Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 51

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

Yehowa Ðoa Ŋku Aɖatsi Siwo Katã Nèfana Dzi

Yehowa Ðoa Ŋku Aɖatsi Siwo Katã Nèfana Dzi

“Kɔ nye aɖatsiwo ɖe wò lãgbalẽgolo me. Ðe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?”​—PS. 56:8.

TAÐODZINUA

Nyati sia ana míakpɔe be Yehowa nya míaƒe vevesesewo katã eye akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ akɔfafa.

1-2. Nu kawoe nana míefaa avi?

 MÍ KATÃ míefaa avi. Ne míele dzidzɔ kpɔm la, míetea ŋu faa dzidzɔvi. Míetea ŋu faa avi ne nu nyui aɖe su mía si, le kpɔɖeŋu me, ne míedzi vi, ne míeɖo ŋku nudzɔdzɔ dodzidzɔname aɖe dzi alo ne míedo go mía xɔlɔ̃ aɖe si míegakpɔ kpɔ o ƒe geɖee nye ema.

2 Gake zi geɖe la, vevesesee nana míefaa avi. Le kpɔɖeŋu me, míetea ŋu faa avi ne ame aɖe si dzi míeka ɖo trɔ mí to eme alo mewɔ nuteƒe na mí o. Míetea ŋu faa avi ne dɔléle wɔe be míele veve sem alo ne míaƒe ame vevi aɖe ku. Ne edzɔ alea la, míate ŋu ase le mía ɖokui me abe nyagblɔɖila Yeremiya ene. Esi Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem la, egblɔ be: “Nye ŋku le tsi kplɔm yoyoyo . . . Nye ŋkuwo le aɖatsi fam madzudzɔmadzudzɔe, enu gbe tsotso.”​—Kony. 3:48, 49.

3. Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne esubɔlawo le fu kpem? (Yesaya 63:9)

3 Yehowa nya aɖatsi siwo katã míefa le míaƒe dzi ƒe vevesesewo alo nɔnɔme sesẽwo ta. Biblia gblɔ be Yehowa nya nɔnɔme gbãdziname siwo katã me tom esubɔlawo le eye wòsea míaƒe ɣlidodowo. (Ps. 34:15) Gake menye ɖeko Yehowa kpɔnɛ be míele avi fam alo sea míaƒe ɣlidodowo ko o. Esi wònye eyae nye mía Fofo eye wòlɔ̃ mí vevie ta la, ne míele avi fam la, etena ɖe edzi eye wòɖea afɔ kaba be yeakpe ɖe mía ŋu.​—Xlẽ Yesaya 63:9.

4. Biblia me kpɔɖeŋu kawo mee míadzro, eye nu kae esiawo afia mí tso Yehowa ŋu?

4 Biblia na míenya ale si Yehowa se le eɖokui me esi esubɔlawo fa avi kple ale si wòkpe ɖe wo ŋu. Míakpɔ esia ne míedzro Hana, David, kple Fia Hizkiya ƒe ŋutinyawo me. Nu kae na Yehowa subɔla siawo fa avi? Aleke Yehowa wɔ nu ɖe wo ŋu esi wofa avi do ɣli yɔe? Aleke nuteƒewɔla siawo ƒe kpɔɖeŋu afa akɔ na mí ne míelé blanui vevie, ne amewo trɔ mí to eme alo ne mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí, si na míefaa avi?

NE MÍEFA AVI LE ESI MÍELÉ BLANUI VEVIE TA

5. Aleke nu siwo me tom Hana nɔ la na wòse le eɖokui me?

5 Hana to nɔnɔme sesẽ geɖe me si na wòlé blanui hefa avi vevie. Eƒe kuxiawo dometɔ ɖekae nye be menye eya ɖeka koe srɔ̃a ɖe o, eye etsusia Penina lé fui. Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzi na Hana ye nye be medzi vi aɖeke o, evɔ etsusia Penina ya dzi viwo. (1 Sam. 1:​1, 2) Penina nɔa alɔme ɖem le eŋu ɣesiaɣi be enye nyɔnu si tsi ko. Ne wòe le nɔnɔme ma me la, aleke nàse le ɖokuiwò me? Biblia na míenya be nɔnɔmea tena ɖe Hana dzi ale gbegbe be “Hana nɔa avi dzi hegbea nuɖuɖu,” eye wònɔa “nu xam vevie” le dzi me.—1 Sam. 1:​6, 7, 10.

6. Nu kae Hana wɔ si na wòkpɔ akɔfafa?

6 Nu kae Hana wɔ be wòte ŋu kpɔ akɔfafa? Nu ɖeka si kpe ɖe eŋue nye be eyi vae subɔ Yehowa le avɔgbadɔa me. Esi wòva tɔ ɖe avɔgbadɔa ƒe xɔxɔnu lɔƒo la, “[ede] asi gbedodoɖa me na Yehowa hele avi fam hehehe.” Eɖe kuku na Yehowa be: “[Kpɔ] wò dɔlanyɔnu la ƒe fukpekpe ɖa, eye [nàɖo] ŋku dzinye.” (1 Sam. 1:10b, 11) Hana gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa le gbedodoɖa me. Esi Yehowa kpɔ ale si Hana nɔ nu xam henɔ avi famee la, ete ɖe edzi ŋutɔ! Elɔ̃ Hana ale gbegbe eye wòdi be yeafa akɔ nɛ.

7. Esi Hana gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa la, aleke esia ɖe vi nɛ?

7 Esi Hana gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa vɔ la, Nunɔlagã Eli ka ɖe edzi nɛ be Yehowa aɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu. Aleke Hana se le eɖokui me le ema megbe? Biblia gblɔ be: “Nyɔnua lé eƒe mɔ heyi ɖaɖu nu, eye megaɖo nublanuimo azɔ o.” (1 Sam. 1:​17, 18) Togbɔ be nɔnɔme si me Hana nɔ metrɔ haɖe o hã la, eƒe dzi dze eme elabe edro eƒe agba ɖe Yehowa dzi. Yehowa kpɔ Hana ƒe nɔnɔmea, ese eƒe avifafa eye emegbe wòna wòdzi vi.—1 Sam. 1:​19, 20; 2:21.

8-9. Nu ka tae wòle be míaku kutri vevie ade kpekpeawo abe ale si wode dzi ƒo na mí le Hebritɔwo 10:​24, 25 ene? (Kpɔ fotoa hã.)

8 Nu si míesrɔ̃ tso eme. Ðe nèle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom si nana nèléa blanui hefaa avia? Ðe wò ƒometɔ alo xɔlɔ̃ aɖee kua? Ne edzɔ alea la, ate ŋu awɔ na wò be nàɖe ɖokuiwò ɖe aga. Gake ɖo ŋku Hana dzi. Eyi ɖe avɔgbadɔa me eye Yehowa fa akɔ nɛ le afi ma. Nenema kee Yehowa afa akɔ na wò ahade dzi ƒo na wò ne èyi Kristotɔwo ƒe kpekpeawo, togbɔ be nu te ŋuwò eye nèlé blanui hã. (Xlẽ Hebritɔwo 10:​24, 25.) Mawunyakpukpui siwo me woadzro le kpekpeawo me ate ŋu ade dzi ƒo na wò. Yehowa toa míaƒe kpekpeawo dzi kpena ɖe mía ŋu be míeɖea susu ɖa le nu siwo nana míeléa blanui la dzi. Esia ate ŋu awɔe be míaƒe dzi nadze eme, ne míaƒe nɔnɔmea meɖɔ ɖo enumake o hã.

9 Mía nɔviwo hã dea dzi ƒo na mí le kpekpeawo me, eye woɖenɛ fiana be yewolɔ̃ mí. Le esia ta míaƒe dzi dzea eme ne míele mía nɔviwo dome. (1 Tes. 5:​11, 14) Bu nɔviŋutsu aɖe si nye mɔɖela vevi ŋu kpɔ. Nublanuitɔe la, srɔ̃a ku. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Megafaa avi kokoko. Ɣeaɖewoɣia, metua ʋɔ ɖe ɖokuinye nu le xɔ me eye mefaa avi. Gake ne mede kpekpeawo la, mekpɔa akɔfafa geɖe. Akɔfanya siwo nɔviawo gblɔna nam kple ale si wowɔa nu ɖe ŋunye nana mekpɔa gbɔdzɔe. Aleke kee meɖalé blanui hafi yi kpekpeawo o, kaka kpekpea nawu enu la, nye dzi dzea eme.” Ne míede míaƒe kpekpewo la, Yehowa ate ŋu ato mía nɔviwo dzi akpe ɖe mía ŋu.

Mía nɔvi Kristotɔwo ƒe akɔfanyawo ate ŋu ana míaƒe dzi nadze eme (Kpɔ memama 8-9)


10. Ne míelé blanui vevie la, aleke Hana ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na mí?

10 Esi Hana gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa le gbedodoɖa me la, esia na wòkpɔ akɔfafa. Wò hã àte ŋu ‘adro wò dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Yehowa dzi’ eye nàka ɖe edzi be aɖo to wò. (1 Pet. 5:7) Edzɔ gbe ɖeka be adzodalawo wu mía nɔvinyɔnu aɖe srɔ̃. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Nye dzi gbã gudugudu eye mese le ɖokuinye me be nyemagakpɔ dzidzɔ aɖeke le agbe me o. Gake ɣesiaɣi si medo gbe ɖa na mía Fofo Yehowa si lɔ̃m vevie la, nye dzi dzea eme. Ɣeaɖewoɣia, nyemenyaa nya si tututu magblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me o, gake menya be esea egɔme nam. Gbe si gbe metsi dzodzodzoe eye melé blanui vevie la, mebiana Yehowa be wòana makpɔ ŋutifafa. Enumake mekpɔa gbɔdzɔe eye metea ŋu wɔa nu siwo wòle be mawɔ le ŋkekea me.” Ne èle blanui hefa avi gblɔ wò dzimenyawo na Yehowa la, Yehowa hã léa blanui eye wòsea nu si me tom nèle la gɔme. Ne wò nɔnɔmea metrɔ enumake o hã la, Yehowa ate ŋu afa akɔ na wò eye wòana nàkpɔ ŋutifafa. (Ps. 94:19; Flp. 4:​6, 7) Edea dzesi wò nuteƒewɔwɔ eye aɖo eteƒe na wò.—Heb. 11:6.

NE MÍEFA AVI LE ESI AME AÐE TRƆ MÍ TO EME TA

11. Aleke nu siwo me David to na wòse le eɖokui me?

11 David to kuxi sesẽ geɖewo me le agbe me si na wòfa avi. Amewo lé fui eye exɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã mewɔ nuteƒe nɛ o eye wodi be yewoawɔ nu vevii. (1 Sam. 19:​10, 11; 2 Sam. 15:​10-14, 30) Egblɔ ɣeaɖeɣi be: “Meɖe hũ ʋuu ɖeɖi te ŋunye; mefa aɖatsi zã bliboa katã nye aba ƒo tsi belee; mefa avi kakaka nye dɔƒe ƒo tsi bekee.” Nu kae do vevesese na David nenema gbegbe? Egblɔ be, “Ame siwo katã le fu wɔmem la” tae. (Ps. 6:​6, 7) Nu madzɔmadzɔ siwo amewo wɔ ɖe David ŋu na wòse veve hefa avi hehehe.

12. Nu ka dzie David ka ɖo abe ale si wògblɔe le Psalmo 56:8 ene?

12 Togbɔ be David to nɔnɔme sesẽ mawo katã me hã la, enya be Yehowa lɔ̃ ye. Egblɔ be: “Yehowa ase nye avigbe la.” (Ps. 6:8) Ɣebubuɣia, David gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi aɖe si dze le Psalmo 56:8. (Xlẽe.) Ne míexlẽ nya mawo la, míekpɔnɛ be Yehowa lɔ̃ mí vevie eye wòtsɔa ɖe le eme na mí. David gblɔ be ɖeko wòle abe Yehowa le yeƒe aɖatsiwo katã lɔm kɔ ɖe nugo me alo le nu ŋlɔm tso yeƒe aɖatsifaɣiwo katã ŋu ɖe agbalẽ me ene. David ka ɖe edzi be ye Fofo si le dziƒo nya nu siwo me tom yele kple ale si yele sesem le ye ɖokui me.

13. Ne amewo trɔ mí to eme la, nu kae ate ŋu afa akɔ na mí? (Kpɔ fotoa hã.)

13 Nu si míesrɔ̃ tso eme. Ðe wò dzi gbã le esi ame aɖe si dzi nèka ɖo trɔ wò to emea? Ðewohĩ wò dzi gbã le esi ame aɖe si nèwɔ ɖoɖo kplii be yeaɖe la gblẽ ŋugbedodoa me alo srɔ̃wò ɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te alo ɖewohĩ wò ame vevi aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ta. Nɔviŋutsu aɖe si srɔ̃ wɔ ahasi hedzo le egbɔ la gblɔ be: “Nyemesusui kpɔ gbeɖe be nu sia ate ŋu adzɔ ɖe dzinye o. Ewɔ nam be viɖe aɖeke megale ŋunye o, melé blanui eye medo dziku.” Ne ame aɖe trɔ wò to eme alo mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o la, nyae be Yehowa mawɔ nu ɖe ŋuwò nenema o eye magblẽ wò ɖi akpɔ o. Na esia nafa akɔ na wò. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Meva kpɔe be amegbetɔwo ate ŋu atrɔ mí to eme, gake Yehowa ya Agakpe wònye li na mí ɖaa. Nu ka kee ɖadzɔ o, akpe ɖe mía ŋu. Yehowa magblẽ esubɔla wɔnuteƒewo ɖi o.” (Ps. 37:28) Ðo ŋku edzi hã be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ƒo amegbetɔ ɖe sia ɖe tɔ ta sãsãsã. Evena ŋutɔ ne ame si nèlɔ̃ heka ɖe edzi la trɔ wò to eme, gake esia matrɔ ale si nèxɔ asi na Yehowa kple ale si wòlɔ̃ wòe kura o. (Rom. 8:​38, 39) Nya la koe nye be aleke kee amewo ɖawɔ nu ɖe ŋuwòe o, mate ŋu atrɔ ale si gbegbe Fofowò si le dziƒo lɔ̃ wòe o.

Psalmowo ƒe agbalẽa ka ɖe edzi na mí be Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ (Kpɔ memama 13)


14. Kakaɖedzinya kae le Psalmo 34:18 na mí?

14 Ne ame aɖe trɔ mí to eme la, nu bubu si akpe ɖe mía ŋue nye nya siwo David gblɔ le Psalmo 34:18. (Xlẽe.) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be “ame siwo ƒe gbɔgbɔ ŋu nu te la” ate ŋu asusui be yewomate ŋu akpɔ mɔ na nu nyui aɖeke o.” Aleke Yehowa wɔa nu ɖe ame siwo sena le wo ɖokuiwo me nenema la ŋu? Ale si dzila lɔ̃ame kɔa via ɖe akɔnu faa akɔ nɛ la, nenemae “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã . . . la gbɔ.” Esea veve ɖe wo nu hekpena ɖe wo ŋu. Ne míaƒe dzi gbã eye wòwɔ na mí be viɖe aɖeke mele mía ŋu o la, efaa akɔ na mí. Edo nu nyui geɖe ƒe ŋugbe na mí siwo míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na. Esia akpe ɖe mía ŋu míado dzi.—Yes. 65:17.

NE MÍEFA AVI LE ESI MƆKPƆKPƆ BU ÐE MÍ TA

15. Nu kae na Hizkiya lé blanui vevie hefa avi?

15 Esi Yuda-fia Hizkiya xɔ ƒe 39 la, edze dɔ vevie heɖo kudo nu. Yehowa dɔ nyagblɔɖila Yesaya be wòagblɔ na Hizkiya be mahaya o, aku. (2 Fia. 20:1) Edze abe mɔkpɔkpɔ megali na Hizkiya o ene. Nyaa gba dzi nɛ ale gbegbe be wòfa avi hehehe. Hizkiya do gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ye ŋu.—2 Fia. 20:​2, 3.

16. Nu kae Yehowa wɔ na Hizkiya?

16 Hizkiya ƒe kokoƒoƒoa wɔ dɔ ɖe Yehowa dzi eye wòdɔ Yesaya ɖee gblɔ be: “Mese wò gbedodoɖa la. Mekpɔ wò aɖatsiwo. Kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wò.” Yehowa kpɔ nublanui nɛ hedo ŋugbe nɛ be yeadzi eƒe agbenɔƒewo ɖe edzi eye yeaɖe Yerusalem tso Asiriatɔwo si me.—2 Fia. 20:​4-6.

17. Ne míele dɔ lém vevie la, aleke Yehowa doa ŋusẽ mí? (Psalmo 41:3) (Kpɔ fotoa hã.)

17 Nu si míesrɔ̃ tso eme. Ne èle dɔmavɔleameŋu aɖe lém la, nu kae nàwɔ? Trɔ ɖe Yehowa ŋu nàdo gbe ɖa nɛ, ne eva hiã be nàfa avi nɛ gɔ̃ hã. Biblia ka ɖe edzi na mí be “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu” la afa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me. (2 Kor. 1:​3, 4) Míate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa naɖe míaƒe kuxiwo katã ɖa fifia o, gake míate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu be wòalé mí ɖe te. (Xlẽ Psalmo 41:3.) Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi doa ŋusẽ mí, eye wònaa nunya kple ŋutifafa mí be míate ŋu ado dzi. (Lod. 18:14; Flp. 4:13) Edo ŋugbe nyui geɖe na mí le Biblia me si naa mɔkpɔkpɔ mí be le etsɔmea, ame aɖeke magadze dɔ o.—Yes. 33:24.

Yehowa ase míaƒe gbedodoɖawo eye wòado ŋusẽ mí ahana nunya kple ŋutifafa mí (Kpɔ memama 17)


18. Mawunyakpukpui kae faa akɔ na wò ne nuwo wu tsɔtsɔ na wò? (Kpɔ aɖaka si nye “ Akɔfanya Siwo Ana Míatutu Míaƒe Aɖatsiwo.”)

18 Yehowa ƒe nyawo fa akɔ na Hizkiya. Nenema kee Mawu ƒe Nyaa ate ŋu afa akɔ na míawo hã. Yehowa na woŋlɔ nya fakɔnamewo ɖi na mí le Biblia me siwo akpe ɖe mía ŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. (Rom. 15:4) Esi wokpɔ kansa le nɔvinyɔnu aɖe si le Ɣetoɖoƒe Afrika ŋua, efa avi zi geɖe. Egblɔ be: “Mawunyakpukpui aɖe si fa akɔ nam vevie ye nye Yesaya 26:3. Zi geɖe la, míete ŋu wɔa naneke tso míaƒe kuxiwo ŋu o. Gake mawunyakpukpui sia ka ɖe edzi na mí be Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzi ɖi ahado dzi togbɔ be kuxiawo kpɔtɔ li hã.” Ðe mawunyakpukpui aɖe li si faa akɔ na wò vevietɔ ne nɔnɔmea sesẽ si wɔe be mɔkpɔkpɔ bu ɖe wòa?

19. Nu nyui kawoe míele mɔ kpɔm na le etsɔme?

19 Míele ŋkeke mamlɛawo ƒe yɔyrɔe nu, eye ate ŋu adzɔ be míaƒe nuxaxa kple avifafa nadzi ɖe edzi. Gake míekpɔe le Hana, David, kple Fia Hizkiya ƒe ŋutinyawo me be Yehowa kpɔa míaƒe aɖatsiwo eye wòsea veve ɖe mía nu. Elɔ̃ mí le esi míeyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi togbɔ be míele nɔnɔme sesẽwo me tom hã, eye wòɖoa ŋku míaƒe aɖatsiwo dzi. Eya ta ne nɔnɔmeawo wɔe be míelé blanui eye míaƒe dzi gbã la, anyo be míate ɖe Yehowa ŋu agblɔ míaƒe dzimenyawo nɛ. Míaɖoe kplikpaa be míagaɖe mía ɖokui ɖe aga tso mía nɔviwo gbɔ alo adzudzɔ kpekpeawo dede o. Mina míayi edzi ana Biblia me nyawo nafa akɔ na mí. Míeka ɖe edzi be ne míeyi edzi do dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, Yehowa aɖo eteƒe na mí. Eye mlɔeba la, atutu míaƒe aɖatsiwo katã ɖa, eɖanye aɖatsi siwo míefana le esi míelé blanui, wotrɔ mí to eme alo mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí ta o. (Nyaɖ. 21:4) Ɣemaɣi la, dzidzɔvi sɔŋ koe míafa.

HADZIDZI 4 “Yehowae Nye Kplɔlanye”