Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 50

Yehowa Naa Ablɔɖe Wò

Yehowa Naa Ablɔɖe Wò

“[Miɖe] gbeƒã ablɔɖe le anyigba la dzi na edzinɔlawo katã.”—3 MOSE 25:10.

HADZIDZI 22 Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum—Neva Dzro!

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Azã kae ame aɖewo ɖuna egbea? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Kae Nye Ablɔɖeƒe La?”) (b) Nu ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe le Luka 4:16-18?

LE DUKƆ aɖewo me la, wowɔa wɔna tɔxɛwo tsɔ ɖua fia alo fianyɔnu aɖe ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe blaatɔ̃lia ƒe azã. Azãɖuɖu sia tea ŋu yia edzi ŋkeke blibo, kwasiɖa blibo, alo esi wu nenema gɔ̃ hã; gake aleke kee wòɖale o, enu va yina mlɔeba, eye amewo ŋlɔnɛ be kaba.

2 Míadzro azã aɖe si de ŋgɔ wu la me—ɛ̃, azã alo ɖoɖo sia de ŋgɔ wu ƒe 50 sia ƒe 50 ƒe azã si blema Israel-viwo ɖuna ƒe ɖeka blibo, si woyɔna be Ablɔɖeƒe, la gɔ̃ hã. Ablɔɖeƒe ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ na blema Israel dukɔa la wɔe be ablɔɖe sua dukɔa me viwo si. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ nu tso ɖoɖo sia ŋu? Nu si tae nye be, Israel-viwo ƒe Ablɔɖeƒe ƒe ɖoɖoa ɖoa ŋku ɖoɖo nyui aɖe ŋutɔ si Yehowa wɔ be yeana míakpɔ ablɔɖe tegbee, si ŋu Yesu ƒo nu tsoe, si le vi ɖem na mí fifia gɔ̃ hã, la dzi na mí.—Xlẽ Luka 4:16-18.

Israel-viwo ƒe Ablɔɖeƒea nye ɣeyiɣi si me dukɔa kpɔa dzidzɔ ale gbegbe, elabena wonaa ablɔɖe kluviwo be woatrɔ ayi woƒe ƒometɔwo gbɔ, eye wogbugbɔa amewo ƒe anyigba nana wo (Kpɔ memama 3 lia) *

3. Abe ale si wòdze le 3 Mose 25:8-12 ene la, aleke Ablɔɖeƒea ɖe vi na Israel-viwoe?

3 Hafi míate ŋu ase nu si ablɔɖe si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la fia gɔme nyuie la, anyo be míadzro Ablɔɖeƒe ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ na eƒe amewo le blema la me gbã. Yehowa gblɔ na Israel-viwo be: “Miakɔ ƒe blaatɔ̃lia ŋu ahaɖe gbeƒã ablɔɖe le anyigba la dzi na edzinɔlawo katã. Azu Ablɔɖeƒe na mi, ale be mia dometɔ ɖe sia ɖe nagaxɔ eƒe nunɔamesi, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nagatrɔ ayi eƒe ƒometɔwo gbɔ.” (Xlẽ 3 Mose 25:8-12.) Le nyati si do ŋgɔ na esia me la, míedzro ale si kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat la ɖe vi na Israel-viwoe la me. Ke mɔ kawo nue Ablɔɖeƒe la ɖe vi na Israel-viwo le? Tsɔe be, Israel-vi aɖe nyi fe eye esia wɔe be wòdzra eƒe anyigba tsɔ xe fea. Le Ablɔɖeƒea me la, ele be woagbugbɔ eƒe anyigba la anae. Esia awɔe be ŋutsua “nagaxɔ eƒe nunɔamesi” la, eye viawo ate ŋu anyi anyigba ma dome. Alo ɖewohĩ hiã tu ŋutsu aɖe ale gbegbe be eva hiã be wòadzra viawo dometɔ ɖeka wòazu kluvi, alo wòadzra eya ŋutɔ ɖokui gɔ̃ hã azu kluvi, ale be yeate ŋu axe fea. Le Ablɔɖeƒea me la, ele be woana kluvia “nagatrɔ ayi eƒe ƒometɔwo gbɔ.” Eya ta, ame aɖeke manye kluvi le eƒe agbemeŋkekewo katã me o! Ðoɖo nyui sia ɖee fia be Yehowa tsɔ ɖe le eme na eƒe amewo ŋutɔ!

4-5. Susu vevi ka tae wòle be míasrɔ̃ nu tso Israel-viwo ƒe Ablɔɖeƒe ƒe ɖoɖoa ŋu?

4 Mɔ bubu ka nue Ablɔɖeƒea ɖe vi na Israel-viwo le? Yehowa ɖe eme be: “Mele be ame aɖeke nanye ame dahe le dowòme o, elabena Yehowa ayra wò godoo le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm be wòanye wò domenyinu la dzi.” (5 Mose 15:4) Esia to vovo sãsãsã na ale si nuwo le le xexe sia si me kesinɔnuwo le dzidzim ɖe edzi na kesinɔtɔwo evɔ ame dahewo ya le ahe dam ɖe edzi le la me!

5 Mí Kristotɔwo míele Mose ƒe Sea te o. Eya ta, míeléa Ablɔɖeƒe ƒe ɖoɖo si bia tso Israel-viwo si be woana ablɔɖe kluviwo, woate fli ɖe fe siwo amewo nyi le wo ŋu me, eye woagbugbɔ ƒomewo ƒe anyigba ana woamawo, la me ɖe asi o. (Rom. 7:4; 10:4; Ef. 2:15) Ke hã, ele vevie be míasrɔ̃ nu tso Ablɔɖeƒe ƒe ɖoɖoa ŋu. Nu ka tae? Nu si tae nye be, enana míeɖoa ŋku ɖoɖo si Yehowa wɔ be yeana ablɔɖe mí tso nu vɔ̃ si me la dzi.

YESU ÐE GBEƑÃ ABLƆÐE

6. Nu ka si mee wòhiã be woana ablɔɖe amegbetɔwo tso?

6 Ehiã vevie be woana ablɔɖe mí, elabena mí katã míele nɔnɔme wɔnublanui aɖe me—míenye nu vɔ̃ ƒe kluviwo. Esi míenye nu vɔ̃ mewo ta la, míetsina kua amegã alo nyagã, míedzea dɔ, eye míekuna. Ame geɖe kpɔa esia ƒe kpeɖodzi ne wokpɔ wo ɖokuiwo le ahuhɔ̃e me alo woyi ɖɔkta gbɔ ne wodze dɔ. Azɔ hã, ne míewɔ nu vɔ̃wo la, esia wɔnɛ be dzi ɖena le mía ƒo. Apostolo Paulo lɔ̃ ɖe edzi be ‘wolé ye aboyoe na nu vɔ̃ ƒe se si nɔ yeƒe ŋutilã me.’ Egblɔ kpee be: “Oo, nye nu wɔ nublanui lo! Ame kae aɖem tso kuŋutilã sia si me?”—Rom. 7:23, 24.

7. Nya kae Yesaya gblɔ ɖi ku ɖe ablɔɖe ŋu?

7 Gake dzidzɔnya lae nye be, Mawu wɔ ɖoɖo aɖe si dzi wòato aɖe mí, alo ana ablɔɖe mí, tso nu vɔ̃ si me. Yesu dzie wòto le ablɔɖe sia nam mí. Ƒe alafa adre kple edzivɔ do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ la, nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ablɔɖe gã aɖe si ava le etsɔme la ŋu nya ɖi. Ablɔɖe sia aƒo ablɔɖe si sua Israel-viwo si le Ablɔɖeƒea me la ta sãsãsã. Eŋlɔ bena: “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam be magblɔ nya nyui na ame fafawo. Edɔm be mada gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, ne maɖe gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoe.” (Yes. 61:1) Ame ka ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo?

8. Ame ka ŋue nya si Yesaya gblɔ ɖi ku ɖe ablɔɖe ŋu la ku ɖo?

8 Nyagblɔɖi vevi ma si ku ɖe ablɔɖe ŋu la te emevava le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa gɔmedzedze megbe. Esime Yesu yi ƒuƒoƒe si nɔ wo de Nazaret la, exlẽ Yesaya ƒe nyagblɔɖinya mawo tututu na Yudatɔ siwo va ƒo ƒu ɖi. Yesu ɖee fia be nya mawo ku ɖe ye ŋu esi wògblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena esi ami nam be magblɔ nya nyui na ame dahewo. Edɔm be maɖe gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoe, mana ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, mana ablɔɖe ame siwo wote ɖe anyi, eye maɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe la.” (Luka 4:16-19) Mɔ kawo nue Yesu na nyagblɔɖi sia va eme le?

AME GBÃTƆ SIWO WONA ABLƆÐEE

Yesu ɖe gbeƒã ablɔɖe le ƒuƒoƒea le Nazaret (Kpɔ memama 8-9 lia)

9. Ablɔɖe kae ame siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me la dometɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm na?

9 Yesu ƒe ɣeyiɣia mee wodze ablɔɖe si ŋu nya Yesaya gblɔ ɖi, si ŋu Yesu xlẽ nu tsoe la nana amewo. Yesu ɖo kpe esia dzi esi wòɖe gbeƒã na ƒuƒoƒea be: “Ŋɔŋlɔ sia si miese fifi laa la va eme egbea.” (Luka 4:21) Ame siwo se nya si Yesu xlẽ la dometɔ geɖe anya nɔ mɔ kpɔm be yewoakpɔ ablɔɖe tso Roma dziɖuɖua si me. Woanya se le wo ɖokui me abe ŋutsu eve siwo gblɔ be, “Míawo ya míenɔ mɔ kpɔm be ame siae aɖe Israel” la ene. (Luka 24:13, 21) Gake míenyae be Yesu mede dzi ƒo na eyomedzelawo be woadze aglã ɖe Romatɔwo ƒe ŋutasẽdziɖuɖua ŋu o. Ke boŋ, efia wo be woatsɔ “nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro.” (Mat. 22:21) Ke mɔ kawo nue Yesu na ablɔɖe amewo le ɣemaɣi?

10. Nu ka si mee Yesu na ablɔɖe amewo tso?

10 Mawu ƒe Vi la va kpe ɖe amewo ŋu wokpɔ ablɔɖe, eye ewɔ esia le mɔ eve nu. Gbã, Yesu kpe ɖe amewo ŋu wokpɔ ablɔɖe tso subɔsubɔhakplɔlawo ƒe alakpanufiafiawo si me. Yudatɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dometɔ geɖe zu kluviwo na amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo kple alakpadzixɔsewo. (Mat. 5:31-37; 15:1-11) Kplɔla siwo gblɔ be yewole kpekpem ɖe amewo ŋu be woasubɔ Mawu la ŋutɔ gɔ̃ hã menɔ Mawu subɔm le mɔ nyuitɔ nu o, eya ta wonɔ abe ŋkuagbãtɔwo ene. Esi wogbe Mesia la kple nyateƒe si wònɔ wo fiam ta la, womeva nya Mawu o, eye wokpɔtɔ nye ŋkuagbãtɔwo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu; azɔ hã, wometsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo o. (Yoh. 9:1, 14-16, 35-41) Yesu fia nyateƒea heɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na amewo, eye wòto esia me fia ɖokuibɔbɔlawo ale si woawɔ akpɔ ablɔɖe tso alakpanufiafiawo si me.—Marko 1:22; 2:23–3:5.

11. Mɔ bubu ka nue Yesu na ablɔɖe amewo le?

11 Evelia, Yesu to eƒe tafevɔsaa dzi ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi be amegbetɔwo nate ŋu akpɔ ablɔɖe tso nu vɔ̃ si dome wonyi la ƒe kluvinyenye me. Esi Yesu tsɔ eƒe agbe na wònye tafe ta la, Mawu ate ŋu atsɔ ame siwo xɔ tafevɔsaa dzi se eye wotoa woƒe nuwɔnawo dzi ɖena esia fiana la ƒe nu vɔ̃wo ake wo. (Heb. 10:12-18) Yesu gblɔ be: “Ne Vi la na ablɔɖe mi la, ekema mianye ablɔɖeviwo vavã.” (Yoh. 8:36) Ðikeke mele eme o be, ablɔɖe sia ƒo ablɔɖe si sua Israel-viwo si le Ablɔɖeƒea me la ta sãsãsã! Le kpɔɖeŋu me, ne wona ablɔɖe ame aɖe le Ablɔɖeƒea me la, ate ŋu agava zu kluvi ake, eye azɔ hã, ava ku godoo. Gake ablɔɖe si Yesu nana ya nɔa anyi ɖaa.

12. Ame kawoe nye ame gbãtɔ siwo wona ablɔɖe si Yesu ɖe gbeƒãe la?

12 Le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na apostoloawo kpakple ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla bubuwo. Exɔ wo wozu viawo ale be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woafɔ wo ayi dziƒo be woaɖu fia kple Yesu. (Rom. 8:2, 15-17) Ame siawoe nye ame gbãtɔ siwo wona ablɔɖe si Yesu ɖe gbeƒãe le ƒuƒoƒea le Nazaret la. Eya ta, ŋutsu kple nyɔnu mawo meganye kluvi na Yuda subɔsubɔhakplɔlawo ƒe alakpanufiafiawo kple kɔnyinyi siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nyaa o la o. Azɔ hã, Mawu bua wo be wokpɔ ablɔɖe tso nu vɔ̃ si hea ku vanɛ la si me. Ðoɖo tɔxɛ si Yehowa wɔ be yeana ablɔɖe ameƒomea, si dze egɔme tso esime wosi ami na Kristo yomedzelawo, la awu enu le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu. Nu nyui kawoe adzɔ tso fifia va se ɖe ɣemaɣi?

WOANA ABLƆÐE AME MILIƆN GEÐEWO HÃ

13-14. Tsɔ kpe ɖe Kristotɔ amesiaminawo ŋu la, ame kawo hãe ate ŋu akpɔ ablɔɖe si Yesu ɖe gbeƒãe la?

13 Egbea, dzianukwaretɔ miliɔn geɖe siwo tso dukɔwo katã me la nye ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo. (Yoh. 10:16) Mawu metia wo be woava ɖu fia kple Yesu le dziƒo o. Ke boŋ, Biblia gblɔ be mɔkpɔkpɔ le wo si be woava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Ðe nèle ame siawo domea?

14 Fifia gɔ̃ hã, yayra siwo su ame siwo anyi Dziƒofiaɖuƒea dome si la ƒe ɖewo le asiwò sum. Esi nèxɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi se ta la, àte ŋu abia Yehowa be wòatsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò. Esia ate ŋu awɔe be wò nu nadze Mawu ŋu eye dzitsinya nyui nasu asiwò le eŋkume. (Ef. 1:7; Nyaɖ. 7:14, 15) Azɔ bu yayra siwo su asiwò le esi nèkpɔ ablɔɖe tso alakpanufiafiawo si me la hã ŋu kpɔ. Yesu gblɔ be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” (Yoh. 8:32) Aleke gbegbe dzi dzɔa míi ye nye esi be wona ablɔɖe sia mí!

15. Ablɔɖe kple yayra kawoe míate ŋu akpɔ mɔ na le etsɔme?

15 Míate ŋu akpɔ mɔ be míakpɔ ablɔɖe si de ŋgɔ wu esi su mía si fifia la le etsɔme. Eteƒe madidi o, Yesu atsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo kple amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo wɔa nu fitifiti la katã. Ke hã, Mawu akpɔ esubɔlawo siwo anye “ameha gã aɖe” la ta, eye wòana woakpɔ yayra geɖe le paradiso me le anyigba dzi. (Nyaɖ. 7:9, 14) Woafɔ ame gbogbo aɖewo ɖe tsitre eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woakpɔ ablɔɖe tso Adam ƒe nu vɔ̃a me tsonuwo katã si me.—Dɔw. 24:15.

16. Ablɔɖe gã kae amegbetɔwo akpɔ le etsɔme?

16 Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, Yesu kple eƒe hatidziɖulawo akpe ɖe amegbetɔwo ŋu woade blibo le ŋutilã me eye ƒomedodo si de blibo ava nɔ wo kple Mawu dome. Ɣeyiɣi sia si me woana ablɔɖe gã aɖe amegbetɔwo tso nu vɔ̃ kple blibomademade si me la anɔ abe Israel-viwo ƒe Ablɔɖeƒea ene. Esia fia be, ame siwo katã anɔ anyigba dzi, siwo nye Yehowa subɔla wɔnuteƒewo, la ade blibo eye womagawɔ nu vɔ̃ azɔ o.

Le xexe yeyea me la, míase vivi na dɔ nyui siwo me dzidzeme le la wɔwɔ (Kpɔ memama 17 lia)

17. Le Yesaya 65:21-23 ƒe nya nu la, nu nyui kawoe Mawu ƒe amewo ate ŋu anɔ mɔ kpɔm na? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

17 Nyagblɔɖi si le Yesaya 65:21-23 la ɖɔ ale si agbea anɔ le anyigba dzi le etsɔme la nyuie. (Xlẽe.) Menye ɖeko míanɔ anyi dɔ aɖeke mawɔmawɔe o. Ke boŋ, Biblia ɖee fia be Mawu ƒe amewo awɔ dɔ nyuiwo, eye woakpɔ dzidzeme le woƒe dɔwɔwɔwo me. Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, míate ŋu aka ɖe edzi be “woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la.”—Rom. 8:21.

18. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be míakpɔ dzidzɔ manyagblɔ le etsɔme?

18 Abe ale si ko Yehowa wɔ ɖoɖo na Israel-viwo be woakpɔ ɣeyiɣi ɖe woƒe dɔwɔɖuiwo kple ɖiɖiɖeme siaa ŋu ene la, nenema kee wòawɔ na eƒe amewo le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si le ŋgɔ gbɔna la hã me. Míakpɔ ɣeyiɣi ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu godoo. Ale si ko Mawu subɔsubɔ le vevie na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ egbea la, nenema kee wòanɔ le xexe yeyea hã me. Ɛ̃, amegbetɔ nuteƒewɔlawo katã akpɔ dzidzɔ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me, elabe míawɔ dɔ nyui siwo ana míakpɔ dzidzeme geɖe eye mí katã míasubɔ mía Mawu la ɖekae.

HADZIDZI 142 Míalé Míaƒe Mɔkpɔkpɔa Me Ðe Asi Sesĩe

^ mm. 5 Yehowa wɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe na blema Israel-viwo be woana ablɔɖe dukɔa me viwo. Eyae nye ƒe 50 sia ƒe 50 ƒe Ablɔɖeƒe ƒe ɖoɖoa. Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te o; ke hã, nufiame veviwo le Ablɔɖeƒe ƒe ɖoɖoa me na mí. Le nyati sia me la, míadzro ale si Ablɔɖeƒea ɖoa ŋku ɖoɖo bubu aɖe si Yehowa wɔ na mí la dzi na mí kple ale si ɖoɖo ma ate ŋu aɖe vi na mí la me.

^ mm. 61 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Le Israel-viwo ƒe Ablɔɖeƒea me la, wona ablɔɖe ŋutsu aɖewo siwo nye kluviwo la be woatrɔ ayi woƒe ƒometɔwo gbɔ, eye wogbugbɔ woƒe anyigba na wo.