GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2020

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso April 6 va se ɖe May 3, 2020 la le tata sia me.

Yehowa, Mía Fofo La, Lɔ̃ Mí Vevie Ŋutɔ

Míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒo la lɔ̃ mí heléa be na mí, eye magblẽ mí ɖi akpɔ gbeɖe o.

Míelɔ̃ Yehowa, Mía Fofo La, Vevie Ŋutɔ

Bu nu vovovo aɖewo siwo míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia mía Fofo, Yehowa, si léa be na mí la be míelɔ̃e ŋu kpɔ.

Ðu Ŋubiabiã Dzi Be Nàti Ŋutifafa Yome

Ɣeaɖewoɣi la, etea ŋu sesẽna na mí be míaɖu ŋubiabiã dzi. Xlẽ nu tso aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖu ŋubiabiã si nye nɔnɔme gbegblẽ la dzi eye míana ŋutifafa nanɔ mía kple ame bubuwo dome la ŋu.

Na Yehowa Nana Nàkpɔ Gbɔdzɔe

Hana, apostolo Paulo, kple Fia David tsi dzimaɖi le kuxi vovovowo ta. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso mɔ siwo nu Yehowa fa akɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe hena wòkpɔ gbɔdzɔe le la me?

AGBEMEŊUTINYA

Mesrɔ̃ Nu Tso Kpɔɖeŋu Nyuiwo Me Eye Yehowa Yram Geɖe

Léonce Crépeault ƒo nu tso ale si nuteƒewɔlawo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo kpe ɖe eŋu wòte ŋu ɖu eƒe vɔvɔ̃wo dzi eye wòkpɔ yayra geɖe le ƒe 58 siwo wòtsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la ŋu.

Ènyaa?

Aleke nu siwo ŋu woke ɖo le blemaduwo nɔƒe kuku me la ɖo kpe Belsazar si nɔ Babilon la ƒe ɖoƒe dzi?