Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Mawu Ƒe Susu Le Aha Sesẽ Ŋu Nafia Mɔ Wò

Na Mawu Ƒe Susu Le Aha Sesẽ Ŋu Nafia Mɔ Wò

ÐIKEKE mele eme o be èkpɔa dzidzɔ ɖe nunana nyui siwo Yehowa na wòa ŋu; ablɔɖe si wòna wò be nàtia ale si nàwɔ wo ŋu dɔe hã le eme. Biblia na míenya be wain nye nunana tso Mawu gbɔ. Egblɔ gɔ̃ hã be: “Abolo nana wokoa nu, eye wain nana agbe vivina.” (Nyagb. 10:19; Ps. 104:15) Gake ɖewohĩ ède dzesii be aha sesẽ nono va zu kuxi na ame aɖewo. Azɔ hã le xexea me godooa, susu vovovowoe le amewo si ku ɖe aha sesẽ nono ŋu. Ke nu kae akpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woatso nya me nyuie le aha sesẽ nono ŋu?

Ne míeɖea mɔ Mawu ƒe susu le nuwo ŋu fiaa mɔ mí la, akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie eye míakpɔ dzidzɔ, xexea ƒe akpa ka kee míeɖale o.

Le xexea mea, ame geɖe noa aha muame edziedzi, eye wononɛ zã. Ame aɖewo nonɛ be wòana yewoaɖe dzi ɖi. Ame aɖewo hã nonɛ be wòana yewoaɖe susu ɖa le yewoƒe kuxiwo ŋu. Eye le teƒe aɖewoa, wobunɛ be ne ame aɖe tea ŋu noa aha geɖea, efia be ŋusẽ le eŋu alo eƒe mo tso.

Gake Kristotɔwo ya xɔa mɔfiame si me nunya le tso mía Wɔla lɔ̃amea gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, exlɔ̃ nu mí tso nu wɔnublanui siwo dona tso aha tsu nono mea ŋu. Ðewohĩ èxlẽ Lododowo 23:​29-35 kpɔ, eye nède dzesi ale si woɖɔ ahamulae kple kuxi siwo dona tso eƒe nuwɔnaa me. a Daniel, si nye hamemetsitsi le Europa, ƒo nu tso ale si wònɔ agbee hafi va zu Kristotɔa ŋu. Egblɔ be: “Aha tsu nono wɔe be meɖe afɔ gbegblẽ aɖewo eye mekpe fu vevie. Ne megaɖo ŋku nu siwo do tso eme dzia, etena ɖe dzinye ŋutɔ.”

Aleke mí Kristotɔwo míate ŋu awɔ míaƒe tiatiawɔblɔɖe ŋu dɔ nyuie eye míaƒo asa na kuxi siwo ahanono fũu hena vanɛ? Eyae nye be míana Mawu ƒe susu le nya sia ŋu nafia mɔ mí.

Azɔ na míakpɔ nya si Biblia gblɔ tso aha sesẽ nono ŋu kple nu si tae ame aɖewo nonɛ.

NYA SI BIBLIA GBLƆ TSO AHA SESẼ NONO ŊU

Biblia meƒo nu tsi tre ɖe aha sesẽ nono le ŋuɖɔɖo me ŋu o. Ena míenya be wain ate ŋu ado dzidzɔ na dzi. Egblɔ be: “Heyi nàɖu wò abolo kple dzidzɔ, eye nàno wò wain kple dzi kpɔdzidzɔ.” (Nyagb. 9:7) Yesu no wain ɣeaɖewoɣi, eye nenema kee wònɔ le Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖewo hã gome.—Mat. 26:​27-29; Luka 7:34; 1 Tim. 5:23.

Ke hã, Mawu ƒe Nyaa na eme kɔ ƒãa be vovototo le aha sesẽ nono kple ahamumu dome. Egblɔ tẽe be: “Migamu aha . . . o.” (Ef. 5:18) Eye ena míenya hã be “ahamulawo [manyi] Mawu Fiaɖuƒe la dome o.” (1 Kor. 6:10) Ɛ̃, Yehowa na eme kɔ be yelé fu aha tsu nono kple ahamumu. Eya ta mele be míaɖe mɔ ame siwo dome míele ƒe susu nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o, ke boŋ míawɔ nu si dzea Mawu ŋu.

Ame aɖe agblɔ be, ‘Mate ŋu ano aha geɖe, evɔ nyemamu o.’ Gake afɔku le esia me. Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ be ne ame aɖe noa ‘aha geɖea,’ esia ate ŋu ana wòawɔ nu siwo agblẽ eya kple Mawu dome. (Tito 2:3; Lod. 20:1) Yesu xlɔ̃ nu mí gɔ̃ hã be “aha tsu nono” ate ŋu axe mɔ na ame be wòagayi ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me o. (Luka 21:​34-36) Ke nu kae ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ ŋu be wòaƒo asa na kuxi siwo dona tso aha sesẽ nono me?

BU AHA AGBƆSƆSƆ SI NÈNONA KPLE NU SI TAE NÈNONƐ ŊU

Ne míele nya me tsom le aha sesẽ nono ŋua, ele be míanɔ ŋudzɔ be míaƒe nutoa me tɔwo ƒe nuŋububu nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Esi míenye Kristotɔwo taa, míedzea agbagba be míaƒe nyametsotso ku ɖe nuɖuɖu kple nunono ŋu nadze Yehowa ŋu. Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Ne miele nu ɖum alo le nu nom alo le nu bubu aɖe wɔm la, miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.” (1 Kor. 10:31) Bu nyabiase kple Biblia me gɔmeɖose siwo gbɔna ŋu kpɔ:

Ðe menoa aha sesẽ be madze amewo ŋua? 2 Mose 23:2 gblɔ be: “Mègadze amehawo yome . . . o.” Yehowa nɔ nu xlɔ̃m Israel-viwo be woagasrɔ̃ ame siwo mesubɔa ye o ƒe nuwɔnawo o. Nuxlɔ̃ame ma yi na Kristotɔwo hã egbea. Ne míeɖe mɔ amewo ƒe nuŋububu kple nyametsotso le aha sesẽ nono ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzia, awɔe be mímagava nɔ wɔwɔm ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi o eye mía kplii dome ƒomedodoa agbɔdzɔ.—Rom. 12:2.

Ðe menoa aha sesẽ be matsɔ aɖee afia be ame sesẽe menyea? Le nuto aɖewo mea, ahanono edziedzi kple aha tsu nono bɔ eye amewo da asi ɖe edzi. (1 Pet. 4:3) Gake Biblia xlɔ̃ nu mí le 1 Korintotɔwo 16:13 be: “Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, miwɔ ŋutsu, misẽ ŋu.” Ðe aha sesẽ ate ŋu ana ame nasẽ ŋu ŋutɔŋutɔa? Gbeɖe. Aha sesẽ tea ŋu nana be ame megabua nuwo ŋu nyuie o eye megawɔa nu wòdzea ame tɔ dzi o. Eya ta ne ame aɖe noa aha fũu la, mefia be esẽ ŋu o; ɖe wògbɔdzɔ boŋ. Yesaya 28:7 gblɔ tso ame siwo no aha mu la ŋu be wotra mɔ le yiyim sagasaga eye woƒe nyametsotsowo tro.

Be míasẽ ŋu ŋutɔŋutɔa, ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míanɔ ŋudzɔ, anɔ tsitre sesĩe le xɔse la me. (Ps. 18:32) Míate ŋu awɔ esia ne míetsoa nya me nyuie, eye míenɔa ŋudzɔ be míagawɔ naneke si agblẽ mía kple Yehowa dome me o. Nenemae Yesu wɔe esime wònɔ anyigba dzi. Eya kple Fofoa dome nɔ kplikplikpli, eye dzi nɔ eƒo wòwɔ nu si sɔ. Esia na amewo de bubu eŋu.

Ðe menoa aha sesẽ be maɖe susu ɖa le nye kuxiwo ŋua? Hakpala aɖe gblɔ be: ‘Ne metsi dzodzodzoe akpa la, Yehowa, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.’ (Ps. 94:19) Ne kuxiwo do agbogbo ɖe dziwòa, ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, ke menye aha o. Mɔ nyui aɖe si dzi nàto awɔ esiae nye be nànɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi. Azɔ hã, eɖea vi ne èbia aɖaŋuɖoɖo tso nɔvi aɖe si tsi le xɔse me gbɔ. Le nyateƒe mea, ne ame aɖe noa aha be yeate ŋu anɔ te ɖe yeƒe kuxiwo nua, ɖe wòana wòado kpo nu si sɔa wɔwɔ boŋ. (Hos. 4:11) Daniel si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Ɣemaɣia, metsia dzimaɖi ŋutɔ, eye nye dzitsinya bua fɔm. Menoa aha be matsɔ anɔ te ɖe nye kuxiwo nu, gake ɖeko wògblẽa nyaa ɖe edzi. Nye kple xɔ̃nyewo dome gblẽ eye bubu meganɔ ŋunye o.” Nu kae kpe ɖe Daniel ŋu mlɔeba? Egblɔ be: “Mekpɔe be menye ahae akpe ɖe ŋunye o, ke boŋ Yehowa ye. Esi meɖe mɔ Yehowa kpe ɖe ŋunyea, mete ŋu ɖu nye kuxiawo dzi.” Nyateƒeae nye be, Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe mía ŋu, ne edze abe naneke manya wɔ tso míaƒe nɔnɔmea ŋu o ene gɔ̃ hã.—Flp. 4:​6, 7; 1 Pet. 5:7.

Ne ènoa aha ɣeaɖewoɣia, anyo be nàdzro ɖokuiwò me kpɔ be ɖe wòahiã be yeawɔ tɔtrɔ aɖewo hãa. Àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye ƒometɔ alo xɔlɔ̃ aɖe xlɔ̃ num tso nye ahanono ŋu kpɔa?’ Ne nenemaea, ate ŋu afia be esia va le kuxi zum, evɔ wò ŋutɔ mènya o. ‘Ðe meva le aha nom fifia wu tsã?’ Ne ele alea, ke efia be togbɔ be ahanono mezu numame na wò o hãa, ɖewohĩ èɖo ta mɔ ma dzi. ‘Ðe wòsesẽna nam be manɔ anyi ŋkeke aɖewo alo ɣeyiɣi didi aɖe ahamanomanoea?’ Ne nenemaea, ate ŋu afia be ahanono va zu numame na wò. Eye ɖewohĩ ahiã be nàdi kpekpeɖeŋu tso ɖɔkta gbɔ.

Esi kuxi geɖe dona tso ahanono me taa, Kristotɔ aɖewo tiae be yewomano aha muame kura o. Ame aɖewo hã tiae be yewomanoe o le esi medzɔa dzi na wo o ta. Eya ta ne ame aɖe tiae be yemano aha oa, anyo be nàse eme nɛ ade bubu eƒe nyametsotsoa ŋu eye màgaʋli nya kplii o.

Ðewohĩ èkpɔe be nunya le eme be yeaɖo seɖoƒe aɖewo na ye ɖokui. Kristotɔ aɖewo ɖo seɖoƒe na wo ɖokui le aha agbɔsɔsɔ si woano ŋu. Ðewo ɖoe be yewomanoe edziedzi o; ke zi ɖeka ko le kwasiɖaa me alo sue aɖe ko le nuɖuɣi. Ðewo hã ɖoe be yewomano aha muame aɖewo ƒomevi o, ke boŋ yewoano wain, biya alo aha siwo nu mesẽ akpa o le ŋuɖɔɖo me. Ne ame ɖo seɖoƒe na eɖokui le ahanono ŋua, enɔa bɔbɔe be wòalé eme ɖe asi. Mele be wòakpe ŋu na Kristotɔ si tsi le xɔse me be yeɖo seɖoƒe na ye ɖokui heɖoe kplikpaa be yealé eme ɖe asi o.

Ne míele nya me tsom le aha sesẽ nono ŋua, ele be míabu ame bubuwo hã ŋu. Romatɔwo 14:21 gblɔ be: “Enyo be nàgaɖu lã, ano wain, alo awɔ nane si aɖia nɔviwò nu o.” Aleke nàte ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi? Ðe lɔlɔ̃ fia. Ne ède dzesii be aha muame nono aɖe fu na ame aɖea, ke lɔlɔ̃ aʋã wò be mànoe o. Esia aɖee afia be ètsɔ ɖe le eme na amewo, èdea bubu wo ŋu, eye mèdia ɖokuiwò tɔ o.—1 Kor. 10:24.

Azɔ hã, ate ŋu anye be dziɖuɖua de se aɖewo ku ɖe ahanono ŋu. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu ade se be ame siwo xɔ ƒe aɖewo koe kpɔ mɔ ano aha sesẽ, alo be mele be ame naku ʋu, ado dzokeke (alo mɔ̃), alo azã dɔwɔnu aɖewo ne eno aha o. Ele be Kristotɔwo nawɔ ɖe se mawo dzi.—Rom. 13:​1-5.

Yehowa na nu nyui geɖe mí, eye ena ablɔɖe hã mí be míazã nunana mawo wòaɖe vi na mí. Ɛ̃, edi be míazã ablɔɖe ma nyuie atia nu siwo míaɖu kple nu siwo míano. Neva eme be tiatia siwo míawɔ nadze mía Fofo si le dziƒo ŋu, eye wòaɖee afia be míede asixɔxɔ ablɔɖe si wòna mí ŋu.

a Amerika ƒe Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒe ka nya ta be ne ame aɖe no aha muame sɔ gbɔa, nu siwo ate ŋu ado tso eme dometɔ aɖewoe nye amewuwu, ame ɖokui wuwu, amegbɔdɔdɔ sesẽe, ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋu, gbɔdɔnuwɔna si me afɔku le, alo fu nage le ame ƒo.