Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do le ƒe sia me la beléletɔea? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Aleke wòle be míawɔ nu ɖe Kristotɔ amesiaminawo ŋu?

Míesrɔ̃a woƒe xɔse; gake míenana míaƒe susu nɔa wo ŋu ɣesiaɣi o. Míeƒoa asa na bubudede wo ŋu fũu akpa. (Yuda 16) Ele be míaƒo asa na nya siwo ate ŋu aɖe fu na wo la biabia.—w20.01, axa 29.

Nu kae ate ŋu ana nàka ɖe edzi be Yehowa tsɔa ɖe le eme na wò?

Biblia ɖee fia be Yehowa nya wò hafi wodzi wò. Esea wò gbedodoɖawo. Enya nu siwo le wò dzi me kple wò tamesusuwo, eye wò nuwɔnawo nana wòkpɔa dzidzɔ alo léa blanui. (1 Kron. 28:9; Lod. 27:11) Eya ŋutɔe he wò va eɖokui gbɔ.—w20.02, axa 12.

Ɣekaɣiwoe wòle be míaƒo nu alo azi ɖoɖoe?

Ele be míatsɔ dzidzɔ aƒo nu tso Yehowa ŋu. Ehiã be míaƒo nu ne míekpɔe be ame aɖe le nu si akplɔe ade afɔku me la wɔm. Hamemetsitsiwo ƒoa nu na ame siwo ɖe afɔ gbegblẽ aɖe. Mele be míaƒoe ɖe nɔvi siwo le dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le la nu be woagblɔ ale si tututu wowɔa míaƒe dɔa le afi ma na mí o. Eye nɔvi siwo le dukɔ mawo me hã madi be yewoaʋu go nyawo o.—w20.03, axa 20-21.

Aleke ʋetsuvi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yoel ta 2 lia la to vovo na esiwo ŋu Nyaɖeɖefia 9 lia ƒo nu tsoe?

Yoel 2:20-29 gblɔ be Mawu anya ʋetsuviawo ɖa eye wòdo ŋugbe be yeaɖo nu siwo wogblẽ la teƒe. Ema megbe la, Mawu trɔ eƒe gbɔgbɔa kɔ ɖe wo dzi. Nyagblɔɖia ƒe akpa aɖe va eme esime Babilon srafowo va dze Yerusalem dzi eye eƒe akpa bubuwo va va eme emegbe. Nyaɖeɖefia 9:1-11 ɖɔ amesiamina siwo ɖea gbeƒã Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo yi na xexe vɔ̃ɖi sia, eye esia ɖea fu na ame siwo le xexe sia ƒe akpa dzi la.—w20.04, axa 3-6.

Dziɖuɖu kae va nye dziehefia la egbea?

Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii lae. Wokpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi tẽe, woɖo asi míaƒe dɔwo dzi, eye woɖee fia be yewolé fu Ðasefowo. Dziehefia kple anyiehefia le ho ʋlim kple wo nɔewo.—w20.05, axa 13.

Mawu ƒe ‘gbɔgbɔa ƒe kutsetsea’ ƒe akpa vovovoawo katã koe nye ema woyɔ le Galatiatɔwo 5:22, 23?

Ao. Gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu míetua nɔnɔme nyui bubuwo, abe dzɔdzɔenyenye ene ɖo. (Ef. 5:8, 9)—w20.06, axa 17.

Afɔku kae le nuwo dada ɖe Internet dzi hahoo kadoƒewo?

Nu siwo míedana ɖe afi ma ate ŋu ana amewo nasusu be míele adegbe ƒom eye míebɔbɔa mía ɖokui o.—w20.07, axa 6-7.

Nu kae gbeƒãɖelawo ate ŋu asrɔ̃ tso tɔƒodela bibiwo gbɔ?

Wodea tɔƒo le afi si woakpɔ lã le kple ɣeyiɣi si me woakpɔ wo aɖe la me. Woxɔa hehe le ale si woazã dɔwɔnu siwo sɔ la ŋu. Woléa dzi ɖe ƒo wɔa dɔ ne yame ƒe nɔnɔme mede wo dzi o gɔ̃ hã. Míawo hã míate ŋu awɔe nenema le míaƒe subɔsubɔdɔa me.—w20.09, axa 5.

Aleke nàte ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu woalɔ̃ Yehowa geɖe wu?

De dzi ƒo na wo be woaxlẽ Biblia gbe sia gbe ade ŋugble le eŋu. Fia wo ale si woado gbe ɖae.—w20.11, axa 4.

Ame kawoe Paulo ƒe nya si nye “woagbɔ agbe wo katã” la yi na?—1 Kor. 15:22.

Menye ame siwo katã woafɔ ɖe tsitre ƒe nya gblɔmee apostolo Paulo nɔ o. Ke boŋ amesiamina “siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me” ye. (1 Kor. 1:2; 15:18)—w20.12, axa 5-6.

Dɔ kae amesiamina siwo ƒe nɔnɔme woatrɔ “le aɖabaƒoƒo ɖeka me le kpẽkuku mamlɛa me” la avae wɔ?—1 Kor. 15:51-53.

Woadze Kristo yome atsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo. (Nyaɖ. 2:26, 27)—w20.12, axa 12-13.