Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 49

HADZIDZI 147 Wodo Agbe Mavɔ Ŋugbe

Nu Kae Nàwɔ Be Nàkpɔ Agbe Mavɔ?

Nu Kae Nàwɔ Be Nàkpɔ Agbe Mavɔ?

“Ame sia ame si kpɔa Vi la, eye wòxɔa edzi sena la [akpɔ] agbe mavɔ.”YOH. 6:40.

TAÐODZINUA

Míakpɔ ale si Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa ɖea vi na amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa.

1. Nu ka tae ame geɖe susu be manya wɔ be yewoanɔ agbe tegbee o?

 AME geɖe ɖua nu siwo me nunyiame le eye wodea kame edziedzi be yewoanɔ lãmesẽ me. Gake wonyae be nu siawo mana yewoanɔ agbe tegbee o. Elabe wonya be tsitsi agblẽ nu le yewo ŋu godoo eye yewoava ku gbe ɖeka. Gake Yesu gblɔ be anya wɔ be amegbetɔwo nava nɔ ‘agbe tegbee’ abe ale si wòdze le Yohanes 3:16 kple 5:24 ene.

2. Nya kae Yesu gblɔ le Yohanes ta 6 tso agbe tegbee nɔnɔ ŋu? (Yohanes 6:​39, 40)

2 Gbe ɖeka Yesu tsɔ abolo kple tɔmelã nyi ame akpe geɖe. a Esia wɔ nuku ŋutɔ, gake nya siwo wògblɔ le ŋufɔke la gawɔ nuku ale gbegbe. Ameha si wònyi la kplɔe ɖo yi Kapernaum, afi si gogo Galilea ƒuta. Le afi ma la, egblɔ na wo be yeava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye woava nɔ agbe tegbee. (Xlẽ Yohanes 6:​39, 40.) Bu ale si nya ma aɖe vi na wò ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo ku la ŋu kpɔ. Yesu ƒe nyawo fia be anya wɔ be ame siwo ku la nagbɔ agbe eye wò kple wò ame veviwo miate ŋu ava se vivi na agbea tegbee! Gake nya siwo wògblɔ yi edzi le Yohanes ta 6 la gɔme sese sesẽ na ame siwo nɔ to ɖomee eye esesẽ na ame geɖe egbea hã. Nya kae Yesu gblɔ?

3. Abe ale si wòdze le Yohanes 6:51 ene la, nya kae Yesu gblɔ tso eɖokui ŋu?

3 Abolo si Yesu na amehaa le Kapernaum la na woɖo ŋku mana si Yehowa na Israel-viwo le gbeadzi la dzi. Ŋɔŋlɔawo yɔ mana be ‘abolo si tso dziƒo.’ (Ps. 105:40; Yoh. 6:31) Yesu zã nu siwo amehaa nya tso manaa ŋu tsɔ fia nu vevi aɖe wo. Togbɔ be Mawu gbɔe mana la tso hã, ame siwo ɖui la ku mlɔeba. (Yoh. 6:49) Gake Yesu gblɔ be yee nye “abolo vavã si tso dziƒo,” “Mawu ƒe abolo,” kple “agbebolo la.” (Yoh. 6:​32, 33, 35) Yesu gblɔ vovototo si koŋ le mana la kple eya ŋutɔ dome ale: “Nyee nye agbebolo si ɖi tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖua abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbee.” (Xlẽ Yohanes 6:51.) Nya sia tro ɖe eƒe nyaselawo. Nu ka tae Yesu agblɔ be yenye “abolo” si tso dziƒo va eye yenyo wu mana si Mawu na yewo tɔgbuiwo? Yesu gagblɔ na wo be: “Abolo si mana . . . lae nye nye ŋutilã.” Nya sia gɔme ɖe? Ele vevie be míase egɔme, elabe akpe ɖe mía ŋu míanya ale si wòanya wɔ be mía kple míaƒe ame veviwo míava nɔ agbe tegbee. Mina míakpɔ nu si Yesu ƒe nya ma fia.

YESU ƑE ŊUTILÃ KPLE AGBEBOLO LA

4. Nu ka tae Yesu ƒe nyawo na ame aɖewo ƒe nu ku?

4 Amehaa dometɔ aɖewo ƒe nu ku esi Yesu gblɔ be ‘abolo si yeana ɖe xexea ƒe agbe ta lae nye yeƒe ŋutilã.’ Ðe wosusui be atsɔ eƒe ŋutilã ŋutɔŋutɔ ana yewo be yewoaɖua? (Yoh. 6:52) Yesu gagblɔ nya aɖe si wɔ moyaa na wo be: “Ne mieɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, miakpɔ agbe o.”—Yoh. 6:53.

5. Nu ka tae míeka ɖe edzi be menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be ameawo nano yeƒe ʋu ŋutɔŋutɔ o?

5 Le Noa ƒe ŋkekea me la, Mawu de se na amegbetɔwo be woagaɖu ʋu o. (1 Mose 9:​3, 4) Egade se ma ke na Israel-viwo. Ne ame aɖe ɖu ʋu la, ele be woaƒu kpee wòaku. (3 Mose 7:27) Yesu hã va fia nu amewo be woawɔ Mawu ƒe sewo katã dzi. (Mat. 5:​17-19) Eya ta mabia tso amehaa si gbeɖe be woaɖu yeƒe ŋutilã alo ano yeƒe ʋu ŋutɔŋutɔ o. Nu si fiam wòle woe nye ale si woawɔ akpɔ “agbe mavɔ.”—Yoh. 6:54.

6. Aleke míewɔ nya be kpɔɖeŋunya gblɔmee Yesu nɔ le Yohanes 6:53?

6 Ke nu kae Yesu ƒe nyawo fia? Edze ƒãa be kpɔɖeŋunya gblɔmee wònɔ. Ezã kpɔɖeŋunya ma tɔgbi esi wògblɔ na Samaria nyɔnua be: “Ame sia ame si ano tsi si manae ƒe ɖe la, tsikɔ magawui akpɔ o, ke boŋ tsi si manae la azu tsi dzidzi le eme, eye wòayɔ agbagba ahana agbe mavɔe.” (Yoh. 4:​7, 14) b Menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm na Samaria nyɔnua be ne enya no tsi ŋutɔŋutɔ aɖe ko la, akpɔ agbe mavɔ o. Nenema kee menye ɖe wònɔ gbɔgblɔm na ameha si wònɔ nu ƒom na le Kapernaum la be woanɔ agbe tegbee ne woɖu yeƒe ŋutilã ŋutɔŋutɔ eye wono yeƒe ʋu ŋutɔŋutɔ o.

VOVOTOTO SI LE NYA SI YESU GBLƆ LE YOHANES 6:53 KPLE ESI WÒGBLƆ LE AƑETƆ ƑE FIẼNUÐUƔIA DOME

7. Nya kae ame aɖewo gblɔna tso nya si Yesu gblɔ le Yohanes 6:53 ŋu?

7 Sɔlemedela aɖewo gblɔna be nya si Yesu gblɔ le Yohanes 6:53 be ele be woaɖu yeƒe ŋutilã eye woano yeƒe ʋu la ku ɖe Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋu, elabe egblɔ nya mawo tɔgbi esi wònɔ Fiẽnuɖuɖua ɖom anyi. (Mat. 26:​26-28) Wogblɔna hã be ele be ame sia ame si de wɔna ma naɖu aboloa eye wòano wain la hã. Gake nyateƒee nya ma nyea? Ele vevie be míaku nu me akpɔe ɖa be nya ma le eteƒe hã, elabe ƒe sia ƒe le xexea me godoo la, ame miliɔn geɖe dea wɔna sia kpli mí. Mina míakpɔ vovototo siwo le nya si Yesu gblɔ le Yohanes 6:53 kple esi wògblɔ esime wònɔ Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖom anyi dome.

8. Vovototo kawoe le nya si Yesu gblɔ le Yohanes 6:53 kple esi wògblɔ esime wònɔ Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖom anyi dome? (Kpɔ nɔnɔmetataawo hã.)

8 Mina míakpɔ vovototo eve siwo le nya mawo dome ɖa. Gbã, ɣekaɣie Yesu gblɔ nya siwo le Yohanes 6:​53-56, eye afi kae wògblɔe le? Egblɔ nya mawo le ƒe 32 K.Ŋ. me le Galilea. Ƒe ɖeka le ema megbe hafi wòɖo Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi le Yerusalem. Evelia, ame kawoe wònɔ nyaa gblɔm na? Yudatɔwoe wònɔ nu ƒom na le Galilea eye wo dometɔ akpa gãtɔ tsi dzi ɖe nuɖuɖu si Yesu ana wo ŋu, ke menye be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa alo Mawu Fiaɖuƒea ŋu o. (Yoh. 6:26) Eya ta esi Yesu gblɔ nya aɖe si gɔme sese sesẽ na wo la, womegaxɔ edzi se o eye wotrɔ le eyome zi ɖeka. Eƒe nusrɔ̃la aɖewo gɔ̃ hã trɔ le eyome. (Yoh. 6:​14, 36, 42, 60, 64, 66) Gake ame siwo Yesu nɔ nu ƒom na le ƒe 33 K.Ŋ. esime wòɖo Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi ya mewɔ nu nenema o. Woawoe nye eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo. Togbɔ be menye nu siwo katã Yesu fia le ŋkeke ma dzi gɔmee wose o hã la, wometrɔ le eyome o. Woxɔe se kokoko be eyae nye Mawu ƒe Vi si tso dziƒo va. (Mat. 16:16) Yesu kafu wo gblɔ be: “Miawoe nye ame siwo ku ɖe ŋunye le nye tetekpɔwo me.” (Luka 22:28) Vovototo eve siawo ɖeɖe dzaa na míekpɔe be nya si Yesu gblɔ le Yohanes 6:53 meku ɖe Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋu o. Gake vovototo bubuwo gali.

Le Yohanes ta 6 lia, Yesu ƒo nu na ameha aɖe si nye Yudatɔwo le Galilea (miame). Ƒe ɖeka megbe la, eƒo nu na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo le Yerusalem (ɖusime) (Kpɔ memama 8)


ALE SI YESU ƑE NYAWO KA WÒE

9. Ame kawoe nya siwo Yesu gblɔ le Fiẽnuɖuɣia la yi na?

9 Esi Yesu nɔ Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖom anyi la, etsɔ abolo maʋamaʋã na eƒe apostoloawo eye wògblɔ na wo be etsi tre ɖi na yeƒe ŋutilã. Emegbe etsɔ wain na wo be woano eye wògblɔ be etsi tre ɖi na “nubabla ƒe ʋu.” (Marko 14:​22-25; Luka 22:20; 1 Kor. 11:24) Nya si wògblɔ tso nubablaa ŋu le vevie ŋutɔ. Enye “nubabla yeye” si le Yehowa kple “[gbɔgbɔme] Israel ƒe aƒe la” ɖeɖe ko dome; woawoe nye ame siwo aɖu fia kple Yesu “le Mawu Fiaɖuƒe la me,” ke menye amegbetɔwo katã o. (Heb. 8:​6, 10; 9:15) Apostoloawo mese nya sia gɔme tututu ɣemaɣi o; gake madidi o, woanyrɔ wo kple gbɔgbɔ kɔkɔea eye woava nɔ nubabla yeyea me, ale be woaɖu fia kple Yesu le dziƒo.—Yoh. 14:​2, 3.

10. Vovototo bubu kae le nya si Yesu gblɔ le Galilea kple esi wògblɔ le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɣia dome? (Kpɔ fotoa hã.)

10 De dzesii be nya siwo Yesu gblɔ le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɣia la ku ɖe “alẽha sue” la ŋu. Yesu ƒe apostolo wɔnuteƒe siwo nɔ wɔnaa me kplii lae nye ƒuƒoƒo sue ma me tɔ gbãtɔwo. (Luka 12:32) Woawoe wògblɔ na be woaɖu aboloa eye woano wain la. Ele be ame bubu siwo ava nɔ ƒuƒoƒo sia me hã naɖu aboloa eye woano wain la ɣesiaɣi si woawɔ Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua. Ƒuƒoƒo sia me tɔwoe aɖu fia kple Yesu le dziƒo. Eya ta vovototo bubu hãe nye esia: ƒuƒoƒo sue aɖe ko ŋue Yesu ƒe nya si wògblɔ le Fiẽnuɖuɣia ku ɖo, gake nya siwo wògblɔ le Galilea ya ku ɖe ameha gã aɖe ŋu.

Ame ʋɛ aɖewo koe ɖua aboloa henoa wain la, gake ame sia ame ate ŋu axɔ Yesu dzi ase ahakpɔ agbe mavɔ (Kpɔ memama 10)


11. Nya kae Yesu gblɔ le Galilea si ɖee fia be menye ame ʋɛ aɖewo koe eƒe nyaa aɖe vi na o?

11 Yudatɔ siwo Yesu nɔ nu ƒom na le Galilea le ƒe 32 K.Ŋ. me la ƒe susu katã nɔ abolo si woakpɔ tso Yesu gbɔ aɖu ko ŋu. Gake Yesu dze agbagba kpe ɖe wo ŋu be woase egɔme be nu bubu aɖe li si le vevie wu nuɖuɖu. Eyae nye nu si ana woakpɔ agbe mavɔ. Yesu gblɔ gɔ̃ hã be anya wɔ be ame siwo ku nafɔ ɖe tsitre eye woava nɔ agbe tegbee. Ame ʋɛ aɖewo koe nya si Yesu gblɔ le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua wɔɣi la aɖe vi na. Gake nya si wògblɔ na amehaa le Galilea ya ate ŋu aɖe vi na ame sia ame. Le nyateƒe me la, egblɔ be: “Ne ame aɖe ɖua abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbee . . . Abolo si mana ɖe xexea ƒe agbe ta lae nye nye ŋutilã.”—Yoh. 6:51. c

12. Nu kae wòle be míawɔ be míakpɔ agbe mavɔ si ŋu nya Yesu gblɔ?

12 Ðe Yesu nɔ gbɔgblɔm be ame sia ame si nɔ agbe kpɔ la akpɔ mavɔa? Ao, ke boŋ Yesu gblɔ be ame siwo “ɖua abolo sia ƒe ɖe,” si fia ame siwo xɔ ye dzi se, lae akpɔ agbe mavɔ. Sɔlemedela geɖe susui be ne yewogblɔ be ‘yewoxɔ Yesu dzi se’ eye yewobui be enye yewo ɖela ko la, yewoakpɔ ɖeɖe. (Yoh. 6:​29, Biblia La) Evɔ menye nenemae o. Elabe ameha si Yesu nɔ nu ƒom na le Galilea la dometɔ geɖe xɔ edzi se. Gake eteƒe medidi o, wogatrɔ le eyome. Nu ka tae?

13. Nu kae wòfia be ame nanye Yesu ƒe nusrɔ̃la vavã?

13 Nu si ta amehaa dometɔ akpa gãtɔ kplɔ Yesu ɖoe nye be ekpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Wodi be Yesu nanɔ dɔ dam na yewo, anɔ nuɖuɖu nam yewo eye wòanɔ nya viviwo gblɔm na yewo. Gake Yesu na wonya be menye ɖeko yeva anyigba dzi be yeava wɔ nu mawo na wo o. Ke boŋ ɖe yeva be yeafia nu si wòle be woawɔ be woava zu yeƒe nusrɔ̃la vavãwo la wo. Eya ta ele be woawɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpe si nye be ‘woava ye gbɔ’ la dzi, si fia be woaɖo toe eye woawɔ nu siwo katã wòfia la dzi.—Yoh. 5:40; 6:44.

14. Nu kae wòle be míawɔ be Yesu ƒe vɔsaa naɖe vi na mí?

14 Yesu fia wo be yeƒe ŋutilã kple ʋu si yeatsɔ asa vɔ la ana woate ŋu ava nɔ agbe tegbee. Ele be woaɖee afia be yewoxɔ nyateƒenya ma dzi se. Yudatɔ mawo hiã xɔse sia ɣemaɣi eye míawo hã míehiãe egbea. (Yoh. 6:40) Eya ta nya si Yesu gblɔ le Yohanes 6:53 la fia be hafi míate ŋu akpɔ agbe mavɔ la, ele be míaɖee afia be míexɔ eƒe tafea dzi se. Nya sia ate ŋu aɖe vi na ame sia ame.—Ef. 1:7.

15-16. Nu vevi kawoe míesrɔ̃ le Yohanes ta 6 lia me?

15 Míesrɔ̃ nu vevi geɖe le Yohanes ta 6 lia me siwo de dzi ƒo na mí katã. Míekpɔe be Yesu tsɔ ɖe le eme na amewo vevie. Esi wònɔ Galilea la, eda dɔ na amewo, efia nu wo tso Fiaɖuƒea ŋu eye wòna nuɖuɖu wo. (Luka 9:11; Yoh. 6:​2, 11, 12) Vevietɔ wu la, ena wonya be yee nye “agbebolo la.”—Yoh. 6:​35, 48.

16 Yesu ƒo nu tso “alẽ bubuwo” hã ŋu. Le nyateƒe mea, ame siawo meɖua aboloa henoa wain la le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe wɔna si yia edzi ƒe sia ƒe la o, eye mele be woaɖui hã o. (Yoh. 10:16) Gake Yesu Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu si wòtsɔ na la ɖea vi na woawo hã. Nu si woawɔ be wòaɖe vi na woe nye be woaɖee afia be yewoxɔ Yesu ƒe tafevɔsaa kple nu nyui siwo katã wòahe vɛ la dzi se. (Yoh. 6:53) To vovo na woawo la, ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Fiẽnuɖuɣia ɖenɛ fiana be yewole nubabla yeyea me eye mɔkpɔkpɔ le yewo si be yewoava ɖu fia le dziƒo. Eya ta Yohanes ta 6 lia me nyawo le vevie na ame siwo ayi dziƒo kple ‘alẽ bubuawo’ la siaa. Ena míekpɔe be ele be mí katã míaxɔ tafea dzi se vevie hafi míate ŋu akpɔ agbe mavɔ.

HADZIDZI 150 Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe

a Wodzro Yohanes 6:​5-35 me le nyati si kplɔe ɖo me.

b Tsi si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la nye kpɔɖeŋunya si wòtsɔ ɖɔ nu siwo katã wɔm Yehowa le be míato edzi akpɔ agbe mavɔ.

c Nyawo abe “ame si” kple “ame sia ame” ene dze le Yohanes ta 6 lia me, eye esia ɖee fia be agbe mavɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa le ʋuʋu ɖi na amewo katã.—Yoh. 6:​35, 40, 47, 54, 56-58.