Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ame kawoe nye “mawudɔla tiatiawo” si woyɔ le 1 Timoteo 5:21?

Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe eƒe dɔwɔhati Timoteo si nye hamemetsitsi be: “Mele eɖom dziwò le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋkume be, nàlé mɔfiame siawo me ɖe asi nazãbubu kple ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke manɔmee.”—1 Tim. 5:21.

Gbã la, na míaƒo nu tso mawudɔla siwo mate ŋu anye woawoe wowɔnɛ o la ŋu. Eme kɔ ƒãa be mate ŋu anye ame 144,000-awo o. Esime Paulo ŋlɔ nya mawo na Timoteo la, womete Kristotɔ amesiaminawo fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo o. Azɔ hã apostoloawo kple amesiamina bubuawo mezu gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ɣemaɣi o. Eya ta womate ŋu anye ‘mawudɔla tiatia’ siwo Paulo yɔ le mawunyakpukpui ma me o.—1 Kor. 15:​50-54; 1 Tes. 4:​13-17; 1 Yoh. 3:2.

Tsɔ kpe ɖe eŋua, ‘mawudɔla tiatia’ siawo mate ŋu anye mawudɔla siwo dze aglã le Noa ƒe ɣeyiɣiawo me o. Mawudɔla dzeaglã mawo de Satana dzi hezu gbɔgbɔ vɔ̃wo, eye wova zu Yesu ƒe futɔwo. (1 Mose 6:2; Luka 8:​30, 31; 2 Pet. 2:4) Yesu ade wo aʋli me ƒe 1,000 sɔŋ, eye mlɔeba woatsrɔ̃ wo kpe ɖe Abosam ŋu.—Yuda 6; Nyaɖ. 20:​1-3, 10.

Anɔ ene be ‘mawudɔla tiatia’ siwo Paulo yɔ la nye mawudɔla wɔnuteƒe siwo le dɔ wɔm aduadu kple “Mawu kple Kristo Yesu.”

Mawudɔla wɔnuteƒe akpe teƒe akpewoe li. (Heb. 12:​22, 23) Mele be míasusui be dɔ ɖeka aɖe koŋ ye le wo dometɔ ɖe sia ɖe si wòwɔna ɣesiaɣi o. (Nyaɖ. 14:​17, 18) Ðo ŋku edzi be ɣeaɖeɣia, wode dɔ asi na mawudɔla ɖeka aɖe be wòayi ava tsrɔ̃ Asiria-srafo 185,000. (2 Fia. 19:35) Anɔ eme be wode dɔ asi na mawudɔla aɖewo be “woaƒo amenuɖianuwo kple sedzimawɔlawo nu ƒu tso [Yesu ƒe] Fiaɖuƒe la me.” (Mat. 13:​39-41) Ðewohĩ wobia tso bubu aɖewo si be “woaƒo . . . ame tiatiawo nu ƒu” ɖe dziƒo. (Mat. 24:31) Eye woanya de se na bubu aɖewo hã be ‘woadzɔ mía ŋu le míaƒe mɔwo katã dzi.’—Ps. 91:11; Mat. 18:10; tsɔe sɔ kple Mateo 4:11; Luka 22:43.

Le susu siawo ta, anɔ eme be “mawudɔla tiatiawo,” si Paulo yɔ le 1 Timoteo 5:21 la nye mawudɔla siwo wode dɔ tɔxɛ aɖewo asi na ku ɖe Mawu ƒe amewo ŋu. Paulo nɔ aɖaŋu ɖom na hamemetsitsiwo ku ɖe ale si woawɔ woƒe dɔa ŋu eye wògblɔ be edze be hamea hã nade bubu wo ŋu. Egblɔ be ele na hamemetsitsiwo be woawɔ woƒe dɔwo “nazãbubu kple ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke manɔmee,” eye woagatsɔ dzitsitsi atso nya me alo adrɔ̃ ʋɔnu o. Susu vevi aɖe si tae wòle be hamemetsitsiwo nawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzie nye be wole woƒe dɔa wɔm “le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋkume.” Eya ta edze ƒãa be wode dɔ asi na mawudɔla aɖewo ku ɖe hamea ŋu, eye dɔ siawo ƒe ɖee nye be woakpɔ hamea ta, woakpɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi, eye woagblɔ nu si teƒe wokpɔ ŋu nya na Yehowa.—Mat. 18:10; Nyaɖ. 14:6.