Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 7

Dze Agbagba Nàsrɔ̃ Tufafa, Eye Wò Nu Adze Yehowa Ŋu

Dze Agbagba Nàsrɔ̃ Tufafa, Eye Wò Nu Adze Yehowa Ŋu

“Midi Yehowa, mi ame siwo katã [fa tu alo] bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi . . . Midi [tufafa alo] ɖokuibɔbɔ yome mɔ.”—ZEF. 2:3.

HADZIDZI 80 “Miɖɔe Kpɔ, Eye Miakpɔe Be Yehowa Nyo”

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Nya kae Biblia gblɔ tso Mose ŋu, eye nu kae wòwɔ? (b) Nu ka tae wòle vevie be míasrɔ̃ tufafa?

BIBLIA gblɔ tso Mose ŋu be enye “ame si fa wu ame siwo katã le anyigba dzi.” (4 Mose 12:3) Ðe esia fia be Mose nye ame beli si vɔ̃na na nyametsotso, eye wòsesẽna nɛ be wòanɔ te ɖe tsitretsiɖeŋulawo nua? Nenemae ame geɖe aɖɔ ame si nye ame fatu. Gake menye nenemae wòle kura o. Mawu subɔla kalẽtɔ, si te ŋu tso nya me zi geɖe dzinɔameƒotɔe ye Mose nye. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, ete ŋu nɔ te ɖe Egipte-fia sesẽ la nu, ekplɔ ame abe miliɔn etɔ̃ sɔŋ ene to gbedadaƒo, eye wòkpe ɖe Israel dukɔa ŋu woɖu woƒe futɔwo dzi.

2 Egbea, míawo ya míetoa kuxi siwo me Mose to la me o, ke hã, gbe sia gbe la, míedoa go amewo alo nɔnɔme siwo nana wòsesẽna na mí be míanye ame fafawo. Gake susu nyui aɖe li si tae wòle be míatu nɔnɔme nyui si nye tufafa ɖo. Eyae nye be, Yehowa do ŋugbe be “ame fafawo anyi anyigba la dome.” (Ps. 37:11) Ðe nàgblɔ be ame fafae yenyea? Ðe ame bubuwo agblɔ tso ŋuwò be ènye ame fafa? Hafi míate ŋu aɖo biabia vevi mawo ŋu la, ele be míanya nu si wòfia be woanye ame fatu.

NU KAE NYE TUFAFA?

3-4. (a) Nu kae míate ŋu atsɔ awɔ kpɔɖeŋu na nɔnɔme nyui si nye tufafa? (b) Nɔnɔme nyui ene kawoe wòle be woanɔ mía si hafi míate ŋu anye ame fatuwo, eye nu ka tae?

3 Míate ŋu atsɔ nɔnɔmetata dzeani awɔ kpɔɖeŋu na nɔnɔme nyui si nye tufafa. * Le mɔ ka nu? Ale si ko nutala zãa amadede vovovowo le nutata me la, nenema kee wòhiã be míatu nɔnɔme nyui vovovo aɖewo ɖo hafi ate ŋu anye ame fatuwo. Nɔnɔme nyui mawo dometɔ aɖewoe nye ɖokuibɔbɔ, toɖoɖo, dɔmefafa kple dzinɔameƒo. Nu ka tae wòle vevie be nɔnɔme siawo nanɔ mía si ne míedi be míadze Yehowa ŋu?

4 Ðokuibɔbɔlawo koe ɖoa to Mawu hewɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be míanye ame siwo ƒe dɔ me fa. (Mat. 5:5; Gal. 5:23) Ne míewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ekua dzi na Satana vevie. Togbɔ be míebɔbɔa mía ɖokui eye míaƒe dɔ me fa hã la, ame geɖe siwo nye Satana ƒe xexe sia ƒe akpa aɖe la léa fu mí. (Yoh. 15:18, 19) Eya ta, ebia be dzi nanɔ mía ƒo hafi míate ŋu atsi tsitre ɖe Satana ŋu.

5-6. (a) Nu ka tae Satana lé fu ame fatuwo? (b) Biabia kawo me míadzro?

5 To vovo na ame fatuwo la, ame siwo mefa tu o la doa wo ɖokuiwo ɖe dzi, womete ŋu ɖua dziku dzi o, eye womeɖoa to Yehowa o. Nɔnɔme siawo ɖɔ ame si tututu Satana nye la nyuie. Mewɔ nuku o be elé fu ame fatuwo! Woƒe nɔnɔme nyuiawo ɖea ale si gbegbe Satana vɔ̃ɖii la fiana, elabe nɔnɔme nyui siwo le wo si la mele Satana si o. Gawu la, woƒe nɔnɔme nyuiawo ɖenɛ fiana be aʋatsokalae Satana nye. Nu ka tae? Nu si tae nye be, nya ka kee wòɖagblɔ o, alo nu ka kee wòɖawɔ o, mate ŋu axe mɔ na ame fatuwo be woagasubɔ Yehowa o!—Hiob 2:3-5.

6 Nɔnɔme kawo mee wòate ŋu asesẽ na mí le be míawɔ nu le tufafa me? Eye nu ka tae wòle be míayi edzi adi tufafa yome mɔ? Míadzro kpɔɖeŋu siwo Mose, Hebrivi etɔ̃ siwo nɔ aboyo me le Babilon kpakple Yesu siaa ɖo ɖi na mí la me be woakpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia mawo ŋu.

NƆNƆME KAWO MEE WÒATE ŊU ASESẼ NA MÍ BE MÍAFA TU LE?

7-8. Aleke Mose wɔ nui esi amewo mede bubu eŋu o?

7 Ne míele agbanɔamedzinɔƒe: Ne míele agbanɔamedzinɔƒe alo ame bubuwo le míaƒe dzikpɔkpɔ te la, ate ŋu asesẽ na mí be míafa tu, vevietɔ ne ame siwo le míaƒe dzikpɔkpɔ te la dometɔ aɖe mede bubu mía ŋu o alo ke ɖi míaƒe nyametsotsowo. Ðe esia dzɔ ɖe dziwò kpɔa? Ke ne wò ƒometɔ aɖee wɔ nu ɖe ŋuwò nenema ɖe? Aleke nàwɔ nui? Bu ale si Mose wɔ nu le nɔnɔme sia tɔgbi me ŋu kpɔ.

8 Yehowa ɖo Mose Israel-viwo kplɔlae, eye wòna mɔnukpɔkpɔe be wòaŋlɔ se siwo dzi dukɔa azɔ ɖo la ɖi. Ðikeke aɖeke mele eme o be Yehowa ye nɔ megbe na Mose. Togbɔ be Yehowae de dɔa asi na Mose hã la, eya ŋutɔ da, Miriam, kple foa, Aron, siaa ƒo nu tsi tre ɖe eŋu eye wogblɔ be mele be wòaɖe nyɔnu si wòɖe la o. Ne ame aɖee le Mose teƒe la, anye ne nya sia ana wòado dziku ahatu nu kpli wo—gake Mose mewɔe nenema o. Woƒe nuwɔna sia mena wòdo dziku o. Eƒo koko gɔ̃ hã na Yehowa be wòakpɔ nublanui na Miriam eye wòadzudzɔ tohehe nɛ. (4 Mose 12:1-13) Nu ka tae Mose wɔ nu nenema?

Mose ƒo koko na Yehowa be wòakpɔ nublanui na Miriam eye wòadzudzɔ tohehe nɛ (Kpɔ memama 8 lia)

9-10. (a) Nu ka gɔme Yehowa kpe ɖe Mose ŋu wòse? (b) Nu kae ƒome ƒe tawo kple hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ tso Mose ƒe kpɔɖeŋua me?

9 Mose bɔbɔ eɖokui Yehowa na hehee. Ƒe 40 do ŋgɔ esime Mose nye Egiptetɔwo ƒe fiaƒomea me tɔ la, mefa tu kura o. Le nyateƒe me la, dzi kunɛ kabakaba ale gbegbe be gbe ɖeka la, ewu ŋutsu aɖe si wòbu be ewɔ nu madzɔmadzɔ. Mose susui be Yehowa ada asi ɖe nu si yewɔ dzi. Yehowa gbɔ dzi ɖi na Mose ƒe 40 sɔŋ esime wònɔ kpekpem ɖe eŋu be wòade dzesii be ehiã nɔnɔme nyui geɖe wu dzinɔameƒo ko hafi wòate ŋu akplɔ Israel-viwo; ehiã be wòafa tu. Eye hafi wòafa tu la, ehiã be wòanye ɖokuibɔbɔla, toɖola kple ame si ƒe dɔ me fa. Elɔ̃ xɔ hehea nyuie eye wòva zu dzikpɔla nyui aɖe ŋutɔ.—2 Mose 2:11, 12; Dɔw. 7:21-30, 36.

10 Egbea, ƒome ƒe tawo kple hamemetsitsiwo srɔ̃a Mose ƒe kpɔɖeŋua. Ne amewo mewɔ nu ɖe ŋuwò bubutɔe o la, esia megado dziku na wò o. Bɔbɔ ɖokuiwò nàlɔ̃ ɖe wò vodadawo dzi. (Nyagb. 7:9, 20) Ðo to Yehowa eye nàwɔ ɖe eƒe mɔfiafiawo dzi le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me. Eye dze agbagba nàɖo nya ŋu na amewo tufafatɔe ɣesiaɣi. (Lod. 15:1) Ƒome ƒe ta kple dzikpɔla siwo wɔa nu ɖe ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te ŋu nyuie alea la ƒe nu dzea Yehowa ŋu ŋutɔ, wodoa ŋutifafa ɖe ŋgɔ, eye woɖoa kpɔɖeŋu nyui na mí le ale si míawɔ aɖe tufafa afia la me.

11-13. Kpɔɖeŋu nyui kae Hebrivi etɔ̃ aɖewo ɖo ɖi na mí?

11 Ne wole mía yome tim: Tso keke blema kee amegbetɔ siwo nye dziɖulawo la tia Yehowa ƒe amewo yome. Wotea ŋu kaa aʋatso ɖe mía si be míewɔ nu vlowo, gake nu si koŋ tae wotia mía yome ye nye be míetiae be “míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔw. 5:29) Wotea ŋu ɖea alɔme le mía ŋu, dea mí gaxɔ me alo sẽa ŋuta le mía ŋu. Ke hã, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míawɔ wɔɖenui o, ke boŋ, míayi edzi alé mía ɖokui kpoo le yometitiwo me.

12 Bu kpɔɖeŋu si Hebrivi etɔ̃ siwo nɔ aboyo me le Babilon, siwo ƒe ŋkɔe nye Hananiya, Misael kple Azariya ɖo ɖi na mí ŋu kpɔ. * Babilon-fia ɖe gbe na wo be woade ta agu na sikalegba gã aɖe. Woɖe susu si tae womedi be yewoade ta agu na legbaa o la me na fia la tufafatɔe. Togbɔ be fia la do ŋɔdzi na wo be ne womede ta agu na legbaa o la, yeatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo bibi aɖe me hã la, woyi edzi ɖo to Mawu. Yehowa tiae be yeaxɔ na wo enumake, gake woawo ŋutɔwo mesusui be Yehowa axɔ na yewo o. Ke boŋ, wonɔ klalo be nu sia nu si nu Yehowa aɖe mɔ ɖo la nava eme na yewo. (Dan. 3:1, 8-28) Woƒe nuwɔnaa ɖo kpe edzi be ame fatuwo nye dzinɔameƒotɔwo vavã—fia, ŋɔdzidodo, alo tohehe aɖeke meli si ate ŋu ana míaɖe asi le tame si míeɖo kplikpaa be ‘míatsɔ mía ɖokui ana Yehowa bliboe’ ahasubɔ eya ɖeka ko la ŋu o.—2 Mose 20:4, 5.

13 Ne nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe tetekpɔ va mía dzi la, aleke míate ŋu asrɔ̃ Hebrivi etɔ̃awo ƒe kpɔɖeŋu? Míate ŋu awɔ esia ne míebɔbɔa mía ɖokui eye míekana ɖe Yehowa dzi be alé be na mí. (Ps. 118:6, 7) Míeɖoa nya ŋu na ame siwo tsɔa nya ɖe mía ŋu be míenye vɔ̃ wɔlawo la le tufafa kple bubu me. (1 Pet. 3:15) Eye míedina gbeɖe be míawɔ naneke si agblẽ mía kple mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me o.

Ne amewo tsi tsitre ɖe mía ŋu la, míeɖoa nya ŋu na wo bubutɔe (Kpɔ memama 13 lia)

14-15. (a) Ne nu te ɖe mía dzi la, nu kae ate ŋu ado tso eme? (b) Le Yesaya 53:7, 10 ƒe nya nu la, nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yesue ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí le ale si míafa tu ne nu te ɖe mía dzi la me?

14 Ne nu te ɖe mía dzi: Nu tena ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi le susu vovovowo ta. Ðewohĩ, esi míeyina dodokpɔ ŋlɔ ge le suku alo le dɔ vevi aɖe wɔ ge le dɔme la, míetsi dzodzodzoe. Alo ɖewohĩ, míetsi dzimaɖi le dɔdamɔnu aɖe si wodi be woazã na mí le kɔdzi la ta. Ne nu te ɖe mía dzi la, esesẽna na mí be míafa tu. Nu siwo anye ne womaɖe fu na mí hafi o la kua dzi na mí. Eye esia wɔnɛ be míegblɔa nya veamewo na amewo eye míewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie o. Ne nu te ɖe dziwò kpɔ la, ke bu kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí la ŋu kpɔ.

15 Le ɣleti mamlɛ siwo Yesu tsɔ nɔ anyigba dzi me la, nu te ɖe edzi vevie. Enyae be woava wu ye eye yeakpe fu vevie. (Yoh. 3:14, 15; Gal. 3:13) Ɣleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku la, egblɔ be yetsi dzodzodzoe. (Luka 12:50) Eye ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku la, egblɔ be: “Metɔtɔ.” Míate ŋu akpɔ ale si gbegbe wòbɔbɔa eɖokuii kple ale si gbegbe wòɖoa to Mawui la le ale si wòɖe eƒe seselelãmewo gblɔ le gbedodoɖa me la me; egblɔ be: “Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me. Gake gaƒoƒo sia tae meva ɖo. Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi.” (Yoh. 12:27, 28) Esi ɣeyiɣia de la, Yesu tsɔ eɖokui na Mawu ƒe futɔwo dzinɔameƒotɔe, eye wowɔ fui hena wòse veve helĩhelĩ, wodo ŋukpee eye wowui mlɔeba. Togbɔ be nu te ɖe edzi eye wòse veve helĩhelĩ hã la, eyi edzi wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le tufafa blibo me. Míate ŋu agblɔ ɖikeke manɔmee be, Yesue ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí le ale si míafa tu ne nu te ɖe mía dzi la me!—Xlẽ Yesaya 53:7, 10.

Yesu ye ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí le ale si wòle be míawɔ nu tufafatɔe me (Kpɔ memama 16-17 lia) *

16-17. (a) Nu kawoe Yesu xɔlɔ̃wo wɔ siwo ate ŋu awɔe be wòasesẽ na Yesu be wòayi edzi afa tu? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua?

16 Le zã mamlɛtɔ si Yesu tsɔ nɔ anyigba dzi me la, exɔlɔ̃ kplikplikpliwo ƒe nuwɔnawo do eƒe tufafa kpɔ vevie. Bu ale si gbegbe nu te ɖe Yesu dzi le zã ma me la ŋu kpɔ. Ðewohĩ anya nɔ eŋu bum be, ɖe yeate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe bliboe va se ɖe ku mea? Enyae be ame miliɔn gbogbowo ƒe agbe aɖo afɔku me ne yemete ŋu wɔ nuteƒe na Mawu bliboe o. (Rom. 5:18, 19) Gawu la, esia ate ŋu ahe vlodoame gã aɖe ava Fofoa ƒe ŋkɔ nyui la dzi. (Hiob 2:4) Esiawo katã megbe la, esi wònɔ eƒe nu mamlɛtɔ ɖum kple exɔlɔ̃ kplikplikpli siwo nye apostoloawo la, woƒe dzeɖoɖo va zu “nyaʋiʋli sesẽ” le “wo dometɔ si nye gãtɔ la ŋuti.” Yesu gbe nya na exɔlɔ̃awo le nya sia ŋu zi gbɔ zi geɖe va yi, eye ewɔ esia fiẽ ma hafi zã do gɔ̃ hã! Ewɔ nuku ŋutɔ be Yesu medo dziku le nɔnɔme si woɖe fia ta o. Ke boŋ ewɔ nu ɖe wo ŋu tufafatɔe. Egaɖe nu me na wo ake dɔmenyotɔe le nɔnɔme si wòle be wòanɔ wo si la ŋu, gake ewɔ esia kple moveviɖoɖo. Eyome, ekafu exɔlɔ̃awo ɖe ale si wonɔ eŋu kplikplikpli nuteƒewɔwɔtɔe la ta.—Luka 22:24-28; Yoh. 13:1-5, 12-15.

17 Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔ nɔnɔme ma tɔgbi me la, aleke nàwɔ nui? Míate ŋu asrɔ̃ Yesu awɔ nu le tufafa me ne nu te ɖe mía dzi gɔ̃ hã. Bɔbɔ ɖokuiwò nàyi edzi awɔ ɖe se si Yehowa de na mí be ‘míayi edzi ado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo’ la dzi. (Kol. 3:13) Ne míeɖoa ŋku edzi be míawo hã míegblɔa nya alo wɔa nu wòvea ame bubuwo la, ekema, míawɔ ɖe se sia dzi. (Lod. 12:18; Yak. 3:2, 5) Azɔ hã, dze agbagba nànɔ amewo kafum ɖe woƒe nɔnɔme nyuiwo ta.—Ef. 4:29.

NU KA TAE WÒLE BE MÍAYI EDZI ADI TUFAFA YOME MƆ?

18. Aleke Yehowa kpena ɖe ame fatuwo ŋu be woatso nya me nyuie, ke hã, nu kae wòle na woawo ŋutɔwo hã be woawɔ?

18 Tufafa akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie. Ne míedo go nɔnɔme sesẽwo le agbe me la, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie—gake ne míenye ame fatuwo ko hafi. Edo ŋugbe be yeaɖo to ‘ame fafawo ƒe dzimedidiwo.’ (Ps. 10:17) Eye menye ɖeko wòase míaƒe kokoƒoƒowo ko o, ke akpe ɖe mía ŋu le mɔ geɖewo hã nu. Biblia do ŋugbe be: “Akplɔ [ame fatuwo] le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me, eye wòafia eƒe mɔ [ame fatuwo].” (Ps. 25:9) Yehowa wɔa esia to Biblia, Biblia-srɔ̃gbalẽwo, * videowo kple kpekpe siwo ŋu “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la wɔa ɖoɖo ɖo na mí la dzi. (Mat. 24:45-47) Ele be míawo hã míawɔ míaƒe akpa dzi: Ele be míabɔbɔ mía ɖokui ahalɔ̃ ɖe edzi be míehiã kpekpeɖeŋu. Míawɔ esia ne míeyi edzi srɔ̃a agbalẽ siwo Yehowa nana mí eye míewɔa nu siwo míesrɔ̃ la dzi tso dzi blibo me.

19-21. Vodada kae Mose wɔ le Kades, eye nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe vodadaa me?

19 Tufafa akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na vodadawo. Na míagabu Mose ŋu ake. Mose yi edzi wɔ nu le tufafa me hedze Yehowa ŋu ƒe gbogbo aɖewo. Gake esi wòsusɔ vie woawu ƒe 40 ƒe gbedzimɔzɔzɔ sesẽ la nu la, Mose do kpo nu ale be mete ŋu wɔ nu tufafatɔe le nudzɔdzɔ aɖe me o. Edaa Miriam, si anɔ eme be eyae kpe asi ɖe eŋu wokpɔ eƒe agbe ta le Egipte la, ku le Kades eye woɖii koe nye ema. Eye Israel-viwo gate liʋiliʋĩlilĩ ake, eye wonɔ nya hem atraɖii be womele yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm na yewo nyuie o. ‘Wokpe dzre kple Mose’ le esi womekpɔ tsi ano o ta. Togbɔ be Yehowa na Mose wɔ nukunu geɖe eye Mose kplɔ dukɔa ɖokuitɔmadimaditɔe ƒe geɖe hã la, wohe nya ɖe Mose ŋu vevie. Menye esi womekpɔ tsi o ta koe woto nyatoƒoe ɖo o, ke woto nyatoƒoe le Mose hã ŋu abe ɖe eyae na tsikɔ nɔ wo wum ene.—4 Mose 20:1-5, 9-11.

20 Esia wɔe be Mose do dziku vevie eye mete ŋu wɔ nu tufafatɔe o. Le esi Mose naƒo nu na agakpe la le xɔse me abe ale si Yehowa de se nɛ ene teƒe la, ehe nya ɖe dukɔa ŋu boŋ eye wòdo eɖokui ɖe dzi le wo ŋkume. Eyome, etsɔ eƒe atikplɔ la ƒo agakpe la zi eve eye tsi do tso eme bababa. Dada kple dziku ye na Mose wɔ vodada gã sia. (Ps. 106:32, 33) Esi Mose mete ŋu wɔ nu le tufafa me le nudzɔdzɔ ɖeka pɛ sia me o ta la, Yehowa meɖe mɔ nɛ be wòayi Ŋugbedodonyigbaa dzi o.—4 Mose 20:12.

21 Míesrɔ̃ nu geɖe tso nudzɔdzɔ sia me. Gbã la, ele be míaku kutri vevie be míayi edzi anɔ nu wɔm tufafatɔe ɣeawokatãɣi. Ne míeɖe ŋu ɖi vie zi ɖeka gɔ̃ hã la, dada ate ŋu aɖo mía me bɔbɔe eye esia ate ŋu awɔe be míagblɔ nya siwo mesɔ o alo míawɔ bometsinu. Evelia, ne nu te ɖe míadzi la, esia ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míawɔ nu le tufafa me, eya ta, ele be míadze agbagba vevie afa tu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã.

22-23. (a) Nu ka tae wòle be míayi edzi adi tufafa yome mɔ? (b) Nu kae nya si dze le Zefaniya 2:3 la ɖe fia?

22 Tufafa ate ŋu awɔe be Yehowa nakpɔ mía ta. Eteƒe madidi o, Yehowa atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa le anyigba dzi, eye ame fafawo koe asusɔ ɖe edzi. Ekema, ŋutifafa axɔ aƒe ɖe anyigba bliboa dzi vavã. (Ps. 37:10, 11) Ðe wò hã ànɔ ame fafa mawo domea? Ɛ̃, wò hã àte ŋu anɔ wo dome ne èwɔ nya si Yehowa to nyagblɔɖila Zefaniya dzi gblɔ ɖi la dzi.—Xlẽ Zefaniya 2:3.

23 Nu ka tae Zefaniya 2:3 gblɔ be: “Ðewohĩ woatsɔ mi aɣla”? Menye ɖe Zefaniya nɔ gbɔgblɔm be Yehowa mate ŋu akpɔ ame siwo ƒe nu dzea eŋu, siwo wòlɔ̃ vevie la ta o. Ke boŋ nu si wòwɔnɛ ye nye be, ehiã be míawo ŋutɔwo hã míawɔ mía tɔ sinua ale be Yehowa nakpɔ mía ta. Ne míeku kutri vevie di tufafa yome mɔ eye míedze Yehowa ŋu la, ekema míate ŋu atsi agbe le “Yehowa ƒe dzikudogbe la,” ahayi edzi anɔ agbe tegbee.

HADZIDZI 120 Srɔ̃ Kristo Ƒe Tufafa

^ mm. 5 Womedzi mía dometɔ aɖeke ame fatu o. Ele be míasrɔ̃ tufafa. Ðewohĩ míade dzesii be míete ŋu wɔa nu tufafatɔe ne míele nu wɔm kple ŋutifafamewo, gake ne míele nu wɔm kple dadalawo la, esesẽna na mí be míayi edzi anye ame fatuwo. Le nyati sia me la, míadzro kplamatsɛdonu aɖewo siwo dzi wòahiã be míaɖu ale be míate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme nyui xɔasi sia la me.

^ mm. 3 NYA AÐEWO ME ÐEÐE: Tufafa. Ame siwo fa tu la wɔa nu ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe, eye woléa wo ɖokuiwo kpoo ne wodo dziku na wo gɔ̃ hã. Ðokuibɔbɔ. Ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la medana alo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi o; wobua ame bubuwo be wonye gã wu yewo. Ne woƒo nu tso ɖokuibɔbɔ ŋu wòku ɖe Yehowa ŋu la, efiana be ewɔa nu ɖe eteviwo ŋu lɔlɔ̃tɔe hekpɔa nublanui na wo.

^ mm. 12 Babilontɔwo na ŋkɔ Hebrivi etɔ̃ siawo be Sadrak, Mesak kple Abednego.—Dan. 1:7.

^ mm. 18 Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nyati si nye “Wɔ Nyametsotso Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu,” si dze le April 15, 2011, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Esime Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nɔ nya ʋlim le wo nɔewo dome le ame si nye gãtɔ ŋuti la, Yesu medo dziku o, ke boŋ, eɖɔ wo ɖo le tufafa me.