Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 7

Nu Si Tanyenye Fia Le Hamea Me

Nu Si Tanyenye Fia Le Hamea Me

‘Kristoe nye ta na hame la, eye eyae nye ŋutilã sia ɖela.’—EF. 5:23.

HADZIDZI 137 Nyɔnu Nuteƒewɔlawo, Nɔvinyɔnu Kristotɔwo

NYA VEVIAWO *

1. Susu siwo ta Yehowa ƒe amewo wɔ ɖeka dometɔ aɖe ɖe?

EDZƆA dzi na mí be míele Yehowa ƒe ƒomea me. Nu kae na ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ le mía dome? Susuawo dometɔ ɖekae nye be mía dometɔ ɖe sia ɖe dzea agbagba be yeawɔ ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ la dzi. Le nyateƒe mea, ne míese tanyenye ƒe ɖoɖoa gɔme nyuia, enana míegawɔa ɖeka wu.

2. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Le nyati sia mea, míadzro nu si tanyenye fia le hamea me la me. Azɔ hã, míaɖo nyabiase siawo ŋu: Akpa kae nɔvinyɔnuwo wɔna le hamea me? Nyateƒee wònye be nɔviŋutsu ɖe sia ɖe nye ta na nɔvinyɔnu ɖe sia ɖea? Ðe hamemetsitsiwo kpɔ ŋusẽ ɖe nɔviawo dzi abe ale si ƒome ƒe ta kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃a kple viawo dzi enea? Gbãa, mina míadzro ale si wòle be míabu nɔvinyɔnuwo la me.

ALEKE WÒLE BE MÍABU NƆVINYƆNUWOE?

3. Nu kae ana míagade asixɔxɔ geɖe wu dɔ siwo mía nɔvinyɔnuwo wɔna ŋu?

3 Míedea asixɔxɔ mía nɔvinyɔnu siwo wɔa dɔ sesĩe kpɔa woƒe ƒomewo dzi, ɖea gbeƒã nya nyuia, eye wokpea asi ɖe hamea ŋu la ŋu ŋutɔ. Míagade asixɔxɔ geɖe wu mía nɔvinyɔnuawo ŋu ne míesrɔ̃ nu tso ale si Yehowa kple Yesu bua woe la ŋu. Azɔ hã, míasrɔ̃ ale si apostolo Paulo bu nyɔnuwo eye wòwɔ nu ɖe wo ŋu la me.

4. Aleke Biblia ɖee fia be Yehowa dea asixɔxɔ nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa ŋu?

4 Biblia na míekpɔe be Yehowa dea asixɔxɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le apostoloawo ƒe ŋkekea mea, Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa dzi, eye wowɔ ŋusẽdɔ geɖewo. Wo dometɔ aɖewoe nye be wodo gbe bubuwo. (Dɔw. 2:1-4, 15-18) Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa be woava ɖu fia kple Kristo. (Gal. 3:26-29) Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa ava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. (Nyaɖ. 7:9, 10, 13-15) Eye wode dɔ asi na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa be woaɖe gbeƒã nya nyuia, eye woafia nyateƒea amewo. (Mat. 28:19, 20) Le kpɔɖeŋu me, Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒo nu tso nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Priskila ŋu. Eya kple srɔ̃a Akwila wokpe ɖe Apolo si nya agbalẽ ŋu wòse Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie.—Dɔw. 18:24-26.

5. Aleke Luka 10:38, 39, 42 ɖee fia be Yesu de bubu nyɔnuwo ŋu?

5 Yesu de bubu nyɔnuwo ŋu. Yesu medze Farisitɔwo ƒe kɔnyinyi si nye be womebua nyɔnuwo ɖe ɖeke me, womeƒoa nu na wo le du dome, ʋuu keke ahayi Ŋɔŋlɔawo me dzro ge kpli wo o la yome o. Ke boŋ eɖe Ŋɔŋlɔawo me nu goglowo me na eƒe nusrɔ̃la siwo nye ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. * (Xlẽ Luka 10:38, 39, 42.) Azɔ hã, eɖe mɔ nyɔnu aɖewo nɔ eŋu le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. (Luka 8:1-3) Eye nyɔnuwoe wòna wovae gblɔe na apostoloawo be wofɔ ye ɖe tsitre tso ku me.—Yoh. 20:16-18.

6. Aleke apostolo Paulo ɖee fia be yedea bubu nyɔnuwo ŋu?

6 Apostolo Paulo gblɔ na Timoteo tẽe be wòade bubu nyɔnuwo ŋu. Paulo gblɔ na Timoteo be wòawɔ nu ɖe ‘nyɔnu tsitsiwo ŋu abe dadawo ene,’ eye wòabu “ɖetugbuiwo abe nɔvinyɔnuwo ene.” (1 Tim. 5:1, 2) Paulo wɔ nu geɖe tsɔ kpe ɖe Timoteo ŋu wòva zu Kristotɔ bibi, gake elɔ̃ ɖe edzi be Timoteo nɔ kple mamaa ye fia ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔeawoe’ gbã. (2 Tim. 1:5; 3:14, 15) Paulo yɔ nɔvinyɔnu aɖewo ŋkɔ tẽe le Roma eye wòdo gbe na wo. Menye ɖeko wòde dzesi dɔ siwo nɔvinyɔnuwo wɔna ko evɔ o, ke ekafu wo hã ɖe dɔ siwo wowɔna le subɔsubɔdɔa me ta.—Rom. 16:1-4, 6, 12; Flp. 4:3.

7. Biabia kawo me míadzro fifia?

7 Abe ale si míekpɔe le memama siwo do ŋgɔ me enea, naneke mele Ŋɔŋlɔawo me si ɖee fia be asixɔxɔ le nɔviŋutsuwo ŋu wu nɔvinyɔnuwo o. Mía nɔvinyɔnu dɔmenyotɔ siwo lɔ̃a ame, wɔa geɖe le hamea me, eye hamemetsitsiwo kpɔa ŋudzedze ɖe akpa si wowɔna tsɔ doa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le hamea me la ŋu. Gake biabia aɖewo fɔ ɖe te. Le kpɔɖeŋu me, nu ka tae Yehowa di tso nɔvinyɔnuwo si be woatsyɔ nu ta le nɔnɔme aɖewo me? Esi wònye nɔviŋutsuwo koe wotiana wonyea hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo taa, ɖe wòfia be nɔviŋutsu ɖe sia ɖe nye ta na nɔvinyɔnu ɖe sia ɖe le hamea mea?

ÐE NƆVIŊUTSU ÐE SIA ÐE NYE TA NA NƆVINYƆNU ÐE SIA ÐEA?

8. Le Efesotɔwo 5:23 ƒe nya nua, ɖe nɔviŋutsu ɖe sia ɖe nye ta na nɔvinyɔnu ɖe sia ɖea? Ðe eme.

8 Kpuie koa, ŋuɖoɖoae nye ao! Menye nɔviŋutsue nye ta na nɔvinyɔnu siwo katã le hamea me o; Kristoe nye ta. (Xlẽ Efesotɔwo 5:23.) Le ƒomea mea, srɔ̃ŋutsue nye ta na srɔ̃a. Viŋutsu xɔnyɔnyrɔ menye ta na nɔa o. (Ef. 6:1, 2) Eye le hamea mea, ŋusẽ aɖe sinu koe le hamemetsitsiwo si ɖe nɔvinyɔnuwo kple nɔviŋutsuwo siaa dzi. (1 Tes. 5:12; Heb. 13:17) Nɔvinyɔnu tre siwo megale wo tɔ alo wo nɔ gbɔ oa, yia edzi dea bubu wo dzilawo kple hamemetsitsiwo ŋu. Ke hã, abe ale si wòle le nɔviŋutsu siwo le hamea me gome enea, ame ɖeka koe nye woƒe ta, eyae nye Yesu.

Tre siwo megale wo dzilawo gbɔ le aƒe me o la le Yesu ƒe tanyenye te (Kpɔ memama 8 lia)

9. Nu ka tae wòhiã be nɔvinyɔnuwo natsyɔ nu ta ɣeaɖewoɣi?

9 Enye nyateƒe be, Yehowa ɖo ŋutsuwo be woaxɔ ŋgɔ le hamea me, eye mena ŋusẽ ma nyɔnuwo o. (1 Tim. 2:12) Nu ka tae? Ale be nuwo nanɔ ɖoɖo nu le hamea me, abe ale si ko Yesu nye ta na ŋutsu ene. Eya ta ne eva hiã be nɔvinyɔnu aɖe nawɔ dɔ aɖe si nye nɔviŋutsu ƒe dɔ le hamea mea, ekema Yehowa di tso nɔvinyɔnu si be wòatsyɔ nu ta. * (1 Kor. 11:4-7) Yehowa bia esia tso nɔvinyɔnuwo si menye be yeatsɔ ada wo ɖe anyi o, ke boŋ enye mɔnukpɔkpɔ na wo be woaɖee afia be yewodea bubu tanyenye ƒe ɖoɖo si yewɔa ŋu. Esi míeva se nya siawo me nyuie alea vɔa, mina míaɖo biabia sia ŋu: Ŋusẽ ɖeka tɔgbie le ƒome ƒe tawo kple hamemetsitsiwo sia?

ŊUSẼ SI WONA ƑOME ƑE TAWO KPLE HAMEMETSITSIWO

10. Nu kae ate ŋu ana hamemetsitsi aɖe nadi be yeava nɔ sewo dem le hamea me ɣeaɖewoɣi?

10 Hamemetsitsiwo lɔ̃ Kristo eye wolɔ̃ “alẽ” siwo Yehowa kple Yesu tsɔ na wo be woalé be na la. (Yoh. 21:15-17) Esi hamemetsitsiwo léa be na hamea taa, hamemetsitsi aɖe ate ŋu asusui be yeva le abe tɔ ene na nɔviawo. Ate ŋu anɔ susum be ne ŋusẽ le ƒome ƒe ta si be wòade sewo be wòakpɔ eƒe ƒomea taa, ke hamemetsitsi hã ate ŋu ade sewo be wòakpɔ Mawu ƒe amewo ta. Eye nɔvi aɖewo hã nana hamemetsitsiwo sena le wo ɖokuiwo me alea, elabe wobiana tso wo si be woatso nya me na yewo le nanewo me. Gake ŋusẽ ɖeka tɔgbie le hamemetsitsiwo kple ƒome ƒe tawo sia?

Hamemetsitsiwo léa be na nɔvi siwo le hamea me eye wonana wosena le wo ɖokuiwo me be yewolɔ̃ wo. Yehowa na ŋusẽ wo be woaɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo ɖa le hamea me (Kpɔ memama 11-12 lia)

11. Go kawo mee ŋusẽ si le ƒome ƒe tawo kple hamemetsitsiwo si la sɔ le?

11 Apostolo Paulo ɖee fia be ŋusẽ si wona ƒome ƒe tawo kple hamemetsitsiwo sɔ le go aɖewo me. (1 Tim. 3:4, 5) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa di be ƒomea me tɔwo naɖo to ƒomea ƒe ta. (Kol. 3:20) Eye edi be ame siwo le hamea mea naɖo to hamemetsitsiwo. Yehowa di tso ƒome ƒe tawo kple hamemetsitsiwo siaa si be woakpe ɖe ame siwo le woƒe kpɔkplɔ te ŋu be woalɔ̃ ye. Eye edi be ƒome ƒe tawo kple hamemetsitsiwo siaa nana ame siwo le woƒe kpɔkplɔ te nase le wo ɖokuiwo me be wolɔ̃ yewo. Abe ƒome ƒe tawo enea, hamemetsitsiwo kpena ɖe ame siwo le hamea me siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋu. (Yak. 2:15-17) Azɔ hã, Yehowa di be hamemetsitsiwo kple ƒome ƒe tawo nakpɔ egbɔ be wowɔ ɖe yeƒe mɔfiamewo dzi. Gake exlɔ̃ nu wo be ‘woagagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi’ le Biblia me la ŋu o.—1 Kor. 4:6.

Ƒome ƒe tawo. Yehowa na ŋusẽ wo be woaxɔ ŋgɔ le woƒe ƒomea me. Ƒome ƒe ta si lɔ̃a ame alé nyaa kpɔ kple srɔ̃a hafi atso nya me (Kpɔ memama 13 lia)

12-13. Le Lododowo 6:20 ƒe nya nua, vovototo kae le ŋusẽ si le ƒome ƒe tawo kple hamemetsitsiwo si dome?

12 Ke hã, vovototo gã aɖe le ŋusẽ si le hamemetsitsi kple ƒome ƒe tawo si dome. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa de dɔ asi na hamemetsitsiwo be woanye ʋɔnudrɔ̃lawo, eye wòna ŋusẽ wo be woaɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo ɖa le hamea me.—1 Kor. 5:11-13.

13 Le go bubu me la, Yehowa na ŋusẽ aɖe sinu ƒome ƒe tawo si mena hamemetsitsiwo o. Le kpɔɖeŋu me, ena ŋusẽ ƒome ƒe tawo be woade sewo eye woakpɔ egbɔ be ƒomea me tɔwo wɔ ɖe wo dzi. (Xlẽ Lododowo 6:20.) Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ade se ɖe ga si me wòdi be ye viwo nagbɔ va aƒe me ne zã do ŋu. Azɔ hã, ŋusẽ le esi be wòahe to na viawo ne womewɔ ɖe se ma dzi o. (Ef. 6:1) Ke hã, ƒome ƒe ta si lɔ̃a ame alé nyaa kpɔ kple srɔ̃a hafi ade sewo le aƒea me, elabe wo ame evea wonye “ŋutilã ɖeka.” *Mat. 19:6.

DE BUBU KRISTO SI NYE HAMEA ƑE TA ŊU

Yesu, si le Yehowa ƒe tanyenye tea, le mɔ fiam Kristo hamea (Kpɔ memama 14 lia)

14. (a) Le Marko 10:45 ƒe nya nua, nu ka tae wòsɔ be Yehowa ɖo Yesu wònye hamea ƒe ta? (b) Akpa kae Dɔdzikpɔhaa wɔna? (Kpɔ aɖaka si nye “ Akpa Si Dɔdzikpɔhaa Wɔna.”)

14 Yehowa to tafea dzi ƒle ame siwo le hamea me dometɔ ɖe sia ɖe, kple ame siwo ava xɔ Yesu dzi ase. (Xlẽ Marko 10:45; Dɔw. 20:28; 1 Kor. 15:21, 22) Eya ta esɔ be wòtia Yesu, ame si tsɔ eƒe agbe na tafea, be wòanye hamea ƒe ta. Esi Yesue nye hamea ƒe ta taa, ŋusẽ le esi be wòade sewo eye wòakpɔ egbɔ be ame ɖekaɖekawo, ƒomewo kple hame bliboa wɔ ɖe edzi. (Gal. 6:2) Gake menye sewo koe Yesu dena o. Elɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖe eye wòléa be na mí.—Ef. 5:29.

15-16. Nu kae nèsrɔ̃ tso nya si Nɔvinyɔnu Marley kple Nɔviŋutsu Benjamin gblɔ me?

15 Ne nɔvinyɔnuwo wɔna ɖe mɔfiame siwo nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm nana dzia, woɖenɛ fiana be yewole bubu dem Kristo ŋu. Nɔvinyɔnu geɖe alɔ̃ ɖe nya si Nɔvinyɔnu Marley, si le Amerika gblɔ la dzi. Egblɔ be: “Medea asixɔxɔ akpa si mewɔna le ƒomea me abe srɔ̃nyɔnu kple akpa si mewɔna le hamea me abe nɔvinyɔnu enea ŋu. Ebiaa kutrikuku be mayi edzi ade bubu srɔ̃nye ƒe tanyenye ŋu eye made bubu ŋusẽ si wona hamemetsitsiwo hã ŋu. Ke hã, srɔ̃nye kple hamemetsitsiawo na esia wɔwɔ le bɔbɔe nam, elabe wodea bubu ŋunye eye wokafuam ɖe dɔ siwo mewɔna ta.”

16 Ne nɔviŋutsuwo hã dea bubu nɔvinyɔnuwo ŋua, woɖenɛ fiana be yewose tanyenye ƒe ɖoɖoa gɔme. Nɔviŋutsu Benjamin, si le England gblɔ be: “Mesrɔ̃ nu geɖe tso nɔvinyɔnuwo ƒe nyaŋuɖoɖowo le kpekpeawo me kple nu siwo wogblɔ be ekpena ɖe yewo ŋu le ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple gbeadzisubɔsubɔdɔa me la me. Mekpɔe be akpa si wowɔna le vevie ŋutɔ.”

17. Nu ka tae wòle be mí katã míade bubu tanyenye ƒe ɖoɖoa ŋu?

17 Ne ŋutsuwo, nyɔnuwo, ƒome ƒe tawo, kple hamemetsitsi siwo katã le hamea me se tanyenye ƒe ɖoɖoa gɔme eye wowɔna ɖe edzia, ŋutifafa nɔa hamea me. Eye vevietɔ wua, esia hea kafukafu vɛ na Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame, si le dziƒo la.—Ps. 150:6.

HADZIDZI 123 Ðokuibɔbɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Ðe Teokrasiɖoɖowo Te

^ mm. 5 Akpa kae nɔvinyɔnuwo wɔna le hamea me? Ðe nɔviŋutsu ɖe sia ɖe nye ta na nɔvinyɔnu ɖe sia ɖea? Ŋusẽ ɖeka tɔgbie le hamemetsitsiwo kple ƒome ƒe tawo sia? Le nyati sia mea, míadzro ale si Biblia akpe ɖe mía ŋu be míaɖo nya siawo ŋu me.

^ mm. 5 Kpɔ nyati si nye “Kpe Ðe Nɔvinyɔnu Siwo Le Miaƒe Hamea Me Ŋu,” si dze le September 2020 ƒe Gbetakpɔxɔ me, memama 6 lia.

^ mm. 13 Ne èdi numeɖeɖe tso ame si atso nya me le hame si me ƒome aɖe anɔ ŋu la, kpɔ nyati si nye “De Bubu Akpa Si Wɔm Ame Sia Ame Le Le Yehowa Ƒe Hamea Me La Ŋu,” si dze le August 2020 ƒe Gbetakpɔxɔ me, memama 17-19.

^ mm. 59 Ne èdi numeɖeɖe tsitotsito le nya sia ŋua, kpɔ agbalẽ si nye Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa,” axa 209-212.

^ mm. 64 Ne èdi numeɖeɖe tsitotsito tso akpa si Dɔdzikpɔhaa wɔna ŋua, kpɔ July 15, 2013 ƒe Gbetakpɔxɔ axa 20-25.