Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 51

Mɔkpɔkpɔ Si Le Asiwò Ava Eme

Mɔkpɔkpɔ Si Le Asiwò Ava Eme

“Mɔkpɔkpɔ menana ame ɖua ŋukpe o.”—ROM. 5:5.

HADZIDZI 142 Míalé Míaƒe Mɔkpɔkpɔa Me Ðe Asi Sesĩe

NYA VEVIAWO a

1. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be esɔ be Abraham nɔ mɔ kpɔm vevie be woadzi ŋutsuvi na ye?

 YEHOWA do ŋugbe na exɔlɔ̃ Abraham be yeato eƒe dzidzimevi dzi ayra anyigbadzidukɔwo katã. (1 Mose 15:5; 22:18) Esi Abraham xɔ Mawu dzi se bliboe taa, eka ɖe edzi be eƒe ŋugbedodoa ava eme. Gake esi Abraham xɔ ƒe 100 eye srɔ̃a xɔ ƒe 90 gɔ̃ hã, vi menɔ wo si o. (1 Mose 21:​1-7) Ke hã, Biblia gblɔ be: ‘Le mɔkpɔkpɔ ta la, Abraham xɔe se be yeazu dukɔ geɖewo fofo le nya si wogblɔ ɖi la nu.’ (Rom. 4:18) Míenya be nu si Abraham nɔ mɔ kpɔm na la va eme. Wodzi ŋutsuvi nɛ, si ŋkɔe nye Isak. Nu kae na Abraham ka ɖe edzi be Yehowa awɔ ɖe ŋugbe si wòdoa dzi?

2. Nu kae na Abraham ka ɖe edzi be ŋugbe si Yehowa do ava eme?

2 Abraham nya Yehowa nyuie eya ta ‘eka ɖe edzi bliboe be nu si ŋugbe wòdoa’ ava eme. (Rom. 4:21) Le xɔse si Abraham ɖe fia taa, eƒe nu dze Yehowa ŋu eye wòbui ame dzɔdzɔe. (Yak. 2:23) Gake abe ale si wòdze le Romatɔwo 4:18 enea, kadodo le Abraham ƒe xɔse kple eƒe mɔkpɔkpɔ dome. Le Romatɔwo ta 5 lia mea, apostolo Paulo yi edzi ƒo nu tso mɔkpɔkpɔ ŋu. Na míadzro eƒe nyawo me.

3. Nya kae Paulo gblɔ tso mɔkpɔkpɔ ŋu?

3 Paulo na míekpɔ nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be ‘míaƒe mɔkpɔkpɔ mana míaɖu ŋukpe o.’ (Rom. 5:5) Ena míese egɔme hã be mɔkpɔkpɔ si le mí Kristotɔwo si la me agate ŋu asẽ ɖe edzi. Paulo gblɔ ale si esia dzɔnae le Romatɔwo 5:​1-5. Esi míele eme dzroma, de ŋugble le ale si esia dzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò ŋu. Àde dzesii be tso esime nèxɔ nyateƒea va se ɖe fifia, wò mɔkpɔkpɔa me gasẽ ɖe edzi. Azɔ hã àkpɔ nu si nàte ŋu awɔ be wò mɔkpɔkpɔa me nagasẽ ɖe edzi wu ale si wòle fifia. Gake gbãa, míadzro mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe si Paulo gblɔ be menana ame ɖua ŋukpe oa me.

MÍAƑE MƆKPƆKPƆ WƆNUKU LA

4. Nu ka dzie Paulo he susu yii le Romatɔwo 5:​1, 2?

4 Xlẽ Romatɔwo 5:​1, 2. Paulo ŋlɔ nya mawo na hame si nɔ Roma. Nɔvi siwo nɔ Roma srɔ̃ nu tso Yehowa kple Yesu ŋu hexɔ wo dzi se eye esia ʋã wo wova zu Kristotɔwo. Esia ta Mawu ‘bu wo ame dzɔdzɔewo to xɔse me,’ eye wòtsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo. Tso ɣemaɣia, mɔkpɔkpɔ tɔxɛ si ŋu kakaɖedzi le va su wo si.

5. Mɔkpɔkpɔ kae le Kristotɔwo amesiaminawo si?

5 Emegbe Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kristotɔ amesiamina siwo le Efeso eye wòhe woƒe susu yi mɔkpɔkpɔ si ŋugbe Mawu do na wo dzi. Egblɔ na wo be woaxɔ “domenyinu [si li] na ame kɔkɔewo.” (Ef. 1:18) Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kolosetɔwo hã tsɔ he woƒe susu yi afi si woƒe mɔkpɔkpɔa ava eme na wo lea dzi. Egblɔ na wo be ‘wodzra mɔkpɔkpɔ ma ɖo ɖi na wo le dziƒowo.’ (Kol. 1:​4, 5) Esia ɖee fia be mɔkpɔkpɔ si le Kristotɔ amesiaminawo si ye nye be woafɔ wo ɖe tsitre woava nɔ agbe tegbee le dziƒo eye woaɖu fia kple Kristo.—1 Tes. 4:​13-17; Nyaɖ. 20:6.

Nɔviŋutsu F. W. Franz gblɔ ale si Kristotɔ amesiaminawo ka ɖe woƒe mɔkpɔkpɔa dzii (Kpɔ memama 6 lia)

6. Nya kae nɔviŋutsu aɖe si nye amesiamina gblɔ tso eƒe mɔkpɔkpɔa ŋu?

6 Kristotɔ amesiaminawo dea asixɔxɔ woƒe mɔkpɔkpɔa ŋu. Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Nɔviŋutsu Frederick Franz, gblɔ ale si wòse le eɖokui me tso mɔkpɔkpɔ ma ŋu be: “Kakaɖedzi le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu eye ava eme bliboe na ha sue la me tɔ 144,000 la dometɔ ɖe sia ɖe wòade ŋgɔ wu nu si míesusu gɔ̃ hã.” Nɔviŋutsu Franz subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe. Le ƒe 1991 mea, egblɔ kakaɖedzitɔe be: “Mɔkpɔkpɔ ma ƒe asixɔxɔ mebu ɖe mí . . . o. Eye míele ŋudzedze kpɔm ɖe eŋu geɖe wu zi ale si wòhiã be míalala eƒe vava geɖe wu la. Enye nane si dze be míalala eƒe vava ne axɔ ƒe miliɔn ɖeka gɔ̃ hã. Medea asixɔxɔ gã míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu wu tsã.”

7-8. Mɔkpɔkpɔ kae le Yehowa subɔla geɖe si? (Romatɔwo 8:​20, 21)

7 Mɔkpɔkpɔ bubue le ame akpa gãtɔ siwo le Yehowa subɔm egbea ya si. Mɔkpɔkpɔ mae nɔ Abraham si—eyae nye agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi le Mawu Fiaɖuƒea te. (Heb. 11:​8-10, 13) Paulo ŋlɔ nu tso dzidzɔ gã si le ame siwo si mɔkpɔkpɔ sia lea lalam ŋu. (Xlẽ Romatɔwo 8:​20, 21.) Esi nèva srɔ̃ nu tso yayra siwo míakpɔ le etsɔme ŋu zi gbãtɔ le Biblia mea, kae lé dzi na wò wu? Ale si nàva de blibo eye nu vɔ̃ maganɔ ŋuwò o yea? Alo ale si woafɔ wò ame vevi siwo ku ɖe tsitre woanɔ agbe tegbee le paradiso me yea? Le ŋugbe si Mawu do na mí taa, nu nyui geɖewo li nàte ŋu anɔ mɔ kpɔm na.

8 Míeɖale mɔ kpɔm be míava nɔ agbe tegbee le dziƒo alo anyigba dzi o, míaƒe mɔkpɔkpɔa le etɔxɛ eye esia nana dzi dzɔa mí. Gake míaƒe mɔkpɔkpɔa me agate ŋu asẽ ɖe edzi. Nya siwo Paulo gblɔ kplɔe ɖoa ɖe ale si esia ate ŋu adzɔe me. Mina míadzro eƒe nyawo me. Esia ana míagaka ɖe edzi geɖe wu be nu siwo míele mɔ kpɔm na ava eme godoo.

ALE SI MÍAƑE MƆKPƆKPƆA ME GASẼNA ÐE EDZI

Kristotɔwo katã ato xaxa me (Kpɔ memama 9-10 lia)

9-10. Abe ale si Paulo gblɔe enea, nu kawo mee Kristotɔwo ato? (Romatɔwo 5:3) (Kpɔ fotoawo hã.)

9 Xlẽ Romatɔwo 5:3. Paulo gblɔ be ne míele xaxawo me tom la, etea ŋu wɔnɛ be míaƒe mɔkpɔkpɔa me gasẽna ɖe edzi. Ðewohĩ esia awɔ nuku na mí. Gake nya lae nye be, Kristo yomedzelawo katã ato xaxa aɖe sinu me. Bu Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ na Tesalonikatɔwo be: “Esi míenɔ mia gbɔ la, míegblɔnɛ na mi be míato xaxa me tsã, eye esiae le eme vam.” (1 Tes. 3:4) Eye wòŋlɔe na Korintotɔwo hã be: “Míedi be xaxa si me míeto . . . la nanɔ manyamanya na mi o. . . . Míegaka ɖe edzi be míatsi agbe gɔ̃ hã o.”—2 Kor. 1:8; 11:​23-27.

10 Kristotɔ siwo li egbea hã ato xaxa aɖe me kokoko. (2 Tim. 3:12) Ðe woti yowòme kpɔ le esi nèxɔ Yesu dzi se hedze eyome ta? Ðewohĩ xɔ̃wòwo kple wò ƒometɔwo ɖu fewu le ŋuwò, eye womewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o. Ðe ale si nèɖia anukware wɔe be wò dɔtɔ alo dɔwɔhatiwo melɔ̃a wò nya oa? (Heb. 13:18) Ðe dziɖuɖua tsi tre ɖe ŋuwò le esi nègblɔa mɔkpɔkpɔ si le asiwò ŋu nya na amewo ta? Xaxa ka kee ɖava mía dzi o, Paulo gblɔ be dzi nedzɔ mí. Nu ka tae?

11. Nu ka tae wòhiã be míaɖoe kplikpaa be míado dzi?

11 Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne míele xaxawo me tom elabe míenya be akpe ɖe mía ŋu míatu nɔnɔme vevi aɖe ɖo. Abe ale si Romatɔwo 5:3 gblɔe enea, “xaxa hea dzidodo vanɛ.” Kristotɔwo katã ato xaxa aɖe sinu me, eya ta ele be míaɖoe kplikpaa ado dzi. Ne míedo dzi eye míeyi edzi subɔ Yehowa la, ema ko hafi nu siwo míele mɔ kpɔm na asu mía si. Mímedi be míanɔ abe ame siwo nɔ susu me na Yesu esi wònɔ nu ƒom tso nuku siwo ge ɖe kpenyigba dzi la ene o. Woxɔa nyaa kple dzidzɔ enumake, gake “ne xaxa alo yometiti va” la, wodea megbe. (Mat. 13:​5, 6, 20, 21) Le nyateƒe mea, menɔa bɔbɔe ne xaxawo alo yometiti va mía dzi o, gake ne míedo dzia, eɖea vi geɖe. Le mɔ ka nu?

12. Viɖe kawoe míakpɔ ne míedoa dzi le xaxawo me?

12 Nusrɔ̃la Yakobo ƒo nu tso viɖe siwo dzidodo hena vanɛ ŋu. Egblɔ be: “Mina dzidodo nawu eƒe dɔwɔwɔ nu bliboe, ale be mianɔ blibo, eye miade keŋkeŋ le goawo katã me, eye naneke nagahiã mi o.” (Yak. 1:​2-4) Le Yakobo ƒe nya nua, taɖodzinu aɖe li si gbɔ wòle be dzidodo naɖo. Eyae nye be akpe ɖe ŋuwò nàtu nɔnɔme nyuiwo abe dzigbɔɖi kple xɔse ene ɖo. Akpe ɖe ŋuwò hã be nàgaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu geɖe wu. Ne míedoa dzia, eɖea vi na mí le mɔ vevi bubu aɖe hã nu.

13-14. Ne míedo dzia, vi kae wòaɖe? (Romatɔwo 5:4)

13 Xlẽ Romatɔwo 5:4. Paulo gblɔ be dzidodo “hea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu vanɛ.” Eya ta ne èdo dzia, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò. Esia mefia be edzɔa dzi na Yehowa ne èle xaxawo alo kuxiwo me tom o. Ke boŋ ekpɔa dzidzɔ ɖe ŋuwò, le esi nèdo dzi nuteƒewɔwɔtɔe ta. Ðe esia mede dzi ƒo ŋutɔ oa?—Ps. 5:12.

14 Ðo ŋku edzi be Abraham to xaxawo me, eye esi wòyi edzi do dzi wɔ nuteƒea, Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Yehowa yɔe be ye xɔlɔ̃ eye wòbui ame dzɔdzɔe. (1 Mose 15:6; Rom. 4:​13, 22) Ate ŋu anɔ alea na míawo hã. Menye dɔ si gbegbe míewɔna alo afi si míele subɔsubɔm le ye ana míaƒe nu nadze Mawu ŋu o. Ke boŋ ekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu le esi míedoa dzi nuteƒewɔwɔtɔe ta. Mí katã míate ŋu ado dzi, metsɔ le ƒe si míexɔ, nɔnɔme si me tom míele alo ŋutete si le mía si me o. Ðe nèle dzi dom nuteƒewɔwɔtɔe le nɔnɔme sesẽ aɖe me fifia? Ne nenemae la, wò dzi nedze eme elabe wò dzidodoa na wò nu dzea Mawu ŋu. Esia nyanya ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse eye wòana míaƒe mɔkpɔkpɔa me nagasẽ ɖe edzi.

MÍAƑE MƆKPƆKPƆA MENANA AME ÐUA ŊUKPE O

15. Nu ka tae Paulo gaƒo nu tso mɔkpɔkpɔ ŋu le Romatɔwo 5:​4, 5?

15 Míaƒe nu dzea Yehowa ŋu ŋutɔ ne míeyi edzi wɔ nuteƒe eye míedo dzi le xaxawo me. De dzesi ale si Paulo yi eƒe nyaa dzii. Egblɔ be: “Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu hã hea mɔkpɔkpɔ vanɛ, eye mɔkpɔkpɔ menana ame ɖua ŋukpe o.” (Rom. 5:​4, 5) Do ŋgɔa, Paulo gblɔ le Romatɔwo 5:2 be Kristotɔ siwo le Roma ka ɖe edzi be yewoƒe asi asu “Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ” la dzi. Ke nu ka tae wògaƒo nu tso mɔkpɔkpɔ ŋu ake? Nu si tae nye be togbɔ be Kristotɔ mawo ka ɖe woƒe mɔkpɔkpɔa dzi xoxo hãa, nanewo li woate ŋu awɔ be woagaka ɖe edzi geɖe wu.

Mɔkpɔkpɔ si su asiwò esi nèse nyateƒea zi gbãtɔ me va sẽ ɖe edzi, èka ɖe edzi bliboe, eye nèkpɔa ŋudzedze ɖe eŋu geɖe wu (Kpɔ memama 16-17 lia)

16. Aleke míewɔna kana ɖe míaƒe mɔkpɔkpɔa dzi geɖe wu? (Kpɔ fotoawo hã.)

16 Ale si ko ati tsinae la, nenema kee míaƒe mɔkpɔkpɔa me gasẽna ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, èɖo ŋku zi gbãtɔ si nèsrɔ̃ nu tso mɔkpɔkpɔ si le Mawu ƒe Nyaa me ŋu dzia? Ðewohĩ ɣemaɣia, mèka ɖe edzi tututu o. Gake esi nèva le nu geɖe srɔ̃m tso Yehowa kple ŋugbe siwo wòdo ŋua, èva ka ɖe edzi geɖe wu be mɔkpɔkpɔ sia nye nu ŋutɔŋutɔ si ava eme.

17. Aleke wò mɔkpɔkpɔa yia edzi nɔa sesẽm ɖe edzi le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe?

17 Le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbea, èva nya Yehowa nyuie wu eye nèva lɔ̃e ɖe edzi. Esia wɔe be nèva ka ɖe nu siwo nèle mɔ kpɔm naa dzi geɖe wu. (Heb. 5:13–6:1) Ànya to nɔnɔme siwo ŋu woƒo nu tsoe le Romatɔwo 5:​2-4 me kpɔ. Xaxa vovovowo va dziwò, gake èdo dzi eye ède dzesii be Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu. Esi nènya be Mawu lɔ̃ wò eye wò nu dzea eŋu taa, ègaka ɖe edzi geɖe wu be awɔ ŋugbe siwo wòdoa dzi. Esia wɔe be wò mɔkpɔkpɔa me gasẽ wu ale si wònɔ tsã. Eva zu nu ŋutɔŋutɔ si nèle mɔ kpɔm na vevie eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi; ale si nèwɔa nu ɖe wò ƒometɔwo ŋu, ale si nètsoa nya me, kple ale si nèzãa wò ɣeyiɣi gɔ̃ hã dzi.

18. Kakaɖedzinya kae Yehowa gblɔ?

18 Fifia esi nède dzesii be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ŋuwòa, mɔkpɔkpɔ si le asiwòa va le etɔxɛ. Paulo ka ɖe edzi na wò be wò mɔkpɔkpɔa ava eme. Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi? Egblɔ kakaɖedzinya si tso Yehowa gbɔ na Kristotɔwo ale: “Mɔkpɔkpɔ menana ame ɖua ŋukpe o; elabena wokɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe míaƒe dziwo me to gbɔgbɔ kɔkɔe si wona mí la dzi.” (Rom. 5:5) Àte ŋu aka ɖe wò mɔkpɔkpɔa dzi bliboe.

19. Nu ka dzie nàte ŋu aka ɖo?

19 Bu ŋugbe si Yehowa Mawu do na Abraham kple ale si Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu eye wòbui be enye ye xɔlɔ̃a ŋu kpɔ. Nu si Abraham kpɔ mɔ naa va eme. Biblia gblɔ be: “Esi Abraham gbɔ dzi ɖi la, eƒe asi su ŋugbedodo sia dzi.” (Heb. 6:15; 11:​9, 18; Rom. 4:​20-22) Meɖu ŋukpe kura o. Wò hã àte ŋu aka ɖe edzi be ne èyi edzi wɔ nuteƒea, wò asi asu nu si nèle mɔ kpɔm naa dzi. Paulo gblɔ be: “Mawu si naa mɔkpɔkpɔ la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã ayɔ mi fũu le esi miexɔ edzi se ta, ale be mɔkpɔkpɔ nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi le gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.” (Rom. 15:13) Eya ta yi edzi nàkpɔ dzidzɔ elabe wò mɔkpɔkpɔa ava eme godoo!—Rom. 12:12.

HADZIDZI 139 Kpɔ Ðokuiwò Le Xexe Yeyea Me

a Le nyati sia mea, míade dzesi mɔkpɔkpɔ si le mí Kristotɔwo si kple nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be ava eme. Romatɔwo ta 5 lia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si mɔkpɔkpɔ si su mía si me va sẽ ɖe edzi tso esime míedze nyateƒea sɔsrɔ̃ gɔme.