Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do le ƒe sia me la beléletɔea? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Nu kae wòfia be ‘míawɔ míaƒe tamesusu yeyee’? (Rom. 12:2)

Efia be míadzro mía ɖokui me awɔ tɔtrɔ siwo hiã ale be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi pɛpɛpɛ ale si míate ŋui, ke menye be míawɔ nu nyui ʋɛ aɖewo ko evɔ o.—w23.01, axa 8-9.

Aleke míawɔ ada asɔ ne míele nyadzɔdzɔwo kpɔm?

Míedina be míakpɔ ale si xexemenudzɔdzɔwo ɖee fia be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam. Ke hã, ele be míakpɔ nyuie be míagasusu nuwo ko agblɔ o elabe esia ate ŋu ade mama hamea me. Ke boŋ ele be míatu míaƒe nyawo ɖe numeɖeɖe siwo Yehowa ƒe habɔbɔa na mía dzi. (1 Kor. 1:10)—w23.02, axa 16.

Aleke Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ to vovo na eyomedzelawo tɔ?

Mehiã be Yesu natsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa abe ale si míewɔnɛ egbea ene o, elabe dukɔ ɖeadzɔgbe mee wodzii ɖo. Yesu de blibo eye nu vɔ̃ aɖeke mele eŋu o, ta mehiã be wòatrɔ dzi me alo ado gbe ɖa be dzitsinya dzadzɛ nasu esi o.—w23.03, axa 5.

Nu kawoe míate ŋu awɔ be mɔnukpɔkpɔ nasu ame geɖe si be woaɖo nya ŋu?

Míana míaƒe nyaŋuɖoɖowo nanɔ kpuie ale be mɔnukpɔkpɔ nasu ame bubuwo hã si be woaɖo nya ŋu. Mele be míaƒo nu tso nya vevi geɖe ŋu o. Esia awɔe be nya aɖe nasusɔ ame bubuwo hã nagblɔ.—w23.04, axa 23.

Nu kae “Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ” si dze le Yesaya 35:8 fia?

Kpɔɖeŋumɔ gã sia le tsitre ɖi na mɔ si dzi Yudatɔwo to esi wozɔ mɔ tso Babilon yi wo de. Ke “Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ” si li fifia ya ɖe? Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na ƒe 1919 la, wodzra mɔa dzi ɖo. Le kpɔɖeŋu me, woɖe Biblia gɔme hetae ɖe gbe vovovowo me. Mawu ƒe amewo le ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi zɔm. Esia akpe ɖe wo ŋu woayi edzi anɔ Yehowa subɔm fifia kple le etsɔme ne Fiaɖuƒea he yayra mavɔwo vɛ.—w23.05, axa 15-19.

Kpɔɖeŋunyɔnu eve ka dzie wotu aɖaŋuɖoɖo si dze le Lododowo ta 9 lia me nyawo ɖo?

Lododowo ƒe agbalẽa ƒo nu tso “nyɔnu movitɔ” aɖe si ƒe amekpekpe kplɔa ame yia “Tsieƒe” ŋu. Egaƒo nu tso kpɔɖeŋunyɔnu bubu aɖe si le tsitre ɖi na “nunya vavãtɔ” ŋu, si ƒe amekpekpe ana míalé “gɔmesese ƒe mɔ” atsɔ eye wòkplɔa ame yia agbe me. (Lod. 9:​1, 6, 13, 18)—w23.06, axa 22-24.

Aleke ale si Mawu wɔ nu ɖe Lot ŋu ɖee fia be ebɔbɔa eɖokui eye eƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu?

Yehowa bia tso Lot si be wòasi le Sodom ayi tonutowo me. Esi Lot ɖe kuku na Mawu be wòaɖe mɔ na ye ne yeasi ayi Zoar boŋ la, eɖe mɔ nɛ.—w23.07, axa 21.

Nu kae srɔ̃nyɔnu ate ŋu awɔ ne srɔ̃a kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo?

Ele be wòaɖo ŋku edzi be menye ye gbɔe kuxia tso o. Ehiã be wòawɔ nu siwo ana eya kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli, eye wòade ŋugble le nyɔnu siwo dzi nu te ɖo gake Yehowa kpe ɖe wo ŋu wokpɔ akɔfafa ƒe ŋutinya siwo le Biblia mea ŋu. Ate ŋu akpe ɖe srɔ̃a ŋu wòaƒo asa na nɔnɔme siwo akplɔe ade nu mawo kpɔkpɔ me.—w23.08, axa 14-17.

Aleke nugɔmesese akpe ɖe mía ŋu míafa tu ne ame aɖe di be yeahe nya kpli mí le míaƒe dzixɔsewo ta?

Ne ame aɖe bia nya mía, mele be míabui be ɖe wòtsi tre ɖe mía ŋu o, ke boŋ míakpɔe be eƒe biabia akpe ɖe mía ŋu míanya nu siwo ŋu wòtsi dzi ɖo. Esia awɔe be míaɖo nya ŋu le tufafa me.—w23.09, axa 17.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si wodo ŋusẽ Maria me?

Esi wogblɔ na Maria be eyae adzi Mesia la, ekpɔ ŋusẽdodo tso amewo gbɔ. Gabriel kple Elizabet zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ do ŋusẽe. Míawo hã míate ŋu akpɔ ŋusẽ si míehiã tso haxɔsetɔwo gbɔ.—w23.10, axa 15.

Aleke Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu?

Edo ŋugbe be yeaɖo to míaƒe gbedodoɖawo. Eye ebua ale si míaƒe gbedodoɖa wɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖo hã ŋu. (Yer. 29:12) Ate ŋu aɖo gbedodoɖa siwo ku ɖe nu ɖeka tɔgbi ŋua ŋu le mɔ vovovo nu, gake akpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi.—w23.11, axa 21-22.

Nu ka tae Paulo ƒo nu tso “mɔkpɔkpɔ” ŋu le Romatɔwo 5:2 eye wògahe susu yi edzi le kpukpui 4 lia hã?

Ne ame aɖe se nya nyuia, mɔkpɔkpɔ va sua esi be yeava nɔ agbe le paradiso me le anyigba dzi. Gake ne xaxawo va edzi eye wòdo dzia, ase le eɖokui me be yeƒe nu dzea Mawu ŋu eye esia awɔe be eƒe mɔkpɔkpɔa me nagasẽ ɖe edzi.—w23.12, axa 12-13.