Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Gɔmesese ka nue ‘wokɔ’ apostolo Paulo yi “dziƒo etɔ̃lia” kple “paradiso me” le?—2 Kor. 12:2-4.

Le 2 Korintotɔwo 12:2, 3 la, Paulo ƒo nu tso ŋutsu aɖe ŋu be “wokɔe yi dziƒo etɔ̃lia.” Ame ka ŋue wònɔ nu ƒom tsoe? Esi Paulo ŋlɔ agbalẽ na Korinto hamea la, ete gbe ɖe edzi be Mawu nɔ ye zãm le esi yenye apostolo ta. (2 Kor. 11:5, 23) Eyome, eƒo nu tso ‘Aƒetɔ la ƒe ŋutegawo kple nyaɖeɖefiawo’ ŋu. Le numeɖeɖe sia me la, Paulo meƒo nu tso nɔviŋutsu bubuwo ŋu o. Eya ta, eme kɔ ƒãa be eya ŋutɔ ɖokui ŋue wònɔ nu ƒom tsoe abe ŋutsu si woɖe ŋutegawo kple nyaɖeɖefiawo fia la ene.—2 Kor. 12:1, 5.

Eya ta, Paulo ye nye ŋutsu si ‘wokɔ yi dziƒo etɔ̃lia’ kple ame si ‘wokɔ yi paradiso me.’ (2 Kor. 12:2-4) Ezã nyagbe si nye “nyaɖeɖefiawo,” si he susu yi nu siwo ava dzɔ le etsɔme ƒe ɖeɖefia dzi.

Nu kae nye “dziƒo etɔ̃lia” si Paulo kpɔ?

Le Biblia me la, nyagbe “dziƒo” ate ŋu afia dziƒo ŋutɔŋutɔ. (1 Mose 11:4; 27:28; Mat. 6:26) Gake wotea ŋu zãa nyagbe “dziƒo” le gɔmesese bubuwo hã nu. Ɣeaɖewoɣi la, ekuna ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ŋu. (Dan. 4:20-22) Ate ŋu afia Mawu ƒe dziɖuɖu hã, le kpɔɖeŋu me, eƒe dziɖuɖu to Mawu Fiaɖuƒea dzi.—Nyaɖ. 21:1.

Paulo kpɔ “dziƒo etɔ̃lia.” Nu ka tututue “dziƒo etɔ̃lia” nye? Ɣeaɖewoɣi la, Biblia gbugbɔ gblɔa nya aɖe zi gbɔ zi etɔ̃ tsɔ tea gbe ɖe eƒe nyonyome alo ale si gbegbe nua de ŋgɔe dzi. (Yes. 6:3; Eze. 21:27; Nyaɖ. 4:8) Esi Paulo ƒo nu tso “dziƒo etɔ̃lia” ŋu la, edze abe Mesia Fiaɖuƒea, si le Yesu Kristo kple eƒe hatidziɖula ame 144,000-awo si me la ƒe dziɖuɖu ŋue wònɔ nu ƒom tsoe ene. Ðe wònɔ gbe tem ɖe dziɖuɖu sia ƒe nyonyome kple ale si gbegbe wòde ŋgɔ sãsãsã la dzi. (Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 1, axa 1059, 1062 [Étude perspicace des Écritures, Babla 1, axa 473-474, 476-477].) Abe ale si apostolo Petro gblɔe ene la, míele “dziƒo yeye” lalam le Mawu ƒe ŋugbedodo la nu.—2 Pet. 3:13.

Ke “Paradiso” si Paulo yɔ ya ɖe?

Nyagbe “paradiso” hã ate ŋu afia nu vovovowo: (1) Le ale si nuwo nɔ le ameƒomea ƒe gɔmedzeɣi nu la, nyagbe “paradiso” ate ŋu afia Paradiso si ava nɔ anyigba dzi le etsɔme. (2) Ate ŋu afia ŋutifafa kple dziɖeɖi tɔxɛ si me Mawu ƒe amewo ase vivi le le xexe yeyea me. (3) Agate ŋu afia nɔnɔme wɔnuku siwo le dziƒo, afi si Nyaɖeɖefia 2:7 yɔ be ‘Mawu ƒe Paradiso’ la me.—Kpɔ July 15, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 5, mm. 8.

Anɔ eme be paradiso ƒe nɔnɔme etɔ̃ siawo katã dzie Paulo nɔ susu hem yii le 2 Korintotɔwo 12:4 esi wònɔ nu siwo wòkpɔ la ɖɔm.

Azɔ, nya ta kae míaƒo?

“Dziƒo etɔ̃lia” si woyɔ le 2 Korintotɔwo 12:2 la ate ŋu anye Mesia Fiaɖuƒea, si le Yesu Kristo kple ame 144,000, siwo le tsitre ɖi na “dziƒo yeye” la, si me.—2 Pet. 3:13.

Enye “dziƒo etɔ̃lia,” elabe enye Fiaɖuƒe si wodo ɖe dzi, si de ŋgɔ sãsãsã, si ƒe nyonyome ƒo dziɖuɖu ɖe sia ɖe ta.

“Paradiso” si me wokɔ Paulo yi le ŋutegaa me la ate ŋu afia (1) Paradiso ŋutɔŋutɔ si ava xɔ anyigbaa dzi, (2) gbɔgbɔmeparadiso si anɔ anyi ɣemaɣi, si ade ŋgɔ sãsãsã wu gbɔgbɔmeparadiso si li fifia, eye (3) agate ŋu afia ‘Mawu ƒe paradiso’ si le dziƒo, si hã anɔ anyi le xexe yeyea me le ɣeyiɣi ma ke me.

Eya ta, xexe yeye la anye dziƒo yeyea kple anyigba yeyea ƒe ƒuƒoƒo ɖekae. Enye ɖoɖo yeye aɖe si me Dziƒofiaɖuƒe dziɖuɖua kple amegbetɔ siwo anɔ Yehowa subɔm le anyigba dzi paradisoa me la siaa anɔ.