Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 51

Aleke Gbegbee Nènya Yehowae?

Aleke Gbegbee Nènya Yehowae?

“Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo ŋu ɖe ŋuwò; Oo Yehowa, màgblẽ ame siwo dia yowòme mɔ la ɖi akpɔ o.”—PS. 9:10.

HADZIDZI 56 Wɔ Nyateƒea Tɔwòe

NYA VEVIAWO *

1-2. Abe ale si Angelito ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia ene la, nu kae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ?

ÐE DZIWÒLAWO nye Yehowa Ðasefowoa? Ne nenemae la, ekema, ɖo ŋku edzi be, màte ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃ le esi dziwòlawo nye exɔlɔ̃ ta ko o. Mía dzilawo ɖanye Yehowa subɔlawo loo alo womeɖanye Yehowa subɔlawo o, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nadze agbagba be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ ye kple Yehowa dome.

2 Bu nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Angelito la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Eƒe ƒomea me tɔwo katã nye Yehowa Ðasefowo. Ke hã, esime wònye sɔhɛ la, mese le eɖokui me be ƒomedodo kplikplikpli le ye kple Mawu dome o. Egblɔ be, “Nu si ta menɔ Yehowa subɔm ɖo koe nye be, medi be mawɔ nu si wɔm ƒomea me tɔ bubuwo hã nɔ.” Ke hã, Angelito va tso nya me be yeazã ɣeyiɣi geɖe wu atsɔ anɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽm ahanɔ ŋugble dem le nu si yexlẽ ŋu, eye eva nɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi wu tsã. Nu kae do tso eme? Angelito gblɔ be, “Meva kpɔe be mɔ ɖeka kolia si dzi mate ŋu ato ana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ nye kple Fofonye lɔlɔ̃a, Yehowa, dome ye nye be nye ŋutɔ madze agbagba anya eyama nyuie.” Angelito ƒe kpɔɖeŋua fɔ nyabiase vevi aɖewo ɖe te: Vovototo kae le nu ʋɛ aɖewo ko nyanya tso Yehowa ŋu kple eyama nyanya nyuie dome? Eye nu kawoe míate ŋu awɔ be míava nya Yehowa nyuie?

3. Vovototo kae le nanewo nyanya tso Yehowa ŋu kple Yehowa nyanya nyuie dome?

3 Míate ŋu asusu be míenya Yehowa le esi míenya eƒe ŋkɔ alo míenya nya siwo wògblɔ alo nu siwo wòwɔ la dometɔ aɖewo ta. Gake Yehowa nyanya nyuie bia nu geɖe wu ema. Ele be míadi ɣeyiɣi anɔ nu srɔ̃m tso Yehowa kple eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu. Ne míewɔ esia ko hafi míava se nu si tae wògblɔ nya aɖewo kple nu si tae wòwɔ nanewo ɖo la gɔme. Esia akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be míaƒe nuŋububu, nyametsotsowo kple nuwɔnawo dzea Yehowa ŋu. Ne míenya kpɔ nu si Yehowa di tso mía si dze sii ko la, ehiã be míawɔe enumake.

4. Aleke Biblia me kpɔɖeŋuwo me dzodzro akpe ɖe mía ŋu?

4 Ame aɖewo ate ŋu aɖu fewu le mía ŋu le esi míedi be míasubɔ Yehowa ta, eye woate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu geɖe wu ne míeva te kpekpeawo dede. Ke hã, ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, magblẽ mí ɖi akpɔ gbeɖe o. Esia awɔe be ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ mía kple Mawu dome le míaƒe agbemeŋkekewo katã me. Ðe míate ŋu ava nya Yehowa nyuie ŋutɔŋutɔa? Ɛ̃, míate ŋui! Kpɔɖeŋu siwo Mose kple Fia David, siwo hã nye amegbetɔ madeblibowo, ɖo ɖi na mí la ɖo kpe edzi be míate ŋui. Esi míele nu siwo wowɔ me dzrom la, míaɖo biabia eve siawo ŋu: Aleke ame siawo wɔ va nya Yehowa? Eye nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe kpɔɖeŋuawo me?

MOSE KPƆ “AME SI WOMEKPƆNA O LA”

5. Nu kae Mose tiae be yeawɔ?

5 Mose tiae be yeasubɔ Mawu. Esi Mose xɔ abe ƒe 40 ene la, etiae be yeawɔ ɖeka kple Mawu ƒe amewo, siwo nye Israel-viwo, tsɔ wu be woayɔ ye be “Farao vinyɔnu la ƒe vi.” (Heb. 11:24) Mose ɖe asi le ɖoƒe kɔkɔ si nɔ esi la ŋu. Esi Mose tiae be yeanɔ Israel-viwo, siwo nye kluviwo le Egipte ƒe akpa dzi la, enyae be esia aku dzi na Farao, si nye fia sẽŋu si Egiptetɔwo buna mawui la vevie. Xɔse gã ka gbegbee nye esi Mose ɖe fia! Mose ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu alea wɔe be ƒomedodo kplikplikpli va nɔ eya kple Yehowa dome le eƒe agbemeŋkekewo katã me.—Lod. 3:5.

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mose ƒe kpɔɖeŋua me?

6 Nufiame kae le Mose ƒe kpɔɖeŋua me na mí? Abe ale si wònɔ le Mose gome ene la, nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe: Ðe míatiae be míasubɔ Yehowa ahawɔ ɖeka kple eƒe amewoa? Ðewohĩ ava hiã be míatsɔ nanewo asa vɔe ale be míasubɔ Mawu, eye esia ate ŋu awɔe be ame siwo menya Yehowa o la natsi tsitre ɖe mía ŋu. Ke hã, ne míeɖo ŋu ɖe mía Fofo si le dziƒo ŋu la, míate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu!

7-8. Nu kae wòhiã be Mose nayi edzi asrɔ̃?

7 Mose yi edzi srɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu eye wòyi edzi wɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa bia tso Mose si be wòakplɔ Israel-viwo adzoe le Egipte la, dzi menɔ eƒo o, eye wògblɔ na Yehowa enuenu be yemedze o. Nya siwo Mawu gblɔ na Mose la ɖee fia be eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu vavã, si fia be, ese nu gɔme na Mose eye wòkpe ɖe eŋu. (2 Mose 4:10-16) Esia wɔe be Mose te ŋu gblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi sesẽwo na Farao. Emegbe Mose kpɔ eteƒe Yehowa zã eƒe ŋusẽ esi wòxɔ na Israel-viwo eye wòtsrɔ̃ Farao kple eƒe aʋakɔawo le Ƒudzĩa me.—2 Mose 14:26-31; Ps. 136:15.

8 Esi Mose kplɔ Israel-viwo dzo le Egipte megbe la, Israel-viawo va nɔ nyatoƒoe tom enuenu. Togbɔ be enɔ alea hã la, Mose kpɔ ale si gbegbe Yehowa gbɔ dzi ɖi na eƒe dukɔ si wòɖe tso kluvinyenye me la. (Ps. 78:40-43) Azɔ hã, Mose kpɔ Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ gã la dze sii esime Yehowa lɔ̃ faa wɔ ɖe Mose ƒe susu si nye be wòagatsrɔ̃ Israel-viawo o la dzi.—2 Mose 32:9-14.

9. Le Hebritɔwo 11:27 ƒe nya nu la, aleke gbegbee Mose kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli?

9 Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte megbe la, Mose kple Yehowa dome va nɔ kplikplikpli ale gbegbe be ɖeko wònɔ abe ɖe wònɔ Fofoa si le dziƒo la kpɔm ene. (Xlẽ Hebritɔwo 11:27.) Biblia ɖe ale si gbegbe Mose kple Yehowa dome nɔ kplikplikplii la fia, esi wògblɔ be: “Yehowa ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume, abe ale si ko ame ƒoa nu kple ehavi ene.”—2 Mose 33:11.

10. Nu kae wòle be míawɔ be míanya Yehowa nyuie?

10 Nufiame kae le eme na mí? Eyae nye be, hafi míate ŋu anya Yehowa nyuie la, menye ɖeko wòle be míasrɔ̃ nu tso eƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu ko o, ke ele be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu hã. Egbea, Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Tim. 2:3, 4) Mɔ ɖeka aɖe si dzi míetona wɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ye nye be míafia nu amewo tso Yehowa ŋu.

11. Ne míele nu fiam amewo tso Yehowa ŋu la, aleke esia wɔnɛ be míegava nyaa eyama nyuie wu?

11 Zi ale si míele nu fiam amewo tso Yehowa ŋu la, zi nenemae míegava nyaa eyama nyuie wu. Le kpɔɖeŋu me, míekpɔa Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ dzea sii ne ekpe ɖe mía ŋu míeke ɖe ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le la ŋu. (Yoh. 6:44; Dɔw. 13:48) Míekpɔa ŋusẽ si gbegbe le Mawu ƒe Nyaa ŋu la dzea sii ne míekpɔe be ame siwo míesrɔ̃a Biblia kplii la ɖe asi le numame gbegblẽwo ŋu eye wole agbagba dzem be yewoado amenyenye yeye la. (Kol. 3:9, 10) Eye míekpɔnɛ be egbɔa dzi ɖi na ame geɖe siwo le míaƒe anyigbamamaa me, elabe enana míetrɔna yia wo gbɔ edziedzi be míakpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu tso ye ŋu be woakpɔ ɖeɖe.—Rom. 10:13-15.

12. Abe ale si wòdze le 2 Mose 33:13 ene la, nu kae Mose bia Yehowa, eye nu ka tae?

12 Mose de asixɔxɔ eya kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu. Yehowa to Mose dzi wɔ nukunu geɖe, eya ta Mose nya Yehowa nyuie; ke hã, egabia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeaganya eyama nyuie wu. (Xlẽ 2 Mose 33:13.) Esi Mose bia nu sia Yehowa la, exɔ ƒe 80 kple edzivɔ xoxo, ke hã, enyae be nu geɖewo gakpɔtɔ li siwo wòle be yeasrɔ̃ tso ye Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ŋu.

13. Mɔ aɖe si dzi míate ŋu ato aɖee afia be míedea asixɔxɔ ƒomedodo si le mía kple Mawu dome ŋu lae nye ka?

13 Nufiame kae le eme na mí? Eyae nye be, ɣeyiɣi didi ka kee míeɖale Yehowa subɔm o, mele be míabu ƒomedodo si le mía kplii dome la nu tsɛ gbeɖe o. Mɔ ɖeka aɖe si dzi míate ŋu ato aɖee afia be míedea asixɔxɔ ƒomedodo si le mía kple Mawu dome ŋu ye nye be míanɔ gbe dom ɖa nɛ edziedzi.

14. Nu ka tae gbedodoɖa le vevie be míate ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu?

14 Ne èdi be ye kple ame aɖe dome nanɔ kplikplikpli la, ele be nànɔ dze ɖom kple amea edziedzi. Eya ta, ne èdi be ye kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli la, nɔ gbe dom ɖa nɛ edziedzi, eye mègavɔ̃ gbeɖe be yeaɖe yeƒe dzimenyawo kple seselelãmewo agblɔ nɛ o. (Ef. 6:18) Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Krista, si le Turkey, la gblɔ be: “Ɣesiaɣi si meɖe nye dzimenyawo gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me eye mekpɔ ale si wòkpe ɖe ŋunyee la, nye lɔlɔ̃ na eyama me gasẽna ɖe edzi eye megakana ɖe eyama dzi geɖe wu. Esi mekpɔ ale si Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋui la, esia kpe ɖe ŋunye meva bua Yehowa be enye Fofonye kple Xɔ̃nye.”

ŊUTSU SI ƑE NU DZE YEHOWA ƑE DZI ŊU

15. Nya kae Yehowa gblɔ tso Fia David ŋu?

15 Wodzi Fia David ɖe dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu la me. Gake menye esi David dzilawo nye Yehowa subɔlawo tae David hã nɔ Yehowa subɔm ɖo o. Eya ŋutɔe ku kutri vevie be ƒomedodo kplikplikpli va nɔ eya kple Yehowa dome, eye Yehowa lɔ̃e vevie ŋutɔ. Yehowa ŋutɔ gblɔ tso David ŋu be enye “ŋutsu si ƒe nu dze [Yeƒe] dzi ŋu.” (Dɔw. 13:22) Aleke wòdzɔe be David kple Yehowa dome va nɔ kplikplikpli nenema?

16. Nu kae David srɔ̃ tso Yehowa ŋu esi wòlé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu?

16 David srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu esi wòlé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Esime David nye sɔhɛ la, ezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ nɔ be lém na fofoa ƒe alẽwo le gbedzi. Anye ɣemaɣie wòte ŋugbledede le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne David fɔ mo dzi le zã me la, menye ɖeko wòkpɔa ɣletivi akpe geɖewo ko evɔ o, ke ekpɔa nɔnɔme nyui siwo le Ame si wɔ ɣletivi siawo si la hã dzea sii. Esia ʋã David wòŋlɔ bena: “Dziƒowo le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖem fia; eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ.” (Ps. 19:1, 2) Esi David de ŋugble le mɔ wɔnuku si nu Yehowa wɔ amegbetɔwo le ŋu la, esia na wòkpɔ ale si gbegbe Yehowa ƒe nunya gogloe. (Ps. 139:14) Esi David de ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu la, ekpɔ ale si gbegbe yele sue ŋutɔ le Yehowa ŋkume la dze sii.—Ps. 139:6.

17. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ ne míede ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu?

17 Nufiame kae le David ƒe kpɔɖeŋua me na mí? Eyae nye be, ele be míatsɔ ɖe le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo me. Gbɔ dzi ɖi nàlé ŋku ɖe nu dzeani siwo Yehowa wɔ ɖe anyigba dzi la ŋu, eye nàna nu siawo nawɔ dɔ ɖe dziwò! Le wò gbe sia gbe gbenɔnɔ me la, de ŋugble le nu si Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo ƒo xlã wò—siwo dometɔ aɖewoe nye atiwo, lãwo, kple amegbetɔwo—la fiaa wò tso Yehowa ŋu la ŋu. Ne èwɔnɛ alea la, ànɔ nu nyui geɖewo srɔ̃m tso Fofowò lɔ̃ame la ŋu gbe sia gbe. (Rom. 1:20) Eye àkpɔe be wò lɔlɔ̃ na eyama anɔ sesẽm ɖe edzi gbe sia gbe.

18. Abe ale si wòdze le Psalmo 18 lia me ene la, nu kae David de dzesii?

18 David de dzesii be Yehowa nɔ kpekpem ɖe ye ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi David ɖe fofoa ƒe alẽwo tso dzata kple sisiblisi si me la, ekpɔe dze sii be Yehowae kpe ɖe ye ŋu yete ŋu wu lã wɔadã mawo. Esi David ɖu aʋakalẽtɔ dzɔtsu si nye Goliat dzi la, David kpɔe dze sii kɔtɛ be Yehowae kpe ɖe ye ŋu. (1 Sam. 17:37) Eye esi wòsi le Fia Saul si nɔ ŋu ʋãmee nu la, ekpɔe dze sii be Yehowa ye ɖe ye tso esi me. (Ps. 18, etamenuŋɔŋlɔ) Ne ɖe David nye dadala la, anye ne asusu be ye ŋutɔ yeƒe ŋusẽ mee yewɔ nu mawo le. Gake David nye ɖokuibɔbɔla, eya ta ete ŋu de dzesi mɔ vovovo siwo nu Yehowa kpe ɖe eŋu le le eƒe agbe me.—Ps. 138:6.

19. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso David ƒe kpɔɖeŋua me?

19 Nufiame kae le eme na mí? Eyae nye be, menye ɖeko míabia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu ko evɔ o. Ele hã be míadze agbagba ade dzesi ɣeyiɣi siwo me wòkpe ɖe mía ŋu kple mɔ siwo nu wòkpe ɖe mía ŋu le. Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, esia ana míase egɔme be seɖoƒe li na míaƒe ŋutetewo eye Yehowa ye kpena ɖe mía ŋu míewɔa nu siwo míate ŋu awɔ le mía ŋutɔwo míaƒe ŋusẽ me o. Eye ɣesiaɣi si míekpɔ be Yehowa kpe ɖe mía ŋu la, ƒomedodo si le mía kplii dome la me gasẽna ɖe edzi. Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Isaac, si le Fiji, si subɔ Yehowa ƒe geɖe la kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Egblɔ be: “Ne mebu nu siwo dzɔ le nye agbe me ŋu la, mekpɔa ale si Yehowa kpe ɖe ŋunye tso esime medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme va de asi na egbea. Esia wɔe be Yehowa va nye ame ŋutɔŋutɔ nam.”

20. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ƒomedodo si nɔ David kple Yehowa dome la me?

20 David srɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiawo. Yehowa wɔ mí kple ŋutete be míate ŋu asrɔ̃ yeƒe nɔnɔme nyuiawo. (1 Mose 1:26) Zi ale si míesrɔ̃a nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe na mí be míasrɔ̃ eyama. David va nya Fofoa si le dziƒo la nyuie, eye esia wɔe be wòte ŋu ɖe Eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo fia le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko ŋu kpɔ. Togbɔ be David wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu esi wòwɔ ahasi kple Bat-Seba eye wòna wowu srɔ̃a hã la, Yehowa tiae be yeakpɔ nublanui nɛ. (2 Sam. 11:1-4, 15) Nu si tae Yehowa wɔ esia ye nye be, David srɔ̃ Yehowa eye wònye ame si kpɔa nublanui na amewo. Esi wònye be ƒomedodo nyui ma gbegbe nɔ David kple Yehowa dome ta la, eva zu fia siwo gbɔ Israel-viwo melɔ̃a nu le o la dometɔ ɖeka eye Yehowa zãe tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na Israel-fia bubuwo.—1 Fia. 15:11; 2 Fia. 14:1-3.

21. Le ɖekawɔwɔ me kple Efesotɔwo 4:24 kple 5:1 la, ne míenye “Mawu srɔ̃lawo” la, nu kawoe dona tso eme?

21 Nufiame kae le eme na mí? Eyae nye be, ehiã be míanye “Mawu srɔ̃lawo.” Menye ɖeko esia wɔwɔ ɖea vi na míawo ŋutɔwo ko evɔ o, ke ekpena ɖe mía ŋu hã be míenyaa Mawu nyuie. Ne míesrɔ̃ Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo la, míetoa esia me ɖenɛ fiana be míenye viawo.—Xlẽ Efesotɔwo 4:24; 5:1.

ALE SI MÍAWƆ ANYA YEHOWA NYUIE WU

22-23. Ne míewɔa nu siwo míesrɔ̃na tso Yehowa ŋu dzi la, nu kae ado tso eme?

22 Abe ale si míekpɔe ene la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu to eƒe nuwɔwɔwo kple eƒe Nya, Biblia, la dzi. Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo ƒe kpɔɖeŋu míate ŋu asrɔ̃, siwo dometɔ aɖewoe nye Mose kple David, la ƒe ŋutinyawo sɔ gbɔ ɖe Biblia me. Yehowa wɔ eƒe akpa dzi. Ehiã be míawo hã míawɔ míaƒe akpa dzi eye míasrɔ̃ nu geɖe ale si nu míate ŋui tso eyama ŋu.

23 Míadzudzɔ nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu gbeɖe o. (Nyagb. 3:11) Menye nu agbɔsɔsɔme si míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu ye le vevie o, ke boŋ, ale si míewɔa nu siwo míesrɔ̃ tso eyama ŋu la ŋu dɔ ye le vevie. Ne míewɔa nu siwo míesrɔ̃na tso mía Fofo lɔ̃amea gbɔ la dzi eye míedzea agbagba be míasrɔ̃ eyama la, ayi edzi anɔ tetem ɖe mía ŋu kplikplikpli. (Yak. 4:8) Eto eƒe Nyaa dzi ka ɖe edzi na mí be yemagblẽ ame siwo dzea agbagba be yewoanya ye nyuie la ɖi akpɔ gbeɖe o.

HADZIDZI 80 “Miɖɔe Kpɔ, Eye Miakpɔe Be Yehowa Nyo”

^ mm. 5 Ame geɖe xɔe se be Mawu li, gake womenyae ŋutɔŋutɔ o. Nu kae wòfia be woanya Yehowa, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mose kple Fia David ƒe kpɔɖeŋua me ku ɖe ale si míawɔ be ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ mía kple Yehowa dome la ŋu? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo le nyati sia me.