Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nàte ŋu aɖo biabia siawo, siwo wotu ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do le ƒe 2019 me dzi la ŋua?

Nu kae ŋugbe si Mawu do be, “Lãnu sia lãnu si woatu ɖe ŋuwò la madze edzi o,” la fia? (Yes. 54:17)

Míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpɔ mía ta tso Satana ƒe lãnu gblẽnuwo abe ‘ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe’ ene la me. (Yes. 25:4, 5) Míaƒe futɔwo mate ŋu agblẽ nu le mía ŋu ɖikaa o.—w19.01, axa 6-7.

Aleke ale si Mawu wɔ nu ɖe Kanaantɔwo kple Israel-vi dzeaglãawo ŋu la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye fiae?

Mawu drɔ̃ ʋɔnu ame siwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo me kple ame siwo wɔ fu ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo la siaa. Ke hã, eyra ame siwo ɖo toe eye wowɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie la.—w19.02, axa 22-23.

Nu kae wòle be míawɔ ne míele eteƒe esime dzimaxɔsetɔ aɖe le gbe dom ɖa?

Míate ŋu azi ɖoɖoe ahawɔ nu bubutɔe, gake míagblɔ “amen” alo míalé ame bubu siwo le eteƒe la ƒe asi o. Míate ŋu atiae be míawo ŋutɔwo míado gbe ɖa le susu me.—w19.03, axa 31.

Aleke gbegbee gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu nye ŋkubiãnyae?

Gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖevi ŋu nye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe ɖevia, hamea, kple setɔwo kpakple Mawu ŋu. Le dukɔ siwo me dukɔa ƒe se bia be ne wose be wotso ame aɖe nu be ewɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu la, woaɖaka eta na setɔwo la, hamemetsitsiwo dzea agbagba wɔa se mawo dzi.—w19.05, axa 9-10.

Aleke nàwɔ atrɔ wò tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò alo ana wòaganyo ɖe edzi?

Afɔ vevi siwo nàte ŋu aɖe: Do gbe ɖa na Yehowa. De ŋugble kple susu be yeadzro ye ɖokui me. Tia xɔ̃wòwo le nunya me.—w19.06, axa 11.

Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo fifia be míate ŋu ado dzi le yometiti me?

Ehiã vevie be míana mía kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wu. Ka ɖe edzi be elɔ̃ mí eye magblẽ mí ɖi gbeɖe o. Nɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe eye nànɔ gbe dom ɖa edziedzi. Ka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea ƒe yayrawo ava eme. Lé mawunyakpukpui veviwo kple míaƒe ha siwo kafua Yehowa la ɖe susu me.—w19.07, axa 2-4.

Nu kawoe míate ŋu awɔ be míakpe ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu woakpɔ agbe?

Ele vevie ŋutɔ be míase nu gɔme na wo, míana míaƒe nuwɔna nyuiwo nanye ɖaseɖiɖi na wo, eye míagbɔ dzi ɖi na wo ahawɔ nu ɖe wo ŋu ameŋububutɔe.—w19.08, axa 15-17.

Aleke míekpɔa gbɔdzɔe, abe ale si Yesu do ŋugbe le Mateo 11:28 ene?

Dzikpɔla lɔ̃amewo le mía si, zɔhɛ nyuitɔ kekeakewo le mía si, eye míele dɔ nyuitɔ kekeake wɔm.—w19.09, axa 23.

Aleke Yehowa ate ŋu ana didia kple ŋusẽa mí be míawɔ nu si dzea eŋu? (Flp. 2:13)

Ne míexlẽa Mawu ƒe Nyaa eye míedea ŋugble le nu si míexlẽ ŋu la, Mawu ate ŋu ado ŋusẽ mí, le mɔ sia nu be, ana didia mí be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu eye ado ŋusẽ mí be míate ŋu awɔ nu si dzea eŋu. Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe ŋutetewo naganyo ɖe edzi.—w19.10, axa 21.

Afɔ atɔ̃ kawoe wòle be míaɖe hafi atso nya me le nu vevi aɖe ŋu?

Afɔɖeɖe atɔ̃awoe nye esiawo: Ku nu me tsitotsito. Do gbe ɖa nàbia nunya. Dzro ɖokuiwò me nyuie nànya nu si ʋã wò nèdi be yeawɔ nu ma. Ðo taɖodzinu aɖewo koŋ na ɖokuiwò. Da sɔ.—w19.11, axa 27-29.

Nya siwo Satana gblɔ na Xawa lae wɔe be amewo susu be luʋɔ makumaku aɖe le amegbetɔwo mea?

Edze ƒãa be menye nenemae o. Satana gblɔ na Xawa be mele kuku ge o, megblɔ nɛ be eƒe ŋutilã koe aku gake eƒe gbɔgbɔ ayi edzi anɔ agbe le teƒe bubu aɖe o. Woɖe alakpasubɔsubɔ katã ɖa le anyigba dzi le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa me. Anɔ eme be, amewo va xɔ luʋɔ makumaku ƒe nufiafiaa dzi se do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me Mawu tɔtɔ gbe na ame siwo nɔ Babel-mɔa tum la.—w19.12, p. 15.