Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Biblia gblɔ be ele be ɖasefo eve ya teti naɖi ɖase tso nya aɖe ŋu hafi woate ŋu aɖo kpe nyaa dzi. (4 Mose 35:30; 5 Mose 17:6; 19:15; Mat. 18:16; 1 Tim. 5:19) Gake le Mose ƒe Sea te la, ne ŋutsu aɖe dɔ ɖetugbui aɖe si wodo ŋugbe na la gbɔ sesẽe ‘le gbe me’ eye ɖetugbuia do ɣli sesĩe hafi la, womebua fɔ ɖetugbuia be ewɔ ahasi o, gake wobua fɔ ŋutsua ya be ewɔ ahasi. Esi wònye ame aɖeke mekpɔ eteƒe esime ŋutsua dɔ ɖetugbuia gbɔ o la, nu ka tae womebua ɖetugbuia be eɖi fɔ o gake wobua ŋutsua ya be eɖi fɔ?

Menye nuŋlɔɖi si dze le 5 Mose 22:25-27 la ƒe taɖodzinu koŋue nye be woaɖo kpe edzi be ŋutsua ɖi fɔ o, elabe nuŋlɔɖia ɖee fia be eɖi fɔ. Nu si koŋ ŋu se sia ku ɖoe nye be woaɖo kpe edzi be ɖetugbuia meɖi fɔ o. De ŋugble le kpukpui siwo do ŋgɔ na esia la ŋu kpɔ.

Le kpukpui siwo do ŋgɔ me la, woƒo nu tso ŋutsu aɖe si dɔ ɖetugbui aɖe si wodo ŋugbe na gbɔ “le dua me” la ŋu. Woabu fɔ ŋutsua be ewɔ nu vɔ̃ si nye ahasi, elabe wobua ɖetugbui aɖe si ŋutsu aɖe do ŋugbe na la be enye srɔ̃a. Ke ɖetugbuia ya ɖe? Nuŋlɔɖia gblɔ be, “du mee wolée le gake medo ɣli o.” Ne ɖe wòdo ɣli la, anye ne amewo see eye wova xɔ nɛ. Gake medo ɣli o. Esia ɖee fia be eya hã kpɔ gome le nu vɔ̃ si nye ahasi la me, eya ta, woadrɔ̃ ʋɔnu wo ame evea siaa be woɖi fɔ.—5 Mose 22:23, 24.

Eyome Sea ƒo nu tso nɔnɔme bubu aɖe ŋu; eyae nye be: “Ke ne gbe mee ŋutsua kpɔ nyɔnuvi si ŋugbe wodo na ŋutsu aɖe la le, eye ŋutsua lée sesẽe dɔ egbɔ la, ekema ele be woawu ŋutsu si dɔ egbɔ la ɖeɖe ko, ke mègawɔ naneke nyɔnuvia ya o. Nyɔnuvia mewɔ nu vɔ̃ aɖeke si dze ku o. Nya sia le ko abe ale si ŋutsu adze ehavi dzi awui la ene. Elabena gbe mee wòkpɔe le, eye nyɔnuvi si wodo ŋugbe na la do ɣli, gake ame aɖeke meli axɔ nɛ o.”—5 Mose 22:25-27.

Ne edzɔ nenema la, ʋɔnudrɔ̃laawo axɔ ɖetugbuia ƒe nya dzi ase. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ʋɔnudrɔ̃laawo atsɔe be ‘edo ɣli, gake ame aɖeke meli axɔ nɛ o.’ Eya ta, woabui be mewɔ nu vɔ̃ si nye ahasi o. Gake woabu fɔ ŋutsua ya be edɔ ɖetugbuia gbɔ sesẽe hewɔ nu vɔ̃ si nye ahasi hã, le esi ‘wòlé’ ɖetugbui si wodo ŋugbe na ‘sesẽe hedɔ egbɔ’ ta.

Eya ta, togbɔ be nu si koŋ ŋu se sia ku ɖo ye nye be woaɖo kpe edzi be ɖetugbuia meɖi fɔ o hã la, esɔ nyuie be nuŋlɔɖia gblɔ be ŋutsua ɖi fɔ le esi wòdɔ ɖetugbuia gbɔ sesẽe hewɔ nu vɔ̃ si nye ahasi hã ta. Míate ŋu aka ɖe edzi be, ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ Israel la ‘aku nya la me tsitotsito’ ahatso nya me wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe mɔfiame siwo me kɔ nyuie, siwo wògbugbɔ gblɔ zi gbɔ zi geɖe la.—5 Mose 13:14; 17:4; 2 Mose 20:14.