Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 52

Ðetugbuiwo​—Miyi Ŋgɔ Miazu Kristotɔ Siwo Tsi Le Gbɔgbɔ Me

Ðetugbuiwo​—Miyi Ŋgɔ Miazu Kristotɔ Siwo Tsi Le Gbɔgbɔ Me

“Nenema kee nyɔnuwo hã [nada] asɔ le nuwɔna me, woanye nuteƒewɔlawo le nu sia nu me.”—1 TIM. 3:11.

HADZIDZI 133 Sɔhɛwo—Misubɔ Yehowa Fifia

NYA VEVIAWO a

1. Nu kae wòle be míawɔ be míazu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me?

 ALE si ɖeviwo tsina kabakabae la wɔ nuku ŋutɔ! Kaka nàkpɔ ko wotsi vɔ. Gake be ame aɖe nava zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me ya mevana le eɖokui si o; ebia agbagbadzedze. b (1 Kor. 13:11; Heb. 6:1) Ehiã be mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. Eye ehiã be eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu míatu nɔnɔme nyuiwo ɖo, míatu ŋutete aɖewo ɖo eye míadzra mía ɖokuiwo ɖo fifia be míate ŋu ava xɔ agbanɔamedziwo le etsɔme.—Lod. 1:5.

2. Nu kae míesrɔ̃ tso 1 Mose 1:​27, eye nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Yehowae wɔ mí katã—ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. (Xlẽ 1 Mose 1:27.) Ŋutsuwo ƒe dzedzeme to vovo na nyɔnuwo tɔ, gake wogato vovo na wo nɔewo le mɔ bubuwo nu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa wɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woƒe wɔƒewo nanɔ vovovo. Eya ta ehiã be wo dometɔ ɖe sia ɖe natu ŋutete vevi aɖewo ɖo ale be wòate ŋu awɔ eƒe wɔƒe nyuie. (1 Mose 2:18) Le nyati sia mea, míakpɔ nu siwo nɔvinyɔnu ɖetugbuiwo ate ŋu awɔ be woava zu ame siwo tsi le gbɔgbɔ me. Eye le nyati si kplɔ esia ɖo mea, míaƒo nu tso ɖekakpuiwo hã ŋu.

TU KRISTOTƆWO ƑE NƆNƆMEWO ÐO

Ne èsrɔ̃ nuteƒewɔla siwo nye Rebeka, Esta, kple Abigail, ƒe nɔnɔme nyuiwoa, akpe ɖe ŋuwò nànye nɔvinyɔnu si tsi le gbɔgbɔ me (Kpɔ memama 3-4 lia)

3-4. Afi kae ɖetugbuiwo ate ŋu akpɔ kpɔɖeŋu nyuiwo le asrɔ̃? (Kpɔ fotoa hã.)

3 Biblia ƒo nu tso nyɔnu nuteƒewɔla siwo lɔ̃ Yehowa eye wosubɔe dometɔ geɖe ŋu. (Kpɔ nyati si nye “Women in the Bible—What Can We Learn From Them?” alo « Les femmes dans la Bible : que pouvons-​nous apprendre d’elles ? » le jw.org.) Abe ale si mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo de dzi ƒoe enea, nyɔnu mawo ‘da sɔ le nuwɔna me, eye wonye nuteƒewɔlawo le nu sia nu me.’ Azɔ hã, nɔvinyɔnu nuteƒewɔlawo le míaƒe hamewo me, siwo ƒe kpɔɖeŋu nɔvinyɔnu ɖetugbuiwo ate ŋu asrɔ̃.

4 Nɔvinyɔnu ɖetugbuiwo, ɖe mienya nɔvinyɔnu kpɔnuteƒe aɖewo siwo ƒe kpɔɖeŋu miate ŋu asrɔ̃a? Mide dzesi woƒe nɔnɔme nyuiwo, eye miade ŋugble le ale si miate ŋu asrɔ̃ woƒe nɔnɔmea ŋu. Le memama siwo gbɔna mea, míadzro nɔnɔme vevi etɔ̃ siwo wòhiã be nɔvinyɔnuwo natu ɖoa me.

5. Nu ka tae wòle vevie be nyɔnu Kristotɔ nabɔbɔ eɖokui?

5 Be míanye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ mea, ehiã vevie be míabɔbɔ mía ɖokui. Ne nyɔnu bɔbɔ eɖokuia, ƒomedodo nyui anɔ eya kple Yehowa dome, eye eya kple ame bubuwo dome hã anɔ nyuie. (Yak. 4:6) Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu si lɔ̃ Yehowa alɔ̃ faa abɔbɔ ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si Fofoa si le dziƒo wɔa te. (1 Kor. 11:3) Tanyenye ƒe ɖoɖo ma wɔa dɔ le hamea kple ƒomea siaa me. c

6. Aleke ɖetugbuiwo ate ŋu asrɔ̃ Rebeka ƒe ɖokuibɔbɔ?

6 Bu Rebeka ŋu kpɔ. Eƒe nuwɔnawo ɖee fia be edze nunya, enya nu si wòle be yeawɔ ɣesiaɣi, eye dzi nɔa eƒo wòɖea afɔ si sɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (1 Mose 24:58; 27:​5-17) Ke hã, ebɔbɔ eɖokui eye wòdea bubu ame ŋu. (1 Mose 24:​17, 18, 65) Ne èbɔbɔa ɖokuiwò abe Rebeka ene eye nèkpea asi ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ ŋua, ànye kpɔɖeŋu nyui le wò ƒomea kple hamea siaa me.

7. Aleke ɖetugbuiwo ate ŋu asrɔ̃ Esta ƒe kpɔɖeŋua?

7 Be míanye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ mea, ehiã vevie hã be míanya afi si míaƒe ŋutete se ɖo. Biblia gblɔ be “ame siwo nyaa afi si woƒe ŋutete se ɖo la si mee nunya le.” (Lod. 11:2) Esta nye mawusubɔla wɔnuteƒe si nya afi si eƒe ŋutete se ɖo. Esia wɔe be esi wòva zu fianyɔnu gɔ̃ hãa, medo eɖokui ɖe dzi o, ke boŋ elɔ̃ faa wɔ ɖe aɖaŋu si eƒe ƒometɔ tsitsi Mordekai ɖo nɛ dzi. (Esta 2:​10, 20, 22) Àte ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua ne èlɔ̃na faa biaa aɖaŋuɖoɖo eye nèwɔna ɖe edzi.—Tito 2:​3-5.

8. Le 1 Timoteo 2:​9, 10 ƒe nya nua, aleke wòle be nɔvinyɔnu nadzra ɖo?

8 Mɔ bubu si nu Esta ɖee fia le be yenya afi si yeƒe ŋutete se ɖoe nye be, togbɔ be “[enya] kpɔ hedze tugbe ŋutɔ” hãa, mehe susu va eɖokui dzi madzemadzee o. (Esta 2:​7, 15) Aleke nɔvinyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ Esta ƒe kpɔɖeŋua? Mɔ ɖekae nye be woawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le 1 Timoteo 2:​9, 10 dzi. (Xlẽe.) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu nyɔnu Kristotɔwo be woado awu alo adzra ɖo le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me. Helagbe me nya si Paulo zã fia be nyɔnu Kristotɔwo nadzra ɖo ale be bubu nanɔ wo ŋu eye woƒe nudodo naɖee afia be wode bubu amewo ƒe seselelãmewo ŋu. Míekpɔa dzidzɔ ɖe mía nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me eye wowɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi doa awu le nɔnɔme nyui mea ŋu ŋutɔ!

9. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Abigail gbɔ?

9 Be nyɔnu Kristotɔ natsi le gbɔgbɔ mea, ehiã vevie hã be wòanye nugɔmesela. Nu kae wòfia be ame nanye nugɔmesela? Efia be ame nadze aɖaŋu, wòate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome eye wòatiae be yeawɔ nyuia. Bu Abigail ŋu kpɔ. Srɔ̃a wɔ nyametsotso aɖe si agblẽ nu le ƒome bliboa ŋu vevie. Gake Abigail dze aɖaŋu eye wòɖe afɔ enumake. Esia xɔ wo ɖe agbe. (1 Sam. 25:​14-23, 32-35) Nugɔmesese akpe ɖe míawo hã ŋu be míanya ɣeyiɣi si míaƒo nu kple ɣeyiɣi si míazi ɖoɖoe. Eye ana míanya ale si míakpe ɖe amewo ŋu, evɔ mímaɖia wo nu o.—1 Tes. 4:11.

TU ŊUTETE VEVI AÐEWO ÐO

Aleke nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuie le vi ɖem na wòe? (Kpɔ memama 11 lia)

10-11. Vi kae wòaɖe na wò ŋutɔ kple ame bubuwo ne ènya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuie? (Kpɔ fotoa hã.)

10 Ehiã be nyɔnu Kristotɔ natu ŋutete vevi aɖewo ɖo. Ne nyɔnuvi srɔ̃ nu vevi aɖewo wɔwɔ tso eƒe ɖevime kea, aɖe vi nɛ le eƒe agbe me katã. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

11 Srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuie. Le teƒe aɖewoa, womekpɔnɛ be ehiã be nyɔnu nasrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o. Gake ehiã eye wòle vevie be Kristotɔ ɖe sia ɖe nanya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. d (1 Tim. 4:13) Eya ta dze agbagba nàsrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ, ne esia wɔwɔ sesẽ na wò gɔ̃ hã. Aleke wòaɖe vi na wòe? Ne ènya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔa, àte ŋu akpɔ dɔ aɖewo awɔ. Azɔ hã, ana ale si nèsrɔ̃a Biblia kple ale si nèfiaa nui naganyo ɖe edzi. Vevietɔ wua, Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu ana nàgate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu.—Yos. 1:8; 1 Tim. 4:15.

12. Aleke Lododowo 31:26 akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ ale si nàƒo nu na ame?

12 Srɔ̃ ale si nàɖo dze kple amewo. Ele be Kristotɔwo nasrɔ̃ ale si woaƒo nu na ame kple ale si woaɖo to ne ame aɖe le nu ƒom. Nusrɔ̃la Yakobo ɖo aɖaŋu na mí tso nya sia ŋu be: “Ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.” (Yak. 1:19) Ne ame aɖe le nu ƒom na wò eye nèɖo toe nyuiea, efia be èbu amea ŋu eye ‘èse veve ɖe enu.’ (1 Pet. 3:8) Ne mèse amea ƒe nyawo gɔme nyuie o alo mènya ale si tututu wòle sesem le eɖokui me oa, bia nya siwo sɔ lae. Eyome tɔ sẽe nàde ŋugble tso nyaa ŋu nyuie hafi aƒo nu. (Lod. 15:​28, etenuŋɔŋlɔ) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nya si medi be magblɔa nye nyateƒea, eye ɖe wòatu ame ɖoa? Ðe wòaɖee afia be mebu amea ŋu hede bubu eŋua?’ Lé to ɖe nɔvinyɔnu siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le esia me ŋu eye nàsrɔ̃ wo. (Xlẽ Lododowo 31:26.) Ne èwɔe alea, wò kple amewo dome anyo.

Nɔvinyɔnu si srɔ̃ ale si wòakpɔ aƒe dzi nyuie la wɔa akpa vevi aɖe le ƒomea kple hamea me (Kpɔ memama 13 lia)

13. Aleke nàwɔ anya ale si nàkpɔ aƒe dzi? (Kpɔ fotoa hã.)

13 Srɔ̃ ale si nàkpɔ aƒe dzi. Le teƒe geɖewoa, nyɔnuwoe wɔa aƒemedɔ gbogbotɔ. Nɔwò alo nɔvinyɔnu kpɔnuteƒe aɖe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ ale si nàkpɔ aƒe dzi nyuie. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Cindy gblɔ be: “Nu vevi aɖe si mesrɔ̃ tso nɔnye gbɔe nye be dɔ sesẽ wɔwɔ nana ame kpɔa dzidzɔ. Nɔnye fiam nuɖaɖa, nukpɔkplɔ, nutɔtɔ, kple ale si maɖi asi. Esia na agbea le bɔbɔe nam fifia eye mete ŋu le geɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me. Azɔ hã, nɔnye fiam ale si mawɔ amedzro, eye esia kpe ɖe ŋunye medze xɔlɔ̃ nɔvi geɖe siwo ƒe kpɔɖeŋu mate ŋu asrɔ̃.” (Lod. 31:​15, 21, 22) Nɔvinyɔnu siwo doa vevie nu eye wowɔa amedzro hekpɔa aƒe dzi nyuie la wɔa akpa vevi aɖe le woƒe ƒomea kple hamea me.—Lod. 31:​13, 17, 27; Dɔw. 16:15.

14. Nu kae nèsrɔ̃ tso Crystal ƒe nyawo me, eye nu ka ŋue wòle be nàlé fɔ ɖo?

14 Srɔ̃ ale si nàwɔ dɔ akpɔ wò nuhiahiã aɖewo gbɔ. Ele be Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me nate ŋu awɔ nanewo le eɖokui si eye nu siwo le esi nadze eŋu. (Flp. 4:11) Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Crystal gblɔ be: “Dzinyelawo kpe ɖe ŋunye metia nu siwo mava srɔ̃ le sekɛndrisuku (lycée), siwo ava ɖe vi nam le etsɔme. Tɔnye de dzi ƒo nam be masrɔ̃ nu tso gakɔntabubu ŋu, eye esia va ɖe vi nam ŋutɔ.” Tsɔ kpe ɖe nu siwo nàsrɔ̃ le suku be nàte ŋu akpɔ dɔ awɔ ŋua, anyo be nàsrɔ̃ ale si nàwɔ ɖoɖo ɖe gazazã ŋu eye nàzɔ ɖe edzi pɛpɛpɛ. (Lod. 31:​16, 18) Ne nu siwo le asiwò dze ŋuwò eye nèƒo asa na fenyinyia, awɔe be nàlé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu.—1 Tim. 6:8.

DZRA ÐO ÐE ETSƆME ŊU

15-16. Nu ka tae míedea asixɔxɔ mía nɔvinyɔnu trewo ŋu? (Marko 10:​29, 30)

15 Ne ètu Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo ɖo eye nèsrɔ̃ nu vevi aɖewo wɔwɔa, àsu te nyuie atsɔ agbanɔamedziwo le etsɔme. Wo dometɔ aɖewoe nye kawo?

16 Àte ŋu atiae be yeanɔ tre hena ɣeyiɣi aɖe. Abe ale si Yesu gblɔe enea, nɔvinyɔnu aɖewo tiae be yewomaɖe srɔ̃ o, togbɔ be woƒonɛ ɖe nyɔnuwo nu le woƒe nutoa me be woaɖe srɔ̃ hã. (Mat. 19:​10-12) Ðewo hã tiae be yewomaɖe srɔ̃ o le susu bubuwo ta. Ka ɖe edzi be Yehowa kple Yesu dea asixɔxɔ ŋuwò ne mèɖe srɔ̃ o gɔ̃ hã. Nɔvinyɔnu trewo wɔa akpa vevi aɖe le hameawo me le xexea me godoo. Esi nɔvinyɔnu siawo lɔ̃a ame eye wotsɔa ɖe le eme na ame taa, wova zu dadawo kple nɔvinyɔnuwo na ame geɖe.—Xlẽ Marko 10:​29, 30; 1 Tim. 5:2.

17. Nu kawoe ɖetugbui ate ŋu awɔ fifia atsɔ adzra ɖo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

17 Àte ŋu ava nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Nɔvinyɔnuwo wɔa geɖe ŋutɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Ps. 68:11) Ðe nàte ŋu aɖoe fifia be yeava wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa? Àte ŋu aɖoe wò taɖodzinu be yeava wɔ mɔɖeɖedɔa, yeakpe asi ɖe xɔtudɔwo ŋu, alo yeasubɔ le Betel. Do gbe ɖa tso wò taɖodzinua ŋu. Ðo dze kple ame siwo ɖo taɖodzinu ma gbɔ, eye nàde dzesi nu siwo wòhiã be nàwɔ be nàɖo egbɔ. De ɖoɖo aɖewo koŋ to me, siwo dzi nàzɔ ɖo be nàɖo taɖodzinua gbɔ. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa aʋu mɔnukpɔkpɔ na wò be nàwɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me.

Ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la, ɖɔ ŋu ɖo le ame si nàtia ŋu (Kpɔ memama 18 lia)

18. Nu ka tae wòle be nɔvinyɔnu naɖɔ ŋu ɖo ne èle ame si wòaɖe tiam? (Kpɔ fotoa hã.)

18 Àte ŋu atiae be yeaɖe srɔ̃. Nu siwo me míedzro va yi akpe ɖe ŋuwò nànye srɔ̃nyɔnu zazɛ̃. Ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bumaa, ɖɔ ŋu ɖo le ame si nàtia ŋu, elabe esia nye nyametsotso vevitɔ siwo nàwɔ dometɔ ɖeka. Ðo ŋku edzi be àva nɔ nɔviŋutsu si nàɖe ƒe tanyenye te. (Rom. 7:2; Ef. 5:​23, 33) Eya ta bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòtsi le gbɔgbɔ mea? Mawusubɔsubɔe nye nu vevitɔ nɛ le agbe mea? Ðe wòtsoa nya me le nunya mea? Ðe wòlɔ̃na ɖe eƒe vodadawo dzia? Ðe wòdea bubu nyɔnuwo ŋua? Ðe wòsu te akpe ɖe ŋunye masubɔ Yehowa? Ðe wòate ŋu akpɔ nye ŋutilãme kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔa? Ðe wòwɔa eƒe dɔdeasiwo nyuiea? Le kpɔɖeŋu me, dɔ kawoe wode esi le hamea me, eye aleke wòle wo wɔmee?’ (Luka 16:10; 1 Tim. 5:8) Gake ɖo ŋku edzi be ne èdi be yeakpɔ nɔviŋutsu nyui aɖea, ele be wò ŋutɔ hã nàwɔ nu siwo ana nàva nye srɔ̃nyɔnu nyui.

19. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be bubu le “kpeɖeŋutɔ” ƒe ɖoƒe si le srɔ̃nyɔnuwo si ŋu?

19 Biblia gblɔ be srɔ̃nyɔnu nyui nye “kpeɖeŋutɔ” na srɔ̃a. (1 Mose 2:18) Ðe ema fia be srɔ̃nyɔnuwo ƒe wɔƒe mele vevie oa? Kura o! Woƒe wɔƒe le vevie eye bubu le eŋu. Le nyateƒe mea, Biblia yɔ Yehowa ɣeaɖewoɣi be “kpeɖeŋutɔ.” (Heb. 13:6) Srɔ̃nyɔnu si nye kpeɖeŋutɔ nyui la wɔa nu aduadu kple srɔ̃a eye wòkpea asi ɖe eŋu wowɔa eƒe nyametsotsowo dzi. Esi wòlɔ̃ Yehowa taa, etoa eƒe nuwɔna dzi nana ŋkɔ nyui nɔa srɔ̃aŋutsua ŋu. (Lod. 31:​11, 12; 1 Tim. 3:11) Àte ŋu adzra ɖo fifia be nàva nye srɔ̃nyɔnu nyui ma tɔgbi ne èlɔ̃ Yehowa vevie eye nèlɔ̃na faa be yeakpe asi ɖe amewo ŋu le miaƒe ƒomea kple hamea me.

20. Ne ènye vidada nyuia, aleke wòaɖe vi na wò ƒomea?

20 Àte ŋu ava zu vidada. Ne èva ɖe srɔ̃a, ate ŋu adzɔ be wò kple srɔ̃wò miadzi vi. (Ps. 127:3) Eya ta anyo be nàdzra ɖo fifia be nàte ŋu ava zu vidada nyui. Nu siwo me míedzro le nyati sia me akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ esia. Ne èlɔ̃a ame, ènyoa dɔme, eye nègbɔa dzi ɖia, wò ƒomea me tɔwo akpɔ dzidzɔ eye viwòwo ase le wo ɖokuiwo me be yewole dedie.—Lod. 24:3.

Ðetugbui siwo lɔ̃ faa srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo eye wowɔ ɖe nu siwo wosrɔ̃ dzi la va zu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me (Kpɔ memama 21 lia)

21. Aleke míesena le mía ɖokui me tso mía nɔvi ɖetugbuiwo ŋu, eye nu ka tae? (Kpɔ foto siwo le akpaa dzi.)

21 Mía nɔvi ɖetugbui lɔlɔ̃awo, míelɔ̃ mi vevie ɖe nu siwo katã miewɔna na Yehowa kple eƒe amewo ta. (Heb. 6:10) Miedzea agbagba tua nɔnɔme nyuiwo ɖo. Miekua kutri tua ŋutete aɖewo ɖo eye esia ɖea vi na mia ŋutɔwo, miaƒe ƒomea kple hamea hã. Eye miedzraa mia ɖokuiwo ɖo fifia be miate ŋu atsɔ agbanɔamedziwo le etsɔme. Miexɔ asi na Yehowa ƒe habɔbɔa ale gbegbe!

HADZIDZI 137 Nyɔnu Nuteƒewɔlawo, Nɔvinyɔnu Kristotɔwo

a Mía nɔvi ɖetugbuiwo, miele vevie na mí ŋutɔ le hamea me. Be miava zu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ mea, ehiã be miasrɔ̃ nɔnɔme nyui aɖewo, miatu ŋutete aɖewo ɖo, eye miadzra mia ɖokuiwo ɖo fifia be miasu te atsɔ agbanɔamedziwo le etsɔme. Ne miewɔe alea, Yehowa ayra mi geɖe.

b NYAMEÐEÐE: Mawu ƒe gbɔgbɔa ye fiaa mɔ Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me, ke menye xexemenunya o. Esrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua, edzea agbagba be ye kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli, eye wòɖea lɔlɔ̃ akuakua fiana.