Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 49

“Ɣeyiɣi Li Na” Dɔwɔwɔ Kple Ðiɖiɖeme

“Ɣeyiɣi Li Na” Dɔwɔwɔ Kple Ðiɖiɖeme

“Miva . . . míayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, ne miaɖi ɖe eme vie.”—MARKO 6:31.

HADZIDZI 143 Míanɔ Ŋudzɔ, Anɔ Dɔ Dzi, Anɔ Mɔ Kpɔm

NYA VEVIAWO *

1. Aleke ame geɖe bua dɔwɔwɔe?

ALEKE ame siwo le miaƒe nutoa me la dometɔ akpa gãtɔ bua dɔwɔwɔe? Le dukɔ geɖewo me la, amewo va le vuvum ɖe dɔ ŋu hele ɣeyiɣi geɖe wu zãm ɖe dɔwɔwɔ ŋu fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Zi geɖe la, ame siwo vuna ɖe dɔ ŋu wɔna atraɖii la metea ŋu kpɔa ɣeyiɣi ɖina ɖe eme o, womekpɔa ɣeyiɣi ɖe woƒe ƒomewo ŋu o, eye womekpɔa ɣeyiɣi srɔ̃a nu tso Mawu ŋu hã o. (Nyagb. 2:23) Le ame bubu aɖewo hã gome la, womedina be yewoawɔ dɔ kura o, eye wotsɔa nanewo doa taflatsɛ hegbea dɔwɔwɔ.—Lod. 26:13, 14.

2-3. Kpɔɖeŋu nyui kae Yehowa kple Yesu ɖo ku ɖe dɔwɔwɔ ŋu?

2 Egbea, ame geɖe wɔa dɔ fũu akpa loo alo womewɔa dɔ boo o. Gake bu ale si Yehowa kple Yesu ya bua dɔwɔwɔe ŋu kpɔ. Ðikeke aɖeke mele eme o be, Yehowa lɔ̃ dɔwɔwɔ. Yesu na esia me kɔ nyuie esi wògblɔ be: “Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifi, eye nye hã mele dɔ wɔm.” (Yoh. 5:17) Bu dɔ si gbegbe Mawu wɔ esi wòwɔ mawudɔla gbogbo manyaxlẽwo kple xexe gbahoo la ŋu kpɔ. Azɔ hã, míekpɔa Mawu ƒe nuwɔwɔ dzeani geɖewo le anyigba dzi. Hakpalaa gblɔe wòsɔ nyuie be: “Oo Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me. Anyigba yɔ fũu kple wò nuwɔwɔwo.”—Ps. 104:24.

3 Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe kpɔɖeŋua. Ewɔ dɔ kple Mawu “esime [Mawu dzra] dziƒowo ɖo.” Enɔ Yehowa gbɔ abe “dɔwɔla bibi” ene. (Lod. 8:27-31) Ƒe gbogbo aɖewo megbe esime Yesu va anyigba dzi la, eƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzesi ŋutɔ. Dɔ siwo wòva wɔ le anyigba dzi la nɔ nɛ abe nuɖuɖu ene, eye woɖee fia be Mawue dɔe ɖa.—Yoh. 4:34; 5:36; 14:10.

4. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa kple Yesu gbɔ ku ɖe ɖiɖiɖeme ŋu?

4 Ðe kpɔɖeŋu siwo Yehowa kple Yesu ɖo ɖi ku ɖe veviedodo dɔ ŋu fia be mehiã be míaɖi ɖe eme oa? Kura o. Biblia gblɔ be, esi Yehowa wɔ dziƒowo kple anyigba vɔ megbe la, ‘edzudzɔ heɖi ɖe eme.’ (2 Mose 31:17) Esi wònye be ɖeɖi metea Yehowa ŋu gbeɖe o, eye mehiã be wòaɖi ɖe eme le nuteameŋu ta o ta la, edze ƒãa be, nu si nya mawo fiae nye be, Yehowa dzudzɔ nuwo wɔwɔ, eye wòkpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo wòwɔ ŋu. Eye togbɔ be Yesu wɔ dɔ veviedodotɔe esime wònɔ anyigba dzi hã la, edi ɣeyiɣi ɖi ɖe eme eye wòɖu nu kple exɔlɔ̃wo.—Mat. 14:13; Luka 7:34.

5. Kuxi kae dzea ŋgɔ Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe?

5 Biblia de dzi ƒo na Mawu ƒe amewo be woalɔ̃ dɔwɔwɔ. Ele na Mawu subɔlawo be woanye dɔwɔla dovevienuwo, ke menye kuviatɔwo o. (Lod. 15:19) Ðewohĩ èwɔa dɔ tsɔ kpɔa wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Azɔ hã, ele na Kristo ƒe nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòawɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa. Ke hã, ehiã be nàdi ɣeyiɣi aɖi ɖe eme ale si dze. Ðe wòsesẽna na wò ɣeaɖewoɣi be nàda asɔ le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nèzãna ɖe wò dɔwɔɖuia, gbeƒãɖeɖedɔa kple ɖiɖiɖeme ŋu la mea? Aleke míawɔ anya dɔ ale si nu wòle be míawɔ kple ɖiɖiɖeme ale si nu míehiã?

ALE SI MÍAWƆ ADA ASƆ LE ALE SI MÍEBUA DƆWƆWƆ KPLE ÐIÐIÐEME GOME

6. Aleke nya siwo dze le Marko 6:30-34 la ɖee fia be Yesu da sɔ le ale si wòbua dɔwɔwɔ kple ɖiɖiɖemee me?

6 Ele vevie ŋutɔ be míada asɔ le dɔwɔwɔ gome. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Fia Salomo wòŋlɔ bena: “Ɣeyiɣi li na nu sia nu wɔwɔ.” Eƒo nu tso nuƒaƒã, xɔtutu, avifafa, nukoko, ɣeɖuɖu kple dɔwɔna bubuwo ŋu. (Nyagb. 3:1-8) Edze ƒãa be dɔwɔwɔ kple ɖiɖiɖeme nye agbea ƒe akpa vevi aɖe. Yesu da sɔ le dɔwɔwɔ kple ɖiɖiɖeme gome. Gbe ɖeka Yesu ƒe apostoloawo trɔ gbɔ tso gbeƒãɖeɖedɔ aɖe si woyi ɖawɔ la me. Woɖe gbeƒã ʋuu ale gbegbe be “womekpɔ vovo aɖu nu teti hã o.” Yesu gblɔ na wo be: “Miva, ne míawo ɖeɖe míayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, ne miaɖi ɖe eme vie.” (Xlẽ Marko 6:30-34.) Togbɔ be Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo metea ŋu kpɔa ɣeyiɣi ɖina ɖe eme ale si wodii ɣesiaɣi o hã la, Yesu nyae be ele na yewo katã be yewoaɖi ɖe eme.

7. Aleke Sabat ƒe sea me dzodzro aɖe vi na mí?

7 Mí katã míehiã na ɖiɖiɖeme ɣeaɖewoɣi, eye eva hiãna ɣeaɖewoɣi hã be míawɔ asitɔtrɔwo le míaƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo ŋu. Míekpɔ esia le ɖoɖo aɖe si Mawu wɔ na eƒe amewo le blema, si nye kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat ƒe ɖoɖoa, la me. Togbɔ be míele Mose ƒe Sea te o hã la, nusɔsrɔ̃ tso nu si Sea gblɔ tso Sabat ƒe ɖoɖoa ŋu aɖe vi na mí. Azɔ hã, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade ŋugble le ale si míebua dɔwɔwɔ kple ɖiɖiɖemee ŋu.

SABAT LA NYE ŊKEKE SI DZI WOAÐI ÐE EME AHASUBƆ YEHOWA LE

8. Le 2 Mose 31:12-15 ƒe nya nu la, taɖodzinu kae nɔ Sabat la ŋu?

8 Mawu ƒe Nyaa gblɔ be esi Mawu wɔ nuwo “ŋkeke” ade vɔ megbe la, edzudzɔ nuwo wɔwɔ le anyigbaa dzi. (1 Mose 2:2) Ke hã, Yehowa lɔ̃ dɔwɔwɔ, eye ‘egakpɔtɔ nɔ dɔ wɔm’ le go bubuwo me. (Yoh. 5:17) Sabat ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ na Israel-viwo la de sɔsɔ ge kple Yehowa ƒe dzudzɔŋkeke si ŋu woƒo nu tsoe le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me. Mawu gblɔ be Sabat la nye dzesi le ye kple Israel-viwo dome. Enye ŋkeke si dzi ‘woadzudzɔ bliboe,’ ŋkeke si ‘le kɔkɔe na Yehowa.’ (Xlẽ 2 Mose 31:12-15.) Sea meɖe mɔ be ame aɖeke, eɖanye ɖevi alo kluvi o, alo lã aɖeke gɔ̃ hã nawɔ dɔ le ŋkeke ma dzi o. (2 Mose 20:10) Ðoɖo sia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na Israel-viwo be wote ŋu kpɔ ɣeyiɣi geɖe wu na ŋugbledede le nu siwo ku ɖe ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome ŋu la ŋu.

9. Susu si mesɔ o kae nɔ ame aɖewo si ku ɖe Sabat la ŋu le Yesu ƒe ŋkekea me?

9 Sabat ƒe ɖoɖoa ɖe vi geɖe na Mawu ƒe amewo; ke hã, subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me la de se kpaɖiwo ku ɖe ale si wòle be amewo nawɔ ɖe Sabat ƒe sea dzi ŋu. Wogblɔ be Sea meɖe mɔ be ame naŋe lu ʋɛ aɖewo alo ayɔ dɔ ame gɔ̃ hã le Sabat ƒe ŋkekea dzi o. (Marko 2:23-27; 3:2-5) Gake menye nenemae Mawu ɖoe be wòanɔ o, eye Yesu na esia me kɔ ƒãa na ame siwo ɖo toe.

Ƒome si me Yesu nɔ tsi la wɔ Sabat la ŋu dɔ tsɔ kpɔ gome le nu siwo awɔe be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ wo kple Mawu dome la me (Kpɔ memama 10 lia) *

10. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo le Mateo 12:9-12 ku ɖe ale si Yesu bu Sabat lae ŋu me?

10 Yesu kple eyomedzela siwo nye Yudatɔwo la wɔ ɖe Sabat ƒe sea dzi, elabena wonɔ Mose ƒe Sea te. * Ke hã, Yesu to eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna dzi ɖee fia be ele be woaɖe nugɔmesese afia le Sabat ƒe sea dzi wɔwɔ me eye megblẽ be woawɔ nyui na amewo alo akpe ɖe amewo ŋu le Sabat dzi o. Egblɔe eme kɔ be: “Se ɖe mɔ be woawɔ nu nyui le Sabat dzi.” (Xlẽ Mateo 12:9-12.) Mebui be enye nu gbegblẽ be woanyo dɔme ahawɔ nyui na amewo le Sabat ƒe ŋkekea dzi o. Yesu ƒe nuwɔnawo ɖe susu vevi si tae Mawu wɔ Sabat ƒe ɖoɖoa na eƒe amewo ɖo la fia. Esi wònye be Israel-viwo ɖina ɖe eme tso woƒe gbe sia gbe hloloetsotsowo me le Sabat ŋkekea dzi ta la, esia wɔnɛ be wotea ŋu kpɔa ɣeyiɣi geɖe ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu. Anɔ eme be, ƒome si me Yesu nɔ tsi la wɔa Sabat la ŋu dɔ tsɔ kpɔa gome le nu siwo awɔe be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ wo kple Mawu dome la me. Esia dze ƒãa le nya si Biblia gblɔ tso Yesu ŋu esime wòyi wo de, Nazaret, la me; Biblia gblɔ be: “Abe ale si [Yesu lɔ̃a] wɔwɔ le Sabat ŋkeke dzi ene la, eyi ƒuƒoƒe la, eye wòtsi tsitre be yeaxlẽ nu.”—Luka 4:15-19.

ÐE NÈDA SƆ LE ALE SI NÈBUA DƆWƆWƆE MEA?

11. Kpɔɖeŋu nyui kae Yesu ɖo ɖi na mí ku ɖe dɔwɔwɔ ŋu?

11 Edze ƒãa be, menye atikpakpadɔ koe Yosef fia Yesu o, ke ekpe ɖe eŋu hã be Mawu ƒe susu le dɔwɔwɔ ŋu su esi. (Mat. 13:55, 56) Anɔ eme be, Yesu kpɔ Yosef wònɔ dɔ dzi vevie tso ŋkeke yi ŋkeke be yeatsɔ akpɔ yeƒe ƒome gã la ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Mewɔ nuku o be, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo emegbe be: “Dɔwɔla dze na eƒe fetu.” (Luka 10:7) Ɛ̃, edze ƒãa be Yesu nya dɔ sesẽ wɔwɔ.

12. Mawunyakpukpui kawoe na míekpɔ Mawu ƒe susu le dɔ sesẽ wɔwɔ ŋu?

12 Apostolo Paulo hã lɔ̃ dɔ sesẽ wɔwɔ. Dɔ vevitɔ si wòwɔ ye nye be, eɖi ɖase tso Yesu kple eƒe nufiafiawo ŋu na amewo. Ke hã, Paulo wɔ dɔ tsɔ kpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ. Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika la nya ale si ‘wòku kutri wɔ dɔ zã kple keli,’ ale be yeaganye “agba gã aɖeke” na wo dometɔ aɖeke o, la nyuie. (2 Tes. 3:8; Dɔw. 20:34, 35) Nya mawo anya ku ɖe dɔ si Paulo wɔ, si nye avɔgbadɔwɔwɔ, la ŋu. Esime wònɔ Korinto la, edze Akwila kple Priskila gbɔ, eye “wowɔ dɔ ɖekae, elabena avɔgbadɔwɔlawoe wonye.” Esi Biblia gblɔ be Paulo wɔ dɔ “zã kple keli” la, esia mefia be dɔ dzi ko wònɔna madzudzɔmadzudzɔe o. Le kpɔɖeŋu me, edzudzɔa dɔa heɖina ɖe eme le Sabat ŋkekea dzi. Sabat ŋkekea ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi nɛ be wòaɖi ɖase na Yudatɔwo, elabena woawo hã womewɔa dɔ le Sabat ŋkekea dzi o.—Dɔw. 13:14-16, 42-44; 16:13; 18:1-4.

13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe kpɔɖeŋua me?

13 Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Ehiã be wòawɔ dɔ atsɔ akpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ, gake ekpɔ egbɔ be yewɔ “Mawu ƒe nya nyui la ƒe dɔ kɔkɔe la” hã edziedzi. (Rom. 15:16; 2 Kor. 11:23) Ede dzi ƒo na ame bubuwo be woawo hã woawɔe nenema ke. Eya ta, Akwila kple Priskila nye Paulo ƒe “hadɔwɔlawo le Kristo Yesu me.” (Rom. 12:11; 16:3) Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la be ‘woawɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me.’ (1 Kor. 15:58; 2 Kor. 9:8) Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ gɔ̃ hã be: “Ne ame aɖe medi be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o.”—2 Tes. 3:10.

14. Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ nya siwo dze le Yohanes 14:12?

14 Dɔ vevitɔ si míate ŋu awɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me ye nye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa. Le nyateƒe me la, Yesu gblɔe ɖi be yeƒe nusrɔ̃lawo awɔ dɔ siwo lolo wu esiwo yewɔ la gɔ̃ hã! (Xlẽ Yohanes 14:12.) Yesu ƒe nyawo mefia be míawɔ nukunuwo abe ale si wòwɔe ene o. Ke boŋ, nu si wòwɔnɛ ye nye be, ye yomedzelawo aɖe gbeƒã ahafia nu ame geɖe wu, woawɔ dɔ sia le anyigbamama geɖe wu me, eye woawɔe ɣeyiɣi didi wu.

15. Biabia kawoe wòle be míabia mía ɖokui, eye nu ka tae?

15 Ne èwɔa ŋutilãmedɔ la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wonyam le dɔme be medoa vevie dɔa? Ðe mewua nye dɔwo nu ɖe game dzia, eye ɖe mewɔa dɔ nyuie ale si mate ŋuia?’ Ne àte ŋu aɖo biabia siawo ŋu be ɛ̃ la, ekema, anɔ eme be, wò dɔtɔ aka ɖe dziwò. Esia ate ŋu awɔe hã be wò dɔwɔhatiwo nalɔ̃ faa be yewoaɖo to Fiaɖuƒegbedeasia. Azɔ hã, anyo be nàbia nya siawo ɖokuiwò ku ɖe ale si nèwɔa gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔae ŋu: ‘Ðe wonyam be medoa vevie gbeƒãɖeɖedɔa? Ðe medzrana ɖo nyuie be mate ŋu aɖe gbeƒã na amewo ne medo go wo zi gbãtɔa? Ðe metrɔna yia ame siwo tsɔ ɖe le gbedeasia me la gbɔ kaba? Eye ɖe mekpɔa gome le gbeƒãɖeɖemɔnu vovovowo me edziedzia?’ Ne àte ŋu aɖo biabia siawo ŋu be ɛ̃ la, ekema àkpɔ dzidzɔ geɖe le wò gbeƒãɖeɖedɔa me.

ÐE NÈDA SƆ LE ALE SI NÈBUA ÐIÐIÐEMEE MEA?

16. Aleke Yesu kple apostoloawo bu ɖiɖiɖemee, eye aleke esia to vovo na ale si ame geɖewo bua ɖiɖiɖemee egbea?

16 Yesu nyae be ɣeaɖewoɣi la, ehiã be ye kple apostoloawo yewoaɖi ɖe eme. Ke hã, ame siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me kple ame siwo li egbea la dometɔ geɖe le abe kesinɔtɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododo aɖe me la ene. Ŋutsu sia gblɔ na eɖokui be: “Ðe dzi ɖi, ɖu nu, no nu, eye nàɖu agbe.” (Luka 12:19; 2 Tim. 3:4) Esusu be ɖiɖiɖeme kple agbeɖuɖu ye nye nu vevitɔwo le agbe me. Gake Yesu kple apostoloawo ya mena woawo ŋutɔwo ƒe didiwo nye nu vevitɔ na wo le agbe me o.

Ne susu si da sɔ le mía si le dɔwɔwɔ kple ɖiɖiɖeme ŋu la, esia awɔe be míate ŋu atsɔ míaƒe susu aɖo dɔ nyui siwo ate ŋu ana dzidzeme mí la ŋu (Kpɔ memama 17 lia) *

17. Aleke míate ŋu awɔ ɣeyiɣi siwo míeyi dɔme o la ŋu dɔ nyuie?

17 Egbea, míedzea agbagba be míasrɔ̃ Yesu, le mɔ sia nu be, menye ɖeko míezãa ɣeyiɣi si míeyi dɔme o la tsɔ ɖina ɖe eme ko o, ke míewɔa eŋu dɔ tsɔ wɔa nu nyuiwo hã, abe ɖaseɖiɖi na amewo kple Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede ene. Le nyateƒe me la, nusrɔ̃lawɔwɔdɔa kple kpekpeawo dede le vevie na mí ale gbegbe be míedzea agbagba ɖe sia ɖe be míakpɔ gome le dɔ kɔkɔe mawo me edziedzi. (Heb. 10:24, 25) Ne míezɔ mɔ gɔ̃ hã la, míeyia edzi léa fɔ ɖe kpekpeawo dede ŋu afi ka kee míeɖale o, eye míedia mɔnukpɔkpɔwo be míaɖi ɖase na ame siwo míedoa goe.—2 Tim. 4:2.

18. Nu kae míaƒe Fia, Kristo Yesu, di tso mía si be míawɔ?

18 Aleke gbegbee dzi dzɔa mí ye nye esi be míaƒe Fia, Kristo Yesu, sea nu gɔme na mí hekpena ɖe mía ŋu be susu si da sɔ nanɔ mía si le dɔwɔwɔ kple ɖiɖiɖeme ŋu! (Heb. 4:15) Edi be míaɖi ɖe eme ale si dze. Edi hã be míawɔ dɔ sesĩe akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ eye míakpɔ gome le nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si me dzidzeme geɖe le la hã me. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro nu si Yesu wɔ be yeatsɔ aɖe mí tso kluvinyenye vɔ̃ɖi aɖe me la me.

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

^ mm. 5 Ŋɔŋlɔawo fia ale si míawɔ ada asɔ le ale si míebua dɔwɔwɔ kple ɖiɖiɖemee la mí. Le nyati sia me la, míadzro ale si kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ na Israel-viwo la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade ŋugble le ale si míebua dɔwɔwɔ kple ɖiɖiɖemee ŋu la me.

^ mm. 10 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo de bubu Sabat ƒe sea ŋu ale gbegbe be, esime Sabat ŋkekea ɖo la, wodzudzɔ dzadzraɖo ɖe Yesu ɖiɖi ŋu ale be Sabat ŋkekea nava yi vɔ hafi.—Luka 23:55, 56.

^ mm. 55 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Yosef kplɔ eƒe ƒomea yina ƒuƒoƒea le Sabat ŋkekea dzi.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Esi vifofo aɖe si wɔa dɔ tsɔ kpɔa eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ la xɔ mɔkeke le dɔme eye eya kple eƒe ƒomea wozɔ mɔ gɔ̃ hã la, ele ɣeyiɣia ŋu dɔ wɔm tsɔ le gome kpɔm le teokrasidɔ aɖewo me.