Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 50

“Ànɔ Paradiso Me Kplim”

“Ànɔ Paradiso Me Kplim”

“Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso me kplim.”—LUKA 23:43.

HADZIDZI 145 Mawu Do Paradiso Ŋugbe

NYA VEVIAWO a

1. Esi wòsusɔ vie Yesu nakua, nya kae wògblɔ na nu vlo wɔla aɖe? (Luka 23:39-43)

 YESU kple nu vlo wɔla eve siwo wohe ɖe fuwɔameti ŋu le exa la nɔ veve sem helĩhelĩ esime wonɔ kukum vivivi. (Luka 23:32, 33) Nu vlo wɔla evea siaa nɔ vlodoamenyawo gblɔm ɖe Yesu ŋu, eya ta eme kɔ ƒãa be menye eƒe nusrɔ̃lawoe wonye o. (Mat. 27:44; Marko 15:32) Gake wo dometɔ ɖeka va trɔ dzi me. Egblɔ be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye ne èva ɖo wò Fiaɖuƒe la me.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso me kplim.” (Xlẽ Luka 23:39-43.) Naneke meɖee fia be nu vlo wɔla sia xɔ “Dziƒofiaɖuƒe la” ŋuti gbedeasi si Yesu ɖe gbeƒãe dzi se heva zu eƒe nusrɔ̃la o. Eye Yesu megblɔ be ayi ɖe Fiaɖuƒea me o. (Mat. 4:17) Eya ta Paradiso si ava anyigba dzi le etsɔme ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. Nu ka tae míate ŋu agblɔe nenema?

Nya kae míate ŋu agblɔ tso nu vlo wɔla si ɖo dze kple Yesu, kpakple nu si wònya ŋu? (Kpɔ memama 2-3 lia)

2. Nu kae na míekpɔe be Yudatɔe nu vlo wɔla si trɔ dzi mea nye?

2 Anɔ eme be Yudatɔe nu vlo wɔla si trɔ dzi mea nye. Nu ka tae míegblɔe nenema? Gbãa, ebia nu vlo wɔla kemɛa be: “Alo wò hã, esi nèle fɔbubu ma ke me la, ɖe mèvɔ̃a Mawu oa?” (Luka 23:40) Yudatɔwo subɔa Mawu ɖeka, gake dukɔwo me tɔwo ya subɔa mawu vovovowo. (2 Mose 20:2, 3; 1 Kor. 8:5, 6) Eya ta ne dukɔwo me tɔwoe nu vlo wɔla mawo nyea, anye ne nya si wòabia boŋue nye, “Ðe mèvɔ̃a mawuawo oa?” Evelia, menye dukɔwo me tɔwo gbɔe wodɔ Yesu ɖo o, ke boŋ ɖe “Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ búbuwo la gbɔ.” (Mat. 15:24) Mawu na Israel-viwo nya be yeava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Anɔ eme be nu vlo wɔla si trɔ dzi mea nya nu tso esia ŋu, eye eƒe nyawo ɖee fia be enɔ esusum be Yehowa ava fɔ Yesu ɖe tsitre wòaɖu fia le Mawu Fiaɖuƒea me. Edze ƒãa be ŋutsua nɔ mɔ kpɔm be Mawu afɔ ye hã ɖe tsitre.

3. Nu kae anya va susu me na nu vlo wɔla trɔdzimea esi Yesu ƒo nu tso Paradiso ŋu? (1 Mose 2:15)

3 Abe Yudatɔ enea, anɔ eme be nu vlo wɔla ma nya nu tso Adam kple Xawa kpakple Paradiso si me Yehowa da wo ɖo ŋu. Eye exɔe se be Paradiso si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la anye abɔ nyui aɖe le anyigba dzi afii.—Xlẽ 1 Mose 2:15.

4. Nu kae wòle be nya si Yesu gblɔ na nu vlo wɔlaa nana míawɔ?

4 Ele be nya si Yesu gblɔ na nu vlo wɔlaa nana míabu ale si agbea anɔ le Paradisoa me ŋu. Be míawɔ esia, míate ŋu ade ŋugble le ale si ŋutifafa xɔ aƒe ɖi le Fia Salomo ƒe dziɖuɣi ŋu. Míeka ɖe edzi be Yesu, ame si lolo wu Salomo, awɔ dɔ aduadu kple eƒe hatidziɖulawo woana anyigbaa nazu Paradiso nyui aɖe. (Mat. 12:42) Edze ƒãa be ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo adi vevie be yewoanya nu si wòle be yewoawɔ ale be yewoadze anɔ agbe tegbee le Paradisoa me.—Yoh. 10:16.

ALEKE AGBEA ANƆ LE PARADISOA ME?

5. Nu kawoe nèle mɔ kpɔm na le Paradisoa me?

5 Nu kae vaa susu me na wò ne èle ale si agbea anɔ le Paradiso me ŋu bum? Ðewohĩ teƒe aɖe si nya kpɔ abe Eden-bɔa ene ye vaa susu me na wò. (1 Mose 2:7-9) Ðewohĩ wò susu yia nya si Mika gblɔ ɖi be Mawu ƒe amewo “dometɔ ɖe sia ɖe abɔbɔ nɔ eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ” la dzi. (Mika 4:3, 4) Anɔ eme hã be nya siwo Biblia gblɔ be nuɖuɖu abɔ ye vaa susu me na wò. (Ps. 72:16; Yes. 65:21, 22) Eya ta ɖewohĩ èkpɔnɛ le susu me be yele abɔ dzeani aɖe me, ati kple seƒoƒo damawo sɔ gbɔ ɖi eye woƒe ʋeʋẽ lilili xɔ yame keŋ. Wotsɔ nuɖuɖu dami vovovowo ɖo kplɔ̃e na mi, eye nèkpɔ wò ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo kpakple ame siwo wofɔ ɖe tsitre wole dze viviwo ɖom le nu kom eye wole dzidzɔ kpɔm. Menye drɔ̃e dzroe nu siawo nye o. Ðikeke mele eme o be nu siawo tɔgbi ayi edzi le anyigbaa dzi. Eye míawɔ dɔ siwo míase vivi na hã le Paradisoa me.

Míawɔ dɔ vevi si nye be míafia nu ame siwo woafɔ ɖe tsitre (Kpɔ memama 6 lia)

6. Nu kae míanɔ wɔwɔm le Paradisoa me? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

6 Esi Yehowa wɔ mía, ena ŋutete mí be míase vivi na dɔwɔwɔ. (Nyagb. 2:24) Dɔ geɖe ŋutɔ anɔ anyi míawɔ le Kristo Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Ame siwo atso xaxa gãa kpakple ame miliɔn geɖe siwo woafɔ ɖe tsitre la ahiã nudodo, nuɖuɖu kple mlɔƒe. Esia abia be míawɔ dɔ geɖe, gake míase vivi nɛ. Abe ale si wònɔ na Adam kple Xawa be woadzra abɔa me ɖo enea, nenema kee mɔnukpɔkpɔ asu míawo hã si be míadzra anyigbaa dzi ɖo wòazu Paradiso. Azɔ hã, kpɔ ale si dzi adzɔ mí be míafia nu ame miliɔn geɖe siwo woafɔ ɖe tsitre, siwo menya nu boo aɖeke tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu o ɖa. Míatsɔ dzidzɔ akpe ɖe nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ hafi Yesu va anyigba dzi ŋu be woasrɔ̃ nu tso ale si nyagblɔɖiwo va eme le woƒe ku megbe ŋu.

7. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo, eye nu ka tae?

7 Míate ŋu aka ɖe edzi be le Paradisoa mea, míanɔ ŋutifafa me, nu sia nu si hiã mí asu mía si eye nuwo anɔ ɖoɖo nu. Nu ka tae? Elabe Yehowa na míekpɔ ale si agbea ava nɔ le Via ƒe dziɖuɖu te, eye esia dze le Fia Salomo ƒe dziɖuɖu me.

FIA SALOMO ƑE DZIÐUÐUA NA MÍEKPƆ ALE SI AGBEA ANƆ LE PARADISO ME

8. Aleke Fia David ƒe nya siwo dze le Psalmo 37:10, 11, 29 va emee? (Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le tata sia me.)

8 Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Fia David wòŋlɔ nu tso ale si agbea anɔ ne fia nyanu wɔnuteƒe aɖe va le dzi ɖum le etsɔme ŋu. (Xlẽ Psalmo 37:10, 11, 29.) Míexlẽa Psalmo 37:11 na amewo zi geɖe ne míele nu ƒom tso Paradiso si gbɔna ŋu. Esia sɔ elabe Yesu yɔ nya tso kpukpui ma me le eƒe Todzimawunyaa me, si ɖee fia be nya mawo agava eme le etsɔme. (Mat. 5:5) Gake David ƒe nyawo ku ɖe ale si nuwo anɔ le Fia Salomo ƒe dziɖuɣi hã ŋu. Esi Salomo nɔ Israel dzi ɖumaa, Mawu ƒe amewo kpɔ ŋutifafa geɖe eye nu dze edzi na wo ale gbegbe le anyigba si dzi “notsi kple anyitsi le sisim le” dzi. Mawu gblɔe ɖi be: “Ne mieyi edzi zɔ ɖe nye ɖoɖowo nu . . . la, mana ŋutifafa naxɔ anyigba la dzi, miamlɔ anyi eye ame aɖeke mado voɖi na mi o.” (3 Mose 20:24; 26:3, 6) Nya mawo va eme le Salomo ƒe dziɖuɣi. (1 Kron. 22:9; 29:26-28) Yehowa do ŋugbe hã be ame vɔ̃ɖiwo “maganɔ anyi o.” (Ps. 37:10) Eya ta nya siwo dze le Psalmo 37:10, 11, 29 va eme le blema, eye woagava eme le etsɔme hã.

9. Nya kae Seba-fianyɔnua gblɔ tso Fia Salomo ƒe dziɖuɖu ŋu?

9 Seba-fianyɔnua see be ŋutifafa xɔ aƒe ɖe Israel eye nuwo nɔ afɔ tsɔm nyuie le Salomo ƒe dziɖuɖu te. Eya ta ezɔ mɔ tso anyigba didi aɖe dzi va Yerusalem be ye ŋutɔ yeakpɔ ale si nuwo nɔ le Israel. (1 Fia. 10:1) Esi wòva ɖi tsa le Salomo ƒe fiaɖuƒea me vɔa, egblɔ be: “Womegblɔ woƒe afã gɔ̃ hã nam o. . . . Dzidzɔtɔwoe nye wò amewo, eye dzidzɔtɔwoe nye wò subɔvi siwo le tsitre ɖe ŋkuwòme ɖaa hesea wò nunya!” (1 Fia. 10:6-8) Gake nu siwo Yehowa awɔ na amegbetɔwo le Via Yesu ƒe dziɖuɖu te aƒo ale si nuwo nɔ esi Salomo nɔ dzi ɖum ta sãsãsã.

10. Mɔ kawo nue Yesu nye gã wu Salomo le?

10 Yesu nye gã wu Salomo le go sia go me. Salomo nye ame madeblibo, eye eda vo gãwo si na Mawu ƒe amewo kpe fu mlɔeba. Gake Yesu ya nye Dziɖula deblibo si medaa vo o. (Luka 1:32; Heb. 4:14, 15) Yesu yi edzi wɔ nuteƒe na Mawu togbɔ be Satana tee kpɔ vevie zi geɖe hã. Kristo ɖee fia be yemawɔ naneke si ana ye tevi wɔnuteƒewo nakpe fu gbeɖe o. Yayra gãe wònye na mí be enye míaƒe Fia.

11. Ame kawoe aɖu fia kple Yesu?

11 Ame 144,000 aɖu fia kple Yesu eye woawɔ dɔ kplii aduadu alé be na ameƒomea ahana tame si Yehowa ɖo ɖe anyigbaa ŋu nava eme. (Nyaɖ. 14:1-3) Ame siawo kpe fu eye woto xaxa geɖe me esime wonɔ anyigba dzi, eya ta woase veve ɖe mía nu ne wova le mía dzi ɖum. Nu ka tututue ame siwo aɖu fia kple Yesu awɔ?

DƆ KAWOE AMESIAMINAWO AWƆ?

12. Dɔ kae Yehowa ade asi na ame 144,000-awo?

12 Dɔ si Yesu kple eƒe hatidziɖulawo awɔ la lolo sãsãsã wu dɔ si Salomo wɔ. Ame miliɔn aɖewo siwo nɔ dukɔ ɖeka me ko ƒe nuhiahiãwo gbɔe Fia Salomo kpɔ. Gake ame siwo aɖu dzi le Mawu Fiaɖuƒea me akpɔ ame miliɔn akpe geɖe siwo le xexea me godoo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi Yehowa na ame 144,000-awo!

13. Dɔ vevi bubu kae ame 144,000-awo awɔ?

13 Ame 144,000-awo anye fiawo kple nunɔlawo abe Yesu ke ene. (Nyaɖ. 5:10) Le Mose ƒe Sea tea, nunɔlawo ƒe dɔ koŋue nye be woakpe ɖe dukɔa ŋu woanɔ lãmesẽ me eye wo kple Yehowa dome nanɔ nyuie. Esi Sea nye “nu nyui siwo ava la ƒe vɔvɔli” taa, míate ŋu aƒo nya ta be Yesu ƒe hatidziɖulawo akpɔ Mawu ƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo eye woana wo kple Yehowa dome nanɔ nyuie. (Heb. 10:1) Aleke fia kple nunɔla siawo awɔ ado ka kple Fiaɖuƒea teviwo le anyigba dzi? Ahiã be míalala akpɔe ɖa. Ðoɖo ka kee Yehowa awɔ o, míate ŋu aka ɖe edzi be ame siwo anɔ anyigba dzi le Paradisoa me axɔ mɔfiame siwo hiã.—Nyaɖ. 21:3, 4.

NU KAE WÒLE BE ‘ALẼ BUBUAWO’ NAWƆ BE WOADZE ANƆ PARADISOA ME?

14. Ƒomedodo kae le ‘alẽ bubuawo’ kple ‘alẽha suea’ dome?

14 Yesu yɔ ame siwo aɖu fia kplii be “alẽha sue.” (Luka 12:32) Eƒo nu tso ame hatsotso bubu aɖe hã ŋu. Eyɔ wo be “alẽ bubuwo.” Hatsotso evea siaa ƒo ƒu nye alẽha ɖeka eye wole dɔ wɔm ɖekae egbea. (Yoh. 10:16) Woayi edzi nenema le xexe yeyea me. Ɣemaɣia, ‘alẽha suea’ anɔ dziƒo eye mɔnukpɔkpɔ asu ‘alẽ bubuawo’ si be woase agbe ƒe vivi le anyigba dzi tegbee. Gake nanewo li wòle be ‘alẽ bubuawo’ nawɔ fifia be woadze anɔ Paradisoa me.

Fifia gɔ̃ hãa, míate ŋu aɖee afia be míele dzadzram ɖo ɖe agbenɔnɔ le Paradisoa me ŋu (Kpɔ memama 15 lia) b

15. (a) Aleke ‘alẽ bubuawo’ wɔa dɔ kple Kristo nɔviwoe? (b) Aleke nàte ŋu asrɔ̃ nɔviŋutsu si yi nu ƒle ge le fiasea me ƒe kpɔɖeŋu? (Kpɔ fotoa.)

15 Nu vlo wɔla si trɔ dzi mea ku, eya ta mɔnukpɔkpɔ mesu esi wòɖee fia bliboe be yeda akpe ɖe nu si Kristo wɔ na ye ta o. Gake mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mí ‘alẽ bubuawo’ ya si fifia be míaɖe ale si míesena le mía ɖokui me tso Yesu ŋu afia. Le kpɔɖeŋu me, ne míewɔa nu ɖe Kristo nɔvi siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ŋu nyuiea, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃e. Yesu gblɔ be esia dzie yeanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu amewo be wonye alẽwo. (Mat. 25:31-40) Míate ŋu akpe ɖe Kristo nɔviwo ŋu ne míedoa vevie gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa. (Mat. 28:18-20) Le esia taa, míedzea agbagba wɔa Biblia srɔ̃gbalẽ siwo ŋu wotrɔ asi le na mí, abe Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ene, ŋu dɔ nyuie. Ne mèle Biblia srɔ̃m kple ame aɖeke haɖe oa, ke dze agbagba nàɖoe wò taɖodzinu be yeado Biblia sɔsrɔ̃ ɖe ame geɖe ale si nu nàte ŋui gbɔ.

16. Nu kawoe míate ŋu anɔ wɔwɔm fifia atsɔ adzra ɖo ɖe Paradisoa me nɔnɔ ŋu?

16 Mehiã be míalala va se ɖe esime míeyi Paradisoa me hafi míazu ame siwo tɔgbi Yehowa di be woanɔ afi ma o. Fifia gɔ̃ hãa, míate ŋu aku kutri be míaɖi anukware le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo me eye míada asɔ le nu sia nu me. Azɔ hã, ele be míadze agbagba awɔ nuteƒe na Yehowa, mía srɔ̃, kple mía nɔvi Kristotɔwo. Ne míedzea agbagba wɔna ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi esime míele xexe vɔ̃ɖi sia mea, ke anɔ bɔbɔe na mí be míawɔ wo dzi le Paradisoa me. Tsɔ kpe ɖe eŋua, míate ŋu asrɔ̃ aɖaŋudɔ aɖewo eye míatu nɔnɔme nyuiwo ɖo atsɔ aɖee afia be míele dzadzram ɖo ɖe Paradisoa me nɔnɔ ŋu. Kpɔ nyati si nye “Èle Klalo Be ‘Yeanyi Anyigbaa Domea’?” si dze le tata sia me.

17. Ðe wòle be dzi naɖe le mía ƒo le nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi ta? Ðe eme.

17 Azɔ hã, ele be míadze agbagba be míagaɖe mɔ míaƒe dzitsinya nayi edzi anɔ fɔ bum mí ɖe nu vɔ̃ gã siwo míewɔ va yi ta o. Ele eme be ‘mímaɖoe koŋ anɔ nu vɔ̃ wɔm’ le esi tafevɔsaa li ta o. (Heb. 10:26-31) Gake ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe va yi, evɔ míetrɔ dzi me vavã, míedi kpekpeɖeŋu tso Yehowa kple hamemetsitsiwo gbɔ, eye míetrɔ míaƒe agbenɔnɔa, ke míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa tsɔe ke mí faa. (Yes. 55:7; Dɔw. 3:19) Ðo ŋku nya si Yesu gblɔ na Farisitɔwo dzi be: “Menye ame dzɔdzɔewo yɔ gee meva o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawoe.” (Mat. 9:13) Ðikeke mele eme o be Yesu ƒe vɔsaa ate ŋu atsyɔ míaƒe nu vɔ̃wo katã dzi.

ÀTE ŊU ANƆ AGBE TEGBEE LE PARADISO ME

18. Nu ka ŋue nàdi be yeaɖo dze tsoe kple nu vlo wɔla si trɔ dzi mea?

18 Kpɔe ɖaa le susu me be èle Paradiso me eye wò kple nu vlo wɔla si trɔ dzi mea miele dze ɖom. Ðikeke mele eme o be miaɖo dze tso ale si miekpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe vɔsaa ŋua ŋuti. Ðewohĩ àbiae wòagblɔ ale si wòse le eɖokui me esi Yesu ɖo eƒe biabia ŋu, kple nu siwo dzɔ teti hafi Yesu ku na wò. Eya hã ate ŋu abia be nàgblɔ ale si agbea nɔ le Satana ƒe xexea ƒe ŋkeke mamlɛawo me na ye. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wòanye na mí be míafia Mawu ƒe Nyaa ame siawo tɔgbi.—Ef. 4:22-24.

Nɔviŋutsu aɖe le dzɔdzɔmeŋutete si le esi la zãm le Ƒe Akpe Ðekaa me be yeagabi ɖe ezazã me, eye esia na wòle dzidzɔ kpɔm (Kpɔ memama 19 lia)

19. Nu ka tae agbenɔnɔ le Paradiso me mati mí o? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

19 Agbenɔnɔ le Paradiso me mati mí gbeɖe o. Míase vivi na hadede kple ame ƒomevi vovovowo eye dɔ nyui geɖe anɔ anyi míawɔ. Esi ganyo wue nye be gbe sia gbea, míagadze si mía Fofo si le dziƒoa nyuie wu eye míase vivi na nu siwo wòna mí. Míasrɔ̃ nu geɖe tso eyama kple eƒe nuwɔwɔwo ŋu ɣesiaɣi. Zi ale si míele agbea, zi nenemae míagalɔ̃ mía Mawu la geɖe wu. Dzi dzɔa mí ŋutɔ be Yehowa kple Yesu do ŋugbe na mí be míava nɔ agbe tegbee le Paradiso me!

HADZIDZI 22 Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum—Neva Dzro!

a Ðe nèbua ale si agbea anɔ le Paradiso me ŋua? Enyo be míanɔ esia wɔm enuenu. Zi ale si míedea ŋugble le nu siwo Yehowa do ŋugbe be yeava wɔ na mí ŋua, zi nenemae míagadi vevie be míafia nu amewo tso xexe yeyea ŋu. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míagaxɔ ŋugbe si Yesu do be Paradiso ava dzi ase geɖe wu.

b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe si le mɔ kpɔm be yeava fia nu ame siwo woafɔ ɖe tsitre la le nu fiam amewo fifia.