Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 50

Xɔse Kple Dɔwɔwɔwo Ana Woabu Mí Ame Dzɔdzɔewoe

Xɔse Kple Dɔwɔwɔwo Ana Woabu Mí Ame Dzɔdzɔewoe

‘Mizɔ le ɖoɖo nu le xɔse ƒe mɔ si nɔ mía fofo Abraham si la ke nu.’—ROM. 4:12.

HADZIDZI 119 Ele Be Xɔse Nanɔ Mía Si

NYA VEVIAWO a

1. Ne míebu xɔse si tɔgbi nɔ Abraham si ŋua, nya kae míate ŋu abia mía ɖokui?

 AME geɖe se Abraham ƒe ŋutinya kpɔ, gake nu ʋɛ aɖewo koe wonya tso eŋu. Wò ya ènya nu geɖe tso Abraham ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ènya be woyɔe be “ame siwo katã si xɔse le . . . la fofo.” (Rom. 4:11) Gake ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Ðe mate ŋu awɔ nu abe Abraham ene eye eƒe xɔse ma tɔgbi nasu asinyea?’ Ɛ̃, àte ŋui.

2. Nu ka tae wòle vevie be míasrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu si Abraham ɖo ŋu? (Yakobo 2:​22, 23)

2 Hafi xɔse si tɔgbi nɔ Abraham si nasu mía sia, ele be míasrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu si wòɖo ŋu. Abraham wɔ nu sia nu si Mawu bia tso esi. Eʋu yi dukɔ didi aɖe me, enɔ agbadɔwo me ƒe geɖe, eye wòlɔ̃ faa be yeatsɔ ye vi Isak asa vɔe. Nu siawo ɖee fia be exɔ Mawu dzi se bliboe. Abraham ƒe xɔse kple dɔwɔwɔwo wɔe be eƒe nu dze Mawu ŋu eye wòzu Mawu xɔlɔ̃. (Xlẽ Yakobo 2:​22, 23.) Aleae Yehowa di be wòanɔ na mí katã, wò hã èle eme. Esia tae wòna Paulo kple Yakobo ƒo nu tso Abraham ƒe kpɔɖeŋua ŋu le Biblia me. Míadzro nya vevi aɖe si wogblɔ tso Abraham ŋu le Romatɔwo ta 4 kple Yakobo ta 2 lia me.

3. Mawunyakpukpui ka mee Paulo kple Yakobo siaa yɔ nya tsoe?

3 Paulo kple Yakobo siaa yɔ nya tso 1 Mose 15:6 me. Afi ma gblɔ be: “[Abraham] xɔ Yehowa dzi se, eye Mawu bui dzɔdzɔenyenye nɛ.” Yehowa bua ame be ele dzɔdzɔe ne amea ƒe nu dzea eŋu eye kpɔtsɔtsɔ mele eƒe nuwɔna ŋu o. Ðe mewɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ be Mawu ate ŋu abu amegbetɔ nuvɔ̃me be kpɔtsɔtsɔ mele eŋu oa? Ðikeke mele eme o be èdi be Yehowa nabu ye hã nenema, eye anya wɔ hã. Na míakpɔ nu si tae Mawu bu Abraham ame dzɔdzɔe, kple nu si míawo hã míawɔ be wòabu ame dzɔdzɔewoe.

MÍEHIÃ XƆSE BE WOABU MÍ AME DZƆDZƆEWOE

4. Nu ka tae amegbetɔwo mele dzɔdzɔe o?

4 Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo mea, egblɔ be amegbetɔwo katã nye nuvɔ̃mewo. (Rom. 3:23) Ke aleke wòanya wɔ be Mawu nabu ame aɖe be ele dzɔdzɔe eye eƒe nu nadze eŋu? Be Kristotɔ vavãwo nakpɔ biabia ma ƒe ŋuɖoɖoa, Paulo he susu yi Abraham dzi.

5. Susu ka tae Yehowa bu Abraham ame dzɔdzɔe? (Romatɔwo 4:​2-4)

5 Yehowa bu Abraham ame dzɔdzɔe esime wònɔ Kanaan-nyigba dzi. Nu ka tae? Ðe wòanye be Abraham wɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi pɛpɛpɛ taea? Ao. (Rom. 4:13) Mawu bu Abraham be enye ame dzɔdzɔe ƒe 400 megbe hafi va tsɔ Sea na Israel-viwo. Ke susu ka tae Mawu bu Abraham ame dzɔdzɔe? Le xɔse si Abraham ɖe fia taa, Yehowa bui ame dzɔdzɔe le eƒe amenuveve ta.—Xlẽ Romatɔwo 4:​2-4.

6. Aleke wòanya wɔ be Yehowa nabu amegbetɔ nuvɔ̃me be ele dzɔdzɔe?

6 Paulo yi edzi be ne ame aɖe xɔ Mawu dzi sea, “wobua eƒe xɔse la dzɔdzɔenyenye nɛ.” (Rom. 4:5) Egblɔ kpee be: “Abe ale si David hã ƒo nu le dzidzɔ si ame kpɔna ne Mawu bu dzɔdzɔenyenye nɛ, menye to dɔwɔwɔwo me o, la ŋuti ene be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe dzidadawo wotsɔ ke, ame siwo ƒe nu vɔ̃wo dzi wotsyɔ nui; dzidzɔtɔe nye ame si ƒe nu vɔ̃ Yehowa mabu nɛ kura o.’” (Rom. 4:​6-8; Ps. 32:​1, 2) Mawu tsyɔa nu ame siwo xɔ edzi sea ƒe nu vɔ̃wo dzi. Etsɔna kea wo keŋkeŋ eye megaɖoa ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o. Ebua wo ame dzɔdzɔewo kple ame siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o le woƒe xɔse ta.

7. Gɔmesese ka nue wobu mawusubɔla siwo nɔ anyi le blema be wonye ame dzɔdzɔewo le?

7 Togbɔ be Mawu bu Abraham, David, kple esubɔla wɔnuteƒe bubuwo be wonye ame dzɔdzɔewo hãa, wokpɔtɔ nye nuvɔ̃mewo eye womede blibo o. Gake le woƒe xɔse taa, Mawu bu wo be kpɔtsɔtsɔ mele wo ŋu o, vevietɔ ne wotsɔ wo sɔ kple wo ŋɔlimetɔ siwo mexɔ Mawu dzi se o. (Ef. 2:12) Paulo ɖe eme le agbalẽ si wòŋlɔ na Romatɔwo me be xɔse le vevie be míanye Mawu xɔlɔ̃wo. Abraham kple David zu Mawu xɔlɔ̃wo le woƒe xɔse ta. Nenema kee míawo hã míanye Mawu xɔlɔ̃wo ne xɔse le mía si.

KADODO KAE LE XƆSE KPLE DƆWƆWƆWO DOME?

8-9. Nu kae ame aɖewo susu tso nya siwo Paulo kple Yakobo gblɔa ŋu, eye nu ka tae?

8 Ƒe alafa geɖee nye esia subɔsubɔhakplɔlawo le nya ʋlim le wo nɔewo dome ku ɖe kadodo si le xɔse kple dɔwɔwɔwo domea ŋu. Subɔsubɔhakplɔla aɖewo fiaa nu be nu si nàwɔ be nàkpɔ ɖeɖe koe nye be nàxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se. Ðewohĩ èsee wogblɔ kpɔ be, “Xɔ Yesu dzi se eye àkpɔ ɖeɖe.” Wotea ŋu zãa nya si Paulo gblɔ be ‘Mawu bua dzɔdzɔenyenye na mí, menye to dɔwɔwɔwo me o,’ tsɔ ɖoa kpe woƒe nyaa dzi. (Rom. 4:6) Ame aɖewo ya gblɔna be àte ŋu akpɔ ɖeɖe ne èzɔ mɔ yi teƒe siwo sɔlemea bua teƒe kɔkɔewo, eye nèwɔa nyui na amewo. Woawo hã yɔa nya tso Yakobo 2:​24, afi si gblɔ be “[Mawu bua] ame be ele dzɔdzɔe to dɔwɔwɔwo me, ke menye to xɔse ɖeɖe ko me o” tsɔ ɖoa kpe woƒe nyawo dzi.

9 Dzixɔse vovovo siawo wɔe be agbalẽnyala aɖewo ƒo nya ta be Paulo kple Yakobo ƒe susu mewɔ ɖeka le nu si wòle be ame nawɔ be eƒe nu nadze Mawu ŋua ŋu o. Subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔna be Paulo ƒe nyawo fia be ame si si xɔse lee woabu ame dzɔdzɔe, gake Yakobo ya le gbɔgblɔm be ame si wɔa nyui na amewo ƒe nue adze Mawu ŋu. Nufialagã aɖe gblɔ tso nya sia ŋu be: “Yakobo ƒe susu mewɔ ɖeka kple Paulo tɔ esi wògblɔ be mímehiã dɔwɔwɔwo hafi Mawu nabu mí ame dzɔdzɔewoe o.” Gake esi wònye Yehowae tsɔ eƒe gbɔgbɔa ʋã Yakobo kple Paulo siaa woŋlɔ nya mawo ɖi taa, anɔ eme be mɔ bɔbɔe aɖe li si dzi míato ase woƒe nyawo gɔme. (2 Tim. 3:16) Eyae nye be, míade dzesi nu si ŋu wonɔ nu ƒom tsoe hafi gblɔ nyaa.

Paulo te gbe ɖe edzi na Yudatɔ Kristotɔ siwo le Roma be menye Mose ƒe Sea ƒe dɔwɔwɔwoe ana woabu wo ame dzɔdzɔewo o, ke boŋ woƒe xɔsee (Kpɔ memama 10 lia) b

10. ‘Dɔwɔwɔ’ kawo ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe? (Romatɔwo 3:​21, 28) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

10 ‘Dɔwɔwɔ’ kawo ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe le Romatɔwo ta 3 kple 4 lia? Enɔ nu ƒom tso “se [Mose ƒe Sea] ƒe dɔwɔwɔwo” ŋu. (Xlẽ Romatɔwo 3:​21, 28.) Edze be le Paulo ƒe ŋkekea mea, esesẽ na Yudatɔ Kristotɔ aɖewo be woalɔ̃ ɖe edzi be woɖe Mose ƒe Sea kple nu siwo Sea bia ɖa. Eya ta Paulo he susu yi Abraham dzi tsɔ ɖee fia be menye ‘se ƒe dɔwɔwɔwoe’ ana woabu ame be ele dzɔdzɔe o. Ke boŋ amea ƒe xɔsee ana woabui ame dzɔdzɔe. Esia dea dzi ƒo na mí ŋutɔ elabe ena míekpɔe be ne míexɔ Mawu kple Kristo dzi sea, míaƒe nu adze Mawu ŋu.

Yakobo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woaɖe woƒe xɔse afia to “dɔwɔwɔwo,” abe nyuiwɔwɔ na ame ɖe sia ɖe ƒomevi ene me (Kpɔ memama 11-12 lia) c

11. ‘Dɔwɔwɔ’ kawo ŋue Yakobo nɔ nu ƒom tsoe?

11 Gake “dɔwɔwɔ” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yakobo ta 2 lia to vovo na ‘se ƒe dɔwɔwɔ’ siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe. Yakobo nɔ nu ƒom tso nu siwo Kristotɔwo wɔna alo ale si wonɔa agbee ŋu. Nu mawoe ɖenɛ fiana be ame aɖe xɔ Mawu dzi se ŋutɔŋutɔ. Bu kpɔɖeŋu eve siwo Yakobo zã tsɔ ɖe esia me ŋu kpɔ.

12. Kpɔɖeŋu kawoe Yakobo wɔ tsɔ na míekpɔ kadodo si le xɔse kple dɔwɔwɔwo dome? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

12 Le kpɔɖeŋu gbãtɔ mea, Yakobo ɖee fia be ehiã be Kristotɔwo nawɔ nu ɖe ame ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu nyuie. Eƒo nu tso ŋutsu aɖe si wɔ nu ɖe kesinɔtɔ aɖe ŋu nyuie gake mewɔ nu ɖe ame dahe ya ŋu nyuie o ŋu. Ŋutsu ma ate ŋu asusu be xɔse le ye si, gake ɖe wòdze le eƒe dɔwɔwɔwo mea? (Yak. 2:​1-5, 9) Le kpɔɖeŋu evelia mea, Yakobo ƒo nu tso ame aɖe si kpɔ nɔvia si si ‘nuɖuɖu alo awu mele o’ gake mewɔ naneke tsɔ kpe ɖe eŋu oa ŋu. Ne ame ma susu be xɔse le ye si gɔ̃ hã, meɖee fia le eƒe dɔwɔwɔwo me o. Yakobo gblɔ be: “Xɔse . . . , ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.”—Yak. 2:​14-17.

13. Kpɔɖeŋu ka dzie Yakobo he susu yi tsɔ ɖee fia be ele be míatsɔ dɔwɔwɔwo aɖo kpe míaƒe xɔse dzi? (Yakobo 2:​25, 26)

13 Yakobo he susu yi Rahab dzi be enye ame si to eƒe dɔwɔwɔwo me ɖee fia be xɔse le ye si. (Xlẽ Yakobo 2:​25, 26.) Rahab se nu tso Yehowa ŋu eye wòkpɔe be enɔ kpekpem ɖe Israel-viwo ŋu. (Yos. 2:​9-11) Exɔ Yehowa dzi se eye wòɖee fia to eƒe dɔwɔwɔwo me. Eɣla Israel-vi ŋkutsalawo esime woƒe agbe ɖo afɔku me. Esia ta Mawu bu nyɔnu sia si nye ame madeblibo eye menye Israel-vi o la be enye ame dzɔdzɔe, abe ale si wòbu Abraham ene. Rahab ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be ele vevie be míatsɔ dɔwɔwɔwo akpe ɖe míaƒe xɔse ŋu.

14. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Paulo kple Yakobo ƒe nyawo metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu o?

14 Edze ƒãa be Paulo kple Yakobo ƒe nyawo metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu o. Paulo nɔ gbɔgblɔm na Yudatɔ Kristotɔwo be womate ŋu ato Mose ƒe Sea ƒe dɔwɔwɔwo ɖeɖe ko dzi ana woƒe nu nadze Yehowa ŋu o. Yakobo hã nɔ gbɔgblɔm be ele be Kristotɔwo katã natsɔ dɔ nyuiwo akpe ɖe woƒe xɔse ŋu.

Ðe xɔse ʋãa wò be nàwɔ nu siwo dzea Yehowa ŋua? (Kpɔ memama 15 lia)

15. Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ aɖe míaƒe xɔse afia? (Kpɔ fotoawo hã.)

15 Yehowa mele gbɔgblɔm be ele be míawɔ nu si tututu Abraham wɔ hafi yeabu mí ame dzɔdzɔewoe o. Nu geɖe li míate ŋu awɔ atsɔ aɖe míaƒe xɔse afia. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu axɔ ame yeye siwo va hamea me la nyuie, míakpe ɖe mía nɔvi siwo hiã tu ŋu eye míawɔ nyui na míaƒe ƒometɔwo. Nu siawo dzea Mawu ŋu eye ayra mí ɖe eta. (Rom. 15:7; 1 Tim. 5:​4, 8; 1 Yoh. 3:18) Gbeƒãɖeɖe nya nyuia veviedodotɔe hã nye mɔ vevi aɖe si dzi míato aɖe míaƒe xɔse afia. (1 Tim. 4:16) Mí katã míate ŋu ato míaƒe nuwɔnawo dzi aɖee afia be míeka ɖe edzi be Yehowa ƒe mɔwoe nye nyuitɔ eye eƒe ŋugbedodowo ava eme. Ne míewɔ nu siawoa, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Mawu abu mí ame dzɔdzɔewo eye míanye exɔlɔ̃wo.

MƆKPƆKPƆ DOA ŊUSẼ MÍAƑE XƆSE

16. Aleke mɔkpɔkpɔ do ŋusẽ Abraham ƒe xɔse?

16 Romatɔwo ta 4 lia na míekpɔ nu vevi aɖe si míagate ŋu asrɔ̃ tso Abraham gbɔ. Eyae nye be mɔkpɔkpɔ le vevie ŋutɔ. Yehowa do ŋugbe na Abraham be yeato edzi ayra “dukɔ geɖewo.” Mɔkpɔkpɔ nyui aɖee nye ema su Abraham si! (1 Mose 12:3; 15:5; 17:4; Rom. 4:17) Gake esi Abraham xɔ ƒe 100 eye Sara xɔ ƒe 90 gɔ̃ hã, womedzi vi aɖeke o. Adze abe magate ŋu anya wɔ be woadzi vi o ene. Esia anya do Abraham ƒe xɔse kpɔ. Gake “le mɔkpɔkpɔ ta la, exɔe se be yeazu dukɔ geɖewo fofo.” (Rom. 4:​18, 19) Eye nu si wònɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖee nye ema va eme nɛ. Edzi Isak!—Rom. 4:​20-22.

17. Aleke míewɔ nya be Mawu ate ŋu abu mí be míenye ame dzɔdzɔewo kple ye xɔlɔ̃wo?

17 Míate ŋu awɔ nu wòadze Mawu ŋu eye wòabu mí be míenye ame dzɔdzɔewo kple ye xɔlɔ̃wo, abe Abraham ene. Paulo ƒo nu tso esia ŋu esi wògblɔ be: “Nya si woŋlɔ ɖi be ‘wobui nɛ’ la, menye [Abraham] ɖeɖe ko tae woŋlɔe ɖi ɖo o, ke mí ame siwo woava bui na la hã tae, elabena míexɔ Ame si fɔ Yesu . . . la dzi se.” (Rom. 4:​23, 24) Abe Abraham enea, ehiã be xɔse nanɔ mía si, dɔwɔwɔwo nakpe ɖe eŋu eye mɔkpɔkpɔ hã nanɔ mía si. Paulo yi edzi ƒo nu tso mɔkpɔkpɔ ŋu yi ŋgɔe le Romatɔwo ta 5 lia me. Míaƒo nu tso esia ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.    

HADZIDZI 28 Míanye Yehowa Xɔlɔ̃wo

a Míedi be míaƒe nu nadze Mawu ŋu eye wòabu mí ame dzɔdzɔewoe. Aleke esia anya wɔe? Nya siwo Paulo kple Yakobo gblɔ ana míakpɔ ale si wòanya wɔe. Le nyati sia mea, míadzro woƒe nyawo me eye míakpɔ ale si míaƒe xɔse kple dɔwɔwɔwo ana míaƒe nu nadze Yehowa ŋu.

b NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Paulo xlɔ̃ nu Yudatɔ Kristotɔwo be woalé xɔse me ɖe asi, ke menye “se ƒe dɔwɔwɔwo,” abe ka blɔtɔ lɔlɔ̃ ɖe woƒe awutoga, Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu, kple ŋutikɔklɔ le kɔa nu ene, o.

c NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Yakobo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woaɖe xɔse afia to ale si woawɔ nyui na amewo eye woakpe ɖe ame dahewo ŋu me.