Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 8

Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Dzidzɔ Kpɔm Ne Èle Tetekpɔwo Me Tom

Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Dzidzɔ Kpɔm Ne Èle Tetekpɔwo Me Tom

“Nɔvinyewo, ne miedo go tetekpɔ vovovowo la, mibui dzidzɔ sɔŋ.”—YAK. 1:2.

HADZIDZI 111 Nu Si Ta Míekpɔa Dzidzɔ Ðo

NYA VEVIAWO *

1-2. Le Mateo 5:11 ƒe nya nua, aleke wòle be míabu tetekpɔwo?

YESU do ŋugbe na eyomedzelawo be woakpɔ dzidzɔ. Ena wonya hã be woato nɔnɔme sesẽwo me. (Mat. 10:22, 23; Luka 6:20-23) Edzɔa dzi na mí be míenye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Gake aleke míesena le mía ɖokui me ne míaƒe ƒometɔwo le nya ƒom ɖe mía nu be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ, dziɖuɖua le mía yome tim alo míaƒe dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo le nya ƒom ɖe mía nu be míawɔ nu gbegblẽ aɖe? Esiawo ŋu bubu ate ŋu ana míatsi dzimaɖi.

2 Ame geɖe mekpɔnɛ be yewoate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wole yewo yome tim o. Gake Mawu ƒe Nyaa gblɔ be míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wole mía yome tim. Le kpɔɖeŋu me, nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be ne míele tetekpɔwo me tom la, mele be míasusui be evɔ na mí o, ke boŋ ele be míanɔ dzidzɔ kpɔm. (Yak. 1:2, 12) Eye Yesu gblɔ be ele be míakpɔ dzidzɔ ne wole mía yome tim. (Xlẽ Mateo 5:11.) Nu kae ana míanɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be míele tetekpɔwo me tom? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le lɛta si Yakobo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la me. Gbãa, mina míadzro kuxi sesẽ siwo me wòhiã be Kristotɔ mawo nado dzi lea me.

KUXI SESẼ KAWO ME WÒHIÃ BE KRISTOTƆ SIWO NƆ ANYI LE ƑE ALAFA GBÃTƆ ME NADO DZI LE?

3. Esi Yakobo va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, nu kae dzɔ?

3 Esi Yesu nɔvi Yakobo va zu nusrɔ̃la ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, woti Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem la yome. (Dɔw. 1:14; 5:17, 18) Eye esime wowu nusrɔ̃la Stefano la, Kristotɔ geɖewo si le dugãa me eye “woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria nutowo me,” eye emegbea, wo dometɔ aɖewo vae do ɖe Kipro kple Antiokia ke. (Dɔw. 7:58–8:1; 11:19) Nusrɔ̃laawo to nɔnɔme sesẽ geɖe me. Ke hã, woyi edzi ɖe gbeƒã nya nyuia le afi sia afi si woyi eye woɖo hamewo le Roma nuto bliboa katã me. (1 Pet. 1:1) Gake ɣeyiɣi sesẽ bubuwo gale ŋgɔ na wo.

4. Nɔnɔme sesẽ bubu kawo me Kristotɔ gbãtɔawo do dzi le?

4 Kristotɔ gbãtɔawo do dzi le nɔnɔme sesẽ vovovowo me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 50 K.Ŋ mea, Roma Fiagã Klaudio de se be Yudatɔwo katã nadzo le Roma. Eya ta eva hiã be Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwoa nadzo avae tsi teƒe bubuwo. (Dɔw. 18:1-3) Le ƒe 61 K.Ŋ. me lɔƒoa, apostolo Paulo ŋlɔ bena, wodo ŋukpe Kristotɔwo le dutoƒo, de wo gaxɔ me eye woha woƒe nunɔamesiwo. (Heb. 10:32-34) Eye abe ame bubuwo ke enea, nu mede Kristotɔwo dometɔ aɖewo dzi o, eye bubuwo dze dɔ.—Rom. 15:26; Flp. 2:25-27.

5. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na?

5 Esi Yakobo ŋlɔ eƒe agbalẽa le ƒe 62 K.Ŋ. mea, enya nɔnɔme sesẽ siwo me tom nɔviawo lea nyuie. Yehowa na Yakobo ŋlɔ aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe Kristotɔ mawo ŋu be woayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be wole tetekpɔwo me tom. Mina míadzro Yakobo ƒe lɛtaa me, eye míaɖo biabia siawo ŋu: Dzidzɔ ka ƒe nya gblɔmee Yakobo le? Nu kae ate ŋu awɔe be Kristotɔ manɔ dzidzɔ sia kpɔm o? Nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míeɖale o, aleke nunya, xɔse, kple dzideƒo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm?

NU KAE NANA KRISTOTƆ NƆA DZIDZƆ KPƆM?

Abe ale si dzoƒaɖe yia edzi nɔa bibim le akaɖigbɛ me enea, nenema kee dzidzɔ si Yehowa nana míekpɔna le ememea yia edzi nɔa mía me (Kpɔ memama 6 lia)

6. Le Luka 6:22, 23 ƒe nya nua, nu ka tae Kristotɔ ate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm ne ele nɔnɔme sesẽwo me tom?

6 Amewo susuna be ne yewole lãmesẽ nyui me, ga gbogbo aɖe le yewo si eye dzidzɔ le yewo ƒe ƒomea mea, ye ana yewoakpɔ dzidzɔ. Gake dzidzɔ si ŋu Yakobo ƒo nu tsoe la, menɔ te ɖe nɔnɔme si me ame lea dzi o, ke boŋ enye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22) Kristotɔ kpɔa dzidzɔ vavãtɔ ne enyae be yewɔa nu si dzea Yehowa ŋu eye yesrɔ̃a Yesu. (Xlẽ Luka 6:22, 23; Kol. 1:10, 11) Míate ŋu atsɔ míaƒe dzidzɔa asɔ kple dzoƒaɖe si le bibim le akaɖigbɛ me. Tsi le dzadzam o, ŋdɔ le ʋuʋum o, dzoƒaɖea nɔa dedie. Nenema kee míaƒe dzidzɔa nu meyina ne míedze dɔ alo ganyawo le sesẽm na mí o. Eye enu meyina ne amewo alo ƒometɔwo tsi tre ɖe mía ŋu o. Ke boŋ, míeyia edzi nɔa dzidzɔ kpɔm ne wole mía yome tim. Nɔnɔme sesẽ siwo me míetona le míaƒe xɔse ta ɖoa kpe edzi be Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwoe míenye. (Mat. 10:22; 24:9; Yoh. 15:20) Ema tae Yakobo ŋlɔ bena: “Nɔvinyewo, ne miedo go tetekpɔ vovovowo la, mibui dzidzɔ sɔŋ.”—Yak. 1:2.

Nu ka tae míate ŋu atsɔ tetekpɔwo asɔ kple gbedewo ƒe dzo si me wodea gae? (Kpɔ memama 7 lia) *

7-8. Aleke tetekpɔwo ɖea vi na mí?

7 Yakobo gaƒo nu tso susu bubu si tae Kristotɔwo doa dzi le nɔnɔme sesẽwo me ŋu. Egblɔ be: “Miaƒe xɔse ƒe nyonyome sia si wodo kpɔ la hea dzidodo vanɛ.” (Yak. 1:3) Míate ŋu atsɔ tetekpɔwo asɔ kple gbedewo ƒe dzo si me wodea gakpoe. Ne wode gakpoa dzo me eye emegbe woɖee da ɖi wòfaa, esesẽna ɖe edzi. Nenema kee ne míedo dzi le tetekpɔwo mea, míaƒe xɔse gasẽna ɖe edzi. Ema tae Yakobo ŋlɔ bena: “Mina dzidodo nawu eƒe dɔwɔwɔ nu bliboe, ale be mianɔ blibo, eye miade keŋkeŋ le goawo katã me.” (Yak. 1:4) Ne míekpɔe be tetekpɔ siwo va mía dzi wɔe be míaƒe xɔse gasẽ ɖe edzia, esia awɔe be míayi edzi ado dzi kple dzidzɔ.

8 Le Yakobo ƒe lɛtaa mea, eƒo nu tso kuxi aɖewo siwo ate ŋu awɔe be míaganɔ dzidzɔ kpɔm o hã ŋu. Kuxi mawoe nye kawo, eye aleke míawɔ aɖu wo dzi?

NU SIWO MÍAWƆ BE MÍAYI EDZI ANƆ DZIDZƆ KPƆM

9. Nu ka tae míehiã nunya?

9 Kuxia: Ne míenya nu si míawɔ o. Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, míedi be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ nu siwo adze eŋu, nu siwo aɖe vi na mía nɔviwo, eye woakpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. (Yer. 10:23) Míehiã nunya be míanya nu si míawɔ kple nya si míagblɔ na ame siwo tsi tre ɖe mía ŋu la. Ɣeaɖewoɣi ne míenya nu si tututu míawɔ oa, dzi ɖena le mía ƒo, eye esia awɔe be míagava nɔ dzidzɔ kpɔm o.

10. Nu kae Yakobo 1:5 gblɔ be míawɔ ne míedi be nunya nasu mía si?

10 Nu si akpe ɖe ŋuwò: Bia Yehowa be wòana nunya wò. Hafi míate ŋu ayi edzi ado dzi le tetekpɔwo me kple dzidzɔa, gbãa, ele be míabia Yehowa be wòana nunya mí míatso nya me nyuie. (Xlẽ Yakobo 1:5.) Nu kae wòle be míawɔ ne míese le mía ɖokui me be Yehowa meɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu enumake o? Yakobo gblɔ be ‘míayi edzi anɔ Mawu biam.’ Ne míeyi edzi le nunya biam Yehowa la, medoa dziku alo sena le eɖokui me be míele fu ɖem na ye o. Ne míedo gbe na Mía Fofo si le dziƒoa be wòana nunya mí míanɔ te ɖe tetekpɔwo nua, ‘enaa mí faa.’ (Ps. 25:12, 13) Enya míaƒe kuxiawo, esea veve ɖe mía nu eye wòdina vevie be yeakpe ɖe mía ŋu. Esia nana dzi dzɔa mí ŋutɔ! Gake, aleke Yehowa naa nunya mí?

11. Nu bubu kae wòle be míawɔ be nunya nasu mía si?

11 Yehowa toa eƒe Nyaa dzi naa nunya mí. (Lod. 2:6) Ne míesrɔ̃a Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo la, nunya ma asu mía si. Gake menye nua ko wòle be míasrɔ̃ ko evɔ o. Ele be míawɔ ɖe nu siwo míesrɔ̃a dzi. Yakobo gblɔ be: “Mizu nyadziwɔlawo, ke menye nyaselawo ko o.” (Yak. 1:22) Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzia, enana míewɔa ŋutifafa, sea nu gɔme, eye míekpɔa nublanui na amewo. (Yak. 3:17) Nɔnɔme nyui mawo kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le tetekpɔwo me, eye míeyia edzi nɔa dzidzɔ kpɔm.

12. Nu ka tae wòle vevie be míanya Biblia nyuie?

12 Mawu ƒe Nyaa le abe ahuhɔ̃e si kpena ɖe mía ŋu be míade dzesi tɔtrɔ siwo wòhiã be míawɔ ene. (Yak. 1:23-25) Le kpɔɖeŋu me, ne míesrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa, míava de dzesii be mele be míanɔ dziku dom kabakaba o. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, míesrɔ̃a ale si míafa tu ne nɔnɔmewo alo amewo do dziku na mí. Ne míefa tua, ekpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe nɔnɔmeawo nu nyuie wu. Ekpena ɖe mía ŋu míebua nuwo ŋu nyuie eye míetsoa nya me nyuie. (Yak. 3:13) Eya ta ele vevie be míanya Biblia nyuie.

13. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ nu tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la gbɔ?

13 Ɣeaɖewoɣi ne míewɔ vodada vɔ hafi míeva nyana nu siwo mele be míawɔ o. Gake mele be nane nadzɔ ɖe mía dzi hafi míasrɔ̃ nu tso eme o. Mɔ nyuitɔ si dzi míato be nunya nasu mía si ye nye be míasrɔ̃ nu tso nu nyui kple vodada siwo amewo wɔa me. Esia tae Yakobo de dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe abe Abraham, Rahab, Hiob, kple Eliya ene. (Yak. 2:21-26; 5:10, 11, 17, 18) Yehowa subɔla wɔnuteƒe mawo do dzi le nɔnɔme sesẽ siwo ate ŋu ana woƒe dzidzɔ nu nayi hafi la me. Woƒe dzidodoa na míekpɔe be Yehowa ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu nenema ke.

14-15. Nu kae ate ŋu adzɔ ne míeka ɖe míaƒe nufiafia aɖewo dzi tututu o?

14 Kuxia: Ne míeka ɖe míaƒe nufiafia aɖewo dzi tututu o. Ɣeaɖewoɣia, asesẽ na mí be míase Biblia ƒe nufiafia aɖewo gɔme. Alo Yehowa maɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu ale si míedii o. Esia ate ŋu ana míava nɔ ɖi kem. Ne míeŋe aɖaba ƒu ɖikeke mawo dzia, ana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ eye wòagblẽ mí kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa me. (Yak. 1:7, 8) Eye ɖikeke mawo awɔe be mɔkpɔkpɔ si le mía si le etsɔmea nato mía ŋu.

15 Apostolo Paulo tsɔ mɔkpɔkpɔ si le mía si ku ɖe etsɔme ŋua sɔ kple seke. (Heb. 6:19) Seke léa tɔdziʋu ɖe te ne ahom le tutum be wòaga vae lɔ kpe o. Gake ne sekea tsoa, mate ŋu alé tɔdziʋua ɖe te o. Ale si ko ɣebia ate ŋu ana seke natsoa, nenema kee ɖikeke ate ŋu ana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ. Ne ɖikekewo le ame aɖe me, eye wòdo go yometitiwoa, awɔe be magaka ɖe edzi be Yehowa awɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi o. Ne míaƒe xɔse dome gblẽa, ke mɔkpɔkpɔ abu ɖe mí. Yakobo gblɔ be, ame si kea ɖi la “le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene.” (Yak. 1:6) Ame si sena le eɖokui me alea mate ŋu akpɔ dzidzɔ o!

16. Nu kawoe wòle be míawɔ ne ɖikekewo le mía me?

16 Nu si akpe ɖe ŋuwò: Ðe ɖikeke mawo ɖa; do ŋusẽ wò xɔse. Wɔ nu kpata! Le nyagblɔɖila Eliya ƒe ŋkekea mea, Yehowa ƒe amewo va tsi evedomesi le nu siwo dzi woxɔ sea ŋu. Eliya gblɔ na wo be: “Ɣekaɣi miatsi evedomesi ase ɖo? Ne Yehowae nye Mawu vavã la, ekema midze eyome; ke ne Baal ye la, ekema midze eyome!” (1 Fia. 18:21) Nenemae wòle be míawo hã míawɔ nu kpata egbea. Ele be míaku nu me aka ɖe edzi na mía ɖokuiwo be Yehowa ye nye mía Mawu, eƒe Nyae Biblia nye, eye Yehowa Ðasefowoe nye eƒe amewo. (1 Tes. 5:21) Nu siawo akpe ɖe mía ŋu be míaɖe ɖikekewo ɖa, eye míado ŋusẽ míaƒe xɔse. Ne míehiã kpekpeɖeŋua, míate ŋu abia hamemetsitsiwo. Ele be míawɔ nu kpata, ne míedi be míayi edzi anɔ Yehowa subɔm kple dzidzɔ!

17. Nu kae adzɔ ne dzi ɖe le mía ƒo?

17 Kuxia: Dziɖeleameƒo. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxagbe la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.” (Lod. 24:10) Ne dzi ɖe le ƒowòa, wò dzidzɔ nu ayi kaba.

18. Nu kae wòfia be ame nado dzi?

18 Nu si akpe ɖe ŋuwò: Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ wò nàdo dzi. Ele be dzi nanɔ mía ƒo hafi míate ŋu ado dzi le tetekpɔwo me. (Yak. 5:11) Nya si Yakobo zã si gɔme woɖe be “dzidodo” fia be ame aɖe natɔ ɖe afi si wòlea sesĩe. Esia na míekpɔ ale si dzi nɔa asrafo aɖe ƒo wòtɔna ɖi dzea ŋgɔ eƒe futɔwo eye mevɔ̃na o.

19. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso apostolo Paulo gbɔ?

19 Apostolo Paulo ɖo dzinɔameƒo kple dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Ɣeaɖewoɣia, dzi ɖena le eƒo. Gake ete ŋu yi edzi do dzi, elabe eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ ye. (2 Kor. 12:8-10; Flp. 4:13) Ŋusẽ kple dzideƒo ma ate ŋu asu mía si ne míebɔbɔ mía ɖokui lɔ̃ ɖe edzi be míehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu.—Yak. 4:10.

TE ÐE YEHOWA ŊU NE NÀNƆ DZIDZƆ KPƆM

20-21. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

20 Míate ŋu aka ɖe edzi be nɔnɔme sesẽ siwo me tom míelea menye tohehe tso Yehowa gbɔ o. Yakobo ka ɖe edzi na mí be: “Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, megagblɔ be: ‘Mawue le teyem kpɔ’ o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu akpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔna o.” (Yak. 1:13) Ne míeka ɖe nya ma dzia, enana míegatena ɖe mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒoa ŋu.—Yak. 4:8.

21 Yehowa ‘metrɔna o.’ (Yak. 1:17) Ekpe ɖe Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ mea ŋu le tetekpɔwo me, eye awɔe na mía dometɔ ɖe sia ɖe nenema ke egbea. Do gbe ɖa na Yehowa vevie be wòana nunya, xɔse, kple dzinɔameƒo wò. Aɖo wò gbedodoɖawo ŋu. Ekema àte ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne èle tetekpɔwo me tom!

HADZIDZI 128 Do Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

^ mm. 5 Aɖaŋuɖoɖo gbogbo aɖewo le Yakobo ƒe agbalẽa me siwo akpe ɖe mía ŋu ne míele tetekpɔwo me tom. Míadzro aɖaŋuɖoɖo mawo dometɔ aɖewo me le nyati sia me. Aɖaŋuɖoɖo mawo akpe ɖe mía ŋu míayi edzi asubɔ Yehowa kple dzidzɔ ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã.

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Poliswo va lé nɔviŋutsu aɖe le eƒe me. Srɔ̃a kple vianyɔnu le ekpɔm esime wokplɔe dzo yina. Esi nɔviŋutsua le gaxɔ mea, srɔ̃a kple vianyɔnua kpakple nɔvi aɖewo le ƒometadedeagu wɔm ɖekae. Srɔ̃a kple via doa gbe ɖa na Yehowa edziedzi be wòado ŋusẽ yewo yewoado dzi. Yehowa na dzi ɖo wo ƒo eye woƒe dzi dze eme. Esia wɔe be woƒe xɔse sẽ ɖe edzi eye woyi edzi le dzi dom kple dzidzɔ.