Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Nyemedzudzɔ Nusɔsrɔ̃ O

Nyemedzudzɔ Nusɔsrɔ̃ O

MƆNUKPƆKPƆE wònye nam be Yehowa nye nye “Nufiala Gãtɔ” eye meda akpe nɛ ɖe esia ta. (Yes. 30:20) Yehowa toa eƒe Nya Biblia, eƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo, kple eƒe habɔbɔa dzi fiaa nu esubɔlawo. Azɔ hã etoa mía nɔvi Kristotɔwo dzi kpena ɖe mía ŋu. Togbɔ be esusɔ vie maxɔ ƒe alafa ɖeka hã la, Yehowa ƒe nufiame kpɔtɔ le vi ɖem nam le mɔ geɖe nu. Na magblɔ nu si tae la na wò.

Nye kple nye ƒomea, le ƒe 1948 me

Wodzim le ƒe 1927 me, le du sue aɖe si te ɖe Chicago ŋu le Illinois, le Amerika. Mí ame atɔ̃e wodzi—Jetha, Don, nye ŋutɔ, Karl, kple Joy. Mí katã míeɖoe be míasubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo. Jetha de Gilead Suku ƒe klas evelia le ƒe 1943 me. Don, Karl kple Joy subɔ le Betel si le Brooklyn, le New York. Don yi Betel le ƒe 1944 me, Karl yi le ƒe 1947 me, eye Joy yi le ƒe 1951 me. Kpɔɖeŋu nyui si woawo kple mía dzilawo ɖo la kpɔ ŋusẽ nyui ɖe dzinye.

ALE SI MÍAƑE ƑOMEA WƆ VA NYA NYATEƑEA

Papa kple Dada doa vevie Biblia sɔsrɔ̃, wolɔ̃ Mawu eye woƒã lɔlɔ̃ sia ɖe mí ɖeviawo hã me. Papa wɔ asrafodɔ le Europa le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi, eye le ema megbea megava dea bubu sɔlemehawo ŋu o. Esi wògbɔ tso aʋaa, Dada kpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wògblɔ nɛ be: “Na míayi sɔleme abe ale si míewɔnɛ tsã ene.” Papa ɖo eŋu be: “Makplɔ wò ayi, gake nyemage ɖe xɔa me o.” Dada biae be: “Nu ka ta?” Eɖo eŋu be: “Le aʋa la wɔɣia, subɔsubɔhakplɔla siwo nye subɔsubɔha ɖeka me tɔwo la de akpa vovovowo dzi le aʋaa me eye woyra ɖe asrafoawo kple woƒe aʋawɔnuawo dzi. Asrafoha ka ƒe akpa dzie Mawu le?”

Emegbe esi Dada dzo yi sɔlemea, Yehowa Ðasefo eve aɖewo va míaƒe aƒe me. Wotsɔ nusrɔ̃gbalẽ eve siwo nye Light (Lampe), siwo ƒo nu tso Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ŋua na Papa. Papa kpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽawo ŋu eye wòxɔ wo. Esi Dada kpɔ agbalẽawo ko la, edze wo xexlẽ. Gbe ɖekaa, ekpɔe le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me be wole amewo kpem be woava ale be woazã Light gbalẽawo atsɔ asrɔ̃ Biblia kpli wo. Etso nya me be yeayi. Esi wòvae ɖo la, eke ɖe nyɔnu tsitsi aɖe ŋu. Dada lé agbalẽawo dometɔ ɖeka ɖe asi eye wòbia nyɔnua be: “Afi siae wole agbalẽ sia srɔ̃m kple amewo lea?” Nyɔnu tsitsia ɖo eŋu be: “Ɛ̃, meɖe kuku ge ɖe eme.” Kwasiɖa si kplɔe ɖoa, Dada kplɔ mí ɖeviawo hã yi, eye tso ema dzi míenɔ yiyim kwasiɖa sia kwasiɖa.

Le kpekpe aɖe mea, ame si nɔ kpekpea dzi kpɔm bia tso asinye be maxlẽ Psalmo 144:​15, afi si gblɔ be ame siwo subɔa Yehowa la kpɔa dzidzɔ. Mawunyakpukpui sia kple eve bubu aɖewo hã wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Woawoe nye 1 Timoteo 1:​11, afi si gblɔ be Yehowa nye “Mawu dzidzɔtɔ,” kple Efesotɔwo 5:​1, si de dzi ƒo na mí be míazu “Mawu srɔ̃lawo.” Meva kpɔe be ele be masubɔ Wɔla la kple dzidzɔ, eye manɔ akpe dam nɛ ɖe mɔnukpɔkpɔ xɔasi sia ta. Nu eve siawoe medze agbagba vevie wɔ le nye agbe me katã.

Hame si te ɖe mía ŋu wua le Chicago eye wòdidi kilometa 32 tso mía gbɔ. Gake míedea kpekpeawo, eye esia na meva se Biblia gɔme ɖe edzi. Meɖo ŋku edzi be gbe ɖekaa, kpekpea dzikpɔla yɔ Jetha be wòaɖo nya ŋu. Esi mese nya si wògblɔa, megblɔ le susu me be: ‘Menya ŋuɖoɖo ma. Ðe wòle be mado asi ɖe dzi agblɔe hafi.’ Tso gbe ma gbea, medzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu eye media ŋuɖoɖoawo le ɖokuinye si. Abe ale si wòle le nɔvinyeŋutsu eveawo kple nɔvinyenyɔnu eveawo gome enea, nye hã nye kple Yehowa dome va le kplikplikpli. Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1941 me.

YEHOWA FIAA NU GEÐE MÍ LE TAKPEKPEWO ME

Megaɖoa ŋku nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ le ƒe 1942 me le Cleveland, le Ohio la dzi kokoko. Ame siwo ƒo ƒu ɖe teƒe vovovo siwo wu blaatɔ̃ le Amerika hã se takpekpea me nyawo to telefon dzi. Míaƒe ƒomea kple nɔvi bubuwo nɔ avɔgbadɔwo me le teƒe siwo te ɖe takpekpewɔƒea ŋu. Ɣemaɣia, Xexemeʋa Evelia nɔ gã dom ɖe edzi, eye wonɔ Yehowa Ðasefowo yome tim vevie. Le fiẽ mea, mekpɔ nɔviŋutsu aɖewo tɔ woƒe ʋuwo ɖi ale be ʋuawo ƒe akaɖiwo dze ŋgɔ afi si amewo ato ava asaɖawo me. Wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be nɔviŋutsu ɖeka nanɔ ʋuawo dometɔ ɖe sia ɖe me anɔ ŋudzɔ zã bliboa. Ne edzɔ be amedzidzela aɖewo gbɔna la, ke nɔviŋutsuawo nasi ʋuawo ƒe akaɖiawo wòaklẽ ɖe ŋku dzi na wo ale be woagate ŋu akpɔ nu nyuie o, eye woakú ʋuawo ƒe kpẽwo sesĩe. Esia ana nɔvi bubuwo nava kpe ɖe wo ŋu. Megblɔ na ɖokuinye be ‘Yehowa ƒe amewo dzrana ɖo ɖe nu sia nu si ate ŋu adzɔa ŋu!’ Esi mekpɔe be mele dedie taa, nye dzi dze eme eye medɔ alɔ̃ nyuie. Nya vɔ̃ aɖeke medzɔ o.

Le ƒe geɖe megbe ne meɖo ŋku takpekpe ma dzi la, mekpɔe be Dada metsi dzimaɖi alo vɔ̃ kura o. Eka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi bliboe. Nyemaŋlɔ kpɔɖeŋu nyui si wòɖoa be akpɔ gbeɖe o.

Do ŋgɔ teti na takpekpea, Dada de asi agbalẽ te zu gbesiagbe mɔɖela. Esia ta esi wonɔ nuƒo siwo ku ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu ƒom la, eɖo to nyuie. Esi míetrɔ yina aƒe mea, egblɔ be: “Medi be mayi edzi awɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, gake esia ana wòasesẽ be makpɔ aƒea me ƒe dɔ aɖewo gbɔ.” Eya ta ebia mí nenye be míate ŋu akpe ɖe ye ŋu. Míelɔ̃ ɖe edzi, ta etsɔ xɔ ɖeka alo eve de asi na mía dometɔ ɖe sia ɖe be míanɔ eme dzram ɖo ŋdi sia ŋdi hafi aɖu nu. Ne míedzo yi sukua, eléa ŋku ɖe dɔ siwo míewɔa ŋu kpɔa egbɔ be aƒea me le dzadzɛ hafi yia gbeadzi. Mía nɔ mevona kura o, gake megblẽ mí viawo ɖi o. Ne míetso suku va ŋdɔnuɖuƒe le aƒe me alo ne míekpa tso suku gbɔ va aƒe mea, ekpɔa egbɔ be yeli hafi míava ɖo. Ɣeaɖewoɣi ne míegbɔ tso sukua, míekplɔnɛ ɖo yia gbeadzi. Esia na míeva se nu si gbesiagbe mɔɖeɖedɔa fiaa gɔme.

MEDZE ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆSUBƆDƆA GƆME

Medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme esi mexɔ ƒe 16. Togbɔ be Papa mezu Ðasefo ɣemaɣi haɖe o hã la, etsɔ ɖe le ale si mele subɔsubɔdɔa wɔmee me. Fiẽ aɖe mea, megblɔ nɛ be mele tɔnye sinua wɔm kpem gake nyemeke ɖe ame aɖeke si di be woasrɔ̃ Biblia kpli ye ŋu o. Metɔ sẽe hebiae be, “Àdi be nye kpli wò míanɔ Biblia srɔ̃ma?” Ede ŋugble sẽe eye wògblɔ be, “Susu gobi aɖeke meli si ta magbe o.” Alea wòdzɔe be tɔnye va zu nye Biblia nusrɔ̃vi gbãtɔ. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee esia nye nam!

Agbalẽ si míesrɔ̃e nye “The Truth Shall Make You Free.” Esi nusɔsrɔ̃a nɔ edzi yim la, meva de dzesii be tɔnye nɔ kpekpem ɖe ŋunye be nye nusɔsrɔ̃ kple nufiafia nanyo ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka fiẽ esi nye kplii míenɔ nu srɔ̃m eye mexlẽ memama aɖe vɔa, egblɔ be: “Mese nya si agbalẽa gblɔ. Gake aleke nèwɔ nya be nya si agbalẽa gblɔ nye nyateƒe?” Nyemedzra ɖo ɖe nya si wòbiam la ŋu o, eya ta megblɔ be: “Nyemate ŋu aɖe eme fifia o, gake maɖe eme na wò le nusɔsrɔ̃ si míagawɔ me.” Eye nu ma tututue mewɔ. Medi mawunyakpukpui siwo ɖo kpe edzi be nu siwo srɔ̃m míele le agbalẽa mea nye nyateƒe. Tso gbe ma gbea, mesrɔ̃ ale si maku nu me atsɔ adzra ɖo ɖe míaƒe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu nyuie. Esia wɔe be nye kple tɔnye míeva zu Biblia-srɔ̃la dovevienuwo. Ewɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wòlea dzi eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1952 me.

TAÐODZINU YEYE SIWO MEÐO NA ÐOKUINYE LA NA MESRƆ̃ NU GEÐE

Medzo le aƒeme esime mexɔ ƒe 17. Jetha a va zu dutanyanyuigblɔla, eye Don hã nɔ subɔsubɔm le Betel. Wo ame evea siaa lɔ̃ woƒe dɔdeasiawo vevie, eye esia de dzi ƒo nam ŋutɔ. Eya ta mekpe Betel kple Gilead Suku ƒe dɔbiagbalẽwo ɖo eye menɔ Yehowa sinu kpɔm. Aleke nuwo va yii? Wokpem be mava subɔ le Betel, le ƒe 1946 me.

Le ƒe siwo katã metsɔ subɔ le Betel mea, dɔ vovovo siwo wode asi nam la wɔe be mesrɔ̃ nu yeye geɖe. Mesubɔ le Betel ƒe 75 eye mesrɔ̃ ale si wotaa agbalẽwo kple ale si wobua gakɔntae. Mesrɔ̃ ale si woƒlea nuwo vaa Betel kple ale si wotsɔa nuwo tso Betel ɖona ɖe teƒe bubuwo. Ƒo wo katã ta la, nufiame siwo míexɔna le Betel ŋditadedeagu ƒe wɔnawo me kple Biblia me nuƒo siwo míesena le Betel la doa dzidzɔ nam ŋutɔ.

Mele nu fiam le hamemetsitsiwo ƒe suku aɖe

Mesrɔ̃ nu vevi aɖewo hã tso nɔvinyeŋutsu Karl, si va Betel le ƒe 1947 me la gbɔ. Enye Biblia-srɔ̃la kple Biblia-fiala dovevienu. Mebia tso esi gbe ɖeka be wòakpe ɖe ŋunye madzra nuƒo aɖe si wode asi nam la ɖo. Megblɔ na Karl be meku nu me heƒo numeɖeɖe siwo mazã le nuƒoa me la nu ƒu xoxo, gake nyemenya ale si tututu matrɔ asi le wo ŋu o. Nya ɖeka aɖe ko wòbiam si na mekpɔ nu si wòle be mawɔ. Ebiam be, “Joel, wò nuƒoa ƒe tanyae nye eka?” Mese eƒe nyaa gɔme enumake—ele be mazã numeɖeɖe siwo hiã la ko eye maɖe asi le susɔeawo ŋu. Nufiame sia tsi susu me nam va se ɖe egbe.

Hafi míate ŋu akpɔ dzidzɔ le Betel subɔsubɔdɔa me la, ele be míanɔ gbeƒãɖeɖedɔa hã wɔm bliboe, eye esia ana nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo nasu mía si. Nane si dzi meɖoa ŋkui la dzɔ fiẽ aɖe le Bronx, le New York City. Nye kple nɔviŋutsu aɖe míetrɔ yi nyɔnu aɖe si xɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! la gbɔ. Míeɖe mía ɖokui nu gblɔ be: “Fiẽ sia, míele kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu siwo aɖe vi na wo la tso Biblia me.” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Ne Biblia me nya yea, ke mige ɖe eme.” Míedzro mawunyakpukpui geɖe siwo ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea kple xexe yeye si ava le etsɔme ŋu la me kplii. Esia wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ elabena le kwasiɖa si kplɔe ɖo mea, ekpe exɔlɔ̃ aɖewo hã be woava ɖo to. Nyɔnua kple srɔ̃a va le Yehowa subɔm eye woyi edzi le nuteƒe wɔm.

NU SIWO MESRƆ̃ TSO SRƆ̃NYE GBƆ

Meva ɖoe be maɖe srɔ̃, gake ƒe ewo megbe hafi meke ɖe nɔvinyɔnu si sɔ nam la ŋu. Nu kae kpe ɖe ŋunye meke ɖe srɔ̃nyɔnu nyui ŋu? Medo gbe ɖa na Yehowa eye mebia ɖokuinye be: ‘Nu kae medi be nye kple srɔ̃nye míawɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖe vɔ megbe?’

Nye kple Mary, esime míenɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa wɔm

Le takpekpe aɖe si míewɔ le Yankee Bɔlƒoƒea le ƒe 1953 mea, medo go nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe Mary Aniol. Mary Aniol kple nɔvinyenyɔnu Jetha de Gilead Suku ƒe klas evelia ɖekae, eye wònye Jetha ƒe zɔhɛ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me. Mary tsɔ dzidzɔ gblɔ ale si dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le edzi yim le Carib-ƒukpowo dzi kple Biblia nusɔsrɔ̃ vovovo siwo wòwɔ le ƒe siwo va yi mea ŋu nya nam. Esi míeva nɔ mía nɔewo nyam la, míekpɔe be taɖodzinu ɖekae le mí ame evea si le Yehowa subɔsubɔ me. Míeva lɔ̃ mía nɔewo vevie eye le April 1955 mea, míeɖe mía nɔewo. Mary ɖee fia le mɔ geɖe nu be yenye nunana tso Yehowa gbɔ nam eye wòɖoa kpɔɖeŋu nyui hã. Ekpɔa dzidzɔ ɖe dɔ ɖe sia ɖe si wode asi nɛ la ŋu. Ewɔa dɔ sesẽ, etsɔa ɖe le eme na amewo eye wòtsɔa Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me. (Mat. 6:33) Míewɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa ƒe etɔ̃ eye emegbe le ƒe 1958 mea, wokpe mí be míava subɔ le Betel.

Mesrɔ̃ nu geɖe tso Mary gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi míeɖe srɔ̃ tetia, míeɖoe be míanɔ Biblia xlẽm ɖekae gbe sia gbe eye míexlẽa kpukpui siwo ade wuiatɔ̃. Ne míexlẽ kpukpui aɖewo vɔa, míedzroa eme dea ŋugble le ale si míawɔ eŋu dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me la ŋu. Zi geɖea, Mary gblɔa nu siwo wòsrɔ̃ le Gilead alo le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa mea ŋu nya nam. Nu siwo mesrɔ̃ tso egbɔ la kpena ɖe ŋunye medzraa nye nuƒowo ɖo nyuie eye ale si medea dzi ƒo na nɔvinyɔnuwo la gava nyo ɖe edzi.—Lod. 25:11.

Srɔ̃nye lɔlɔ̃a Mary ku le ƒe 2013 me. Mele mɔ kpɔm vevie be magava kpɔe le xexe yeyea me! Gake fifiaa, meɖoe be mayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu eye maka ɖe eyama dzi kple dzi blibo. (Lod. 3:​5, 6) Ne mede ŋugble le nu siwo Yehowa ƒe amewo awɔ le xexe yeyea me ŋua, esia faa akɔ nam eye wònana nye dzi dzea eme. Nu siwo míawɔ dometɔ ɖekae nye nu yeye siwo míava srɔ̃ tso míaƒe Nufiala Gãtɔ la ŋu. Le nyateƒe mea, nyemate ŋu ada akpe na Yehowa ɖe nu siwo wòfiam kple lɔlɔ̃ si wòɖe fiam la ta wòade edeƒe o.

a Jetha Sunal ƒe agbemeŋutinya dze le March 1, 2003 Gbetakpɔxɔ me, axa 23-29.