Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

“Yehowa Wɔ Nyui” Na Mí

“Yehowa Wɔ Nyui” Na Mí

ÐEKO nye kple srɔ̃nye, Danièle, míeyi amedzrodzeƒea hexɔ míaƒe safui koe nye ema amedzrodzeƒea dzi kplɔla gblɔ nam be, “Taflatsɛ, Aƒetɔ, àte ŋu aƒo ka na kpovitɔ siwo le dea dzia?” Gaƒoƒo ʋɛ aɖewoe nye ema míeva ɖo Gabon, si nye dukɔ aɖe si le Ɣetoɖoƒe Afrika, afi si woɖo asi míaƒe dɔa dzi le le ƒe 1970-awo me.

Danièle de dzesi nuwo kaba, abe ale si wòwɔnɛ ɖaa ene, eye wòdo dalĩ nam be, “Mègaɖe fu na ɖokuiwò be yeayɔ kpovitɔawo o, wova ɖo xoxo!” Ʋu aɖe va tɔ ɖe amedzrodzeƒea ŋgɔ le mía megbe. Miniti ʋɛ aɖewo megbe la, wova lé mí ame evea. Gake akpe na Danièle be exlɔ̃ num do ŋgɔ, si wɔe be metsɔ agbalẽ aɖewo de asi na nɔviŋutsu aɖe hafi esia dzɔ.

Esime wokplɔ mí yina kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea la, menɔ ŋugble dem le ale si gbegbe wòde dzinye be srɔ̃nye nye dzinɔameƒotɔ kple ame si tsia dzi ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋui la ŋu. Esia nye nudzɔdzɔ gbogbo siwo me nye kple Danièle míewɔ dɔ aduadu le la dometɔ ɖeka ko. Na magblɔ ale si wòdzɔe be míeyi ɖasrã nɔviwo kpɔ le dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le me la na wò.

YEHOWA KPE ÐE ŊUNYE LƆLƆ̃TƆE BE MEVA SE NYATEƑEA GƆME

Wodzim ɖe Katolikotɔ dovevienuwo ƒe ƒome aɖe me le ƒe 1930 me, le Croix, si nye du sue aɖe le France ƒe anyiehekpa dzi. Míaƒe ƒomea dea Misa kwasiɖa sia kwasiɖa, eye fofonye kpɔa gome le sɔlemewɔna vovovowo me. Ke hã, esime wòsusɔ vie maxɔ ƒe 14 la, nudzɔdzɔ aɖe ʋu nye ŋkuwo ale be meva de dzesi alakpanu siwo nɔ edzi yim le subɔsubɔhaa me.

Le xexemeʋa evelia me la, Germanytɔwo ƒe asrafowo va xɔ anyinɔ ɖe France. Le míaƒe nunɔlaa ƒe nuƒowo me la, edea dzi ƒo na mí enuenu be míade Nazi dziɖuɖu si le Vichy la dzi. Eƒe nuƒoawo na ŋɔdzi lé mí. Abe ale si France dukɔa me tɔ gbogbo aɖewo nɔ ewɔm ene la, míawo hã míebena dzaa ɖoa to BBC radiodɔwɔƒea, afi si wonaa nyatakaka mí tso Dukɔ Wɔɖekawo Ƒe Asrafowo ŋu le. Emegbe nunɔlaa va de akpa bubu dzi eye wòwɔ ɖoɖo be míawɔ akpedawɔna aɖe be míatsɔ aɖu azã le ŋgɔyiyi si Dukɔ Wɔɖekawo Ƒe Asrafowo wɔ le September 1944 me la ta. Alakpanuwɔwɔ sia na nye nu ku. Ena nyemegava ka ɖe subɔsubɔhakplɔlawo dzi o.

Esi aʋaa wu enu la, eteƒe medidi o, fofonye ku. Ɣemaɣi la, nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ si ŋkɔe nye Simone la ɖe srɔ̃ eye woa kple srɔ̃a wonɔ Belgium, eya ta, mese le ɖokuinye me be ele be malé be na nɔnye. Meva kpɔ dɔ le avɔlɔ̃ƒe aɖe. Nye dɔmemegã kple viawo nye Katolikotɔ dovevienuwo. Togbɔ be edze abe nuwo ayi edzi nyuie nam le dɔwɔƒea ene hã la, nɔnɔme sesẽ aɖe ava dze ŋgɔm kpuie.

Nɔvinyenyɔnu Simone, si va zu Ðasefo la va srã mí kpɔ le ƒe 1953 me. Ezã eƒe Biblia aɖaŋutɔe tsɔ klo nu le Katolikohaa ƒe alakpanufiafia siwo nye dzo mavɔ, Mawuɖekaetɔ̃, kple luʋɔmakumaku la dzi. Le gɔmedzedzea me la, mehe nya kplii be menye Katolikotɔwo ƒe Bibliae wòzã o, gake eteƒe medidi o, meva ka ɖe edzi be nya siwo gblɔm wònɔ la nye nyateƒe. Emegbe eva nam Gbetakpɔxɔ ƒe tata xoxo aɖewo, eye mevu ɖe wo ŋu xlẽ wo le nye xɔdɔme le zã me. Mede dzesii enumake be nyateƒeae nye esia; gake, menɔ vɔvɔ̃m be ne meʋli nyateƒea ta la, dɔ age le asinye.

Meyi edzi nɔ Biblia kple Gbetakpɔxɔ ƒe nyatiwo srɔ̃m le ɖokuinye si hena ɣleti aɖewo. Mlɔeba, meɖoe be mayi Fiaɖuƒe Akpata me. Ale si nɔviawo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu lɔlɔ̃tɔe la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Nɔviŋutsu kpɔnuteƒe aɖe srɔ̃ Biblia kplim ɣleti ade, eye mexɔ nyɔnyrɔ le September 1954 me. Eteƒe medidi o, mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔnye kple nɔvinyenyɔnu suetɔ hã va zu Ðasefowo.

MÍEÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU LE ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆSUBƆDƆA ME

Nublanuitɔe la, nɔnye ku kwasiɖa ʋɛ aɖewo hafi wowɔ dukɔwo dome takpekpe le ƒe 1958 me le New York, eye esia na melé blanui vevie. Esi metrɔ gbɔ tso takpekpe ma la, ame aɖeke meli magalé be na o, eya ta, meɖe asi le nye dɔwɔɖuia ŋu eye medze mɔɖeɖedɔa gɔme. Le ɣeyiɣi ma me la, medo ŋugbe na nɔvinyɔnu mɔɖela dovevienu aɖe si ŋkɔe nye Danièle Delie, eye míeɖe srɔ̃ le May 1959 me.

Danièle dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le Brittany, si nye kɔƒedu aɖe si didi tso wo de. Ehiã dzinɔameƒo be wòate ŋu aɖe gbeƒã le Katolikotɔwo ƒe nuto ma me ahado gasɔ ayi dua ƒe anyigbamamawo me. Abe ale si wònɔ le gonyeme ene la, etsɔ dzo ɖe dɔa ŋu ale gbegbe, elabe eya hã se le eɖokui me be nuwuwua tu aƒe. (Mat. 25:13) Eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ kpe ɖe mía ŋu míeyi edzi do dzi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.

Ŋkeke ʋɛ aɖewo le míaƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, wode dɔ asi na mí be míawɔ nutome sue dzikpɔkpɔ dɔa. Míenɔ agbe tsɛ. Gbeƒãɖela 14 ye nɔ hame gbãtɔ si míesrã kpɔ la me, eye nɔviawo mete ŋu kpɔ dzeƒe na mí le woƒe aƒewo me o. Eya ta, míeda beliwo ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ƒe kplɔ̃ta hemlɔ wo dzi. Medze eme na mí tututu ya o, gake ɖeko wònɔ abe ɖe wohe lãme na mí nyuie ene!

Míetsɔa míaƒe ʋu suea zɔa mɔ yina ɖasrãa hamewo kpɔna

Togbɔ be vovo menɔa mía ŋu kura o hã la, Danièle trɔ ɖe mɔzɔzɔdɔa ŋu nyuie. Zi geɖe la, edzɔna be míewɔa hamemetsitsiwo ƒe kpekpe aɖewo siwo ŋu míewɔ ɖoɖo ɖo o, si biana be wòanɔ míaƒe ʋu suea me anɔ nye lalam, gake metoa nyatoƒoe gbeɖe o. Ƒe eve koe míewɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa, eye le dɔ sia wɔwɔ me la, míesrɔ̃ ale si gbegbe wòle vevie be srɔ̃tɔwo nanɔ dze ɖom kple wo nɔewo anukwaretɔe ahanɔ nu wɔm ɖekae.—Nyagb. 4:9.

WODE SUBƆSUBƆDƆ YEYEWO ASI NA MÍ

Le ƒe 1962 me la, wokpe mí be míade Gilead Suku ƒe klass 37 lia, si wowɔna ɣleti ewo le Brooklyn, le New York. Srɔ̃tɔ 13 koe nɔ sukuvi 100 la dome, eya ta, míebui be mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míawo hã míenɔ wo dome. Megaɖoa ŋku hadede tuameɖo siwo yi edzi le mía kple Frederick Franz, Ulysses Glass, kple Alexander H. Macmillan kpakple nɔvi bubuawo dome la dzi kple dzidzɔ. Nɔvi siawo wɔ akpa vevi aɖe le habɔbɔa me.

Míekpɔ dzidzɔ be mí ame evea míede Gilead Sukua ɖekae!

Le sukua la, wode dzi ƒo na mí be míana hehe mía ɖokuiwo be míate ŋu alé ŋku ɖe nu ŋu geɖe wu. Ne míekpa le klass le Memleɖa ŋdɔ aɖewo la, wobiana tso mía si be míaɖi tsa le New York City. Míenyae be woana míawɔ nu siwo míekpɔ le tsaɖiɖia me la ŋuti nuŋlɔɖi le Dzoɖagbe. Zi geɖe la, kaka míagbɔ tso tsaɖiƒe le Memleɖa fiẽ la, ɖeɖi tea mía ŋu ŋutɔ. Gake nɔvi si kplɔ mí tsae, si nye Betel-ƒomea me tɔ la biaa nya aɖewo mí siwo kpena ɖe mía ŋu míeɖoa ŋku nu vevi siwo wòle be míaŋlɔ le dodokpɔa me la dzi. Le Memleɖa aɖe gbe la, míezɔ yi dugã la ƒe teƒeteƒewo ŋdɔ bliboa. Míeyi xɔ gã aɖe si me yamenutomekpɔmɔ̃wo le eye míesrɔ̃ nu tso ɣletivi vovovo eve aɖewo ŋu. Esi míeyi Amerika Blemanuwo Kple Dzɔdzɔmenuwo Dzraɖoƒe la, míeva nya vovototo si le bamelo kple lo dome. Esi míenɔ mɔ dzi trɔ yina ɖe Betel la, nɔvi si kplɔ mí tsae la bia mí be, “Ta, vovototo kae le ɣletivi vovovo eveawo dome?” Ðeɖi te Danièle ŋu ale gbegbe be vovototo si le lã eveawo dome kple vovototo si le ɣletivi vovovo eveawo dome la tsaka le susu me nɛ, eya ta, eɖo eŋu be: “Ɣletivi gãawo ƒe aɖuwo didi wu!”

Mía nɔvi wɔnuteƒewo sasrãkpɔ le Afrika doa dzidzɔ na mí

Míaƒe nu ku esime woɖo mí ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le France, afi si míesubɔ le ƒe 53 sɔŋ. Le ƒe 1976 me la, wode dɔ asi nam be mawɔ Alɔdzekɔmiti dzikpɔla ƒe dɔa, eye wogaɖom ɖe Afrika kple Titina Ɣedzeƒe dukɔ aɖewo, siwo me woɖo asi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le la me. Dɔdeasi sia ye kplɔ mí yi Gabon, afi si nu si ŋu meƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la dzɔ le. Le nyateƒe me la, mesena le ɖokuinye be ŋutete mele ŋunye mawɔ dɔ siawo siwo wodea mía si kpata la o. Gake Danièle kpe ɖe ŋunye mete ŋu wɔ dɔdeasi ɖe sia ɖe si wode asinye.

Esi menɔ Nɔviŋutsu Theodore Jaracz ƒe nuƒo si wòƒo le “Mawu Ƒe Ʋɔnu Dzɔdzɔe Dɔdrɔ̃” Takpekpe si wowɔ le Paris, le ƒe 1988 me la gɔme ɖem

MÍEDO GO NƆNƆME SESẼ AÐE

Tso esime míeyi Betel la, míelɔ̃ dɔwɔwɔ le afi ma. Ɣleti atɔ̃ koe Danièle zã tsɔ srɔ̃ Eŋlisigbea hafi míede Gilead Sukua, gake eva zu gbegɔmeɖela bibi. Míekpɔ dzidzeme geɖe le dɔ si wɔm míenɔ le Betel la me, gake gomekpɔkpɔ le subɔsubɔwɔnawo me le míaƒe hamea me na míaƒe dzidzɔa gba go. Megaɖoa ŋku edzi kple dzidzɔ be nye kple Danièle míeɖo Paris keteke gbe ɖeka esime zã tsi eye ɖeɖi te mía ŋu belibeli, evɔ míenɔ dzidzɔ kpɔm le esi míete ŋu yi ɖawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kple míaƒe nusrɔ̃viwo ta. Gake nublanuitɔe la, Danièle ƒe lãme va gblẽ kpata, si wɔe be mete ŋu gakpɔa gome le subɔsubɔdɔa me abe ale si wòdii ene o.

Le ƒe 1993 me la, wokpɔ no me kansa le Danièle ŋu. Dɔdamɔnu si wozã nɛ la wɔ fui ale gbegbe; wowɔ dɔ nɛ, eye wowɔ kansa-tike sesẽwo hã nɛ. Ƒe wuiatɔ̃ megbe la, wogakpɔ kansa si nu gasẽ wu la le eŋu. Ke hã, edea asixɔxɔ gã eƒe gbegɔmeɖeɖedɔa ŋu ale gbegbe be egayia dɔ dzi ɣesiaɣi si eƒe nɔnɔmea ɖe mɔ nɛ.

Togbɔ be dɔléle vɔ̃ɖi sia nɔ fu ɖem na Danièle hã la, meva susu me na mí kpɔ be míadzo le Betel o. Ke hã, dɔléle le Betel kple eƒe kuxiwoe, vevietɔ ne amewo menya ale si gbegbe wò nɔnɔmea nye ŋkubiãnyae o. (Lod. 14:13) Esime Danièle nɔ eƒe ƒe 70-awo me gɔ̃ hã la, ale si eƒe mo dze anii eye eƒe dzedzeme nya kpɔe la wɔe be eƒe lãmesẽkuxia medze na amewo o. Melé blanui o. Ke boŋ, eƒe susu nɔ ale si wòakpe ɖe ame bubuwo ŋui ŋu. Eɖoa to sea ame bubuwo ƒe nyawo veveseɖeamenutɔe. (Lod. 17:17) Danièle mebui kpɔ gbeɖe be yenye aɖaŋuɖola o; ke hã, ete ŋu zã eƒe nuteƒekpɔkpɔa tsɔ kpe ɖe nɔvinyɔnu geɖe ŋu be woagavɔ̃ kansadɔ o.

Míegado go kuxi bubu aɖewo hã. Esi Danièle megate ŋu wɔa dɔ ŋkeke bliboa o ta la, eɖoe be yeagakpe asi ɖe ŋunye le mɔ vovovowo nu geɖe wu. Ewɔ nu geɖe siwo na agbea nɔ bɔbɔe nam, eye esia wɔe be mete ŋu yi edzi wɔ Alɔdzekɔmiti ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla ƒe dɔa ƒe 37. Le kpɔɖeŋu me, ekpɔa egbɔ be gbe sia gbe la, nu sia nu sɔ gbe ale be míate ŋu aɖu ŋdɔnu le míaƒe xɔ me eye míaɖi ɖe eme vie.—Lod. 18:22.

ALE SI MÍEWƆ NƆ TE ÐE KUXIWO NU GBE SIA GBE

Nu si wɔa nuku nam le Danièle ŋue nye be enye dzidzɔme ɣesiaɣi eye wòdi vevie be yeanɔ agbe. Wogava de dzesi kansa le eŋu ake zi etɔ̃lia. Míese le mía ɖokui me be ŋusẽ vɔ le mía ŋu. Kansatikeawo kple dɔdamɔnu vovovo siwo wowɔ nɛ la na nu te eŋu ale gbegbe be, ɣeaɖewoɣi la, azɔlizɔzɔ kura zua dɔ nɛ. Esime dɔlélea wɔe be srɔ̃nye malɔ̃nugbɔa, si nye gbegɔmeɖela bibi tsã la megate ŋu ƒoa nu ale o la, esia gbã dzi nam ŋutɔ.

Togbɔ be míese le mía ɖokui me be wɔna vɔ le mía ŋu hã la, míenɔ gbedodoɖa dzi, eye míeka ɖe edzi be Yehowa maɖe mɔ míakpe fu wu esi nu míate ŋu anɔ te ɖo o. (1 Kor. 10:13) Míedze agbagba ɣesiaɣi be míayi edzi anɔ ŋudzedze kpɔm ɖe kpekpeɖeŋu si Yehowa na mí to eƒe Nya la, Betel-dɔnɔdzikpɔlawo kple nɔvi bubuwo dzi la ŋu.

Enuenu la, míebia Yehowa be wòafia mɔ mí le dɔdamɔnu si míatia la ŋu. Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, womegava nɔ dɔdamɔnu aɖeke zãm na mí o. Ðɔkta si nɔ kpekpem ɖe Danièle ŋu ƒe 23 sɔŋ la menya nu si gbɔ wòtso be Danièle yia ɖi me ɣesiaɣi si wowɔ kansatikea nɛ o. Ðɔktaa mete ŋu fia mí kansatike bubu o. Míese le mía ɖokui me be míetsi asi, eye míenya ale si nuwo ava yii o. Emegbe ɖɔkta bubu lɔ̃ be yeakpɔ Danièle gbɔ. Ðeko wònɔ abe ɖe Yehowa ʋu mɔ si dzi míato le nɔnɔme sesẽ sia me la na mí tsɔ kpe ɖe mía ŋu be míado dzi ene.

Míedze agbagba be míaƒe susu nanɔ gbe sia gbe ƒe kuxiwo ko ŋu, ale be míagatsi dzimaɖi fũu o. Abe ale si Yesu gblɔe ene la, “ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.” (Mat. 6:34) Míena susu nyui nɔ mía si eye míedoa nukokoe na mía nɔewo, eye esia hã kpe ɖe mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime wodzudzɔ kansatikewɔwɔ na Danièle ɣleti eve la, ɖeko wòko alɔgbɔnu hegblɔ nam be, “Ènyaa, nye lãme mesẽ nyuie alea gbegbe kpɔ o!” (Lod. 17:22) Togbɔ be esea veve ɣeawokatãɣi hã la, Fiaɖuƒeha yeyeawo sɔsrɔ̃ dzɔa dzi nɛ eye wòkɔa gbe dzi dzia wo kple kakaɖedzi.

Susu nyui si nɔ esi le agbe me la kpe ɖe ŋunye mete ŋu wɔ nu siwo nyemete ŋu wɔna tsã o. Le nyateƒe me la, le ƒe 57 siwo míeɖe srɔ̃ me la, eyae kpɔa nye nuhiahiã vovovowo gbɔ nam. Medina be yeafiam ale si wotɔa azi gɔ̃ hã o! Eya ta, esi eƒe lãmesẽnyawo wɔe be megate ŋu wɔa nu boo aɖeke o la, eva hiã be masrɔ̃ agbakɔklɔ, nunyanya kple nuɖuɖu bɔbɔe aɖewo ɖaɖa. Le esiawo wɔwɔ me la, megbã tsinokplu aɖewo, gake mekpɔ dzidzɔ geɖe le beléle nɛ me. *

MEDA AKPE NA YEHOWA ÐE EƑE AMENUVEVE TA

Ne meɖo ŋku nu siwo dzɔ le nye agbe me dzi la, mekpɔnɛ be mesrɔ̃ nu vevi aɖewo tso ale si lãmesẽkuxiwo kple tsitsi wɔnɛ be wɔna megava nɔa mía ŋu o la me. Gbã, mele be míaɖe mɔ gbeɖe be vovomanɔameŋu nawɔe be míaŋe aɖaba aƒu ale si wòle vevie be míade asixɔxɔ gã mía srɔ̃ ŋu la dzi o. Ele be míawɔ ƒe siwo me ŋusẽ geɖe le mía ŋu la ŋu dɔ nyuie atsɔ alé be na mía srɔ̃ lɔlɔ̃a. (Nyagb. 9:9) Evelia, mele be míatsi dzimaɖi ɖe nu suesuesuewo ŋu o; ne menye nenema o la, míade dzesi yayra gbogbo siwo míekpɔna gbe sia gbe la o.—Lod. 15:15.

Ne mede ŋugble le ale si agbea nɔ na mí le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu la, mesena le ɖokuinye me be Yehowa yra mí wu ale si míekpɔ mɔe gɔ̃ hã. Mesena le ɖokuinye me abe hakpalaa ene, esi wògblɔ be: “Yehowa wɔ nyui nam.”—Ps. 116:7.

^ mm. 32 Nɔvinyɔnu Danièle Bockaert ku esime wonɔ asi trɔm le nyati sia ŋu. Exɔ ƒe 78 ɣemaɣi.