Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mida Akpe Ðe Nu Sia Nu Ta”

“Mida Akpe Ðe Nu Sia Nu Ta”

ÐE NÈBUA ɖokuiwò be yenye akpedala alo ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋua? Ehiã be mía dometɔ ɖe sia ɖe nade ŋugble le biabia sia ŋu. Biblia gblɔe ɖi be, le míaƒe ɣeyiɣia me la, ame geɖewo anye “ame madakpewo.” (2 Tim. 3:2) Anɔ eme be ènya ame aɖewo siwo kpɔa mɔ be amewo nawɔ nu sia nu na yewo alo ana nu yewo, abe ɖe wonyi nu sia nu ƒe fe le wo si ene. Edze abe wosena le wo ɖokuiwo me be mehiã be yewoada akpe ɖe nu siwo amewo na yewo kple nu nyui siwo wowɔ na yewo la ta o ene. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ame siawo gbɔ nɔnɔ menyoa ame ŋu oa?

To vovo na ame siawo la, Biblia gblɔ na Yehowa subɔlawo be: “Minye akpedalawo.” Ele be ‘míada akpe ɖe nu sia nu ta.’ (Kol. 3:15; 1 Tes. 5:18) Le nyateƒe me la, ne míekua kutri vevie be míanye akpedalawo la, eɖea vi na mí. Susu geɖewo li siwo tae wòle alea ɖo.

ENANA SUSU NYUI NƆA MÍA SI LE MÍA ÐOKUI ŊU

Susu vevi aɖe si tae wòle be míaku kutri vevie be míanye akpedalawo ye nye be, enana susu nyui nɔa mía si le mía ɖokui ŋu. Ne ame aɖe da akpe ɖe nu nyui aɖe si wonae alo nu nyui aɖe si wowɔ nɛ ta la, anɔ eme be akpɔ dzidzɔ le eɖokui me, eye ame si wòda akpea na hã akpɔ dzidzɔ. Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la, nu ka tae esia nana míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo siaa míekpɔa dzidzɔ? Wò ya bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne ède dzesii be amewo lɔ̃na faa be yewoakpe ɖe ŋuwò la, ɖe esia menana nèsena le ɖokuiwò me be wodea asixɔxɔ ye ŋu oa? Ɛ̃, esia fia be wotsɔa ɖe le eme na wò. Ne ède dzesii be amewo tsɔa ɖe le eme na wò alea la, ana nàkpɔ dzidzɔ le ɖokuiwò me. Anɔ eme be aleae wònɔ le Rut gome. Boaz nyo dɔme na Rut. Ðikeke mele eme o be, esi Rut kpɔe be ame aɖe tsɔ ɖe le eme na ye la, esia na wòkpɔ dzidzɔ ŋutɔ.—Rut 2:10-13.

Ele vevie eye wòsɔ ŋutɔ be míada akpe na Mawu. Ðikeke mele eme o be, ɣeaɖewoɣi la, èbua nu geɖe siwo Yehowa na mí eye wògakpɔtɔ le mía nam la ŋu—woawoe nye nu siwo wòna mí be woakpe ɖe mía ŋu be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kplii dome, kpakple ŋutilãmenuwo. (5 Mose 8:17, 18; Dɔw. 14:17) Gake le esi nàbu Mawu ƒe nunana siawo ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe ko teƒe la, ɖe manyo be nàdi ɣeyiɣi ade ŋugble le nu nyui geɖe siwo Mawu wɔ na wò kple wò ame veviwo ŋu oa? Ne èdea ŋugble le Wɔwòla ƒe dɔmenyonyo ŋu la, esia ana nàgakpɔ ŋudzedze ɖe eyama ŋu geɖe wu eye kakaɖedzi geɖe wu asu asiwò be elɔ̃ wò hedea asixɔxɔ ŋuwò.—1 Yoh. 4:9.

Ke hã, Yehowa ƒe dɔmenyonyo ŋu bubu kple ŋugbledede le nu nyui siwo wòwɔ na wò ŋu ɖeɖe mesu o; da akpe nɛ ɖe eƒe nyuiwɔwɔwo ta. (Ps. 100:4, 5) Amewo gblɔna be, “akpedada nye nu vevi aɖe si wɔnɛ be amegbetɔwo kpɔa dzidzɔ.”

ENANA MÍA KPLE AMEWO DOME NƆA KPLIKPLIKPLI

Susu bubu aɖe si tae wònyo be nànye akpedala ye nye be, ana wò kple amewo dome nanɔ kplikplikpli wu. Mí katã míedina be amewo nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. Ne èda akpe na ame aɖe tso dzi me ɖe nu nyui aɖe si wòwɔ na wò ta la, esia awɔe be wò kplii dome nagava nɔ kplikplikpli wu tsã. (Rom. 16:3, 4) Eye zi geɖe la, ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la lɔ̃na faa kpena ɖe amewo ŋu wu. Wodea dzesi nu nyui siwo amewo wɔ na wo, eye esia ʋãa wo wodina be yewo hã yewoanyo dɔme na amewo. Ɛ̃, kpekpe ɖe amewo ŋu nana míekpɔa dzidzɔ. Ðeko wòle abe ale si Yesu gblɔe ene be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔw. 20:35.

Robert Emmons, si nye ame siwo xɔ ŋgɔ le numekuku aɖe si California Yunivɛsiti wɔ ku ɖe akpedada ŋu la, dometɔ ɖeka gblɔ be: “Be míanye akpedalawo la, ele be míase egɔme be mí katã míehiã na mía nɔewo ƒe kpekpeɖeŋu. Ɣeaɖewoɣi míenaa nu amewo, eye ɣeaɖewoɣi, woawo hã wonaa nu mí.” Nya lae nye be, míehiã na ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu le mɔ geɖe nu be míate ŋu ayi edzi anɔ agbe ahase vivi na agbea. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu ana nuɖuɖu mí alo akpe ɖe mía ŋu ne míedze dɔ. (1 Kor. 12:21) Edze ƒãa be, ame si nye akpedala la kpɔa ŋudzedze ɖe nu nyui siwo amewo wɔna nɛ la ŋu. Esi wòle alea ta la, ɖe nèna wòzu numame na wò be nàda akpe ɖe nu siwo amewo wɔna na wò la ta?

ENANA SUSU NYUI NƆA MÍA SI ÐE AGBEA ŊU

Susu bubu aɖe si tae wòle be míaku kutri vevie be míanye akpedalawo ye nye be, ekpena ɖe mía ŋu míetsɔa míaƒe susu ɖoa nu nyuiwo ŋu tsɔ wu be míaƒe susu nanɔ kuxiwo ŋu. Le mɔ aɖe nu la, míaƒe susu wɔa dɔ abe sranui ene—míetea ŋu tsɔa míaƒe susu ɖoa nu siwo dzɔna le míaƒe agbe me la dometɔ aɖewo ŋu, evɔ míeɖea susu ɖa le wo dometɔ aɖewo ya dzi. Esia wɔnɛ be, míetea ŋu dea dzesi nu nyuiawo eye míeŋea aɖaba ƒua míaƒe kuxiwo dzi. Zi ale si nèkpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋui la, zi nenemae nàte ŋu ade dzesi nu nyui siwo amewo wɔna na wò, eye esia awɔe be nàgakpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu geɖe wu. Ne ètsɔa wò susu ɖoa nu siwo ta nàte ŋu ada akpe ɖo ŋu la, esia akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu si ƒe dzi ƒo apostolo Paulo de na mí be, “Dzi nedzɔ mi le Aƒetɔ la me ɣeawokatãɣi,” la dzi.—Flp. 4:4.

Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la, esia awɔe be míanɔ susu manyomanyowo ŋu bum o. Asesẽ ŋutɔ be ame aɖe nakpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui si wowɔ nɛ ŋu tso dzi me, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me, wòaganɔ ŋu ʋãm, alé blanui, alo ado dziku. Azɔ hã, zi geɖe la, ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la metia ŋutilãmenuwo yome vivivo o. Nu siwo le wo si la dzea wo ŋu, eye womenɔa agbagba dzem be ŋutilãmenu geɖe wu nasu yewo si o.—Flp. 4:12.

BU YAYRA SIWO KATÃ SU ASIWÒ LA ŊU!

Esi nènye Kristotɔ ta la, ènyae be ado dzidzɔ na Satana ŋutɔ ne nɔnɔme sesẽ siwo me tom nèle le ŋkeke mamlɛ siawo me la wɔe be nèlé blanui eye dzi ɖe le ƒowò. Adzɔ dzi nɛ ŋutɔ ne susu si mesɔ o va le asiwò ɖe agbea ŋu eye nètoa nyatoƒoe le nu sia nu ŋu. Ne edzɔ alea la, awɔe be amewo madi be yewoaɖo to wò ne èle nya nyuia gblɔm na wo o. Nya lae nye be, nɔnɔme nyui si nye ŋudzedzekpɔkpɔɖenuŋu alo akpedada la do ƒome kple Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea. Le kpɔɖeŋu me, ne míebu nu nyui siwo Mawu na mí ŋu la, míekpɔa dzidzɔ, eye xɔse nɔa mía si be eƒe ŋugbedodowo katã ava eme.—Gal. 5:22, 23.

Esi nènye Yehowa subɔla ta la, ɖikeke mele eme o be, èlɔ̃ ɖe nu siwo me míedzro ku ɖe akpedada ŋu le nyati sia me la dzi. Ke hã, àlɔ̃ ɖe edzi hã be, menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míanye akpedalawo eye susu nyui nanɔ mía si ɖe agbea ŋu o. Gake mègana esia nana dzi naɖe le ƒowò o. Anya wɔ be nàsrɔ̃ nɔnɔme nyui sia ahayi edzi anɔ eɖem fia. Aleke nàwɔ esiae? Di ɣeyiɣi gbe sia gbe nàde ŋugble le nu nyui siwo dzɔ le wò agbe me, siwo ta nàte ŋu ada akpe ɖo la ŋu. Zi ale si nèwɔa esia la, zi nenemae wòava nɔ bɔbɔe na wò wu be nàkpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu. Esia ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu ame siwo tsɔa woƒe susu ɖoa agbemekuxiwo ŋu. Tsɔ wò susu ɖo nu nyui siwo Mawu wɔ, siwo dea dzi ƒo na wò henana nèkpɔa dzidzɔ kpakple nu nyui siwo ame bubuwo wɔ na wò la ŋu. Ðewohĩ, anyo be nàŋlɔ wo ɖi. Àte ŋu aŋlɔ nu eve alo etɔ̃ aɖewo siwo dzɔ le ŋkekea me, siwo ta nàdi be yeada akpe ɖo la ɖi.

Numekulawo de dzesii be, ne míedaa akpe na amewo edziedzi la, ate ŋu atrɔ ale si míaƒe ahɔhɔ̃a wɔa dɔe ale be wòava nɔ bɔbɔe na mí wu be míakpɔ dzidzɔ geɖe le agbe me. Edze ƒãa be, ame si nye akpedala la kpɔa dzidzɔ geɖe wu. Eya ta, bu yayra siwo katã su asiwò la ŋu, kpɔ dzidzɔ ɖe nu nyui siwo dzɔ le wò agbe me la ŋu, eye nàyi edzi anye akpedala! Mègaŋe aɖaba ƒu nu nyui siwo su asiwò la dzi o, ke boŋ ‘da akpe na Yehowa, elabena eya amea nyo.’ Ɛ̃, ‘da akpe ɖe nu sia nu ta.’—1 Kron. 16:34; 1 Tes. 5:18.