Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 53

Ðekakpuiwo​—Miyi Ŋgɔ Miazu Kristotɔ Siwo Tsi Le Gbɔgbɔ Me

Ðekakpuiwo​—Miyi Ŋgɔ Miazu Kristotɔ Siwo Tsi Le Gbɔgbɔ Me

“Sẽ ŋu, eye nàwɔ ŋutsu.”—1 FIA. 2:2.

HADZIDZI 135 Yehowa Le Kpewòm Lɔlɔ̃tɔe Be: “Vinye, Dze Nunya”

NYA VEVIAWO a

1. Nu kae wòle be ŋutsu Kristotɔ nawɔ?

 FIA David xlɔ̃ nu Salomo be: “Sẽ ŋu, eye nàwɔ ŋutsu.” (1 Fia. 2:​1-3) Anyo be nɔviŋutsu siwo li egbea hã nawɔ ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi. Esia bia be woasrɔ̃ ale si woawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Luka 2:52) Nu ka tae wòle vevie be nɔviŋutsu ɖekakpuiwo nayi ŋgɔ azu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me?

2-3. Nu ka tae wòle vevie be nɔviŋutsu ɖekakpui nayi ŋgɔ azu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me?

2 Ŋutsu Kristotɔwo wɔa akpa vevi aɖe le woƒe ƒomea kple hamea me. Mía nɔvi ɖekakpuiwo, ɖikeke mele eme o be miedea ŋugble le nu siwo miava wɔ le etsɔme ŋu. Ðewohĩ miadi be yewoava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, subɔsubɔdɔwɔlawo, eye emegbe miazu hamemetsitsiwo. Ðewohĩ miadi hã be yewoaɖe srɔ̃ eye yewoadzi viwo. (Ef. 6:4; 1 Tim. 3:1) Hafi miate ŋu aɖo taɖodzinu mawo gbɔa, ele be mianye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me. b

3 Be miazu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ mea, ehiã be miatu ŋutete aɖewo ɖo. Ke nu kawoe nàwɔ fifia atsɔ adzra ɖo be nàte ŋu aɖo wò taɖodzinuwo gbɔ le etsɔme?

NU SIWO NÀWƆ BE NÀZU KRISTOTƆ SI TSI LE GBƆGBƆ ME

Ne èsrɔ̃ kpɔɖeŋu deblibo si Yesu ɖoa, akpe ɖe ŋuwò nàva zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me (Kpɔ memama 4 lia)

4. Afi kae nàte ŋu akpɔ kpɔɖeŋu nyuiwo le asrɔ̃? (Kpɔ fotoawo hã.)

4 Srɔ̃ kpɔɖeŋu nyuiwo. Ŋutsu xɔsetɔ geɖe ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia me siwo ɖekakpuiwo ate ŋu asrɔ̃. Ŋutsu mawo lɔ̃ Mawu eye wowɔ dɔ vovovowo tsɔ kpe ɖe eƒe amewo ŋu. Azɔ hã àte ŋu akpɔ ŋutsu wɔnuteƒewo le wò ƒomea alo hamea me, siwo ƒe kpɔɖeŋu nàte ŋu asrɔ̃. (Heb. 13:7) Yesu Kristo hã ɖo kpɔɖeŋu deblibo si nàte ŋu asrɔ̃. (1 Pet. 2:21) De dzesi ŋutsu wɔnuteƒe mawo ƒe nɔnɔme nyuiwo eye nàde ŋugble le ale si nàte ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua ŋu.—Heb. 12:​1, 2.

5. Aleke nàwɔ atu tamebubuŋutete ɖo, eye nu ka tae wòle vevie? (Psalmo 119:9)

5 Tu “tamebubuŋutete” ɖo. (Lod. 3:21) Ame si tu tamebubuŋutete ɖo bua nuwo ŋu nyuie hafi ɖea afɔ. Eya ta dze agbagba nàtu ŋutete ma ɖo eye nàlé eme ɖe asi. Nu ka tae? Elabe xexea me yɔ fũu kple ame siwo dina be yewoanɔ te ɖe yewoƒe susu kple seselelãme ko dzi atso nya me. (Lod. 7:7; 29:11) Azɔ hã nu siwo woɖena fiana le television dzi, le film-wo me, le Internet dzi kple le hahokadoƒewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò. Ke nu kae nàwɔ be nàtu tamebubuŋutete ɖo? Gbãa, srɔ̃ Biblia me gɔmeɖosewo, eye nàde ŋugble le ale si wo dzi wɔwɔ aɖe vi na wòe ŋu. Eyome, na gɔmeɖose mawo nafia mɔ wò nàtso nya me wòadze Yehowa ŋu. (Xlẽ Psalmo 119:9.) Tamebubuŋutete le vevie ŋutɔ be nàva zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me. (Lod. 2:​11, 12; Heb. 5:14) Ŋutete sia ate ŋu aɖe vi na wò le mɔ eve nu: (1) le ale si nèwɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋu me, kple (2) le wò nudodo kple dzadzraɖo me.

6. Aleke tamebubuŋutete akpe ɖe ɖekakpui ŋu wòade bubu nɔvinyɔnuwo ŋu?

6 Tamebubuŋutete akpe ɖe ŋuwò nàde bubu nyɔnuwo ŋu. Naneke megblẽ le eŋu ne nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe kpɔ nɔvinyɔnu aɖe si ƒe nu dzɔ dzi nɛ, eye wòdi be yeate ɖe eŋu anyae nyuie o. Gake ɖekakpui si tu tamebubuŋutete ɖo magblɔ nya, aŋlɔ message, alo awɔ nane si ana nɔvinyɔnua nasusu be edi be yeaɖe ye, evɔ le nyateƒe mea, menye emae nye eƒe taɖodzinu hafi o. (1 Tim. 5:​1, 2) Eye ne ele zɔzɔm kple nɔvinyɔnu aɖe kple susu be yewoava ɖe yewo nɔewoa, maɖe mɔ gbeɖe be eya kplii ɖeɖe nava nɔ teƒe aɖe o, negbe ɖe ame aɖe le wo ŋu. Ato esia me akpɔ egbɔ be ŋkɔ nyui nakpɔtɔ anɔ nɔvinyɔnua ŋu.—1 Kor. 6:18.

7. Aleke tamebubuŋutete akpe ɖe nɔviŋutsu ɖekakpui ŋu le eƒe awudodo kple dzadzraɖo me?

7 Ne nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe tu tamebubuŋutete ɖoa, adze le eƒe nudodo kple dzadzraɖo hã me. Ame siwo toa awu ƒe atsyãwo vɛ dometɔ geɖe medea bubu Yehowa ŋu o eye womenɔa agbe nyui hã o. Eya ta awu ƒe atsyã siwo wotona vɛa miana ame kpaɖii henyɔa dzodzro vɔ̃wo ɖe ame me eye wonana ŋutsuwo dzena abe nyɔnuwo ene. Ne ɖekakpui si le ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me le awu si wòado tiam la, enana Biblia me gɔmeɖosewo fiaa mɔe eye wòléa ŋku ɖe nɔviŋutsu siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui ƒe nudodowo ŋu. Ate ŋu abia eɖokui be: ‘Ðe nye nudodo kple dzadzraɖo ɖenɛ fiana be meɖɔa ŋu ɖo eye mebua ame bubuwo ŋua? Ðe wòdzena ƒãa na amewo be mawusubɔlae menyea?’ (1 Kor. 10:​31-33; Tito 2:6) Ne ètu tamebubuŋutete ɖoa, nɔviwo akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò, eye wò nu adze Fofowò si le dziƒo ŋu.

8. Aleke nɔviŋutsu ɖekakpui awɔ anye ame si dzi woate ŋu aka ɖo?

8 Nye ame si dzi woate ŋu aka ɖo. Ðekakpui si dzi woate ŋu aka ɖo léa fɔ ɖe eƒe dɔdeasiwo katã ŋu. (Luka 16:10) Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo le esia me. Mewɔ nu ɖekematsɔlemetɔe alo ɖewoɖewoe o. Ke boŋ elé fɔ ɖe dɔ siwo katã Yehowa de esia ŋu wɔ nyuie, esiwo wɔwɔ sesẽ nɛ gɔ̃ hã. Elɔ̃ amewo, vevietɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe wo ta. (Yoh. 13:1) Srɔ̃ Yesu eye nàlé fɔ ɖe dɔ siwo wode asiwò ŋu. Ne mènya ale si nàwɔ dɔ aɖe oa, mègawɔe ɖewoɖewoe o, ke boŋ bɔbɔ ɖokuiwò nàbia kpekpeɖeŋu tso nɔvi siwo kpɔnuteƒe gbɔ. (Rom. 12:11) Dze agbagba nàwɔe ade goe “abe Yehowa ye [nèle] ewɔm na ene, ke menye na amewo o.” (Kol. 3:23) Esi mède blibo o taa, àda vo ya. Gake ne edzɔ alea, lɔ̃ ɖe wò vodadaa dzi, eye nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã.—Lod. 11:2.

TU ŊUTETE VEVIWO ÐO

9. Nu ka tae wòle be nɔviŋutsu ɖekakpui natu ŋutete vevi aɖewo ɖo?

9 Ehiã be nɔviŋutsu ɖekakpui natu ŋutete aɖewo ɖo be wòate ŋu ava zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me. Ŋutete mawo akpe ɖe eŋu be wòatsɔ agbanɔamedziwo le hamea me, wòakpɔ dɔ awɔ atsɔ akpɔ eɖokui alo eƒe ƒomea dzi, eye eya kple amewo dome nanɔ nyuie. Ŋutete mawo dometɔ aɖewoe nye ekawo?

Ne ènya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuiea, esia aɖe vi na wò kple hamea siaa (Kpɔ memama 10-11 lia)

10-11. Ne nɔviŋutsu ɖekakpui nya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuiea, aleke wòaɖe vi na eya ŋutɔ kple hamea siaa? (Psalmo 1:​1-3) (Kpɔ fotoa hã.)

10 Srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuie. Biblia gblɔ be dzidzɔtɔe nye ame si xlẽa Mawu ƒe Nyaa gbe sia gbe eye wòdea ŋugble le eŋu vevie. (Xlẽ Psalmo 1:​1-3.) Biblia xexlẽ gbe sia gbe akpe ɖe ɖekakpui ŋu wòanya Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu; ana wòabu nuwo ŋu nyuie eye wòawɔ Ŋɔŋlɔawo ŋu dɔ nyuie. (Lod. 1:​3, 4) Míehiã ŋutsu mawo tɔgbi le hamea me. Nu ka tae?

11 Mía nɔvi siwo le hamea mea kpɔa nɔviŋutsu siwo tsi le gbɔgbɔ me la si nu be woazã Biblia atsɔ afia nu yewo ahaɖo aɖaŋu na yewo. (Tito 1:9) Ne ènya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuiea, awɔe be nàte ŋu adzra nuƒo kple nyaŋuɖoɖo siwo me nufiame le ɖo, be nàtsɔ atu amewo ɖo. Akpe ɖe ŋuwò hã be nàte ŋu awɔ nuŋlɔɖi kpuiwo ne èle nu srɔ̃m, alo ne èle nuƒowo sem le kpekpe alo takpekpe me. Nuŋlɔɖi mawo ado ŋusẽ wò xɔse, eye àte ŋu azãe atsɔ ade dzi ƒo na amewo.

12. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu aɖo dze kple amewo nyuie?

12 Srɔ̃ ale si nàɖo dze kple amewo. Ele be nɔviŋutsu ɖekakpui nasrɔ̃ ale si wòaƒo nu na ame kple ale si wòaɖo to nyuie ne ame aɖe le nu ƒom. Toɖoɖo nyuie ana wòase amewo ƒe susuwo kple seselelãmewo gɔme nyuie. (Lod. 20:5) Anyo be wòasrɔ̃ ale si wòade dzesi nu suesuesuewo abe amea ƒe gbe, ale si wòɖo moe kple ale si wòle nu wɔmee. Esiawo ana wòanya ale si amea le sesem le eɖokui me. Nya lae nye be, ne èle ha dem kple amewo ko hafi nàte ŋu asrɔ̃ nu siawo. Gake ne elɛktrɔnikmɔ̃wo zãza atsɔ aɖo text alo email ɖe amewoe ma wòa, ke dzeɖoɖo kple amewo ŋkume kple ŋkume ate ŋu asesẽ na wò. Eya ta dze agbagba nànɔ dze ɖom kple amewo ŋkume kple ŋkume.—2 Yoh. 12.

Srɔ̃ ale si nàwɔ dɔ akpɔ ɖokuiwò dzi (Kpɔ memama 13 lia)

13. Nu bubu kae wòle be ɖekakpui nasrɔ̃? (1 Timoteo 5:8) (Kpɔ fotoa hã.)

13 Srɔ̃ ale si nàwɔ dɔ akpɔ ɖokuiwò dzi. Ele be ŋutsu Kristotɔ nate ŋu akpɔ eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea dzi. (Xlẽ 1 Timoteo 5:8.) Le dukɔ aɖewo mea, ɖekakpuiwo srɔ̃a dɔ tso wo fofo alo ƒometɔ bubu gbɔ. Le dukɔ aɖewo hã mea, ɖekakpuiwo srɔ̃a asinudɔwo le sekɛndrisuku (alo lycée). Aleke kee wòɖale o, enyo be nàsrɔ̃ dɔ aɖe si akpe ɖe ŋuwò be dɔwɔɖui nanɔ asiwò. (Dɔw. 18:​2, 3; 20:34; Ef. 4:28) Srɔ̃ ale si nàlé fɔ ɖe dɔ ŋu awɔe awu enu, ke menye be nàwɔe wòatsi mɔ ta o. Esia ana ŋkɔ nyui nanɔ ŋuwò. Ate ŋu awɔe hã be nàkpɔ dɔ eye dɔa mage le asiwò bɔbɔe o. Ne ɖekakpui te ŋu wɔ nu siwo míesrɔ̃ le nyati sia me ŋu dɔa, akpe ɖe eŋu hã be wòasu te axɔ agbanɔamedziwo le etsɔme. Na míakpɔ agbanɔamedzi mawo dometɔ aɖewo ɖa.

DZRA ÐO ÐE ETSƆME ŊU

14. Aleke nɔviŋutsu ɖekakpui awɔ ava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla?

14 Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Yehowa subɔla geɖe dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme esime wonye sɔhɛwo. Mɔɖeɖedɔa kpena ɖe ɖekakpuiwo ŋu be woasrɔ̃ ale si woawɔ dɔ kple ame ƒomevi vovovowo. Ekpena ɖe wo ŋu hã be woawɔ ɖoɖo nyui ɖe woƒe gazazã ŋu. (Flp. 4:​11-13) Be nàva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlaa, anyo be nàdze egɔme kple kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Ame geɖe wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa hena ɣeyiɣi aɖe; esia nana wosua te nyuie na gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Mɔɖeɖedɔa ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ na wo be woawɔ dɔ le Betel, woakpe asi ɖe xɔtudɔwo alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo ŋu.

15-16. Aleke nɔviŋutsu ɖekakpui awɔ adze asubɔ le hamea me?

15 Subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi. Ele be nɔviŋutsuwo katã naɖoe woƒe taɖodzinu be yewoava zu hamemetsitsiwo asubɔ nɔviawo. Biblia gblɔ be ŋutsu siwo le agbagba dzem be yewoaɖo taɖodzinu ma gbɔ la le “dɔ nyui minyam.” (1 Tim. 3:1) Hafi nɔviŋutsu aɖe nadze anye hamemetsitsia, ele be wòanye subɔsubɔdɔwɔla gbã. Subɔsubɔdɔwɔlawo wɔa dɔ vovovowo tsɔ kpea asi ɖe hamemetsitsiwo ŋu. Hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo siaa subɔa nɔviawo ɖokuibɔbɔtɔe eye wodoa vevie gbeƒãɖeɖedɔa. Nɔviŋutsu siwo le woƒe ƒewuiwo me gɔ̃ hã ate ŋu adze anye subɔsubɔdɔwɔlawo. Eye subɔsubɔdɔwɔla si dze nyuie, si xɔ tso ƒe 20 yina ate ŋu adze anye hamemetsitsi.

16 Nudidi siwo gbɔ wòle be nàɖo hafi adze anye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi dze le Biblia me. Woku ɖe lɔlɔ̃ na Yehowa, lɔlɔ̃ na ƒomea, kple lɔlɔ̃ na hamea ŋu. (1 Tim. 3:​1-13; Tito 1:​6-9; 1 Pet. 5:​2, 3) Aleke nàwɔ aɖo nudidi mawo gbɔ? Dze agbagba be yeanya wo dometɔ ɖe sia ɖe eye yease nu si wòfia gɔme nyuie. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖo wo gbɔ. c

Yehowa di tso srɔ̃ŋutsu si be wòalɔ̃ srɔ̃a kple viawo, wòalé be na wo, eye wòakpɔ woƒe seselelãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo gbɔ (Kpɔ memama 17 lia)

17. Aleke nɔviŋutsu ɖekakpui ate ŋu adzra ɖo ava zu srɔ̃ŋutsu kple ƒome ƒe ta nyui? (Kpɔ fotoa hã.)

17 Srɔ̃ŋutsu kple ƒome ƒe ta. Abe ale si Yesu gblɔe enea, ŋutsu Kristotɔ aɖewo tiae be yewoanɔ tre. (Mat. 19:12) Gake ne ètiae be yeaɖe srɔ̃ la, ke àva zu srɔ̃ŋutsu kple ƒome ƒe ta. (1 Kor. 11:3) Yehowa di tso srɔ̃ŋutsu si be wòalɔ̃ srɔ̃a, wòalé be nɛ, eye wòakpɔ eƒe seselelãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo gbɔ. (Ef. 5:​28, 29) Ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati sia me dzi eye nètu tamebubuŋutete ɖo, nèdea bubu nyɔnuwo ŋu, eye nènye ame si dzi woate ŋu aka ɖoa, akpe ɖe ŋuwò nàva nye srɔ̃ŋutsu nyui kple ƒome ƒe ta nyui.

18. Nu kae nɔviŋutsu ɖekakpui ate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo be yeava zu vifofo nyui?

18 Vifofo. Ne èɖe srɔ̃a, ɖewohĩ àva nye vifofo. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yehowa gbɔ ale be nànye vifofo nyui? Wosɔ gbɔ. (Ef. 6:4) Yehowa gblɔ na Via Yesu be yelɔ̃e eye eƒe nu dzea ye ŋu. (Mat. 3:17) Ne èva zu vifofoa, ka ɖe edzi na viwòwo edziedzi be yelɔ̃ wo. Nɔ wo kafum ɖe nu nyui siwo wowɔna ta. Vifofo siwo srɔ̃a Yehowa la kpena ɖe wo viwo ŋu be woava zu Kristotɔ siwo tsi le xɔse me. Àte ŋu adzra ɖo fifia ava zu vifofo nyui le etsɔme ne èɖea lɔlɔ̃ fiaa wò ƒomea kple hamea me tɔwo, ètsɔa ɖe le eme na wo, eye nèdea asixɔxɔ wo ŋu. (Yoh. 15:9) Esia akpe ɖe ŋuwò be nàva nye srɔ̃ŋutsu nyui kple vifofo nyui. Eye fifia gɔ̃ hã, ana nàdze nyuie be Yehowa nazã wò, eye nàte ŋu akpe ɖe wò ƒomea kple hamea ŋu.

NU KAE NÀWƆ FIFIA?

Ðekakpui geɖe siwo lɔ̃ faa srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo eye wowɔ ɖe nu siwo wosrɔ̃ dzi la va zu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me (Kpɔ memama 19-​20 lia)

19-20. Nu kae akpe ɖe ɖekakpuiwo ŋu be woava zu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

19 Ðekakpuiwo, miɖo ŋku edzi be ebia agbagbadzedze be ame nayi ŋgɔ ava zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me. Ehiã be nàsrɔ̃ nu tso ame siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo gbɔ, nàtu tamebubuŋutete ɖo, nànye ame si dzi woate ŋu aka ɖo, nàtu ŋutete veviwo ɖo, eye nàdzra ɖo ɖe etsɔme ŋu.

20 Ne èbu nu siwo katã wòle be nàwɔ ŋua, ɖewohĩ àsusu be manya wɔ na ye o. Gake àte ŋui. Ðo ŋku edzi be Yehowa di vevie be yeakpe ɖe ŋuwò. (Yes. 41:​10, 13) Eye nɔvi siwo le hamea me hã li akpe ɖe ŋuwò. Ne èɖo wò taɖodzinua gbɔ eye nèva zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me abe ale si Yehowa dii enea, àkpɔ dzidzɔ geɖe. Ðekakpuiwo, míelɔ̃ mi vevie ŋutɔ! Neva eme be Yehowa nayra mi esi miele agbagba dzem fifia be miava nye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me.—Lod. 22:4.

HADZIDZI 65 Yi Ŋgɔgbe!

a Míehiã nɔviŋutsu siwo tsi le gbɔgbɔ me le Kristo hamea me. Le nyati sia mea, míakpɔ nu siwo nɔviŋutsu ɖekakpuiwo ate ŋu awɔ be woava zu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me.

b Kpɔ “Nyameɖeɖe” si le nyati si do ŋgɔ na esia me.

c Kpɔ Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa, ta 5 kple 6.