Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 52

Ale Si Nàwɔ Aɖu Dziɖeleameƒo Dzi

Ale Si Nàwɔ Aɖu Dziɖeleameƒo Dzi

“Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te.”—PS. 55:22.

HADZIDZI 33 Dro Wò Agba Ðe Yehowa Dzi

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae adzɔ ɖe mía dzi ne dzi ɖe le mía ƒo?

GBE SIA GBEA, míedoa go kuxiwo eye míewɔa mía tɔ sinua be míanɔ te ɖe wo nu. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be esesẽna be míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu ne dzi ɖe le mía ƒo oa? Eya ta, dziɖeleameƒo ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be asixɔxɔ aɖeke mele mía ŋu o, eye míakpɔ dzidzɔ o. Lododowo 24:10 kple etenuŋɔŋlɔa gblɔ be: “Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxaɣi la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.” Eya ta ne dzi ɖe le mía ƒo la, ate ŋu asesẽ na mí be míado dzi ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom.

2. Nu kawoe ate ŋu ana dzi naɖe le mía ƒo, eye nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Nu geɖewo ate ŋu aɖe dzi le mía ƒo. Wo dometɔ aɖewoe nye míaƒe blibomademadewo, gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple dɔléle. Eye ɖewo hã ate ŋu anye be míele mɔ kpɔm na dɔdeasi aɖe le Yehowa ƒe habɔbɔa me evɔ meka mía si o, alo míeɖea gbeƒã le anyigbamama si me amewo meɖoa to nya nyuia le o me. Le nyati sia me la, míadzro nanewo siwo míate ŋu awɔ ne dzi ɖe le mía ƒo la me.

NE MÍELE AVU WƆM KPLE MÍAƑE BLIBOMADEMADEWO KPLE GBƆDZƆGBƆDZƆWO

3. Nu kae akpe ɖe mía ŋu ne vo siwo míeda kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na nu te ɖe mía dzi?

3 Etena ɖe mía dzi ne míewɔ vodada aɖewo le esi míede blibo o ta. Esia wɔnɛ be míeva nɔa sesem le mía ɖokuiwo me be le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo taa, Yehowa mana míage ɖe xexe yeyea me o. Afɔku le nuwo ŋu bubu alea me. Aleke wòle be míabu míaƒe vodadawoe? Biblia gblɔ be to vovo na Yesu la, amegbetɔwo katã “wɔ nu vɔ̃.” (Rom. 3:23) Gake Yehowa metsɔa susu ɖoa míaƒe vodadawo ŋu alo kpɔa mɔ be míawɔ nu le blibodede me o. Ke boŋ la, enye Fofo lɔ̃ame si dina be yeakpe ɖe mía ŋu. Azɔ hã, egbɔa dzi ɖi. Ekpɔa avu siwo míewɔna be míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple seselelãme manyomanyowo dzi eye ele klalo be yeakpe ɖe mía ŋu.—Rom. 7:18, 19.

Yehowa nya nu nyui siwo míewɔ va yi kple nu nyui siwo wɔm míele fifia (Kpɔ memama 5 lia) *

4-5. Le 1 Yohanes 3:19, 20 ƒe nyaa nu la, nu kae kpe ɖe nɔvinyɔnu eveawo ŋu woɖu dziɖeleameƒo dzi?

4 Bu Deborah kple Maria ŋu kpɔ. * Esime Deborah nye ɖevi la, womewɔa nu ɖe eŋu nyuie le ƒomea me o, si na wòsena le eɖokui me be womelɔ̃ ye o. Womekafunɛ ɖe nu siwo wòwɔna la ta o. Eya ta eva sena le eɖokui me be yemele bo aɖeke nu o. Ne eda vo sue aɖe gɔ̃ hã, esena le eɖokui me be yedo kpo nu. Maria hã to nɔnɔme ma ke me, eya hã ƒe ƒometɔwo doa vloe. Esia wɔe be eya hã va nɔ sesem le eɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o. Esi wòva srɔ̃ nyateƒea gɔ̃ hã, esena le eɖokui me be yemedze be Mawu ƒe ŋkɔ nanɔ ye ŋu o.

5 Ke hã, nɔvinyɔnu eve siawo medzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Nu ka tae? Nu si kpe ɖe wo ŋue nye be wogblɔ woƒe dzimenyawo na Yehowa. (Ps. 55:22) Wova de dzesii be mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la, nya nu siwo me míeto va yi kple ale si wona míesena le mía ɖokuiwo me. Eye wova de dzesii hã be ekpɔa nɔnɔme nyui siwo le mía si siwo míawo ŋutɔwo míedea dzesii o gɔ̃ hã.—Xlẽ 1 Yohanes 3:19, 20.

6. Nu kae wòle be ame nawɔ ne egawɔ vodada aɖe si wòwɔ va yi?

6 Ame aɖe ate ŋu anɔ avu wɔm be yeadzudzɔ vodada aɖe wɔwɔ gake ne egava wɔ vodada ma ake la, dzi ate ŋu aɖe le eƒo. Megblẽ be míase veve ɖe nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi la nu o. (2 Kor. 7:10) Ke hã, mele be ema nana míava nɔ fɔ bum mía ɖokuiwo fũu akpa anɔ gbɔgblɔm na mía ɖokui be: ‘Medo kpo nu. Ðe Yehowa atsɔe akem hã?’ o. Nuwo ŋu bubu alea mesɔ o, eye ate ŋu ana míava dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Ðo ŋku nya siwo míexlẽ le Lododowo 24:10 dzi—ne dzi ɖe le ƒowò la, wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ. Eya ta ele be míado gbe ɖa na Yehowa ale be ‘míakpɔ mía kplii dome nyawo gbɔ’ ne wòakpɔ nublanui na mí. (Yes. 1:18) Ne Yehowa kpɔe be ètrɔ dzi me nyateƒea, atsɔe ake wò. Azɔ hã, bia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ. Woagbɔ dzi ɖi akpe ɖe ŋuwò ale be nàganɔ te le xɔse me.—Yak. 5:14, 15.

7. Nu ka tae mele be dzi naɖe le mía ƒo ne míele agbagba dzem be míawɔ nu si sɔ o?

7 Jean-Luc, si nye hamemetsitsi si le France gblɔna na ame siwo le avu wɔm be yewoaɖu yewoƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi la be: “Menye ame si wɔa nu nyui ɣeawokatãɣi lae nye ame dzɔdzɔe le Yehowa gbɔ o, ke boŋ ame si sea veve ɖe eƒe vodadawo nu eye wòwɔa tɔtrɔwo ye.” (Rom. 7:21-25) Eya ta ne èle avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe la, mègasusui be yemele ɖeke me o. Esi wònye be mí katã míedaa vo ta la, míehiã Yehowa ƒe amenuveve to tafevɔsaa dzi.—Ef. 1:7; 1 Yoh. 4:10.

8. Ne dzi ɖe le mía ƒo la ame kawo ŋue míate ŋu ate ɖo be woakpe ɖe mía ŋu?

8 Míate ŋu ana mía nɔvi siwo le hamea me nade dzi ƒo na mí! Woaɖo to mí ne míele míaƒe dzimenyawo gblɔm na wo eye woade dzi ƒo na mí. (Lod. 12:25; 1 Tes. 5:14) Nɔvinyɔnu Joy, si le Nigeria, si wɔ avu kple dziɖeleameƒo gblɔ be: “Afi kae manɔ nɔviawo manɔmee? Ale si nɔviawo de dzi ƒo nam la na mekpɔe be Yehowa se nye gbedodoɖawo. Mesrɔ̃ ale si nye hã made dzi ƒo na amewo ne dzi ɖe le woƒo la tso wo gbɔ.” Ke hã, ele be wòanɔ susu me na mí be menye ɣesiaɣie mía nɔviwo anya be míehiã na dzideƒo o. Eya ta, ahiã be míate ɖe nɔvi aɖe si tsi le xɔse me la ŋu aɖe míaƒe kuxia dzi nɛ.

NE LÃMESẼNYAWO LE FU ÐEM NA MÍ

9. Aleke Psalmo 41:3 kple 94:19 de dzi ƒo na mí?

9 Trɔ ɖe Yehowa ŋu wòakpe ɖe ŋuwò. Ne míedze dɔ alo vevietɔ dɔmavɔleameŋu aɖe le mía ŋu la, ate ŋu ana agbea nati mí. Togbɔ be Yehowa maɖe dɔ ma ɖa nukutɔe o hã la, efaa akɔ na mí eye wòkpena ɖe mía ŋu be míayi edzi ado dzi. (Xlẽ Psalmo 41:3; 94:19.) Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ato mía nɔvi aɖewo dzi woava ɖi asi na mí alo awɔ aƒemedɔwo na mí. Ate ŋu ana mía nɔviwo nado gbe ɖa kpli mí. Alo ana míaɖo ŋku nya fakɔname aɖewo siwo dze le eƒe Nyaa me la dzi, abe ale si míava nɔ agbe deblibo le xexe yeye si gbɔna me afi si dɔléle kple vevesese manɔ o ene.—Rom. 15:4.

10. Nu kae kpe ɖe Isang ŋu wògava kpɔ dzidzɔ ake esime wòdze afɔku?

10 Isang si le Nigeria dze afɔku aɖe si na wòtú. Eƒe ɖɔkta gblɔ nɛ be magate ŋu azɔ o. Isang gblɔ be: “Nye dzi gbã eye nu te ɖe dzinye vevie.” Gake ɖe wògava kpɔ dzidzɔ akea? Ɛ̃! Nu kae kpe ɖe eŋu? Egblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míedzudzɔ gbedodoɖa na Yehowa kple eƒe Nya la sɔsrɔ̃ gbeɖe o. Míeɖoe kplikpaa be míakpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo Mawu wɔ na mí la ŋu. Eƒe ɖee nye mɔkpɔkpɔ si wòna mí be míava nɔ agbe le xexe yeyea me.”

Ame siwo dzi lãmesẽnyawo mede o gɔ̃ hã ate ŋu aɖe gbeƒã kple dzidzɔ, eye nu nyuiwo ado tso eme (Kpɔ memama 11-13 lia)

11. Togbɔ be Cindy dze dɔ vevie hã, nu kae na wòkpɔ dzidzɔ?

11 Wokpɔ dɔléle sesẽ aɖe le Cindy si le Mexico la ŋu. Nu kae kpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe dɔa nu? Esime wònɔ dɔnɔkɔa dzi la, eɖoe eƒe taɖodzinu be yeaɖi ɖase gbe sia gbe. Egblɔ be: “Esia wɔe be nye susu katã va nɔ ale si makpe ɖe ame bubuwo ŋu la ŋu, ke menye dɔ si wowɔ nam alo nye vevesesea ŋu o. Ale si mewɔnɛ ye nye esi; ne mele dze ɖom kple ɖɔktawo alo dɔnɔdzikpɔlawo la, mebiaa woƒe ƒomewo ƒe fɔfɔme ta se. Emegbe mebiaa wo nu si tae wotiae be yewoawɔ dɔ sesẽ sia. Esia wɔnɛ be metea ŋu kpɔa nyati siwo tɔgbi ado dzidzɔ na wo. Wo dometɔ geɖe gblɔ be, mebɔ be dɔnɔwo nabia yewoƒe fɔfɔme ta se o. Eye wo dometɔ geɖe daa akpe nam ɖe esia ta. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã tsɔ woƒe kaƒodzesiwo nam. Eya ta togbɔ be menɔ ɣeyiɣi sesẽ siawo me tom hã, Yehowa na mekpɔa dzidzɔ le ememe eye esia wɔ nuku nam ŋutɔ.”—Lod. 15:15.

12-13. Aleke mía nɔvi aɖewo siwo dze dɔ alo nye dɔnɔwo wɔna ɖia ɖase?

12 Dzi ate ŋu aɖe le mía nɔvi siwo dze dɔ alo nye dɔnɔwo la ƒo elabe womegate ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me o. Togbɔ be ele alea hã, wo dometɔ geɖe dia mɔnuwo ɖia ɖase. Le Amerika la, mía nɔvinyɔnu Laurel dze dɔ vevie, eye ahiã be wòanɔ mɔ̃ aɖe me ƒe 37 sɔŋ hafi ayi edzi anɔ agbe! Kansa nɔ eŋu, ele be woawɔ dɔ nɛ enuenu eye ŋutigbalẽmedɔléle aɖe hã nɔ eŋu. Gake nɔnɔme sesẽ siawo mena wòdzudzɔ ɖaseɖiɖi o. Eɖia ɖase na dɔnɔdzikpɔlawo kple ame siwo va kpɔa egbɔ le aƒe me. Nu kae do tso eme? Ekpe ɖe ame 17 ŋu wova srɔ̃ nyateƒe si le Biblia me! *

13 Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe le Richard si nye hamemetsitsi si le France la si na nɔvi siwo dze dɔ tsi aƒe me alo le ametsitsiwo dzi kpɔƒe. Egblɔ be, “Medea dzi ƒo na wo be woada míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo ɖe wo ɖokuiwo gbɔ. Ne amewo kpɔe la, woadi be yewoabia nyawo godoo. Esia ate ŋu ade dzi ƒo na nɔvi siwo magate ŋu aɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me o.” Ame siwo tsi aƒe me alo tsi teƒe ɖeka hã ate ŋu ato telefon alo lɛtaŋɔŋlɔ dzi aɖi ɖase.

NE SUBƆSUBƆMƆNUKPƆKPƆ AÐE MEKA MÍA SI O

14. Kpɔɖeŋu nyui kae Fia David ɖo ɖi na mí?

14 Le ƒe si míexɔ, míaƒe lãmesẽ alo susu bubuwo ta, subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo masu mía si le hamea alo míaƒe nutome suea me o. Ne míele nɔnɔme sia ƒe ɖe me la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso Fia David gbɔ. David di vevie be yeatu gbedoxɔ na Mawu, gake esi wòva nyae be menye yee atu xɔa o la, ena kpekpeɖeŋu ame si Mawu tia be wòawɔ dɔa. David lɔ̃ faa na nu gbogbo aɖewo siwo woatsɔ awɔ dɔa. Kpɔɖeŋu nyui aɖee nye esia si míate ŋu asrɔ̃.—2 Sam. 7:12, 13; 1 Kron. 29:1, 3-5.

15. Aleke Hugues wɔ ɖu dziɖeleameƒo dzi?

15 Nɔviŋutsu si ŋkɔe nye Hugues si le France va dze dɔ vevie, si na wòva ɖe asi le eƒe hamemetsitsi dɔa ŋu, eye dɔlélea wɔe be megatea ŋu wɔa aƒemedɔwo gɔ̃ hã o. Egblɔ be: “Le gɔmedzedzea mea, dzi ɖe le ƒonye, eye mekpɔe be nyemegale bo aɖeke nu o. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbea, meva kpɔe be mehiã be matsi dzi o, ke boŋ makpɔ dzidzɔ ɖe suetɔ kekeake si wɔm mele le Yehowa subɔsubɔ mea ŋu. Meɖoe be nyemana ta o. Meɖoe be masrɔ̃ Gideon kple ŋutsu alafa etɔ̃ siwo nɔ eŋu. Togbɔ be ɖeɖi te wo ŋu hã, womena ta o. Nye hã, nyemana ta o!”—Ʋɔn. 8:4.

16. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso mawudɔlawo gbɔ?

16 Mawudɔla wɔnuteƒewo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Le Fia Ahab ƒe dziɖuɣi la, Yehowa bia mawudɔlawo ƒe susu tso ale si woawɔ aflu fia vɔ̃ɖi ma ŋu. Mawudɔlaawo do susu vovovowo ɖa. Gake Mawu tia mawudɔlawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ be ate ŋu aflui. (1 Fia. 22:19-22) Gake ɖe dzi ɖe le mawudɔla wɔnuteƒeawo dometɔ aɖe ƒo wògblɔ be, ‘Nu ka tae medo susu ɖa ya?’ Wo dometɔ aɖeke mewɔe nenema o. Mawudɔlawo bɔbɔa wo ɖokuiwo eye wodi be kafukafua katã nayi na Yehowa.—Ʋɔn. 13:16-18; Nyaɖ. 19:10.

17. Nu kae wòle be míawɔ ne dzi ɖe le mía ƒo le esi subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo mesu mía si o ta?

17 Ðo ŋku edzi be mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be Mawu ƒe ŋkɔ le mía ŋu eye be míaɖe gbeƒã eƒe Fiaɖuƒea. Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo ate ŋu asu mía si alo age le mía si, gake menye emawoe na míexɔ asi na Mawu o. Ke boŋ ne míeyia edzi bɔbɔa mía ɖokuiwo la, Yehowa kple mía nɔviwo lɔ̃a mí vevie. Eya ta do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàyi edzi abɔbɔ ɖokuiwò. De ŋugble le kpɔɖeŋu siwo mawusubɔla siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo la ɖo ɖi le eƒe Nyaa me la ŋu. Eya ta lɔ̃ faa nàsubɔ nɔviawo.—Ps. 138:6; 1 Pet. 5:5.

NE AMEWO MEÐOA TO NYA NYUIA LE WÒ ANYIGBAMAMAA ME O

18-19. Nu kawoe ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ ne amewo meɖoa to le wò anyigbamamaa me o hã?

18 Ðe dzi ɖe le ƒowò kpɔ le esi amewo meɖoa to nya nyuia le wò anyigbamamaa me o alo mèdoa go wo le aƒe me o ta? Le nɔnɔme mawo me la, nu kae míawɔ be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm? Wogblɔ nu ŋutɔŋutɔ siwo míate ŋu awɔ le aɖaka si ƒe tanyae nye, “ Nu Siwo Nàwɔ Be Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me.” Azɔ hã, ele vevie be susu nyuitɔ nanɔ mía si ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Nu kae ema fia?

19 Ðo ŋku edzi be, míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míaɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋkɔa kple eƒe Fiaɖuƒea. Yesu gblɔe eme kɔ be ame ʋɛ aɖewo koe akpɔ agbemɔa adze sii. (Mat. 7:13, 14) Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míawɔ dɔ kple Yehowa, Yesu, kple mawudɔlawo le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Mat. 28:19, 20; 1 Kor. 3:9; Nyaɖ. 14:6, 7) Yehowa ye hea ame siwo dze la vaa eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44) Eya ta ne ame aɖe meɖo to nya nyuia fifia o hã la, ate ŋu ava ɖo to ɣebubuɣi.

20. Nu kae Yeremiya 20:8, 9 fia mí tso ale si míawɔ aɖu dziɖeleameƒo dzi ŋu?

20 Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso nyagblɔɖila Yeremiya gbɔ. Amewo meɖoa to le eƒe anyigbamamaa me kura o. Amewo dzunɛ eye wodoa vloe “ŋkeke blibo la katã.” (Xlẽ Yeremiya 20:8, 9.) Ɣeaɖeɣi la, dzi ɖe le eƒo ale gbegbe be wòdi be yeana ta. Gake mena ta o. Nu ka tae? Elabe ‘Yehowa ƒe nya la’ zu abe dzobibi si nu wotu nu ɖo le Yeremiya ƒe lãme ene eye mate ŋu amia nu ɖe edzi o! Nenema kee wòanɔ le míawo hã gome ne Mawu ƒe Nya la yɔ míaƒe dzi kple susuwo me. Susu sia tae wòle be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la eye míade ŋugble le eŋu gbe sia gbe. Esia awɔe be míanɔ dzidzɔ kpɔm eye nu nyuiwo ado tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me.—Yer. 15:16.

21. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖu dziɖeleameƒo dzi nu ka ke gbɔe wòɖatso o?

21 Deborah si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Dziɖeleameƒo nye Satana ƒe aʋawɔnu sẽŋuawo dometɔ ɖeka.” Gake ŋusẽ le Yehowa si wu Satana kple eƒe aʋawɔnuawo. Eya ta nu ka kee ɖana dzi ɖe le ƒowò o, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. Akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò blibomademadewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu. Alé wò ɖe te le dɔba dzi. Akpe ɖe ŋuwò be susu nyui nanɔ asiwò ɖe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo ŋu. Eye akpe ɖe ŋuwò be susu si da sɔ nanɔ asiwò ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. Ƒo wo katã ta la, gblɔ wò dzimenyawo na Fofowò si le dziƒo la. Ka ɖe edzi be akpe ɖe ŋuwò nàɖu dziɖeleameƒo dzi.

HADZIDZI 41 Oo Mawu, Se Nye Gbedodoɖa

^ mm. 5 Dzi ɖena le mí katã ƒo ɣeaɖewoɣi. Le nyati sia me la, míadzro nu siwo koŋ míate ŋu awɔ ne dzi ɖe le mía ƒo la me. Abe ale si míava kpɔe ene la, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaɖu dziɖeleameƒo dzi.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 12 Laurel Nisbet ƒe ŋutinyaa dze le January 22, 1993 ƒe Nyɔ! me (ele yevugbe me).

^ mm. 69 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Dzi ɖe le nɔvinyɔnu aɖe ƒo, gake eva de ŋugble le dɔ siwo wòwɔ na Yehowa va yi la ŋu eye wòdo gbe ɖa nɛ. Eka ɖe edzi be Yehowa meŋlɔ dɔ nyui siwo yewɔ va yi kple esiwo wɔm yele fifia be o.