Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo, Miate Ŋu Akpɔ Dzidzedze Le Agbe Me

Sɔhɛwo, Miate Ŋu Akpɔ Dzidzedze Le Agbe Me

“Èna menya agbemɔ la.”—PS. 16:11.

HADZIDZI: 133, 89

1, 2. Aleke Tony ƒe ŋutinyaa ɖee fia be míate ŋu awɔ tɔtrɔwo le agbe me?

TONY fofo meli esime wònɔ tsitsim o. Enɔ sekɛndrisuku dem, gake metsɔ ɖeke le sukua dede me o. Enɔ didim gɔ̃ hã be yeadzudzɔ sukua dede. Le kwasiɖanuwuwuwo la, Tony yina ɖakpɔa filmwo alo ɖanɔa exɔlɔ̃wo gbɔ. Mewɔa ŋutasẽnu o, eye mezãa atike vɔ̃ɖiwo hã o, ke hã, taɖodzinu aɖeke menɔ esi le agbe me o. Meka ɖe edzi gɔ̃ hã be Mawu li o. Gbe ɖeka, esi Tony do go Yehowa Ðasefo atsu kple asi aɖe la, egblɔ nu si tae meka ɖe edzi be Mawu li o la na wo eye wòbia nya geɖewo hã. Wotsɔ agbalẽ gbadza eve siwo nye The Origin of Life (Ale Si Nu Gbagbewo Wɔ Va Dzɔ) kple Was Life Created? (Ðe Wowɔ Nu Gbagbewoa?) la nɛ be wòaxlẽ.

2 Esi atsu kple asia trɔ yi Tony gbɔ la, wokpɔe be etrɔ eƒe susu keŋkeŋ. Esrɔ̃ agbalẽawo ale gbegbe be ɖeko woŋlɔ́ hetugu keŋ. Tony gblɔ na wo be: “Mawu aɖe li kokoko.” Elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye vivivi la, ale si wòbua agbeae la trɔ keŋkeŋ. Hafi Tony nadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, mewɔa dɔ nyuie le suku o, gake azɔ la, eva nye sukuvi siwo wɔa dɔ nyuie la dometɔ ɖeka. Esia wɔ nuku na woƒe sukutatɔ si nya be Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple Tony la gɔ̃ hã. Egblɔ nɛ be: “Wò nɔnɔme trɔ ale gbegbe, eye èle vevie dom nu le suku fifia wu tsã. Esi nèva le ha dem kple Yehowa Ðasefowo ta yea?” Tony ɖo eŋu nɛ be nenema tututue, eye wòɖi ɖase nɛ. Tony wu sekɛndrisukua nu dzidzedzetɔe, eye fifia, eva zu gbesiagbe mɔɖela eye wònye subɔsubɔdɔwɔla hã. Ele dzidzɔ kpɔm fifia, elabe enyae be Fofo lɔ̃ame aɖe le ye si, si nye Yehowa.—Ps. 68:5.

ÐO TO YEHOWA, EYE ÀKPƆ DZIDZEDZE

3. Aɖaŋu kae Yehowa ɖo na sɔhɛwo?

3 Tony ƒe ŋutinyaa na míekpɔe be Yehowa tsɔ ɖe le eme na mi sɔhɛwo ale gbegbe. Edi be agbea nadze edzi na mi eye miakpɔ dzidzeme vavãtɔ le agbe me. Eya ta, ele aɖaŋu ɖom na mia dometɔ ɖe sia ɖe be: “Ðo ŋku Wɔwòla Gã la dzi le wò sɔhɛmenɔɣi.” (Nyagb. 12:1) Esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi le egbexexea me o. Ke hã, anya wɔ. Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu akpɔ dzidzedze, menye le wò sɔhɛmenɔɣi ɖeɖe ko o, ke le wò agbemeŋkekewo katã hã me. Be míate ŋu ase nya sia gɔme nyuie la, míadzro nu si kpe ɖe Israel-viwo ŋu wote ŋu xɔ Ŋugbedodonyigbaa kple nu si kpe ɖe David ŋu wòɖu Goliat dzi la me.

4, 5. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo xɔ Kanaan-nyigbaa kple ale si David ɖu Goliat dzi la me? (Kpɔ nɔnɔmetata siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

4 Esi Israel-viwo gogo Ŋugbedodonyigbaa la, Mawu mebia tso wo si be woasrɔ̃ aʋawɔwɔ alo woabi ɖe aʋawɔnuwo zazã me o. (5 Mose 28:1, 2) Ke boŋ, egblɔ na wo be, ele be woaɖo to yeƒe sededewo eye woaɖo ŋu ɖe ye ŋu. (Yos. 1:7-9) Le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, susu mele nya ma me o! Gake aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeakee nye ema, elabena Yehowa na eƒe amewo ɖu Kanaantɔwo dzi enuenu. (Yos. 24:11-13) Ɛ̃, toɖoɖo Mawu bia be xɔse nanɔ ame si, eye ne xɔse sia le ame si la, ekpɔa dzidzedze godoo. Nyateƒe matrɔmatrɔe nya sia nye. Nenemae wòle tso blema ke va de asi na egbe.

5 Aʋakalẽtɔ ye Goliat nye; ekɔkɔ meta 3 kloe eye wòbla aʋakpa eteƒe mekɔ o. (1 Sam. 17:4-7) Ke hã, nu eve koe nɔ David ya si: ɖekae nye eƒe akafo la, eye eveliae nye be, exɔ eƒe Mawu, Yehowa, dzi se. Ame siwo si xɔse mele o la abu David bometsilae. Gake woda ƒu ŋutɔ! Goliat boŋue nye bometsila la.—1 Sam. 17:48-51.

6. Nu kawo mee míadzro azɔ?

6 Le nyati si do ŋgɔ na esia me la, míedzro nu ene siwo nana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzedze le agbe me la me. Woawoe nye be míana mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli, míadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Mawu, míaɖo taɖodzinu nyuiwo na mía ɖokui, eye míade asixɔxɔ ablɔɖe si Mawu na mí la ŋu. Le nyati sia me la, míadzro mɔ bubu siwo nu nu siawo ate ŋu aɖe vi na mí le la me. Be míawɔ esia la, míadzro gɔmeɖose aɖewo siwo dze le Psalmo 16 lia me la me tsitotsito.

NA WÒ KPLE YEHOWA DOME NANƆ KPLIKPLIKPLI

7. (a) Aleke nàɖɔ ame si nye gbɔgbɔmemee? (b) Nu kae nye David ƒe “gome,” eye aleke esia ɖe vi nɛ?

7 Ame si nye gbɔgbɔmeme la xɔa Mawu dzi se, eye edzea agbagba be yeanya Mawu ƒe susu le nuwo ŋu. Eɖea mɔ Mawu fiaa mɔe, eye edina vevie be yeaɖo toe. (1 Kor. 2:12, 13) David nye esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe. Edzi ha be: “Yehowae nye nye gome, domenyinu si wodzidze nam kple nye kplu.” (Ps. 16:5) “Gome” si ŋu David ƒo nu tsoe la ku ɖe ƒomedodo nyui si le eya kple Yehowa Mawu si wòsi tso la dome hã ŋu. (Ps. 16:1) Aleke esia ɖe vi nɛ? Egblɔ be: “Nye ameti bliboa le aseye tsom.” Ɛ̃, nu bubu aɖeke menana David kpɔa dzidzɔ wu ƒomedodo kplikplikpli si nɔ eya kple Mawu dome o!—Xlẽ Psalmo 16:9, 11.

8. Nu siwo nana ame kpɔa dzidzeme vavãtɔ le agbe me la dometɔ aɖewo ɖe?

8 Ame siwo tsɔ agbeɖuɖu ɖo dɔe alo tsia dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la mate ŋu akpɔ dzidzɔ si David kpɔ la gbeɖe o. (1 Tim. 6:9, 10) Nɔviŋutsu aɖe si le Canada la gblɔ be: “Menye nu si ate ŋu asu mía si le agbe me la gbɔe dzidzeme vavãtɔ tsona o, ke boŋ nu si míenana Yehowa Mawu, si nye nu nyuiwo katã Nala lae wɔnɛ be míekpɔa dzidzeme vavãtɔ le agbe me.” (Yak. 1:17) Ɛ̃, ne èva xɔ Yehowa dzi se eye nèle esubɔm la, esia ana taɖodzinu nanɔ wò agbe ŋu eye àkpɔ dzidzeme le agbe me. Aleke nàwɔ atsi le xɔse me? Ele be nàkpɔ ɣeyiɣi na Yehowa, si fia be, nànɔ eƒe Nya la xlẽm, nànɔ ŋku lém ɖe eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu, eye nànɔ ŋugble dem le eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo, si ƒe ɖee nye lɔlɔ̃ si le esi na wò la ŋu.—Rom. 1:20; 5:8.

9. Aleke nàte ŋu aɖe mɔ Mawu ƒe Nyaa namla wò?

9 Ɣeaɖewoɣi la, Mawu ɖea lɔlɔ̃ si le esi na mí la fiana ne eɖɔ mí ɖo, abe ale si ko vifofo lɔ̃ame wɔnɛ ene. David lɔ̃ faa be Mawu naɖɔ ye ɖo, elabe egblɔ be: “Makafu Yehowa, ame si ɖo aɖaŋu nam. Le zã me hã, nye dzimesusuwo ɖɔam ɖo.” (Ps. 16:7) Ɛ̃, ede ŋugble le Mawu ƒe susuwo ŋu ale gbegbe be eva bua nuwo ŋu abe ale si Mawu bua woe ene. Eɖe mɔ Mawu ƒe susuwo mla eya amea wòva zu ame ɖɔʋu. Ne xɔse ʋã wò nèwɔ nenema ke la, wò lɔlɔ̃ na Mawu kple didi si le mewò be yeaɖo toe la adzi ɖe edzi. Àtsi le gbɔgbɔ me hã, eye àli ke sesĩe le xɔse me. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Christin gblɔ be, “Ne meku nu me hede ŋugble le nu si mexlẽ ŋu la, mesena le ɖokuinye me be nyee Yehowa ŋlɔ nu siawo ɖi na!”

10. Ne èléa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la, vi kae wòaɖe na wò le Yesaya 26:3 ƒe nyaa nu?

10 Ne èléa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la, esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ xexe sia kple eƒe etsɔme abe ale si Mawu kpɔnɛ ene. Yehowa na nunya kple nugɔmesese wɔnuku sia wò. Nu ka tae? Nu si tae nye be, edi be nàtsɔ nu siwo le vevie wu la aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me, nàtso nya me le nunya me, eye nàkpɔ mɔ na etsɔme kple kakaɖedzi! (Xlẽ Yesaya 26:3.) Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Joshua, si le Amerika la gblɔ be, “Yehowa ŋu nɔnɔ kplikplikpli kpena ɖe ame ŋu wòkpɔa nu siwo le vevie wu la dzea sii.” Aleke nyateƒenya sia naa dzidzeme amee nye esi!

DZE XƆLƆ̃ VAVÃWO

11. Aleke David tia exɔlɔ̃woe?

11 Xlẽ Psalmo 16:3. David nya ale si wòadze xɔlɔ̃ vavãwoe. Ame siwo lɔ̃ Yehowa lae wòdzea xɔlɔ̃e, eye esia ‘nyoa eŋu vevie.’ Eyɔ ame siwo wòdzea xɔlɔ̃e la be ‘ame kɔkɔewo,’ elabena wonɔa agbe nyui hewɔa nu dzɔdzɔe. Hakpala bubu aɖe hã se le eɖokui me nenema ke le ame siwo wòdzea xɔlɔ̃e ŋu. Eŋlɔ bena: “Xɔlɔ̃ menye na ame siwo katã vɔ̃a wò kple ame siwo léa wò sededewo me ɖe asi.” (Ps. 119:63) Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, wò hã àte ŋu akpɔ xɔlɔ̃ nyui geɖe le ame siwo vɔ̃a Yehowa heɖoa toe la dome. Eye àte ŋu adze xɔlɔ̃ nɔvi siwo xɔ ƒe vovovowo gɔ̃ hã.

12. Nu kae na be David kple Yonatan wonye xɔlɔ̃ vavãwo?

12 Hakpala David medze xɔlɔ̃ ame siwo nye ehatiwo ɖeɖe ko o. Àte ŋu aɖo ŋku ‘bubume’ aɖe si va zu exɔlɔ̃ vevi la ƒe ŋkɔ dzia? Eŋkɔe nye Yonatan. Le nyateƒe me la, woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa nye nyuitɔ kekeake siwo ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ ɖeka. Gake ènya be Yonatan tsi wu David abe ƒe 30 sɔŋ enea? Ke nu kae na wozu xɔlɔ̃wo? Wo ame evea siaa woxɔ Mawu dzi se, wodea bubu wo nɔewo ŋu, eye wode dzesi dzinɔameƒo si wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖena fiana ne eva hiã be woawɔ aʋa kple Mawu ƒe futɔwo.—1 Sam. 13:3; 14:13; 17:48-50; 18:1.

13. Aleke nàwɔ adze xɔlɔ̃ geɖe wu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Abe David kple Yonatan ene la, ‘enyoa’ míawo hã ‘ŋu vevie’ be míadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃a Yehowa eye woxɔ edzi se. Kiera, si le Mawu subɔm ƒe geɖe ye nye esia la gblɔ be, “Medze xɔlɔ̃ ame geɖewo le xexea me godoo, wonye ame siwo tso dukɔ vovovowo me eye woƒe dekɔnuwo to vovo.” Ne èdze xɔlɔ̃ ame vovovowo alea la, wò ŋutɔ àkpɔ kpeɖodzi be Mawu ƒe Nyaa kple eƒe gbɔgbɔa nana míewɔa ɖeka.

TI TAÐODZINU NYUIWO YOME

14. (a) Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖo taɖodzinu nyuiwo na ɖokuiwò le agbe me? (b) Nya kawoe sɔhɛ aɖewo gblɔ tso gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ɖoɖo na wo ɖokuiwo ŋu?

14 Xlẽ Psalmo 16:8. Mawu subɔsubɔe nye nu vevitɔ na David le agbe me. Ne èɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na ɖokuiwò eye nèna Yehowa subɔsubɔ nye nu vevitɔ na wò le agbe me abe David ene la, wò hã àkpɔ dzidzeme vavãtɔ le agbe me. Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Steven la gblɔ be, “Ne mele taɖodzinu aɖe minyam heva ɖo egbɔ mlɔeba, eye megbugbɔ de ŋugble le ŋgɔyiyi siwo mewɔ hafi ɖo egbɔ ŋu la, evivia nunye ale gbegbe.” Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si nye Germanytɔ, si le subɔsubɔm le dukɔ bubu aɖe me fifia la gblɔ be, “Ne meva tsi eye metrɔ kpɔ megbe la, nyemedi be makpɔe be nye ŋutɔ nye viɖe ɖeɖe ko tae mewɔ nu siwo katã mewɔ le nye agbe me ɖo o.” Míexɔe se be alea ye wò hã èsena le ɖokuiwò me. Ne èsena le ɖokuiwò me alea la, ekema, zã ŋutete siwo Mawu na wò la nàtsɔ asubɔe ahawɔ nyui na ame bubuwo. (Gal. 6:10) Ðo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na ɖokuiwò, eye nàdo gbe ɖa abia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖo wo gbɔ. Edzɔa dzi nɛ ŋutɔ be yeaɖo gbedodoɖa mawo tɔgbi ŋu.—1 Yoh. 3:22; 5:14, 15.

15. Taɖodzinu kawoe nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò? (Kpɔ aɖaka si nye “ Taɖodzinu Siwo Nàte Ŋu Aminya.”)

15 Taɖodzinu kawoe nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò? Woate ŋu anye be nàɖo nya ŋu le wò ŋutɔ wò nyagbewo me le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, nàwɔ mɔɖeɖedɔa, alo aɖasubɔ le Betel. Ðewohĩ, àdi be yeasrɔ̃ gbe bubu aɖe kple susu be yeaɖasubɔ le nuto aɖe si me wodoa gbe ma le la me. Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Barak, si le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la, gblɔ be, “Ne mefɔ ŋdi sia ŋdi eye mekpɔe be metsɔ nye ŋusẽ katã le Yehowa subɔm la, mesena le ɖokuinye me be dɔ bubu aɖeke mate ŋu ana makpɔ dzidzɔ si gbegbe kpɔm mele o.”

DE ASIXƆXƆ ABLƆÐE SI MAWU NA WÒ LA ŊU

16. Aleke David se le eɖokui me tso Yehowa ƒe se dzɔdzɔeawo ŋu, eye nu ka tae?

16 Xlẽ Psalmo 16:2, 4. Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Mawu ƒe se kple mɔfiame dzɔdzɔeawo naa ablɔɖe mí le esi wokpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a ale si míalɔ̃ nyui ahalé fu vɔ̃ ta. (Amos 5:15) Hakpala David nyae be Yehowa “gbɔe nu nyuiwo tsona” na ye, elabe ede dzesi eƒe nyuiwɔwɔwo. Nyuiwɔwɔ nye agbe nyui nɔnɔ si de ŋgɔ, alo nu dzeame wɔwɔ. David ku kutri vevie srɔ̃ eƒe Mawu la eye wòsrɔ̃ eƒe nyuiwɔwɔ hã. Azɔ hã, David srɔ̃ ale si wòalé fu nu si nye vɔ̃ le Mawu ŋkume. Wo dometɔ ɖekae nye trɔ̃subɔsubɔ, si nye nuwɔna si ɖia gbɔ amegbetɔwo eye wònana be wometsɔa ŋutikɔkɔe si Yehowa dze na la nanɛ o.—Yes. 2:8, 9; Nyaɖ. 4:11.

17, 18. (a) Nya kae David gblɔ tso nu gbegblẽ siwo dona tso alakpasubɔsubɔ me ŋu? (b) Aleke amewo nana woƒe “vevesesewo dzina ɖe edzi” egbeae?

17 Le Biblia ŋlɔɣiwo la, amewo wɔa gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔna nyɔŋuwo le alakpamawuwo subɔsubɔ me. (Hos. 4:13, 14) Alakpasubɔsubɔ mawo dzea ame geɖe ŋu le esi gbɔdɔnuwɔna mawo nyoa wo ŋu ta. Gake ɖe esia nana wokpɔa dzidzɔ vavã? Gbeɖe! David gblɔ be: “Vevesesewo dzina ɖe edzi na ame siwo dzea mawu bubuwo yome.” Azɔ hã, wohea fukpekpe manyagblɔwo vaa wo viwo dzi. (Yes. 57:5) Yehowa lé fu woƒe tagbɔsesẽnuwɔnawo! (Yer. 7:31) Ne ɖe ènɔ agbe le ŋkeke mawo me la, ɖe mado dzidzɔ na wò ŋutɔ be dziwòlawo subɔa Yehowa heɖoa toe oa?

18 Egbea hã, alakpasubɔsubɔhawo daa asi ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu kpakple ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ dzi zi geɖe. Gake tso blema ke va de asi na egbea la, nu gbegblẽ koe dona tso ame ɖokui ƒoƒo ɖe yeaɖi ablɔɖe ƒe agbenɔnɔ ƒaƒã mawo me. (1 Kor. 6:18, 19) Ànya de dzesii be amewo nana woƒe “vevesesewo dzina ɖe edzi” na wo ɖokuiwo egbea. Eya ta, sɔhɛwo, miɖo to mia Fofo si le dziƒo la. Mika ɖe edzi bliboe be toɖoɖo eyama aɖe vi nyuitɔ kekeake na mi. Milɔ̃ ɖe edzi tso dzi me ke be, nu siwo nu gbegblẽ wɔwɔ gblẽna le ame ŋu la sɔ gbɔ sãsãsã wu ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe vivi si miase. (Gal. 6:8) Joshua si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be, “Míate ŋu awɔ míaƒe ablɔɖea ŋu dɔ ale si míedii, gake eŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu mahe dzidzeme vɛ na mí gbeɖe o.”

19, 20. Yayra kawoe asu sɔhɛ siwo xɔ Yehowa dzi se eye woɖoa toe la si?

19 Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Ne mieyi edzi lé nye nya la me ɖe asi la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” (Yoh. 8:31, 32) Esia nye ablɔɖekpɔkpɔ tso alakpasubɔsubɔ, bometsinuwɔnawo kple aʋatsodzixɔsewo hã me. Gake mese ɖe afi ma o. Míele mɔ kpɔm hã be míava kpɔ “Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la” le etsɔme. (Rom. 8:21) Miate ŋu aɖɔ ablɔɖe ma kpɔ fifia gɔ̃ hã “ne mieyi edzi lé [Kristo ƒe] nya la me ɖe asi,” alo wɔ ɖe eƒe nufiafiawo dzi. Ne miewɔe alea la, miava ‘dze si nyateƒe la,’ menye be miasrɔ̃e ko evɔ o, ke boŋ mianɔ agbe ɖe enu hã.

20 Sɔhɛwo, mide asixɔxɔ ablɔɖe si Mawu na mi la ŋu. Miwɔ ablɔɖe ma ŋu dɔ le nunya me. Esia akpe ɖe mia ŋu miawɔ nyametsotso siwo ana etsɔme nyuitɔ kekeake nasu mia si. Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Ne èwɔ wò ablɔɖea ŋu dɔ nyuie esime nènye sɔhɛ la, esia akpe ɖe ŋuwò ne eva hiã be nàwɔ nyametsotso gãwo emegbe, abe ne èle dɔ si asɔ na wò la tiam, alo ne èle eŋu bum nenye be àɖe srɔ̃ loo, alo àkpɔtɔ anye tre hena ɣeyiɣi aɖe la ene.”

21. Nu kae nàwɔ be wò asi nasu “agbe vavã la” dzi?

21 Le xexe xoxo sia me la, kakaɖedzi mele agbe si amewo buna be enye nudzedziname ƒe agbe la kura gɔ̃ hã ŋu o, eye menɔa anyi wòdidina hã o. Amegbetɔ aɖeke menya nu si ava dzɔ le etsɔme o. (Yak. 4:13, 14) Eya ta, nu si me nunya le be nàwɔe nye be, nànɔ mɔ si kplɔa ame yia “agbe vavã la,” si nye agbe mavɔ me, le Mawu ƒe xexe yeye wɔnukua me la dzi. (1 Tim. 6:19) Mawu mezia mía dzi be míazɔ mɔ sia dzi o. Míawo ŋutɔwoe atiae. Na Yehowa nanye wò “gome.” De asixɔxɔ ‘nu nyui’ geɖe siwo wòna wò la ŋu. (Ps. 103:5) Eye ka ɖe edzi be ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe fifia eye ‘nàse vivi tegbee.’—Ps. 16:11.