Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alɔgbɔnu Si Wòko Na Wo Tae!

Alɔgbɔnu Si Wòko Na Wo Tae!

NYƆNU eve aɖewo nɔ zɔzɔm le Philippines Dugã, si nye Baguio me. Wokpɔ míaƒe ɖaseɖikekevi aɖe, gake womete ɖe eŋu o. Nɔvinyɔnu si tɔ ɖe kekevia gbɔ, si ŋkɔe nye Helen, ko alɔgbɔnu na wo. Nyɔnuawo tso eme va yi, gake ale si Helen ko nu na woa wɔ dɔ ɖe wo dzi.

Emegbe esi nyɔnuawo nɔ ʋu me yina aƒe mea, wokpɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe si dzi jw.org dzesia nɔ. Woɖo ŋku edzi be dzesi ma tututue yewokpɔ le kekevia dzi va yi. Wo ame evea woɖi le ʋua me, eye wozɔ yi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa gbɔ vae lé ŋku ɖe ŋkeke kple game vovovo siwo wowɔa kpekpeawo ŋu.

Nyɔnu eveawo de kpekpeawo dometɔ ɖeka. Esi woge ɖe Fiaɖuƒe Akpataa mea, ènya ame si wokpɔa? Helen ye! Wokpɔe dzesi enumake be eyae ko nua na yewo. Helen gblɔ be: “Esi wozɔ ɖe dzinyea, mevɔ̃ vie. Mesusu be nu gbegblẽ aɖee mewɔ.” Gake nyɔnuawo ɖe eme nɛ be yewokpɔe le kekevia gbɔ va yi.

Woƒe dzi dze eme ŋutɔ le kpekpea me le nɔviawo dome. Esi wokpa le kpekpea eye nɔviawo le xɔa me dzram ɖoa, wobia nenye be yewo hã yewoate ŋu akpe asi ɖe eŋu. Nyɔnuawo dometɔ ɖeka va dzo le dukɔa me, ke hã evelia va te kpekpeawo dede eye wole Biblia srɔ̃m kplii. Esiawo katã dzɔ le alɔgbɔnu si wòko na wo ta!