Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 5

“Ŋutsu Sia Ŋutsu Ƒe Tae Nye Kristo”

“Ŋutsu Sia Ŋutsu Ƒe Tae Nye Kristo”

“Ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo.”—1 KOR. 11:3.

HADZIDZI 12 Mawu Gã Yehowa

NYA VEVIAWO *

1. Nu kawoe ate ŋu awɔe be ŋutsu aɖe mawɔ eƒe tanyenyea ŋu dɔ nyuie o?

ALEKE nèse nya “tanyenye” gɔme? Ame aɖewo ɖe mɔ wo de kɔnuwo alo ale si wohe wo le ɖevime kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wowɔa nu ɖe wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu la dzi. De dzesi nya si nɔvinyɔnu si ŋkɔe nye Yanita, si le Europa la gblɔ. Egblɔ be: “Le míaƒe nutoa mea, amewo xɔe se be nyɔnuwo mele bo aɖeke nu o eye ele be woabu wo ko abe subɔviwo ene.” Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Luke, si le Amerika gblɔ be, “Vifofo aɖewo fiaa wo viwo be nyɔnuwo ƒe susuwo mele vevie o, eya ta womegatsɔ wo wɔ dɔe o.” Gake nuŋububu ma meɖe ale si Yehowa di be ŋutsuwo nawɔ woƒe tanyenyea ŋu dɔe la fia o. (Tsɔe sɔ kple Marko 7:13.) Ke aleke ŋutsu awɔ anye ƒome ƒe ta nyui?

2. Nu kae wòle be ƒome ƒe ta nanya, eye nu ka tae?

2 Hafi ŋutsu aɖe nanye ƒome ƒe ta nyui la, gbãa, ele be wòanya nu si Yehowa di tso esi. Azɔ hã, ele be wòanya nu si tae Yehowa wɔ tanyenye ƒe ɖoɖoa, eye vevietɔa, ale si wòasrɔ̃ Yehowa kple Yesu. Nu ka tae wòle vevie be ŋutsu nanya nu siawo? Nu si tae nye be, Yehowa na ŋusẽ aɖe si nu ƒome ƒe tawo, eye ele mɔ kpɔm be woawɔ eŋu dɔ nyuie.—Luka 12:48b.

NU KAE TANYENYE FIA?

3. Nu kae míesrɔ̃ tso tanyenye ƒe ɖoɖoa ŋu le 1 Korintotɔwo 11:3 me?

3 Xlẽ 1 Korintotɔwo 11:3. Kpukpui sia na míekpɔ ale si Yehowa na eƒe ƒome si le dziƒo kple esi le anyigba dzi la le ɖoɖo nu. Tanyenye fia be wona ŋusẽ ame aɖe eye woabia akɔntae tso ale si wòwɔ ŋusẽa ŋu dɔe la ŋu. Yehowae nye “ta,” alo Ame si kpɔ ŋusẽ ɖe nu sia nu dzi, eye eyae viawo, siwo nye mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa, abu akɔnta na. (Rom. 14:10; Ef. 3:14, 15) Yehowa na ŋusẽ Yesu ɖe hamea dzi, gake Yesu ana akɔnta Yehowa ɖe ale si wòwɔ nu ɖe mía ŋui la ŋu. (1 Kor. 15:27) Azɔ hã, Yehowa na ŋusẽ srɔ̃ŋutsu ɖe srɔ̃a kple viawo dzi, gake srɔ̃ŋutsua abu akɔnta na Yehowa kple Yesu ɖe ale si wòwɔ nui ɖe eƒe ƒomea ŋu la ŋu.—1 Pet. 3:7.

4. Ŋusẽ kae le Yehowa kple Yesu si?

4 Esi Yehowae nye xexe bliboa ƒe Ta ta la, ŋusẽ le esi be wòade se na viawo, eye wòakpɔ egbɔ be wowɔ ɖe seawo dzi. (Yes. 33:22) Eye esi wònye Yesue nye Kristo hamea ƒe ta ta la, ekpɔ mɔ be wòade sewo eye wòakpɔ egbɔ be wowɔ ɖe wo dzi.—Gal. 6:2; Kol. 1:18-20.

5. Ŋusẽ kae wona Kristotɔ ƒome ƒe ta, eye afi kae eƒe ŋusẽa se ɖo?

5 Abe Yehowa kple Yesu ene la, ŋusẽ le Kristotɔ ƒome ƒe ta si be wòatso nya me na eƒe ƒomea. (Rom. 7:2; Ef. 6:4) Ke hã, seɖoƒe li na eƒe ŋusẽa. Le kpɔɖeŋu me, ele be eƒe sewo nawɔ ɖeka kple mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nyaa me. (Lod. 3:5, 6) Ŋusẽ mele ƒome ƒe ta si be wòanɔ sewo dem na ame bubu siwo mele eƒe ƒomea me o la o. (Rom. 14:4) Azɔ hã, ne via tsitsiwo megale egbɔ le aƒe me o la, woayi edzi ade bubu eŋu, gake womegale eƒe tanyenye te o.—Mat. 19:5.

NU KA TAE YEHOWA WƆ TANYENYE ƑE ÐOÐOA?

6. Nu ka tae Yehowa wɔ tanyenye ƒe ɖoɖoa?

6 Yehowa wɔ tanyenye ƒe ɖoɖoa, elabe elɔ̃ eƒe ƒomea. Nunanae wònye tso egbɔ. Tanyenye ƒe ɖoɖoa nana wònɔa bɔbɔe na Yehowa ƒe ƒomea be woawɔ nu le ɖoɖo nu le ŋutifafa me. (1 Kor. 14:33, 40) Ne ɖe Yehowa mewɔ tanyenye ƒe ɖoɖoa oa, anye ne nuwo atɔtɔ eye míakpɔ dzidzɔ o. Le kpɔɖeŋu me, anye ne míanya ame si wòle be wòatso nya me mamlɛa alo axɔ ŋgɔ woawɔ ɖe nyametsotsoawo dzi o.

7. Le Efesotɔwo 5:25, 28 ƒe nya nua, ɖe Yehowa ɖoe be ŋutsuwo naɖu aƒetɔ ɖe wo srɔ̃wo dzia?

7 Esi tanyenye ƒe ɖoɖoa nye ɖoɖo nyui aɖe tso Mawu gbɔa, ke nu ka tae srɔ̃nyɔnu geɖe sena le wo ɖokuiwo me egbea be yewo srɔ̃ tea yewo ɖe to eye woɖua aƒetɔ ɖe yewo dzi? Nu si tae nye be ƒome ƒe ta geɖewo ŋea aɖaba ƒu Yehowa ƒe mɔfiame na ƒomewo dzi, eye wotiae be yewoakplɔ ale si amewo wɔa nu le woƒe nutoa me kple dekɔnuwo ɖo. Azɔ hã, wosẽa ŋuta le wo srɔ̃wo ŋu le ɖokuitɔdidi ta. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ŋutsu aɖe anɔ srɔ̃a tem ɖe to, be yeana wòade bubu ye ŋu alo be yeaɖee afia ame bubuwo be yenye “ŋutsu.” Ate ŋu anɔ susum be, yemate ŋu azi ye srɔ̃ dzi be wòalɔ̃ ye o, gake yeate ŋu ana wòavɔ̃ ye. Eya ta ate ŋu azã vɔvɔ̃ ma atsɔ anɔ nu ɖom na srɔ̃anyɔnua. * Ŋutsu siwo bua nuwo ŋu alea, alo wɔa nu alea, da ƒu, womedea bubu nyɔnuwo ŋu ale si dze o, eye esia tsi tre ɖe nu si Yehowa di la ŋu.—Xlẽ Efesotɔwo 5:25, 28.

NU KAWOE AKPE ÐE SRƆ̃ŊUTSU ŊU BE WÒANYE ƑOME ƑE TA NYUI?

8. Nu kawoe akpe ɖe srɔ̃ŋutsu ŋu be wòanye ƒome ƒe ta nyui?

8 Ame ate ŋu anye ƒome ƒe ta nyui ne esrɔ̃ ale si Yehowa kple Yesu wɔa woƒe tanyenye ŋu dɔ. Na míalé ŋku ɖe nɔnɔme nyui siwo Yehowa kple Yesu ɖena fiana dometɔ eve ŋu, eye míakpɔ ale si ƒome ƒe tawo ate ŋu aɖe nɔnɔme mawo afia ne wole nu wɔm kple wo srɔ̃wo kpakple wo viwo.

9. Aleke Yehowa bɔbɔa eɖokui?

9 Ðokuibɔbɔ. Yehowae nye nunyala gãtɔ kekeake, ke hã, eléa to ɖe esubɔlawo ƒe susuwo ŋu. (1 Mose 18:23, 24, 32) Eɖea mɔ na ame siwo le eƒe ŋusẽ te be woado woƒe susuwo ɖa. (1 Fia. 22:19-22) Yehowa de blibo, gake mekpɔa mɔ be míawɔ nu abe ame deblibowo ene o. Ke boŋ ekpena ɖe ame madeblibo siwo subɔnɛ la ŋu be woakpɔ dzidzedze. (Ps. 113:6, 7) Le nyateƒe mea, Biblia ɖɔ Yehowa be enye “kpeɖeŋutɔ.” (Ps. 27:9; Heb. 13:6) Fia David lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔe kpe ɖe ye ŋu yete ŋu wɔ dɔ gã si wòde asi na ye la.—2 Sam. 22:36.

10. Aleke Yesu ɖe ɖokuibɔbɔ fiae?

10 Bu Yesu hã ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Togbɔ be Yesu nye eƒe apostolowo ƒe Aƒetɔ hã, eklɔ afɔ na wo. Susu ka tae Yehowa na woŋlɔ nya sia ɖe Biblia me? Ewɔe alea, be wòanye kpɔɖeŋu na amewo katã, siwo dome ƒome ƒe tawo hã le. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke.” (Yoh. 13:12-17) Togbɔ be ŋusẽ geɖe nɔ Yesu si hã, mekpɔ mɔ be amewo nasubɔ ye o. Ke boŋ esubɔ ame bubuwo.—Mat. 20:28.

Ƒome ƒe ta ate ŋu aɖe ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ afia ne ewɔa aƒemedɔwo eye wòkpena ɖe eƒe ƒomea ŋu be wo kple Yehowa dome nɔa kplikplikpli (Kpɔ memama 11, 13 lia)

11. Nu kae ƒome ƒe tawo ate ŋu asrɔ̃ tso ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yehowa kple Yesu ɖo ɖi la me?

11 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme. Ƒome ƒe ta ate ŋu aɖee afia be yebɔbɔa ye ɖokui le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, mekpɔa mɔ be ye srɔ̃ kple ye viwo nawɔ nu abe ame deblibowo ene o. Eɖoa to eƒe ƒomea me tɔwo ƒe susuwo, ne womewɔ ɖeka kple etɔ o gɔ̃ hã. Nɔvinyɔnu Marley si le Amerika gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, nye kple srɔ̃nye ƒe susuwo toa vovo. Gake mesena le ɖokuinye me be ekpɔa ŋudzedze ɖe ŋunye eye wòdea bubu ŋunye elabena ebiaa nye susuwo le nuwo ŋu hedaa wo kpɔna nyuie hafi tsoa nya me.” Azɔ hã, srɔ̃ŋutsu si bɔbɔa eɖokui la lɔ̃na faa wɔa aƒemedɔwo ne eƒe nutoa me tɔwo bua dɔ mawo be wonye nyɔnuwo ƒe dɔwo gɔ̃ hã. Esia ate ŋu adze nu sesẽ. Nu ka tae? Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Rachel gblɔ be: “Le mía dea, ne srɔ̃ŋutsu kpe ɖe srɔ̃a ŋu woklɔ agba alo dzra aƒe me ɖoa, ke eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo abui be menye ŋutsue wònye o; ezu ‘nyɔnugbɔme.’ Eye mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃anyɔnu dzi o.” Ne nenemae amewo bua nuwo ŋu le afi si nèlea, ekema ɖo ŋku edzi be Yesu klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo, togbɔ be amewo bua dɔ ma be enye kluviwo ƒe dɔ gɔ̃ hã. Ƒome ƒe ta nyui mawɔ nu ame bubuwo nakpɔe be ŋusẽ le ye si alo be yele vevie o, ke boŋ awɔ nu be ye srɔ̃ kple ye viwo nakpɔ dzidzɔ. Tsɔ kpe ɖe ɖokuibɔbɔ ŋua, nɔnɔme vevi bubu kae wòle be wòanɔ ƒome ƒe ta nyui si?

12. Nu kae lɔlɔ̃ ʋã Yehowa kple Yesu wowɔ?

12 Lɔlɔ̃. Lɔlɔ̃e ʋãa Yehowa wòwɔa nu sia nu. (1 Yoh. 4:7, 8) Yehowa léa be na mí lɔlɔ̃tɔe eye wòkpena ɖe mía ŋu to eƒe Nya, Biblia, kple eƒe habɔbɔa dzi be míaƒe xɔse nasẽ. Enana míesena le mía ɖokui me be míele dedie eye wòkana ɖe edzi na mí be yelɔ̃ mí. Ke míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ya ɖe? Yehowa “naa nuwo katã mí fũu be wòado dzidzɔ na mí.” (1 Tim. 6:17) Ne míeda voa, eɖɔa mí ɖo, gake medzudzɔa mía lɔlɔ̃ o. Lɔlɔ̃e ʋã Yehowa wòtsɔ Via na ɖe mía ta. Yesu hã lɔ̃ mí ale gbegbe be wòtsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta. (Yoh. 3:16; 15:13) Naneke mate ŋu agblẽ lɔlɔ̃ si le Yehowa kple Yesu si na ame siwo wɔa nuteƒe na wo la me o.—Yoh. 13:1; Rom. 8:35, 38, 39.

13. Nu ka tae wòle vevie be ƒome ƒe ta naɖee afia eƒe ƒomea be yelɔ̃ wo? (Kpɔ aɖaka si nye, “ Aleke Ŋutsu Si Ðe Srɔ̃ Medidi O Awɔ Be Srɔ̃a Nade Bubu Eŋu?”)

13 Nu siwo míesrɔ̃ tso eme. Ele be ƒome ƒe ta naɖe lɔlɔ̃ fia le nu sia nu si wòwɔna me. Nu ka tae ema le vevie ŋutɔ? Apostolo Yohanes ɖo eŋu be: “Ame si melɔ̃a nɔvia [alo eƒe ƒome] si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu si kpɔm mele o la o.” (1 Yoh. 4:11, 20) Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃ eƒe ƒomea eye wòdi be yeasrɔ̃ Yehowa kple Yesu la akpe ɖe eƒe ƒomea ŋu be woƒe xɔse me nasẽ, ana woase le wo ɖokui me be yewo le dedie eye wòakpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo. (1 Tim. 5:8) Ahe viawo eye wòaɖɔ wo ɖo. Azɔ hã, asrɔ̃ ale si wòatso nya me be wòade bubu Yehowa ŋu eye wòaɖe vi na eƒe ƒomea. Na míakpɔ ale si ƒome ƒe ta ate ŋu aɖo nudidi etɔ̃ mawo gbɔ ale be wòasrɔ̃ Yehowa kple Yesu la ɖa.

NU SI WÒLE BE ƑOME ƑE TA NAWƆ

14. Aleke ƒome ƒe ta kpena ɖe eƒe ƒomea ŋu be wo kple Yehowa dome nɔa kplikplikpli?

14 Ele be wòakpe ɖe eƒe ƒomea ŋu be woƒe xɔse nasẽ. Yesu srɔ̃ Fofoa eye wòkpe ɖe ame siwo le eƒe dzikpɔkpɔ te ŋu be woƒe xɔse me nasẽ. (Mat. 5:3, 6; Marko 6:34) Nenema kee nu si nɔa vevie na ƒome ƒe ta ye nye be wòakpe ɖe eƒe ƒomea ŋu be wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. (5 Mose 6:6-9) Ewɔa esia ne eya kple eƒe ƒomea wosrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa, dea kpekpeawo, ɖea gbeƒã nya nyuia, eye wona xɔlɔ̃wɔwɔ le wo kple Yehowa dome.

15. Nu kae ƒome ƒe ta awɔ si ana ƒomea nase le wo ɖokuiwo me be yewo le dedie?

15 Ele be wòana eƒe ƒomea nase le wo ɖokuiwo me be yewole dedie. Yehowa gblɔ na Yesu be yelɔ̃e. (Mat. 3:17) Yesu ɖee fia eyomedzelawo be yelɔ̃ wo, to eƒe nuwɔnawo kple nyagbɔgblɔwo me. Eye eyomedzelawo hã gblɔ nɛ be yewolɔ̃e. (Yoh. 15:9, 12, 13; 21:16) Ƒome ƒe ta ɖenɛ fiana be yelɔ̃ ye srɔ̃ kple ye viwo ne esrɔ̃a Biblia kpli wo. Azɔ hã, egblɔna na wo be yelɔ̃ wo, eye yekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu, eye le teƒe siwo wòasɔ lea, ekafua wo le amewo dome.—Lod. 31:28, 29.

Ele be ƒome ƒe ta nakpɔ eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo be eƒe nu nadze Yehowa ŋu (Kpɔ memama 16 lia)

16. Nu bubu kae wòle be ƒome ƒe ta nawɔ, eye aleke wòawɔ ada asɔ?

16 Ele be wòakpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo. Yehowa kpɔ Israel-viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo le ɣeyiɣi si me wònɔ to hem na wo ɖe woƒe tomaɖomaɖo ta gɔ̃ hã. (5 Mose 2:7; 29:5) Azɔ hã, ekpɔa míawo hã míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí egbea. (Mat. 6:31-33; 7:11) Nenema kee Yesu na nuɖuɖu eyomedzelawo. (Mat. 14:17-20) Eyɔ dɔ wo hã. (Mat. 4:24) Ele be ƒome ƒe ta nakpɔ eƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo be eƒe nu nadze Yehowa ŋu. Gake ele be wòada asɔ. Mele be wòatsi dzi ɖe dɔwɔɖuia ŋu be yeatsɔ akpɔ ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ ale gbegbe be wòaŋe aɖaba aƒu nu siwo wòawɔ be eƒe ƒomea nasẽ le xɔse me eye wòana woase le wo ɖokui me be yewole dedie la dzi o.

17. Kpɔɖeŋu kae Yehowa kple Yesu ɖo le ale si wonaa hehe mí eye woɖɔa mí ɖo me?

17 Ele be wòana hehe eƒe ƒomea. Yehowa naa hehe mí eye wòɖɔa mí ɖo elabe edi be yeakpe ɖe mía ŋu. (Heb. 12:7-9) Yesu naa hehe ame siwo le ete le lɔlɔ̃ me, abe ale si Fofoa wɔnɛ ene. (Yoh. 15:14, 15) Etɔa afɔ to sesĩe, gake ewɔa nu le dɔmenyo me. (Mat. 20:24-28) Yesu nyae be míede blibo o, eye míedaa vo zi geɖe.—Mat. 26:41.

18. Nu kae nɔa nyanya na ƒome ƒe ta nyui?

18 Ƒome ƒe ta si srɔ̃a Yehowa kple Yesu la nyae be ye srɔ̃ kple ye viwo mede blibo o. Eya ta medoa ‘dɔmedzoe helĩhelĩ’ ɖe wo ŋu o. (Kol. 3:19) Ke boŋ ewɔna ɖe Galatiatɔwo 6:1 dzi, eye wòdzea agbagba be yeaɖɔ wo ɖo le “gbɔgbɔ fatu” me, esi wònyae be ye hã yemede blibo o ta. Abe Yesu enea, edea dzesii be mɔ nyuitɔ si dzi yeato afia nu woe nye to yeƒe kpɔɖeŋuwo dzi.—1 Pet. 2:21.

19-20. Ne ehiã be ƒome ƒe ta natso nya me le nuwo ŋu la, aleke wòate ŋu asrɔ̃ Yehowa kple Yesu?

19 Tso nya me le mɔ si aɖe vi na ƒomea nu. Yehowa tsoa nya me le mɔ nyuitɔ, si ɖea vi na ame bubuwo nu. Le kpɔɖeŋu me, ewɔ amegbetɔwo kple nu gbagbe bubuwo elabe edi be míawo hã míase vivi na agbea. Ame aɖeke mate ŋu azi edzi be wòatsɔ Via ana ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta o. Eya ŋutɔ lɔ̃ faa tsɔ Via na be wòaɖe vi na mí. Yesu hã tso nya me le mɔ siwo ɖe vi na ame bubuwo nu. (Rom. 15:3) Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be ɖeɖi te eŋu eye wòdi be yeaɖi ɖe eme hã, ezã ɣeyiɣia tsɔ fia nu amewo.—Marko 6:31-34.

20 Ƒome ƒe ta nyui nyae be mele bɔbɔe be yeatso nya me nyui si aɖe vi na ƒomea o, eya ta ebua agbanɔamedzi sia nu vevii. Metsona ko tsoa nya me alo nɔa te ɖe eƒe seselelãmewo ko dzi tsoa nya me o. Ke boŋ elɔ̃na faa Yehowa fianɛ ale si wòatso nya me nyuie. * (Lod. 2:6, 7) Ne ewɔe elea, atso nya me le mɔ si aɖe vi na ame bubuwo nu.—Flp. 2:4.

21. Nu ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

21 Dɔ si Yehowa de ƒome ƒe tawo si mele bɔbɔe o, eye abia akɔnta wo tso ale si wowɔ dɔae ŋu. Gake ne srɔ̃ŋutsu ku kutri srɔ̃ Yehowa kple Yesu la, anye ƒome ƒe ta nyui. Eye ne srɔ̃anyɔnu hã wɔ nu siwo Yehowa di tso esia, woakpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me. Aleke wòle be srɔ̃nyɔnu nabu tanyenye ƒe ɖoɖoa, eye kuxi kawoe wòate ŋu ado goe? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

HADZIDZI 16 Mikafu Yah Ðe Mesia Fiaɖuƒea Ta

^ mm. 5 Ne ŋutsu ɖe srɔ̃a, eva zua ƒome yeye ƒe ta. Le nyati sia mea, míadzro nu si tanyenye fia, nu si ta Yehowa wɔ tanyenye ƒe ɖoɖoa, kple nu siwo ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa kple Yesu gbɔ la me. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro nu siwo srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu kple ame bubu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ƒe kpɔɖeŋuwo me. Eye le nyati si agakplɔ ema ɖo me la, míadzro ale si nɔviŋutsuwo awɔ tanyenyea ŋu dɔ le hamea me la me.

^ mm. 7 Susu si le amewo si be naneke megblẽ le eŋu be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu manyomanyowo ɖe srɔ̃a ŋu, aƒoe alo adzui o la dzena le filmwo, fefewo kple modzakaɖegbalẽwo gɔ̃ hã me. Eya ta amewo ate ŋu asusui be naneke megblẽ le eŋu be srɔ̃ŋutsu naɖu aƒetɔ ɖe srɔ̃a dzi o.

^ mm. 20 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ale si nàwɔ atso nya me nyuie la ŋu le nyati si nye “Wɔ Nyametsotso Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu” si dze le April 15, 2011 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 13-17.