Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Tameɖoɖoa Ava Eme!

Yehowa Ƒe Tameɖoɖoa Ava Eme!

“Megblɔe, eye mana wòava eme hã. Meɖo tame, eye mawɔe hã.”YES. 46:11.

HADZIDZI: 147, 149

1, 2. (a) Nu kae Yehowa ɖe fia mí? (b) Kakaɖedzinya kawoe le Yesaya 46:10, 11 kpakple ta 55:11?

“LE GƆMEDZEDZEA me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” (1 Mose 1:1) Nya kpui sia si ŋu gɔmesese deto le lae wotsɔ dze Biblia gɔme. Enye nyateƒe be nu ʋɛ aɖewo koe míenya tso nu gbogbo siwo Mawu wɔ, abe dziƒonutowo, kekeli kple nuheŋusẽ ene ŋu, eye xexe gbahoo la ƒe akpa sue aɖe koe amegbetɔwo te ŋu kpɔ. (Nyagb. 3:11) Ke hã, Yehowa ɖe tame si wòɖo ɖe anyigba kple amegbetɔwo ŋu la fia mí. Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigba la nanye aƒe si sɔ nyuie na ŋutsu kple nyɔnu siwo yewɔ ɖe yeƒe nɔnɔme nu. (1 Mose 1:26) Yehowa anye wo Fofo, eye woanye viawo.

2 Abe ale si woɖe eme le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ƒe ta etɔ̃lia me ene la, kuxi aɖe va do mo ɖa. (1 Mose 3:1-7) Gake kuxi ma menye nu si gbɔ Mawu mate ŋu akpɔ o. Ame aɖeke mate ŋu agblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖowo me gbeɖe o. (Yes. 46:10, 11; 55:11) Eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be tame si Yehowa ɖo tso gɔmedzedzea me la ava eme ɖe ɣeyiɣi dzi pɛpɛpɛ!

3. (a) Hafi míate ŋu ase gbedeasi si le Biblia me gɔme la, nyateƒenya vevi kawo gɔmee wòle be míase? (b) Nu ka tae míagadzro nufiafia mawo me fifia? (d) Biabia kawo mee míadzro?

3 Ðikeke mele eme o be míenya nya si Biblia gblɔ tso tame si Mawu ɖo ɖe anyigba kple amegbetɔwo ŋu la ŋu nyuie, eye míenya akpa vevi si Yesu Kristo wɔna be Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme. Wonye gɔmedzenufiafia veviwo, eye anɔ eme be wole nyateƒenya gbãtɔ siwo míesrɔ̃ esi míedze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme la dome. Eye míawo hã míedi be míakpe ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu be woanya Biblia ƒe nufiafia vevi siawo. Le ɣeyiɣi sia si me míele nyati sia me dzrom ɖekae le hamea me la, míele agbagba dzem be míakpe ame geɖe ale si nu míate ŋui be woade Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. (Luka 22:19, 20) Ame siwo ade Ŋkuɖodzia asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu. Eya ta le ŋkeke ʋɛ siawo siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia me la, ele vevie be míade ŋugble le nya siwo míate ŋu abia míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo kple dzi anukwaretɔwo atsɔ aʋã wo be woadi be yewoava kpɔ wɔnaa teƒe la ŋu. Eya ta, míadzro biabia etɔ̃ siawo me: Tso gɔmedzedzea me la, nu kae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba kple amegbetɔwo? Kuxi kae do mo ɖa? Eye nu ka tae Yesu ƒe tafevɔsa lae nye nu vevitɔ si ana Mawu ƒe tameɖoɖoa nava eme?

NU KAE NYE WƆLA LA ƑE TAMEÐOÐO TSO GƆMEDZEDZEA ME?

4. Aleke Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ɖea eƒe ŋutikɔkɔe fianae?

4 Yehowa nye Wɔla wɔnuku. Nu sia nu si wòwɔ lae nye nyuitɔ kekeake. (1 Mose 1:31; Yer. 10:12) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso atsyɔ̃ kple ɖoɖo si míekpɔna le eƒe nuwɔwɔwo ŋu la me? Ne míelé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo katã ŋu, tso suetɔ dzi va ɖo gãtɔ kekeake dzi la, ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖea vi le mɔ aɖe nui la wɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Ame kae amegbetɔwo ƒe lãmenugbagbeviwo ƒe wɔwɔme mewɔa nuku na o? Eye ne èkpɔ ale si vidzĩwo nya kpɔnae alo atsyɔ̃ si gbegbe le ɣe ƒe amigogbagba ŋu la, ɖe nu siawo mewɔa dɔ ɖe dziwò ŋutɔ oa? Nu siawo kpɔkpɔ doa dzidzɔ na mí, elabena le dzɔdzɔme nu la, nu siwo nya kpɔ la nyoa mía ŋu.—Xlẽ Psalmo 19:1; 104:24.

5. Aleke Yehowa kpɔ egbɔ be yeƒe nuwɔwɔwo katã wɔa dɔ le ɖoɖo nyui nu?

5 Abe ale si wòɖe dzesi le nuwɔwɔwo ŋu ene la, lɔlɔ̃ ʋã Yehowa wòɖo seɖoƒe na nu sia nu. Eɖo dzɔdzɔmese siwo fiaa mɔ nuwɔwɔwo, eye eɖo agbenɔnɔ ŋuti se siwo kplɔa amegbetɔwo hã, si wɔnɛ be nu sia nu zɔna ɖe ɖoɖo nyui nu. (Ps. 19:7-9) Eya ta Mawu ɖo nɔƒe na nu sia nu si wòwɔ ɖe xexea me, eye wɔƒe aɖe li na wo dometɔ ɖe sia ɖe le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖo. Yehowae ɖo ale si wòle be eƒe nuwɔwɔwo nawɔ dɔ aduadui. Le kpɔɖeŋu me, nuheŋusẽ wɔnɛ be dziƒolili si ƒo xlã anyigba la gakpɔtɔ nɔa enɔƒe dedie le anyigba ŋu godoo, ekpɔa ŋusẽ ɖe atsiaƒuwo hã dzi, eye wònana be nu sia nu yia edzi le anyigba dzi nyuie be agbe nanya nɔ le edzi. Nuwɔwɔwo katã, siwo dome amegbetɔwo hã le, la zɔna ɖe dzɔdzɔmese kple seɖoƒe siwo Mawu ɖo la nu. Eme kɔ ƒãa be, ɖoɖo si nu nuwɔwɔwo le la ɖoa kpe edzi be tameɖoɖo aɖe le Mawu si na anyigba kple amegbetɔwo. Le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me la, anyo be míakpe ɖe amewo ŋu woanya nu tso Ame si gbɔ ɖoɖo wɔnuku siawo tso la ŋu.—Nyaɖ. 4:11.

6, 7. Nu kawoe nye nu siwo Yehowa na Adam kple Xawa la dometɔ aɖewo?

6 Tso gɔmedzedzea me la, Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo nanɔ agbe le anyigba dzi tegbee. (1 Mose 1:28; Ps. 37:29) Ena nu nyui vovovo siwo ana Adam kple Xawa nase vivi na agbea la wo dɔmenyotɔe. (Xlẽ Yakobo 1:17.) Yehowa na tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe kple tamebubuŋutete wo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ena ŋutete wo be woalɔ̃ ame ahadze xɔlɔ̃. Wɔla la ƒo nu kple Adam eye wòfiae ale si wòaɖee afia be yenye toɖola. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa fia Adam ale si wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo gbɔ kple ale si wòalé be na lãwo kple anyigba siaa. (1 Mose 2:15-17, 19, 20) Esi Yehowa wɔ Adam kple Xawa la, ena ŋutete wo be woase nu le lãme, aɖɔ nu akpɔ, akpɔ nu, ase nu kple to, ahase nu ƒe ʋeʋẽ. Esia wɔe be woate ŋu ase vivi na woƒe Paradisoa me nu gbogbo siwo nya kpɔ la. Seɖoƒe meli na dɔ dodzidzɔname kple nu siwo gbegbe atsu kple asi gbãtɔa ate ŋu awɔ kpakple nu yeye siwo woate ŋu asrɔ̃ o.

7 Nu bubu ka hãe le Mawu ƒe tameɖoɖoa me? Yehowa wɔ Adam kple Xawa kple ŋutete be woadzi vi deblibowo. Mawu ɖoe be wo viwo hã nanɔ vi dzim va se ɖe esime amegbetɔwo yɔ anyigba la dzi. Yehowa di be Adam kple Xawa kpakple dzila siwo ava ɖe wo yome la katã nalɔ̃ wo viwo abe ale si eya ŋutɔ lɔ̃ via deblibo gbãtɔ siwo wòwɔ ɖe anyigba dzi la ene. Eɖoe be anyigbaa, si dzi nu nyui geɖewo le la, nanye wo nɔƒe tegbee.—Ps. 115:16.

KUXI KAE DO MO ÐA?

8. Taɖodzinu ka tae Mawu de se si dze le 1 Mose 2:16, 17 la ɖo?

8 Nuwo meva yi abe ale si Mawu dii ene o. Nu ka tae? Yehowa de se bɔbɔe aɖe na Adam kple Xawa si akpe ɖe wo ŋu woanya afi si ablɔɖe si Mawu na wo la se ɖo. Mawu de se na Adam be: ‘Àte ŋu aɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa. Ke sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ya la, mègaɖu eƒe tsetse aɖeke o, elabena gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe la, ku kee nàku.’ (1 Mose 2:16, 17) Mesesẽ na Adam kple Xawa be woase se sia gɔme o; eye fukpekpe mele se sia dzi wɔwɔ me hã o. Nya lae nye be, nuɖuɖu si le abɔa me la sɔ gbɔ wu esi woate ŋu aɖu gɔ̃ hã.

9, 10. (a) Aleke Satana tso Yehowa nui? (b) Nu kae Adam kple Xawa wɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

9 Satana Abosam to da aɖe dzi ble Xawa be wòagbe toɖoɖo Fofoa, Yehowa. (Xlẽ 1 Mose 3:1-5; Nyaɖ. 12:9) Satana na wòdze abe nya si Mawu gblɔ be womegaɖu “abɔmetiawo katã” ƒe tsetse o la fia be Mawu nɔ nane tem wo. Ðeko wònɔ abe ɖe Satana nɔ gbɔgblɔm be: ‘Ðe wòfia be mimate ŋu awɔ nu sia nu si miedi oa?’ Eyome, eda alakpa gã aɖe be: “Miele kuku ge akpɔ o.” Azɔ edze agbagba ble Xawa be mehiã be woaɖo to Mawu ƒe gbe o, esi wògblɔ nɛ be: “Mawu nyae be gbe si gbe miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo aʋu.” Satana ƒe nyawo fia be, nu si tae Yehowa medi be woaɖu atikutsetsea o ye nye be, Mawu nyae be ne woɖui la, woƒe ŋkuwo aʋu. Mlɔeba, Satana do ŋugbe ƒuƒlu na wo be: “Mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.”

10 Azɔ ehiã be Adam kple Xawa natso nya me le nu si woawɔ ŋu. Ðe woaɖo to Yehowa, alo woawɔ nya si gblɔm daa le dzi? Wotiae be yewomaɖo to Mawu o. Woƒe nyametsotso sia wɔe be wova nɔ Satana, aglãdzelaa, ƒe akpa dzi. Esi wogbe wo Fofo Yehowa la, esia wɔe be Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ megaɖea vi na wo o.—1 Mose 3:6-13.

11. Nu ka tae Yehowa meŋea aɖaba ƒua aglãdzenuwɔna dzi o?

11 Esi Adam kple Xawa dze aglã ɖe Yehowa ŋu la, esia wɔe be womegade blibo azɔ o. Gawu la, woƒe aglãdzedzea wɔe be wozu Yehowa ƒe futɔwo, elabena eƒe ‘ŋkuwo dza ale gbegbe be mate ŋu anɔ nu gbegblẽ wɔwɔ kpɔm o.’ Esia ta, mate ŋu aŋe aɖaba aƒu “vɔ̃ɖinyenye” dzi o. (Hab. 1:13) Ne eŋe aɖaba ƒu edzi la, esia agblẽ nu le eƒe nuwɔwɔ siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la ŋu. Ne ɖe Mawu mewɔ naneke le nu vɔ̃ si Adam kple Xawa wɔ le Eden-bɔa me ŋu o la, anye ne mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa akpɔe be yewomate ŋu aka ɖe Mawu ƒe nya dzi bliboe o. Gake Yehowa wɔa nuteƒe le eya ŋutɔ ƒe dzidzenuwo dzi wɔwɔ me; medana le wo dzi gbeɖe o. (Ps. 119:142) Eya ta, tiatiawɔblɔɖe si le Adam kple Xawa si mefia be wokpɔ mɔ ada le Mawu ƒe se dzi o. Nu si do tso woƒe aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu mee nye be woku eye wotrɔ zu anyi si Mawu tsɔ mè woe.—1 Mose 3:19.

12. Nu kae dzɔ ɖe Adam ƒe viwo dzi?

12 Esi Adam kple Xawa ɖu ati ma ƒe tsetse la, esia wɔe be womegadze be woanye Mawu ƒe ƒomea me tɔwo o. Mawu nya wo do goe le Eden-bɔa me, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke meganɔ wo si be woagatrɔ ayi abɔa me o. (1 Mose 3:23, 24) Yehowa wɔ nu le dzɔdzɔenyenye me esi wòna tiatia si woawo ŋutɔwo wɔ la me tsonuwo va wo dzi. (Xlẽ 5 Mose 32:4, 5.) Esi amegbetɔ megade blibo o ta la, magate ŋu aɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo afia le mɔ deblibo nu o. Menye ɖeko Adam bú etsɔme nyui si Mawu ɖo ɖe tame la na eɖokui ko evɔ o, ke viawo hã nyi blibomademade, nu vɔ̃ kple ku ƒe dome. (Rom. 5:12) Ena agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa bɔ eƒe dzidzimeviwo. Gawu la, Adam kple Xawa magate ŋu adzi vi deblibowo o; eye woƒe dzidzimeviwo dometɔ aɖeke hã mate ŋu adzi vi deblibo o. Esi Satana Abosam kplɔ Adam kple Xawa trae tso Mawu gbɔ vɔ la, egakpɔtɔ le amegbetɔwo blem va de asi na egbea.—Yoh. 8:44.

TAFE LA WƆE BE AMEGBETƆ ATE ŊU AZU MAWU XƆLƆ̃

13. Nu kae Yehowa di na amegbetɔwo?

13 Ke hã, lɔlɔ̃ si le Mawu si na amegbetɔwo la nu metsina o. Togbɔ be Adam kple Xawa dze aglã ɖe Yehowa ŋu hã la, Yehowa di be ƒomedodo nyui nanɔ ye kple amegbetɔwo dome. Medi be ame aɖeke naku o. (2 Pet. 3:9) Eya ta, le woƒe aglãdzedzea megbe la, Mawu wɔ ɖoɖo aɖe enumake si ana wòanya wɔ na amegbetɔwo be woadzra woa kpli ye dome ɖo, evɔ mada le eya ŋutɔ ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi o. Aleke Yehowa wɔ esiae?

14. (a) Le Yohanes 3:16 ƒe nyaa nu la, ɖoɖo kae Mawu wɔ be yeaɖe amegbetɔwo tso nu vɔ̃ kple ku si me? (b) Biabia ka mee míate ŋu adzro kple ɖetsɔlemetɔwo?

14 Xlẽ Yohanes 3:16. Ame siwo míakpe ava Ŋkuɖodzia la dometɔ geɖe anya mawunyakpukpui sia me nyawo nyuie. Gake biabia lae nye, Aleke Yesu ƒe vɔsa la wɔe be amegbetɔwo ate ŋu akpɔ agbe mavɔ? Amewo kpekpe dɔ tɔxɛ si wɔm míele le Ŋkuɖodzia ƒe ɣeyiɣia me, Ŋkuɖodziwɔnaa ŋutɔ kple ale si míatrɔ ayi ame siwo va wɔnaa teƒe gbɔ emegbe la ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ mí be míakpe ɖe ame siwo le nyateƒea dim vavã la ŋu be woase biabia vevi ma ƒe ŋuɖoɖo gɔme. Ne ame siawo va le ale si tafe la ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple nunya fia gɔme sem nyuie la, ate ŋu awɔ dɔ ɖe wo dzi. Tafe la ŋuti nya kawo dzie míate ŋu ahe susu ayi?

15. Aleke Yesu to vovo na Adam?

15 Yehowa wɔ ɖoɖo be amegbetɔ deblibo aɖe nava xe tafe la. Ehiã be amegbetɔ deblibo ma nawɔ nuteƒe na Yehowa eye wòalɔ̃ faa atsɔ eƒe agbe ana ɖe amegbetɔ siwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o la ta. (Rom. 5:17-19) Yehowa na Yesu, si nye eƒe nuwɔwɔ gbãtɔ la va zu amegbetɔ le anyigba dzi. (Yoh. 1:14) Ale Yesu va zu amegbetɔ deblibo abe ale si Adam nye ame deblibo tsã ene. Gake to vovo na Adam la, Yesu ya nɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu abe ale si Yehowa di tso amegbetɔ deblibowo si ene. Le dodokpɔ sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me la, Yesu mewɔ nu vɔ̃ o, eye meda le Mawu ƒe sewo dometɔ aɖeke dzi o.

16. Nu ka tae tafe la nye nunana xɔasi aɖe ŋutɔ?

16 Esi Yesu nye ame deblibo ta la, ate ŋu aɖe amegbetɔwo tso nu vɔ̃ kple ku si me ne eku ɖe wo ta. Eva nye ame si wokpɔ mɔ be Adam nanye hafi la pɛpɛpɛ: enye amegbetɔ deblibo, eye eɖo to Mawu hewɔ nuteƒe nɛ bliboe. (1 Tim. 2:6) Yesu va tsɔ eƒe agbe sa vɔe wònye tafe si ʋu agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na “ame geɖewo”—ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. (Mat. 20:28) Vavãe, tafe lae nye nu vevitɔ si ana tame si Mawu ɖo tso gɔmedzedzea me la nava eme. (2 Kor. 1:19, 20) Tafe la ʋu agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na amegbetɔ wɔnuteƒewo katã.

YEHOWA NA MƆNUKPƆKPƆ MÍ BE MÍATRƆ AVA YE GBƆ

17. Yayra kae ate ŋu asu mía si le tafe la ta?

17 Nu xɔasi aɖe ŋutɔe Yehowa tsɔ sa vɔe hafi woxe tafea ɖe mía ta. (1 Pet. 1:19) Amegbetɔwo xɔ asi le eŋkume ale gbegbe be elɔ̃ faa tsɔ eƒe Tenuvi la na be wòaku ɖe mía ta. (1 Yoh. 4:9, 10) Le gɔmesese aɖe nu la, Yesu va zu mía fofo ɖe Adam teƒe. (1 Kor. 15:45) Esia wɔe be Yesu te ŋu na nu si de ŋgɔ wu agbe mí; ena mɔnukpɔkpɔ su mía si be mlɔeba, míagava zu Mawu ƒe ƒomea me tɔwo. Ɛ̃, Yehowa agate ŋu axɔ amegbetɔwo ɖe eƒe ƒomea me le Yesu ƒe vɔsa la ta, evɔ mada le eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi o. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye be amegbetɔ wɔnuteƒewo katã nagade blibo ake? Ɣemaɣi la, ɖekawɔwɔ blibo anɔ Mawu ƒe ƒomea ƒe akpa si le dziƒo kple eƒe akpa si le anyigba dzi la dome. Mí katã míanye Mawu ƒe viwo le gɔmesese deblibo nu.—Rom. 8:21.

18. Ɣekaɣie Yehowa anye “nuwo katã na ame sia ame”?

18 Satana ƒe aglãdzedzea mexe mɔ na Yehowa be wòagalɔ̃ amegbetɔwo o, nenema kee mate ŋu axe mɔ na amegbetɔ madeblibowo hã be woagawɔ nuteƒe na Yehowa o. To tafe ƒe ɖoɖoa dzi la, Yehowa akpe ɖe viawo katã ŋu be woazu ame dzɔdzɔewo le mɔ deblibo nu. Bu dzidzɔ si gbegbe wòanye be agbe mavɔ nasu ame sia ame ‘si kpɔa Vi la eye wòxɔa edzi sena’ la si ŋu kpɔ. (Yoh. 6:40) Yehowa ƒe lɔlɔ̃ gã la kple eƒe nunya si ɖeke me sɔ kpli o aʋãe wòana amegbetɔwo nade blibo abe ale si wòɖoe tso gɔmedzedzea me ene. Ekema, Yehowa, mía Fofo la, anye “nuwo katã na ame sia ame.”—1 Kor. 15:28.

19. (a) Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu la, nu kae wòle be wòaʋã mí míawɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “ Mina Míayi Edzi Anɔ Ame Siwo Dze La Dim.”) (b) Nu bubu ka mee míadzro ku ɖe tafea ŋu le nyati si kplɔ esia ɖo me?

19 Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu la, esia aʋã mí míawɔ nu sia nu si míate ŋui be míana ame bubuwo hã nanya nu tso yayra siwo nunana xɔasi sia ate ŋu ahe vɛ na wo ŋu. Ehiã be amewo nanya be tafea ye nye ɖoɖo si dzi Yehowa to tsɔ agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa ɖo amegbetɔwo katã ŋkume lɔlɔ̃tɔe. Gake viɖe siwo tafea he vɛ la gayi ŋgɔ wu ema. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro ale si Yesu ƒe vɔsaa kpɔ nya si Satana fɔ ɖe te le Eden-bɔa me hã gbɔ la me.