Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Míado Go Le Paradiso Me!”

“Míado Go Le Paradiso Me!”

“Ànɔ Paradiso me kplim.”—LUKA 23:43.

HADZIDZI: 145, 139

1, 2. Susu vovovo kawoe le amewo si ku ɖe paradiso ŋu?

NƆVIŊUTSU kple nɔvinyɔnu siwo tso dukɔ vovovowo me la de takpekpe aɖe le Seoul, Korea. Esi wonɔ dzodzom le fefewɔƒe si wowɔ takpekpea le la, Ðasefo siwo nye dukɔa me tɔwo la va ƒo ƒu ɖe wo ŋu. Wo dometɔ geɖe nɔ asi ʋuʋum henɔ gbɔgblɔm na wo nɔewo be: “Míado go le Paradiso me!” Nudzɔdzɔa wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Gake, paradiso ka ŋue nèsusu be wonɔ nu ƒom tsoe?

2 Gɔmesese vovovowoe le amewo si ku ɖe paradiso ŋu. Ame aɖewo gblɔna be nususukpɔ dzro koe paradiso nye. Ame bubuwo hã gblɔna be enye afi sia afi si ame ate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le. Dɔwuitɔ aɖe ate ŋu agblɔ be yele paradiso me ne wokpee va kplɔ̃ɖoƒe, afi si nuɖuɖu bɔ ɖo. Ƒe gbogbo aɖewoe nye esi va yi la, nyɔnu aɖe kpɔ bali dzeani aɖe si me yɔ fũu kple seƒoƒo nyuiwo, si wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòdo ɣli be, “Oo, paradiso nyui kae nye esi!” Ke wò ɖe, nu kae nèsusu be Paradiso nye? Ðe nèle mɔ kpɔm nɛa?

3. Afi kae woƒo nu tso paradiso ŋu le zi gbãtɔ le Biblia me?

3 Biblia ƒo nu tso paradiso aɖe si nɔ anyi kpɔ kple paradiso aɖe si le vava ge siaa ŋu. Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ mee woƒo nu tso Paradiso ŋu le zi gbãtɔ. Katolikotɔwo ƒe Biblia gɔmeɖeɖe si nye Douay Version, si gɔme woɖe tso Latingbe me la gblɔ le 1 Mose 2:8 be: “Aƒetɔ Mawu tso vivisese ƒe paradisobɔ aɖe tso gɔmedzedzea me ke: afi mae wòda [Adam] si wòwɔ la ɖo.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Nya si wozã le mawunyakpukpui sia me le Hebrigbea mee nye Eden-bɔ la. Ŋkɔnya Eden fia “Vivisese,” eye vivisese nɔ abɔ ma me vavã. Nuɖuɖu bɔ ɖe afi ma, nu sia nu nya kpɔ ale gbegbe, eye amegbetɔwo kple lãwo nɔ anyi le ŋutifafa me.—1 Mose 1:29-31.

4. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Eden-bɔ la nye paradiso?

4 Woɖe Hebrigbe me nya si wozãna na “abɔ” la gɔme le Helagbe me be pa·raʹdei·sos. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be, ne Helatɔ aɖe se nya pa·raʹdei·sos la, nu si ava susu me nɛ ye nye: “Abɔ gã aɖe si ŋu wometɔ kpɔ ɖo o, si ŋu wotrɔ asi le nyuie be afɔku nagadzɔ le eme o, womegblẽ naneke le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo ŋu o, eye avemeti siwo dometɔ geɖe tsea ku la le eme, tɔsisi siwo me kɔ nyuie, siwo to alẽwo kple ziwo le kpo tim le, la le sisim le eme.” (Cyclopaedia by M’Clintock and Strong)—Tsɔe sɔ kple 1 Mose 2:15, 16.

5, 6. Aleke wòdzɔe be Paradiso la megali o, eye biabia kae esia fɔ ɖe te?

5 Mawu tsɔ Adam kple Xawa da ɖe paradiso ma tɔgbi me, gake womeyi edzi nɔ eme ɖaa o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, womeɖo to Mawu ƒe gbe o, eya ta, womegadze anɔ eme o. Aleae wòdzɔe be mɔnukpɔkpɔ si su woawo ŋutɔwo kple woƒe dzidzimeviwo si be woanɔ Paradisoa me la ge le wo si. (1 Mose 3:23, 24) Togbɔ be ame aɖeke meganɔ abɔ ma me o hã la, anɔ eme be abɔa kpɔtɔ nɔ anyi va se ɖe esime Tsiɖɔɖɔa va le Noa ƒe ŋkekea me.

6 Ame aɖewo abia be, ‘Ðe Paradiso agava nɔ anyigba dzi akea?’ Nu kae nyateƒenyawo ɖe fia? Ne èle mɔ kpɔm be wò kple wò ame veviwo miava nɔ agbe le Paradiso me la, ɖe kpeɖodzi sẽŋuwo le asiwò be wò mɔkpɔkpɔa ava emea? Ðe nàte ŋu aɖe nu si tae nèka ɖe edzi be Paradisoa ava godoo la mea?

KPEÐODZI SIWO LI BE PARADISOA AVA

7, 8. (a) Ŋugbe kae Mawu do na Abraham? (b) Nu ka dzie Mawu ƒe ŋugbedodoa anya he Abraham ƒe susu yi?

7 Teƒe nyuitɔ si míate ŋu akpɔ biabia siwo ku ɖe Paradiso ŋu ƒe ŋuɖoɖowo le ye nye Biblia me, elabe agbalẽ sia tso Yehowa, ame si wɔ Paradiso gbãtɔa la gbɔ. Bu nya si Mawu gblɔ na exɔlɔ̃ Abraham ŋu kpɔ. Mawu gblɔ na Abraham be yeana eƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe “ƒutake” ene. Eyome, Yehowa do ŋugbe vevi sia na Abraham be: “Anyigbadzidukɔwo katã ayra wo ɖokuiwo to wò dzidzimevi la dzi, elabena èɖo to nye gbe.” (1 Mose 22:17, 18) Mawu gado ŋugbe ma ke na Abraham ƒe viŋutsu kple tɔgbuiayɔvi hã.—Xlẽ 1 Mose 26:4; 28:14.

8 Naneke mele Biblia me si ɖee fia be Abraham susu be amegbetɔwo ava xɔ fetu mamlɛa le paradiso me le dziƒo o. Eya ta, esi Mawu gblɔ be woayra “anyigbadzidukɔwo katã” la, Abraham anya susui be yayra asu wo si le anyigba dzi. Mawu gbɔe ŋugbedodo ma tso, eye esia fia be, nu nyuiwo le ŋgɔ gbɔna na “anyigbadzidukɔwo katã.” Gake esia ɖeɖe koe nye Biblia me kpeɖodzi si ɖee fia be paradiso ava nɔ anyigba dzia?

9, 10. Ŋugbedodo bubu kawoe gaɖo kpe edzi be paradiso aɖe ava le etsɔme?

9 David, si nye Abraham ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka la, ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe si ava le etsɔme, esime “ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o” la ŋu. (Ps. 37:1, 2, 10) Egblɔ be: “Ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã David wògblɔe ɖi hã be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Ps. 37:11, 29; 2 Sam. 23:2) Ŋusẽ kae nèsusu be kakaɖedzinya siawo kpɔ ɖe ame siwo di be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la dzi? Ena wokpɔ kpeɖodzi be, gbe ɖeka, ame dzɔdzɔewo ɖeɖe koe anɔ anyigbaa dzi, eye anyigbaa agazu paradiso ake abe ale si wònɔ le Eden-bɔa me ene.

10 Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Israel-vi siwo nɔ gbɔgblɔm be Yehowa subɔm yewole la dometɔ akpa gãtɔ va trɔ le Yehowa yome, eye woɖe asi le mawusubɔsubɔ vavãtɔ ŋu. Eya ta, Mawu na Babilontɔwo va ɖu eƒe amewo dzi, wotsrɔ̃ woƒe dukɔa, eye wokplɔ wo dometɔ geɖewo yi aboyo me. (2 Kron. 36:15-21; Yer. 4:22-27) Ke hã, Mawu na eƒe nyagblɔɖilawo gblɔe ɖi be le ƒe 70 megbe la, yeana yeƒe amewo nagbugbɔ atrɔ ayi wo denyigbaa dzi. Nyagblɔɖi mawo va eme. Gake gɔmesese aɖe le nudzɔdzɔ mawo ŋu na míawo hã egbea. Esi míele wo dometɔ aɖewo me dzrom la, de dzesi ale si wona kpeɖodziwo mí be míate ŋu akpɔ mɔ be paradiso ava nɔ anyigba dzi le etsɔme.

11. Aleke nya siwo le Yesaya 11:6-9 la va eme, gake biabia kawoe fɔ ɖe te?

11 Xlẽ Yesaya 11:6-9. Mawu gblɔe ɖi to Yesaya dzi be, ne Yeƒe amewo trɔ yi wo denyigba dzi la, woanɔ ŋutifafa me, eye womavɔ̃ be lãwo alo ame siwo wɔa nu abe lãwo ene la ava wɔ nu vevi yewo o. Ðeviwo kple tsitsiawo siaa anɔ dedie. Ðe nya sia mena wò susu yi ale si nuwo nɔ le Eden-bɔa me la dzi oa? (Yes. 51:3) Yesaya gblɔe ɖi hã be, menye Israel-nyigba dzi koe “sidzedze Yehowa axɔ” o, ke axɔ anyigba bliboa dzi, “abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.” Ɣekaɣie esia ava eme? Edze ƒãa be etsɔme ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo.

12. (a) Yayra kawoe ame siwo trɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon la kpɔ? (b) Nu kae ɖee fia be nyagblɔɖi si le Yesaya 35:5-10 la agava eme le mɔ bubu nu?

12 Xlẽ Yesaya 35:5-10. Yesaya te gbe ɖe edzi hã be lãwo alo amegbetɔwo mawɔ nu vevi aboyome siwo trɔ gbɔ la o. Woƒe anyigbaa awɔ nu geɖe, le esi wode tsii nyuie, abe ale si tɔsisiwo de tsi Eden-bɔa ene ta. (1 Mose 2:10-14; Yer. 31:12) Israel-viwo ƒe ɣeyiɣia me koe wòle be nyagblɔɖi sia nava eme lea? Kpeɖodzi aɖeke meli si ɖee fia be aboyomeawo kpɔ dɔyɔyɔ nukutɔe o. Le kpɔɖeŋu me, ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku meʋu o. Eya ta, Mawu to nyagblɔɖi sia dzi ɖee fia be dɔyɔyɔ ŋutɔŋutɔ le etsɔme gbɔna.

13, 14. Aleke ame siwo nye aboyomewo tsã la kpɔ Yesaya 65:21-23 me nyawo me vava teƒe, gake nyagblɔɖia ƒe akpa kae mekpɔ va eme o? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

13 Xlẽ Yesaya 65:21-23. Esi Yudatɔwo trɔ yi wo de la, womeke ɖe aƒe nyuiwo alo agblewo kple waingblewo ŋu o. Gake esi Mawu yra wo ta la, nuwo va trɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe. Kpɔ ale si gbegbe woanya kpɔ dzidzɔe esime wotu woawo ŋutɔwo ƒe xɔwo henɔ wo me la ɖa! Wote ŋu ƒã nukuwo eye woɖu wo me kutsetsewo hese vivi na wo.

14 De dzesii be nyagblɔɖi sia gblɔ be “ale si ati tsinae la,” nenemae míaƒe agbemeŋkekewo anɔ. Ati aɖewo tea ŋu xɔa ƒe akpe geɖe. Hafi amegbetɔwo nate ŋu anɔ agbe wòadidi nenema gbegbe la, ele be woanɔ lãmesẽ nyui me. Ne woate ŋu anɔ agbe le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me abe ale si Yesaya gblɔe ɖi ene la, ke ɖeko wòanɔ abe anyitsie wokɔ ɖe dzowɔe dzi ene, ɛ̃, paradisoe wòanye vavã! Eye nyagblɔɖi sia ava eme hã!

Aleke Paradiso si ƒe ŋugbe Yesu do la ava emee? (Kpɔ memama 15, 16 lia)

15. Yayra siwo ŋu nya wogblɔ ɖi le Yesaya ƒe agbalẽa me la dometɔ aɖewo ɖe?

15 De ŋugble le ale si yayra siwo me míedzro fifia la he susu yi paradiso si ava le etsɔme dzi ŋu kpɔ: Mawu ayra anyigbadzinɔlawo katã. Lãwo magawɔ nu vevi ame aɖeke o, eye ame siwo wɔa nu abe lãwo ene la maganɔ anyi o. Ŋkuagbãtɔwo akpɔ nu, tokunɔwo ase nu, eye bunɔwo azɔ azɔli. Amewo atso woawo ŋutɔwo ƒe aƒewo, eye woaƒã nu aɖu eme kutsetse. Woanɔ agbe wòadidi wu ale si ati tsinae gɔ̃ hã. Ɛ̃, kpeɖodziwo le Biblia me siwo ɖee fia be etsɔme nyui sia le ŋgɔ gbɔna. Gake, ame aɖewo agblɔ be míele gɔmesese bubuwo dim na nyagblɔɖi mawo wu nu si wofia ŋutɔŋutɔ. Aleke nàɖo nya ŋu na woe? Kpeɖodzi sẽŋu kae le asiwò si tae nèle mɔ kpɔm be paradiso ava nɔ anyigba dzi ŋutɔŋutɔ? Ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ la na kpeɖodzia mí.

ÀNƆ PARADISO LA ME!

16, 17. Ɣekaɣie Yesu ƒo nu tso Paradiso ŋu?

16 Togbɔ be Yesu meɖi fɔ o hã la, wotso kufia nɛ eye wohee ɖe ati ŋu be wòaku; eye wohe Yudatɔ nu vlo wɔla eve kpe ɖe eŋu, ɖeka ɖe eƒe ɖusime, eye evelia ɖe eƒe miame. Hafi woaku la, nu vlo wɔlaawo dometɔ ɖeka kpɔe dze sii be fiae Yesu nye, eye wògblɔ nɛ be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye ne èva ɖo wò Fiaɖuƒe la me.” (Luka 23:39-42) Nya si Yesu gblɔ tsɔ ɖo nya ŋu na nu vlo wɔlaa la ku ɖe wò etsɔme ŋu. Yesu ƒe nyaa dze le Luka 23:43. Gbegɔmeɖela siwo li egbea la dometɔ aɖewo ɖe Yesu ƒe nyaa gɔme nya-ɖe-nya-nu ale: “Vavã mele egblɔm na wò be, egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim.” Gake, menye ame sia amee da asi ɖe gɔmesese ma dzi o. Ke nu kae Yesu wɔnɛ esi wòzã nyagbe “egbea” le nyaa ŋu ɖoɖo nɛ me?

17 Le gbegbɔgblɔ siwo li egbea dometɔ geɖe me la, afi si woda nuŋɔŋlɔmedzesi si nye gbɔviedzesi ɖo le nuŋɔŋlɔ me la wɔa akpa vevi aɖe le ale si wosea nyawo gɔmee la me. Gake menye ɣesiaɣie wozã nuŋɔŋlɔmedzesiwo le Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ siwo kpɔtɔ li egbea la me o. Eya ta, míate ŋu abia be: Ðe Yesu nɔ gbɔgblɔm na nu vlo wɔlaa be, “Vavã mele egblɔm na wò be, egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim” loo, alo ɖe wònɔ gbɔgblɔm nɛ be “Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso me kplim”? Gbegɔmeɖelawo tea ŋu zãa gbɔviedzesi la do ŋgɔ na nyagbe “egbea” alo ɖe eyome le nu si wosusu be Yesu wɔnɛ nu, eye àte ŋu akpɔ gɔmeɖeɖe evea siaa le Biblia gɔmeɖeɖe siwo bɔ egbea me.

18, 19. Nu kae kpe ɖe mía ŋu míese nu si Yesu wɔnɛ la gɔme?

18 Gake, ɖo ŋku edzi be Yesu gblɔ na eyomedzelawo do ŋgɔ be: “Amegbetɔvi la . . . anɔ anyigba tume ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.” Egblɔ hã be: “Wole Amegbetɔvi la de ge asi na amewo, eye woawui, ke woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.” (Mat. 12:40; 16:21; 17:22, 23; Marko 10:34) Apostolo Petro ka nya ta be esia dzɔ ŋutɔŋutɔ. (Dɔw. 10:39, 40) Eya ta, Yesu meyi ɖe Paradiso aɖeke me le gbe si gbe eya kple nu vlo wɔlaa ku o. Yesu nɔ “Tsiẽƒe [alo “Hades”]” ŋkeke aɖewo, va se ɖe esime Mawu fɔe ɖe tsitre.—Dɔw. 2:31, 32; etenuŋɔŋlɔ. *

19 Eya ta, hafi Yesu nado ŋugbe na nu vlo wɔlaa la, edze eƒe nyaa gɔme ale: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be.” Nuƒoƒo alea bɔ le Mose ŋɔli gɔ̃ hã. Mose gblɔ gbe ɖeka be: “Nya siwo ƒe se dem mele na wò egbe la, natsi dzi me na wò.”—5 Mose 6:6; 7:11; 8:1, 19; 30:15.

20. Nu kae ɖo kpe edzi be ale si míese Yesu ƒe nyaa gɔme lae nye nyuitɔ?

20 Biblia gɔmeɖela aɖe si tso nuto si me Yesu nɔ la gblɔ tso Yesu ƒe nyaa ŋu be: “Nya si dzi wote gbe ɖo le nyagbɔgblɔ sia mee nye ‘egbea’ eye ele be woaxlẽe ale, ‘Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso me kplim.’ Gbe ma gbee wodo ŋugbea, eye woawɔ edzi emegbe. Aleae Ɣedzeƒetɔwo ƒoa nui, eye esia fiana be wodo ŋugbea le ŋkeke aɖe dzi, eye woawɔ edzi godoo.” Esia ta, Siriagbe me Biblia aɖe si gɔme woɖe le ƒe alafa atɔ̃lia me gblɔ be, nu si Yesu ƒe nyaa fia ye nye: “Amen, mele egblɔm na wò egbea be ànɔ Eden-bɔ la me kplim.” Ele be ŋugbedodo ma nade dzi ƒo na mí katã.

21. Mɔnukpɔkpɔ kae mesu nu vlo wɔlaa si o, eye nu ka tae?

21 Nu vlo wɔla ma si wohe ɖe ati ŋu, si Yesu nɔ nu ƒom na la, menya be Yesu bla nu kple eƒe apostolo wɔnuteƒewo be woava nɔ Dziƒofiaɖuƒea me kpli ye o. (Luka 22:29) Gawu la, nu vlo wɔla ma mexɔ nyɔnyrɔ gɔ̃ hã o. (Yoh. 3:3-6, 12) Eya ta, míate ŋu ase egɔme be nu si ƒe ŋugbe Yesu do nɛ ye nye paradiso si anɔ anyigba dzi. Ƒe aɖewo megbe la, apostolo Paulo ƒo nu tso ŋutega aɖe si wòkpɔ, si me ‘wokɔ ŋutsu aɖe yi paradiso me’ le la ŋu. (2 Kor. 12:1-4) To vovo na nu vlo wɔla si wohe ɖe ati ŋu la, wotia Paulo kple apostolo wɔnuteƒe bubuawo be woava ɖu fia kple Yesu le Fiaɖuƒea me le dziƒo. Ke hã, nu bubu aɖe si ava eme le etsɔme ŋui Paulo nɔ nu ƒom tsoe—eyae nye “paradiso” si ava kpuie. * Ðe esia aku ɖe anyigbaa ŋua? Eye ɖe wò hã àte ŋu anɔ afi ma?

NU SI NÀTE ŊU AKPƆ MƆ NA

22, 23. Nu kae nàte ŋu akpɔ mɔ na?

22 Ðo ŋku edzi be David ƒo nu tso ɣeyiɣi si me “ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome” ŋu. (Ps. 37:29; 2 Pet. 3:13) Ɣeyiɣi si me anyigbadzinɔlawo anɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo ŋue David nɔ nu ƒom tsoe. Nyagblɔɖi si le Yesaya 65:22 la gblɔ be: “Ale si ati tsinae la, nenemae nye amewo ƒe agbemeŋkekewo anɔ.” Esia ɖee fia be amegbetɔwo anɔ agbe ƒe akpe geɖe. Ðe ŋugbedodo sia ate ŋu ava eme na wòa? Ɛ̃, elabena Nyaɖeɖefia 21:1-4 gblɔ be, Mawu atrɔ eƒe susu ɖe amegbetɔwo ŋu, eye yayra siwo wòahe vɛ na amegbetɔwo la dometɔ ɖekae nye be “ku maganɔ anyi akpɔ o,” si fia be, ame siwo asubɔ Mawu le eƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ me la maku gbeɖe o.

23 Eme kɔ azɔ. Adam kple Xawa bu Paradiso si nɔ anyi le Eden la, gake mebu tegbee o. Abe ale si Mawu do ŋugbee ene la, ele anyigbadzinɔlawo yra ge kpuie. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã David wògblɔ be ame fafawo kple ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee. Ele be nyagblɔɖi siwo le Yesaya ƒe agbalẽa me la nana míanɔ mɔ kpɔm na yayra wɔnuku siwo le ŋgɔ gbɔna la vevie. Ɣekaɣie woava eme? Woava eme le ɣeyiɣi si me ŋugbe si Yesu do na Yudatɔ nu vlo wɔlaa la ava eme. Wò hã àte ŋu anɔ Paradiso ma me. Ɣemaɣi la, nya si nɔvi siwo de takpekpe le Korea la gblɔ na wo nɔewo be, “Míado go le Paradiso me!” la ava eme.

^ mm. 18 Nufialagã Marvin Pate ŋlɔ bena, Biblia ŋuti nunyala geɖewo xɔe se be, esi Yesu zã nyagbe “egbea” le eƒe nyaa me la, nu si wòwɔnɛ ye nye be yeaku eye yeayi Paradiso me gbe ma gbe ke, alo le gaƒoƒo 24 me. Nufialagã Pate gblɔ kpee be, kuxi si le gɔmesese ma ŋue nye be mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia bubuwo o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be esi Yesu ku la, eyi Tsiẽƒe eye emegbe la, eyi dziƒo.—Mat. 12:40; Dɔw. 2:31; Rom. 10:7.

^ mm. 21 Kpɔ Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le magazine sia me.