Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi kae ɖee fia be Mawu sea veve ɖe mía nu?

Esime blema Israel-viwo nye kluviwo le Egipte la, Mawu nya fu siwo wokpe kple woƒe vevesesewo katã nyuie. (2 Mose 3:7; Yes. 63:9) Mawu wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu, eya ta, míawo hã míate ŋu ase veve ɖe ame nu. Esea veve ɖe mía nu ne míesena le mía ɖokui me be míedze na eƒe lɔlɔ̃ o gɔ̃ hã.—wp18.3, axa 8-9.

Aleke Yesu ƒe nufiafiawo kpe ɖe amewo ŋu wote ŋu ɖu nazãbubu dzi?

Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekeawo me la dometɔ geɖe bua nazã ɖe ame bubuwo ŋu. Kristo na eme kɔ ƒãa be ele be míabɔbɔ mía ɖokui, eye eƒo nu tsi tre ɖe dumevinyenye ƒe dada ŋu. Ede dzi ƒo na eyomedzelawo be woabu wo nɔewo nɔviwoe.—w18.06, axa 9-10.

Nu kae míesrɔ̃ tso nu si tae Mawu meɖe mɔ na Mose wòyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o la me?

Ƒomedodo kplikplikpli aɖe nɔ Mose kple Yehowa dome. (5 Mose 34:10) Esi wòsusɔ vie Israel-viwo nawu woƒe ƒe 40 ƒe gbedzimɔzɔzɔa nu la, Israel-viwo gate liʋiliʋĩlilĩ ake le esi womekpɔ tsi o ta. Mawu gblɔ na Mose be wòaƒo nu na agakpe la. Gake Mose tsɔ eƒe atikplɔa ƒo agakpe la boŋ. Anɔ eme be Yehowa do dziku ɖe Mose ŋu le esi mewɔ ɖe Yeƒe mɔfiamewo dzi o alo esi metsɔ nukunua ŋuti kafukafu na Mawu o ta. (4 Mose 20:6-12) Esia na míekpɔ nu si tae wòle vevie be míaɖo to Yehowa ahatsɔ ŋutikɔkɔe ana eyama.—w18.07, axa 13-14.

Nu kawo mee wòle bɔbɔe be míawɔ vodada le ne míedrɔ̃ ʋɔnu amewo le woƒe gotagomedzedzeme nu?

Nu etɔ̃ aɖewo mee amewo drɔ̃a ʋɔnu ame bubuwo le le woƒe gotagomedzedzeme nu: ŋutigbalẽ ƒe amadede alo to si me wotso, nunɔamesi si le wo si kple amewo ƒe ƒexɔxɔ. Ele vevie egbea be míadze agbagba be míagakpɔ ame ŋkume o, abe ale si Mawu mekpɔa ame ŋkume o ene! (Dɔw. 10:34, 35)—w18.08, axa 8-12.

Mɔ siwo nu Kristotɔ tsitsiwo ate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu le la dometɔ aɖewo ɖe?

Yehowa gakpɔtɔ dea asixɔxɔ gã aɖe Kristotɔ tsitsi si ƒe agbanɔamedziwo trɔ la ŋu, eye agate ŋu awɔ geɖe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ate ŋu akpe ɖe ŋutsu siwo menye haxɔsetɔwo o, siwo srɔ̃wo nye nɔvinyɔnuwo le hamea me la ŋu, akpe ɖe ame siwo dzudzɔ gbeadzidede ŋu, awɔ Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wu, eye akeke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu.—w18.09, axa 8-11.

Nu kawoe le míaƒe Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la me?

Kadodogbalẽviwo kple amekpegbalẽviwo. Trakt vovovo enyi siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie kpakple Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. Agbalẽ gbadza ʋɛ aɖewo kple agbalẽ eve siwo koŋ míetsɔ srɔ̃a nu kple amewo, kpakple video vevi ene siwo dometɔ ɖekae nye, Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? hã le dɔwɔnuawo dome.—w18.10, axa 16.

Aleke Kristotɔ awɔ ‘aƒle nyateƒe’ abe ale si Lododowo 23:23 de dzi ƒoe ene?

Míexea ga ɖe nyateƒea ta o. Ke hã, ebia ɣeyiɣi kple kutrikuku be wòasu mía si.—w18.11, axa 4.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Hosea wɔ nu ɖe srɔ̃a, Gomer, ŋui la me?

Gomer wɔ ahasi enuenu, gake Hosea tsɔe kee eye wòkpɔtɔ nye srɔ̃a. Ne Kristotɔ aɖe srɔ̃ ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔna me la, srɔ̃tɔ maɖifɔ la ate ŋu atiae be yeatsɔe akee. Ne srɔ̃tɔ maɖifɔ la gadze dɔdɔ kple srɔ̃a gɔme la, esia ate fli ɖe gome si le esi le Ŋɔŋlɔawo nu be wòagbe srɔ̃a la me.—w18.12, axa 13.