Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SIWO NÀGATE ŊU ASRƆ̃

Nuteƒewɔlawo Wɔa Woƒe Adzɔgbeɖeɖewo Dzi

Nuteƒewɔlawo Wɔa Woƒe Adzɔgbeɖeɖewo Dzi

Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-40 be nàsrɔ̃ nu tso Yefta kple vianyɔnua ƒe ŋutinya me ku ɖe adzɔgbeɖeɖewo dzi wɔwɔ ŋu.

Bu nudzɔdzɔ bliboa ŋu. Aleke Israel-vi wɔnuteƒewo bua adzɔgbe siwo woɖe na Yehowa? (4 Mose 30:2) Aleke Yefta kple vianyɔnua ɖee fia be yewoxɔ Yehowa dzi se?—Ʋɔn. 11:​9-11, 19-24, 36.

Ku nu me yi ŋgɔe. Edze ƒãa be nu kae nɔ susu me na Yefta esi wòɖe adzɔgbea? (w16.04 axa 7 memama 12) Nu kawoe Yefta kple vianyɔnua tsɔ sa vɔe ale be woawɔ adzɔgbe si Yefta ɖe dzi? (w16.04 axa 7-8 memama 14-16) Adzɔgbe kawo tɔgbie Kristotɔwo ate ŋu aɖe egbea?—w17.04 axa 5-8 memama 10-19.

De dzesi nufiameawo. Bia ɖokuiwò be:

  • ‘Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋunye mawɔ adzɔgbe si meɖe la dzi?’ (w20.03 axa 13 memama 20)

  • ‘Nu kawoe mate ŋu atsɔ asa vɔe ale be masubɔ Yehowa geɖe wu?’

  • ‘Nu kawoe mawɔ ale be mawɔ adzɔgbe si meɖe na srɔ̃nye dzi nyuie wu?’ (Mat. 19:​5, 6; Ef. 5:​28-33)