eye ‘nu vɔ̃ megale aƒetɔ ɖum ɖe mía dzi o.’ Ke hã, ɖe míeɖoe kplikpaa be ‘míaɖo to tso dzi me’ ale be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe aƒo asa na nu vɔ̃ siwo ame aɖewo abu be wonye nu vɔ̃ suewoa?—Rom. 6:14, 17.

16. Aleke míewɔ nya be be woanye Kristotɔ la, ebia nu geɖe wu asiɖeɖe le nu vɔ̃ gãwo wɔwɔ ŋu?

16 Bu apostolo Paulo ŋu kpɔ. Míeka ɖe edzi be mewɔa nu gbegblẽ siwo nye ŋkubiãnya abe esiwo woyɔ le 1 Korintotɔwo 6:9-11 la ene o. Ke hã, eʋu eme be yenye nu vɔ̃ wɔla. Eŋlɔ bena: “Ŋutilãmeme si wodzra na nu vɔ̃e nye ya menye. Elabena nye ŋutɔ nyemesea nye nuwɔna gɔme o. Elabena nu si medina la, menye eyae mewɔna o, ke nu si melé fui la boŋue mewɔna.” (Rom. 7:14, 15) Esia fia be nu bubu aɖewo li siwo Paulo kpɔ be wonye nu vɔ̃, eye enɔ agbagba dzem be yeaɖu woawo hã dzi. (Xlẽ Romatɔwo 7:21-23.) Mina míawo hã míawɔe nenema ke esi míele agbagba dzem be ‘míaɖo to tso dzi me.’

17. Nu ka tae nèdi be yeanye anukwareɖila?

17 Le kpɔɖeŋu me, bu anukwareɖiɖi ƒe nyaa ŋu kpɔ. Ehiã be Kristotɔwo katã nanye anukwareɖilawo. (Xlẽ Lododowo 14:5; Efesotɔwo 4:25.) Satana ye nye “aʋatsokafofo.” Eye Anania kple srɔ̃a woku le aʋatsokaka ta. Míedina be míasrɔ̃ ame siawo ƒe kpɔɖeŋu o, eya ta míeƒoa asa na aʋatsokaka. (Yoh. 8:44; Dɔw. 5:1-11) Gake nu si anukwareɖiɖi bia katã koe nye ema? Le nyateƒe me la, ele be míaƒe anukwareɖiɖi naɖe ale si gbegbe míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe amenuveve ŋui la afia.

18, 19. Nu ka tae anukwareɖiɖi bia nu geɖe wu asaƒoƒo na aʋatsokaka ko?

18 Aʋatsokaka fia be ame nagblɔ nya si mele eteƒe o. Gake anukwareɖiɖi si Yehowa bia tso eƒe amewo si la yi ŋgɔ wu asaƒoƒo na aʋatsokaka ko. Egblɔ na blema Israel-viwo be: “Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa mia Mawu la, mele kɔkɔe.” Eyome egblɔ nu si wòfia be woanɔ kɔkɔe la na wo. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: “Migafi fi o, migable ame o, eye mia dometɔ aɖeke megaflu ehavi o.” (3 Mose 19:2, 11) Nublanuitɔe la, ame aɖe si ɖoe be yemaka aʋatso gbeɖe o la ate ŋu anye ameblela si flua ame.

Ðe míeɖoe kplikpaa be míaƒo asa na aʋatsokaka kple amebeble siaa? (Kpɔ memama 19)

19 Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe ate ŋu agblɔ na eƒe dɔmemegã alo eƒe dɔwɔhatiwo be yemate ŋu ava dɔme o, alo yeakpã kaba, elabena yele “kɔdzi” yi ge. Gake le nyateƒe me la, eƒe “kɔdziyiyia” koe nye be ele atike aɖe ƒle ge le atikedzraƒe alo ɖeko wòayi eƒe ɖɔkta gbɔ kpuie aɖaxe fe nɛ. Evɔ susu si koŋ tae mele dɔme nɔ ge o ye nye be edi be yeatso ɖe mɔzɔzɔ aɖe ŋu kaba alo yeakplɔ yeƒe ƒomea yewoayi ƒuta. Ele eme be eyi “kɔdzi” ya, gake ɖe nàgblɔ be eɖi anukwarea? Alo ɖe wòble eƒe dɔmemegã? Ðewohĩ wò susu ayi amebeble ƒe nuwɔna bubuwo dzi. Ame aɖe ate ŋu able ame kple susu be yeaƒo asa na tohehe alo atrɔ ame to eme le eya ŋutɔ ƒe viɖe ta. Togbɔ be amea meka aʋatso ŋutɔŋutɔ o hã, ɖe wòwɔ ɖe Mawu ƒe se si nye, “Migable ame o” la dzia? Gabu nya si nye, “Mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ kluviwoe na dzɔdzɔenyenye azɔ be mianye ame kɔkɔewo,” si dze le Romatɔwo 6:19 la hã ŋu kpɔ.

20, 21. Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe amenuveve la ŋu vavã la, nu bubu kawoe wòle be míaƒo asa na?

20 Nya lae nye be, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe amenuveve ŋu bia nu geɖe wu asaƒoƒo na ahasiwɔwɔ, ahamumu, alo nu vɔ̃ bubu siwo ame aɖewo wɔ le Korinto la ko. Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe amenuveve ŋu vavã la, menye gbɔdɔdɔ manɔsenu koe míaƒo asa na o, ke míadze agbagba be míaɖu mía ɖokui dzi aƒo asa na modzakaɖeɖe siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me hã. Ne míetsɔ míaƒe ŋutinuwo wɔ kluviwoe na dzɔdzɔenyenye la, menye ahamumu koe míaƒo asa na o, ke míakpɔ nyuie be míano aha ʋuu keke ahade mumu ge o. Ate ŋu abia agbagbadzedze geɖe be míaƒo asa na nuwɔna gbegblẽ mawo; ke hã, míate ŋu aɖu aʋa la dzi.

21 Ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míaƒo asa na nu vɔ̃ gãwo kple nu gbegblẽ siwo madze ŋkubiãnya o hã. Mímate ŋu awɔ esia bliboe ya o. Ke hã, ele be míaʋli vevie be míawɔ esia, abe ale si Paulo wɔe ene. Exlɔ̃ nu eƒe haxɔsetɔwo be: “Migana nu vɔ̃ nanɔ fia ɖum ɖe mia dzi le miaƒe ŋutilã siwo le kuku ge la me, ale be miawɔ woƒe didiwo dzi o.” (Rom. 6:12; 7:18-20) Ne míedzea agbagba be míaƒo asa na nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi la, míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe amenuveve si wòɖe fia to Kristo dzi la ŋu.

22. Ne míeɖee fia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe amenuveve ŋu la, yayra kawoe asu mía si?

22 Mawu ƒe amenuveve la wɔe be etsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí, eye ayi edzi atsɔ anɔ mía kem. Mina míadze agbagba aƒo asa na nu vɔ̃ siwo amewo buna be womenye ŋkubiãnya o la wɔwɔ atsɔ aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe amenuvevea ŋu. Paulo te gbe ɖe teƒeɖoɖo si le mía lalam la dzi esi wògblɔ be: “Azɔ esi wona ablɔɖe mi tso nu vɔ̃ me, eye mieva zu Mawu ƒe kluviwo ta la, kutsetse si kpɔm miele lae nye kɔkɔenyenye, eye le nuwuwu la, miakpɔ agbe mavɔ.”—Rom. 6:22.