Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 48

HADZIDZI 97 Mawu Ƒe Nya Nue Míenɔa Agbe Ðo

Yesu Na Abolo Amewo Nukutɔe​—Nu Si Míesrɔ̃ Tso Eme

Yesu Na Abolo Amewo Nukutɔe​—Nu Si Míesrɔ̃ Tso Eme

“Nyee nye agbebolo la. Ame si vaa gbɔnye la, dɔ mawui akpɔ o.”YOH. 6:35.

TAÐODZINUA

Míadzro nudzɔdzɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Yohanes ta 6 lia me. Wogblɔ le afi ma be Yesu zã abolo kple tɔmelã ʋɛ aɖewo tsɔ nyi ame akpe geɖe. Míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nukunu sia me.

1. Aleke gbegbee abolo nɔ vevie le Biblia ŋlɔɣiwo?

 ABOLO nye nuɖuɖu vevi aɖe le Biblia ŋlɔɣiwo. (1 Mose 14:18; Luka 4:4) Ebɔ ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi la, Biblia zãa nya “abolo” wòfiaa nuɖuɖu. (Mat. 6:11) Yesu zã abolo le eƒe nukunu xɔŋkɔ eve aɖewo me. (Mat. 16:​9, 10) Ðeka dze le Yohanes ta 6. Esi míele nuŋlɔɖi sia me dzrom la, míakpɔ nufiame siwo le eme siwo ŋu dɔ míate ŋu awɔ egbea.

2. Nu kae dzɔ si na ame geɖewo va hiã nuɖuɖu?

2 Yesu ƒe apostolowo ɖe gbeƒã ʋuu ɖeɖi te wo ŋu, eya ta Yesu kple apostoloawo ɖo tɔdziʋu hetso Galilea-ƒua be yewoayi aɖaɖi ɖe eme. (Marko 6:​7, 30-32; Luka 9:10) Woyi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o le Betsaida nutoa me. Ke hã eteƒe medidi o, ame akpe geɖe va tso wo le afi ma. Ðe Yesu zi kpi kpɔ woa? Ao, ke boŋ efia nu geɖe wo tso Fiaɖuƒea ŋu eye wòda dɔ na wo dometɔ siwo nɔ dɔ lém. Esi fiẽsi ɖo la, nusrɔ̃lawo tsi dzi ɖe ale si ame gbogbo mawo katã akpɔ nu aɖu ŋu. Ðewohĩ nuɖuɖu vi aɖe nɔ wo dometɔ aɖewo si, gake ahiã be wo dometɔ akpa gãtɔ nayi kɔƒeawo me aɖaƒle nu aɖu. (Mat. 14:15; Yoh. 6:​4, 5) Nu kae Yesu awɔ?

YESU NA ABOLO AME AKPEWO NUKUTƆE

3. Nu kae Yesu gblɔ na apostoloawo be woawɔ na amehaa? (Kpɔ nɔnɔmetata hã.)

3 Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be: “Mehiã be woadzo o; miawo ŋutɔwo mina nu wo woaɖu.” (Mat. 14:16) Esia asesẽ elabe ameawo sɔ gbɔ, wole ŋutsu 5,000 sɔŋ. Eye ne míetsɔ nyɔnuwo kple ɖeviwo kpe ɖe eŋu la, ke efia be ahiã be woakpɔ nuɖuɖu na ame abe 15,000 sɔŋ ene. (Mat. 14:21) Andrea gblɔ be: “Ŋutsuvi aɖe le afii, si si ƒobolo atɔ̃ kple tɔmelã sue eve le. Gake afi kae esia ade na ame gbogbo siawo?” (Yoh. 6:9) Ƒobolo la nye nu si ame geɖewo, vevietɔ ame dahewo, ɖuna edziedzi ɣemaɣi; eye tɔmelãa anya nye dzemekpɛ alo akpatogoe. Ke hã, nu siawo mesɔ gbɔ be woatsɔ anyi ame gbogbo mawo o ɖe, alo?

Yesu kpɔ ameawo ƒe gbɔgbɔme kple ŋutilãme nuhiahiãwo siaa gbɔ na wo (Kpɔ memama 3)


4. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya si le Yohanes 6:​11-13 me? (Kpɔ fotoawo hã.)

4 Esi Yesu di be yeanyo dɔme na wo ta la, egblɔ na wo be woanɔ anyi le hatsotsowo me ɖe gbeawo dzi. (Marko 6:​39, 40; xlẽ Yohanes 6:​11-13.) Biblia gblɔ be Yesu do gbe ɖa da akpe na Fofoa ɖe aboloa kple tɔmelãawo ta. Esɔ be wòda akpe na Mawu, elabe eya gbɔe nuɖuɖua tso. Esia ɖoa ŋku edzi na mí be míasrɔ̃ Yesu ado gbe ɖa hafi aɖu nu, míeɖale amewo dome alo míawo ɖeɖe koe li o. Eyome Yesu na nusrɔ̃lawo ma nuɖuɖua na amehaa. Nuɖuɖua sɔ gbɔ ale gbegbe be ameawo ɖui ɖi ƒo eye ɖe tsi anyi gɔ̃ hã. Esi Yesu medi be kakɛ mawo dome nagblẽ o ta la, ena woƒo wo nu ƒu, ɖewohĩ kple susu be woazã wo emegbe. Ale si Yesu zã nu siwo le esi le nunya me be naneke dome nagagblẽ o la nye kpɔɖeŋu nyui na mí. Ne dzilae nènye la, ɖe manyo be nàdzro ŋutinya sia me kple viwòwo ne woade dzesi nu siwo wòfia wo tso gbedodoɖa, amedzrowɔwɔ kple dɔmenyonyo ŋu oa?

Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe medoa gbe ɖa hafi ɖua nu, abe ale si Yesu wɔe enea?’ (Kpɔ memama 4)


5. Nu kae ameawo di be yewoawɔ na Yesu, gake nu kae Yesu wɔ?

5 Ale si Yesu fia nu amewo kple nukunu siwo wòwɔ la wɔ dɔ ɖe amehaa dzi ale gbegbe. Wonya be Mose gblɔe ɖi be Mawu aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe na eƒe amewo, eya ta woanya nɔ wo ɖokuiwo biam be: ‘Ðe wòanye be Yesue nye nyagblɔɖila ma?’ (5 Mose 18:​15-18) Woanya susui be ne Yesue la, ke anye dziɖula nyui aɖe ŋutɔ, eye ate ŋu ana nuɖuɖu dukɔ bliboa gɔ̃ hã. Eya ta wodi be ‘yewoalé Yesu aɖoe fia.’ (Yoh. 6:​14, 15) Ne Yesu lɔ̃ woɖoe fia la, ke afia be ele nu dem Yudatɔwo, siwo dzi ɖum Romatɔwo nɔ la, ƒe dunyawo me. Yesu mewɔ nu sia gbeɖe o. Biblia gblɔ be ‘eɖe eɖokui ɖe aga yi to la dzi.’ Aleke kee amewo ɖaƒoe ɖe Yesu nui o, meƒo eɖokui ɖe dunyahehe me o. Esia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí!

6. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

6 Anɔ eme be amewo mabia tso mía si be míana nuɖuɖu nadzi ɖe edzi nukutɔe alo ada dɔ na yewo o, eye ɖewohĩ womate kpɔ be yewoaɖo mí fia alo dukplɔla ya o. Gake woate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míade nu dunya me ada akɔ na ame aɖe alo ade ame aɖe si wosusu be ahe tɔtrɔ nyuiwo vɛ la dzi. Ele vevie be míaɖo ŋku Yesu ƒe kpɔɖeŋua dzi. Egbe gbidii be yemade nu dunyahehe me o, eye wògblɔ emegbe gɔ̃ hã be: “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.” (Yoh. 17:14; 18:36) Mí Kristotɔ siwo li egbea míedzea agbagba be míasrɔ̃ Yesu ƒe nuŋububu kple nuwɔna. Míenɔa eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi, míeɖia ɖase tso Fiaɖuƒea ŋu eye míedoa gbe ɖa be wòava. (Mat. 6:10) Azɔ na míagakpɔ nu bubu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nukunu si Yesu wɔ la me ɖa.

Yesu mede nu Yudatɔwo kple Romatɔwo ƒe dunyahehewo me o, eye esia nye kpɔɖeŋu na mí (Kpɔ memama 6)


“NUFIAME SI LE ABOLO SIWO WÒNA ME”

7. Nu kae Yesu wɔ, eye aleke esia na apostoloawo wɔ nui? (Yohanes 6:​16-20)

7 Esi Yesu nyi amehaa vɔ la, ena eƒe apostoloawo ɖo tɔdziʋu trɔ yi Kapernaum, gake eya ŋutɔ ɖe eɖokui ɖe aga yi toa dzi, ale be amehaa nagalé ye aɖo ye fia o. (Xlẽ Yohanes 6:​16-20.) Esi apostoloawo nɔ tɔdziʋua kum yina la, ya sesẽ aɖe te ƒoƒo eye atsiaƒua dze agbo. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wokpɔ Yesu wòzɔ tsia dzi gbɔna wo gbɔ. Eye Yesu na apostolo Petro hã zɔ tsia dzi. (Mat. 14:​22-31) Esi Yesu nya ge ɖe tɔdziʋua me ko la, ya sesẽ la tɔ. Nusrɔ̃laawo ƒe nu ku eye wogblɔ be: “Mawu Vie nènye vavã.” a (Mat. 14:33) Ewɔ nuku be nusrɔ̃lawo megblɔ nya sia esi Yesu nyi amehaa vɔ o, gake wogblɔ nya sia esi wokpɔe wòzɔ tsi dzi. Marko gblɔ tso nudzɔdzɔ sia ŋu be: “[Apostoloawo ƒe] nu ku ŋutɔ, elabena womekpɔ nufiame si le abolo siwo wòna me la dze sii o, eye womete ŋu le nuwo gɔme sem o.” (Marko 6:​50-52) Nusrɔ̃lawo mekpɔe dze sii be Mawu na ŋusẽ geɖe Yesu be wòate ŋu awɔ nukunu geɖe wu abolonana amewo ko evɔ o. Esia megbe kpuie la, Yesu gaƒo nu tso nukunu si wòwɔ ku ɖe aboloawo ŋu la ŋuti eye wòhe susu yi nufiame vevi aɖe dzi.

8-9. Nu ka tae amehaa nɔ Yesu dim ɖo? (Yohanes 6:​26, 27)

8 Esi ŋu ke la, amehaa yi afi si Yesu na aboloa wo le, gake womekpɔ Yesu kple eƒe apostoloawo le afi ma o. Eya ta woɖo tɔdziʋu siwo tso Tiberia va, eye woɖo ta Kapernaum be yewoava di Yesu. (Yoh. 6:​22-24) Ðe wowɔ esia kple susu be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Fiaɖuƒea ŋua? Ao. Ðeko wodi be Yesu nagana abolo yewo. Aleke míewɔ nya?

9 De dzesi nu si dzɔ esi wova ke ɖe Yesu ŋu le Kapernaum. Yesu na wonya be nuɖuɖu ta koe wole ye dim ɖo. Egblɔ na wo be abolo si ‘woɖu ɖi ƒo’ la nye “nuɖuɖu si gblẽna.” Ede dzi ƒo na wo be woawɔ dɔ “ɖe nuɖuɖu si megblẽna o, si naa agbe mavɔ” la boŋ ta. (Xlẽ Yohanes 6:​26, 27.) Yesu gblɔ be ye Fofo ana nuɖuɖu ma wo. Esi amehaa se be nuɖuɖu aɖe li si naa agbe mavɔ la, ewɔ moyaa na wo! Nuɖuɖu kae wònye, eye aleke Yesu ƒe nyaselawo awɔ ake ɖe eŋu?

10. Nu kae wòle be amewo nawɔ be ‘woakpɔ agbe mavɔ’?

10 Yudatɔ mawo di be yewoanya nu si yewoawɔ be nuɖuɖu sia nasu yewo si. Woƒe susu anya yi ‘dɔ’ siwo Mose ƒe Sea bia be woawɔ la dzi. Gake Yesu gblɔ na wo be: “Mawu ƒe dɔ lae nye be miaxɔ ame si wòdɔ ɖa la dzi ase.” (Yoh. 6:​28, 29) Ehiã be woaxɔ Yesu, ame si Mawu dɔ ɖa la dzi ase hafi woate ŋu ‘akpɔ agbe mavɔ.’ (Yoh. 3:​16-18, 36) Yesu ƒo nu tso nya sia ŋu va yi, eye egava gblɔ nya geɖe tso ale si míawɔ akpɔ mavɔ ŋu emegbe.—Yoh. 17:3.

11. Aleke Yudatɔwo ɖee fia be nuɖuɖu koe nɔ vevie na yewo? (Psalmo 78:​24, 25)

11 Yudatɔ mawo melɔ̃ ɖe Yesu ƒe nufiafia si nye be ele be ‘woaxɔ ye dzi ase’ la dzi o. Wobia Yesu be: “Dzesi ka wɔm nèle be míakpɔ ahaxɔ dziwò ase?” (Yoh. 6:30) Wogblɔ be yewo tɔgbui siwo nɔ anyi le Mose ƒe ŋkekeawo me la xɔ mana nukutɔe; esiae nye woƒe gbe sia gbe bolo. (Neh. 9:15; xlẽ Psalmo 78:​24, 25.) Edze ƒãa be abolo si woakpɔ aɖu ŋu koe wogakpɔtɔ tsi dzi ɖo. Eye esi Yesu ƒo nu tso “abolo vavã si tso dziƒo,” si nyo sãsãsã wu mana le esi wòate ŋu ana agbe mavɔ wo ŋu la, womebiae be wòaɖe nu si wòfia la me na yewo gɔ̃ hã o. (Yoh. 6:32) Wotsi dzi ɖe woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu ale gbegbe be woƒe susu mele nu si fiam Yesu le wo tso agbe mavɔ kpɔkpɔ ŋu la ŋu o. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi sia me?

NU SI WÒLE BE WÒANƆ VEVIE NA MÍ

12. Aleke Yesu na míekpɔ nu si wòle be wòanye nu vevitɔ na mí?

12 Nu vevi aɖe si míesrɔ̃ le Yohanes ta 6 lia mee nye be, ele be míana ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome nanye nu vevitɔ na mí. Yesu he susu yi esia dzi esi Satana nɔ etem kpɔ. (Mat. 4:​3, 4) Eye le Todzimawunyaa me la, ete gbe ɖe ale si wòle vevie be míatsi dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la dzi. (Mat. 5:3) Eya ta ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe ale si menɔa agbee la ɖee fia be metsia dzi ɖe ƒomedodo si le nye kple Yehowa dome ŋu wu nye ŋutilãmenudidiwoa?’

13. (a) Nu ka tae megblẽ be míaɖu nu ase vivi nɛ o? (b) Nu ka ŋue Paulo xlɔ̃ nu mí tsoe? (1 Korintotɔwo 10:​6, 7, 11)

13 Megblẽ be míado gbe ɖa abia míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo alo be míazã nu siwo le mía si be woaɖe vi na mí o. (Luka 11:3) Biblia gblɔ be enyo be ame “[naɖu] nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le dɔ sesẽ siwo wòwɔna la ta,” eye wògblɔ kpee be “Mawu vavã la ƒe asi mee esia hã tso.” (Nyagb. 2:24; 8:15; Yak. 1:17) Ke hã, ele be míakpɔ nyuie be míagana ŋutilãmenuwo nava nye nu vevitɔ na mí le agbe me o. Apostolo Paulo te gbe ɖe esia dzi esi wònɔ agbalẽ ŋlɔm na Kristotɔwo. Eƒo nu tso nu si Israel-viwo wɔ le Sinai Toa gbɔ kple nu gbegblẽ bubu siwo wowɔ le gbea dzi ŋu. Eye wòxlɔ̃ nu wo be ‘woaganye nu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe ale si wòdzro Israel-viwo ene o.’ (Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:​6, 7, 11.) Yehowa na nuɖuɖu Israel-viwo nukutɔe, gake woƒe ŋukeklẽ wɔe be nunana nyui sia zu “nu vɔ̃ɖi” na wo. (4 Mose 11:​4-6, 31-34) Esime Israel-viwo nɔ sikanyivia subɔm la, woɖu nu no nu hedo dzidzɔ na wo ɖokuiwo; nu mawo koe nɔ vevie na wo. (2 Mose 32:​4-6) Paulo he susu yi woƒe nuwɔnaa dzi tsɔ xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu le ƒe 70 K.Ŋ. me. Esi míele míaƒe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ta la, ele vevie be míatsɔ Paulo ƒe nuxlɔ̃amea ŋkubiãnyae.

14. Nya kae Biblia gblɔ tso nuɖuɖu le xexe yeyea me ŋu?

14 Esi Yesu gblɔ be míado gbe ɖa abia “abolo si asu mía nu egbe la,” ehe susu yi ɣeyiɣi si me Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ava eme “le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene” hã dzi. (Mat. 6:​9-11) Aleke nèsusu be xexea me anɔ ɣemaɣi? Biblia gblɔ be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe anyigba dzi. Yesaya 25:​6-8 na míenya be nuɖuɖu abɔ amewo naɖu le Yehowa ƒe Fiaɖuƒea me. Psalmo 72:16 gblɔ be: “Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi; woaxɔ towo tame keŋ.” Ðe nèle mɔ kpɔm vevie be yeava zã nuku mawo ƒe ɖe atsɔ aɖa nu vivi siwo dzɔa dzi na wò kple nu siwo mèɖa kpɔ oa? Azɔ hã, àte ŋu ade waingble aɖu eme kutsetse. (Yes. 65:​21, 22) Eye yayra siawo ava eme na ame sia ame le anyigba dzi.

15. Nufiafiadɔ kae ayi edzi le xexe yeyea me? (Yohanes 6:35)

15 Xlẽ Yohanes 6:35. Gabu ame siwo ɖu abolo kple tɔmelã si Yesu na wo la ŋu kpɔ. Togbɔ be wo dometɔ geɖe mexɔ Yesu dzi se o hã la, ɖewohĩ woafɔ ɖewo ɖe tsitre eye àdo go wo le xexe yeyea me. (Yoh. 5:​28, 29) Gake ahiã be woase Yesu ƒe nya siawo gɔme nyuie; egblɔ be: “Nyee nye agbebolo la. Ame si vaa gbɔnye la, dɔ mawui akpɔ o.” Ahiã be woaxɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi ase, ɛ̃, woaxɔe ase be etsɔ eƒe agbe na ɖe yewo ta. Ɣemaɣi la, woafia nu ame siwo wofɔ ɖe tsitre kple vi siwo ɖewohĩ amewo adzi le xexe yeyea me la tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖo ŋu. Dzidzɔ si gbegbe míakpɔ ne míekpe asi ɖe nufiafiadɔ sia ŋu la aƒo dzidzɔ ɖe sia ɖe si míakpɔ ne míeɖu nu viviwo le xexe yeyea me ta sãsãsã! Ɛ̃, gbɔgbɔmenuwoe anye nu vevitɔ na mí le xexe yeyea me.

16. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

16 Míedzro nuŋlɔɖi si le Yohanes ta 6 lia ƒe akpa aɖe me, gake nya geɖe gale Yesu si wòagblɔ tso “agbe mavɔ” ŋu. Ehiã be Yudatɔ siwo wònɔ nu ƒom na la naɖo to eƒe nyawo nyuie, eye nu ma tututue wòle be míawo hã míawɔ. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míayi edzi adzro Yohanes ta 6 lia me.

HADZIDZI 20 Ètsɔ Viwò Lɔlɔ̃a Na

a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ŋutinya dodzidzɔname sia ŋu le agbalẽ si nye Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La ƒe axa 131, kple Srɔ̃ Woƒe Xɔse, axa 185.