Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 6

‘Nyɔnu Ƒe Tae Nye Ŋutsu’

‘Nyɔnu Ƒe Tae Nye Ŋutsu’

‘Nyɔnu ƒe tae nye ŋutsu.’—1 KOR. 11:3.

HADZIDZI 13 Kristo, Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola

NYA VEVIAWO *

1. Ne nɔvinyɔnu tre le nya me tsom le ame si wòaɖe ŋua, nya kawoe wòle be wòabia eɖokui?

KRISTOTƆWO katã le Yesu Kristo si deblibo la ƒe tanyenye te. Ke hã, ne nyɔnu Kristotɔ ɖe srɔ̃ la, eva nɔa srɔ̃a si mede blibo o la ƒe tanyenye te. Esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Eya ta ne nyɔnu Kristotɔ le nya me tsom le ame si wòaɖe ŋua, anyo be wòabia eɖokui be: ‘Ðe mekpɔ nane si ɖee fia be nɔviŋutsu sia anye ƒome ƒe ta nyuia? Yehowa subɔsubɔe nye nu vevitɔ nɛ le agbe mea? Ne nya mawo ƒe ŋuɖoɖoe nye ao la, ke nu kae na mesusui be ava nye ƒome ƒe ta nyui ne míeɖe srɔ̃?’ Azɔ hã, anyo be nɔvinyɔnua nabia eɖokui be: ‘Ðe nɔnɔme nyui siwo aɖe vi na mí le srɔ̃ɖeɖea me le asinyea? Ðe megbɔa dzi ɖi henyoa dɔmea? Ðe nye kple Yehowa dome le kplikplikplia?’ (Nyagb. 4:9, 12) Ne nyɔnu tso nya me nyuie hafi ɖe srɔ̃a, esia awɔe be woakpɔ dzidzedze kple dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖea me.

2. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Mía nɔvinyɔnu miliɔn geɖe bɔbɔa wo ɖokuiwo na wo srɔ̃. Wodze na kafukafu! Edzɔa dzi na mí be mí kple nɔvinyɔnu wɔnuteƒe siawo míele Yehowa subɔm ɖekae! Le nyati sia mea, míaɖo biabia etɔ̃ siawo ŋu: (1) Kuxi kae dzea ŋgɔ srɔ̃nyɔnuwo? (2) Nu ka tae srɔ̃nyɔnu tianɛ be yeabɔbɔ ɖe ye srɔ̃ te? (3) Nu kae Kristotɔ atsu kple asiwo ate ŋu asrɔ̃ ku ɖe toɖoɖo kple ale si woabɔbɔ ɖe tanyenye te ŋu tso Yesu, Abigail kple Maria Yosef srɔ̃ si nye Yesu nɔ gbɔ?

KUXI KAWOE DZEA ŊGƆ SRƆ̃NYƆNU KRISTOTƆWO?

3. Nu ka tae srɔ̃tɔwo katã doa go kuxiwo?

3 Srɔ̃ɖeɖe nye nunana deblibo tso Mawu gbɔ, gake amegbetɔwo ya mede blibo o. (1 Yoh. 1:8) Esia tae Mawu ƒe Nyaa xlɔ̃ nu srɔ̃tɔwo be, woato kuxiwo me. Biblia yɔ kuxi siawo be “xaxa le ŋutilã me.” (1 Kor. 7:28) Na míakpɔ kuxi siwo srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu ado goe la dometɔ aɖewo ɖa.

4. Nu kae ate ŋu awɔe be srɔ̃nyɔnu nase le eɖokui me be ne yebɔbɔ ye ɖokui na ye srɔ̃a, efia be yeɖi gbɔ ye ɖokui?

4 Ɣeaɖewoɣia, nɔnɔme si me wohe nyɔnua le, ate ŋu ana wòasusui be ɖokuibɔbɔ ɖe ye srɔ̃ te afia be yeɖi gbɔ ye ɖokui. Marisol si le Amerika gblɔ be: “Le afi si metsi lea, wogblɔna na nyɔnuwo enuenu be, ele be woadze agbagba be wo kple ŋutsuwo nasɔ. Menya be Yehowa ye wɔ tanyenye ƒe ɖoɖoa, eye edi be srɔ̃nyɔnuwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃, ke hã, edi be woade bubu nyɔnuwo ŋu. Gake menɔa bɔbɔe nam ɣesiaɣi be mabɔbɔ ɖokuinye na srɔ̃nye o.”

5. Susu si mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o kae le amewo si ku ɖe nyɔnuwo ŋu?

5 Le go bubu mea, nyɔnu aɖe srɔ̃ ate ŋu asusui be, nyɔnuwo mele vevie de ŋutsuwo nu o. Nɔvinyɔnu Ivon si le Anyiehe Amerika gblɔ be: “Le míaƒe nutoa mea, ŋutsuwoe ɖua nu gbã hafi nyɔnuwo ɖua nu. Nyɔnuviwo tɔe be nye be woaɖa nu, awɔ aƒemedɔwo. Gake ŋutsuviwo ya mewɔa naneke o, ɖeko wonɔa anyi wo nɔ kple wo nɔvinyɔnuwo subɔa wo, eye wogblɔna na ŋutsuviawo be, ‘woawoe nye amegã le aƒea me.’” Nɔvinyɔnu Yingling si le Asia gblɔ be: “Wogblɔna le mía de be mehiã be nyɔnu ƒe tagbɔ naɖa alo ŋutetewo nanɔ esi o. Nyɔnuwo ƒe dɔe nye be woawɔ aƒemedɔwo katã, gake womekpɔ mɔ ado susu aɖeke ɖa o.” Nuwɔwɔ ɖe ame srɔ̃ ŋu alea meɖe lɔlɔ̃ fia o, eye mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o. Ne srɔ̃ŋutsu wɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu alea, ana agbea nasesẽ na nyɔnua, mesrɔ̃ Yesu o, eye eƒe nu madze Yehowa ŋu o.—Ef. 5:28, 29; 1 Pet. 3:7.

6. Nu kae wòle be srɔ̃nyɔnuwo nawɔ ale be wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli?

6 Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Yehowa di tso srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo si be woakpe ɖe woƒe ƒomewo ŋu be woƒe xɔse me nasẽ, ƒomea nakpɔe be wolɔ̃ yewo, eye woakpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo. (1 Tim. 5:8) Ke hã, ehiã be nɔvinyɔnu srɔ̃tɔwo ŋutɔ nadi ɣeyiɣi gbe sia gbe axlẽ Mawu ƒe Nyaa ade ŋugble le eŋu, eye woanɔ gbe dom ɖa na Yehowa tso dzi me. Esia manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi o elabe vovo menɔa srɔ̃nyɔnuwo ŋu o. Eya ta woate ŋu ase le wo ɖokuiwo me be ɖeɖi te yewo ŋu alo vovo mele yewo ŋu yewoawɔ nu mawo o, gake ele vevie be woadi ɣeyiɣia awɔe. Nu ka tae? Elabena Yehowa di be mía dometɔ ɖe sia ɖe nadze agbagba anye ye xɔlɔ̃ eye xɔlɔ̃wɔwɔ ma nayi edzi ɖaa.—Dɔw. 17:27.

7. Nu kae ana wòanɔ bɔbɔe na srɔ̃nyɔnu be wòabɔbɔ eɖokui na srɔ̃a?

7 Ɣeaɖewoɣia, ahiã be srɔ̃nyɔnu naku kutri vevie hafi ate ŋu abɔbɔ eɖokui na srɔ̃a si mede blibo o. Ke hã, anɔ bɔbɔe nɛ be wòabɔbɔ eɖokui ne ese susu si tae Yehowa di tso esi le Ŋɔŋlɔawo me be wòawɔe nenema la gɔme.

NU KA TAE WÒLE BE SRƆ̃NYƆNU NABƆBƆ EÐOKUI NA SRƆ̃A?

8. Le Efesotɔwo 5:22-24 ƒe nya nua, nu ka tae srɔ̃nyɔnu Kristotɔ lɔ̃na faa be yeabɔbɔ ye ɖokui na ye srɔ̃?

8 Srɔ̃nyɔnu Kristotɔ lɔ̃na faa be yeabɔbɔ ye ɖokui na ye srɔ̃, elabe enyae be emae Yehowa di tso ye si. (Xlẽ Efesotɔwo 5:22-24.) Srɔ̃nyɔnu ka ɖe Fofoa si le dziƒoa dzi, eye wònya be elɔ̃ ye. Esia ta, enyae be mabia tso ye si be yeawɔ nane si agblẽ nu le ye ŋu o.—5 Mose 6:24; 1 Yoh. 5:3.

9. Ne srɔ̃nyɔnu Kristotɔ bɔbɔa eɖokui ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye tea, nu kae dona tsoa eme?

9 Xexea dea dzi ƒo na nyɔnuwo be woaŋe aɖaba aƒu Yehowa ƒe nudidiwo dzi, eye woabu ɖokuibɔbɔ ɖe wo srɔ̃ ƒe tanyenye te be eɖia gbɔ nyɔnuwo. Ele alea, elabe ame siwo doa susu mawo ɖe ŋgɔ la menya mía Mawu lɔ̃ame la o. Yehowa made se na vianyɔnu siwo ŋu wòdea asixɔxɔe si aɖi gbɔ wo gbeɖe o. Ne srɔ̃nyɔnu dzea agbagba bɔbɔa eɖokui na srɔ̃a abe ale si Yehowa dii enea, ŋutifafa nɔa aƒea me. (Ps. 119:165) Esia ɖea vi na srɔ̃a, eya ŋutɔ, kple ɖeviawo hã.

10. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Nɔvinyɔnu Carol gblɔa me?

10 Ne srɔ̃nyɔnu bɔbɔa eɖokui na srɔ̃a si mede blibo o la, eɖenɛ fiana be yelɔ̃ Yehowa, Ame si wɔ tanyenye ƒe ɖoɖoa, eye yedea bubu eŋu. Carol si le Anyiehe Amerika gblɔ be: “Menya be srɔ̃nye ada vo. Menya hã be ale si mawɔ nu ne eda voa aɖe ale si nye kple Yehowa dome lea afia. Eya ta medzea agbagba bɔbɔa ɖokuinye nɛ, elabe medi be nye nu nadze Fofonye si le dziƒo la ŋu.”

11. Nu kae kpena ɖe Nɔvinyɔnu Aneese ŋu be wòtsɔna kena, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe nyawo me?

11 Ne srɔ̃nyɔnu aɖe sena le eɖokui me be ye srɔ̃ metsɔa ɖeke le eme na ye oa, ate ŋu asesẽ nɛ be wòade bubu eŋu, abɔbɔ eɖokui nɛ. Ke hã, de dzesi ale si Nɔvinyɔnu Aneese wɔa nu ne ese le eɖokui me nenema. Egblɔ be: “Meɖua ɖokuinye dzi be magado dziku o. Meɖoa ŋku edzi be mí katã míedaa vo. Meɖonɛ be matsɔe ake faa, abe ale si Yehowa wɔnɛ ene. Eye ne metsɔe kea, nye dzi dzea eme.” (Ps. 86:5) Enɔa bɔbɔe na srɔ̃nyɔnu si lɔ̃a tsɔtsɔkea be wòabɔbɔ eɖokui na srɔ̃a.

NU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ TSO AME SIWO ŊU BIBLIA ƑO NU TSOE LA GBƆ?

12. Ame kawo ŋue Biblia ƒo nu tsoe?

12 Ame aɖewo asusui be ame si bɔbɔa eɖokui la nye ame ɖɔe. Gake alakpae. Biblia ƒo nu tso ame aɖewo siwo ƒo dzi le gake wobɔbɔa wo ɖokuiwo la ŋu. Na míabu nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu, Abigail kple Maria gbɔ ŋu kpɔ.

13. Nu ka tae Yesu bɔbɔa eɖokui na Yehowa? Ðe eme.

13 Yesu bɔbɔa eɖokui ɖe Yehowa ƒe tanyenye te, gake menye le esi eƒe tagbɔ meɖa alo ŋutete mele esi o tae o. Ale si wòfia nu wòle bɔbɔe eye eme kɔ la ɖee fia be eƒe tagbɔ ɖa ŋutɔ. (Yoh. 7:45, 46) Yehowa nyae be ŋutete geɖe le Yesu si ale gbegbe be ena Yesu wɔ dɔ kplii esime wònɔ xexea wɔm. (Lod. 8:30; Heb. 1:2-4) Eye tso esime Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitrea, Yehowa tsɔ “ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã” de asi nɛ. (Mat. 28:18) Togbɔ be ŋutete geɖe le Yesu si hã la, eyi edzi ɖoa ŋu ɖe Fofoa Yehowa ŋu. Nu ka tae? Elabe elɔ̃e.—Yoh. 14:31.

14. Nu kae srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ tso (a) ale si Yehowa bua nyɔnuwoe me? (b) nya siwo woŋlɔ ɖe Lododowo ta 31 lia me?

14 Nu si srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ tso eme. Yehowa meɖoe be srɔ̃nyɔnu nabɔbɔ eɖokui na srɔ̃a le esi wòbua nyɔnuwo be womede ŋutsuwo nu o ta o. Yehowa na esia me kɔ ƒãa, esi wòtia nyɔnuwo kple ŋutsuwo be woava ɖu fia kple Yesu le dziƒo. (Gal. 3:26-29) Yehowa na ŋusẽ Via tsɔ ɖee fia be yeka ɖe edzi. Nenema kee srɔ̃ŋutsu dzeaɖaŋu kana ɖe srɔ̃a dzi eye wònaa ŋusẽ aɖe sinui. Biblia gblɔ nu siwo srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ ate ŋu awɔ. Le kpɔɖeŋu me, ekpɔa aƒe dzi, eƒlea anyigba, dzraa anyigba, eye wòtsaa asi. (Xlẽ Lododowo 31:15, 16, 18.) Menye kluvi si mate ŋu agblɔ eƒe susu ye wònye o. Ke boŋ, srɔ̃a kana ɖe edzi eye wòɖoa toe sea eƒe susuwo. (Xlẽ Lododowo 31:11, 26, 27.) Ne srɔ̃ŋutsu wɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu bubutɔe alea, nyɔnua atsɔ dzidzɔ abɔbɔ eɖokui nɛ.

Nu kae srɔ̃nyɔnu zazɛ̃wo ate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu bɔbɔ eɖokui na Yehowa la me? (Kpɔ memama 15 lia)

15. Nu kae srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ?

15 Nu si srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ tso eme. Togbɔ be Yesu te ŋu wɔ nu dzɔtsuwo hã la, mebui be enye gbɔɖiɖi ame ɖokui be yeabɔbɔ ye ɖokui ɖe Yehowa ƒe tanyenye te o. (1 Kor. 15:28; Flp. 2:5, 6) Nenema kee srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ si srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua, mabui be enye gbɔɖiɖi ame ɖokui be yeabɔbɔ ɖe ye srɔ̃ te o. Akpe asi ɖe srɔ̃a ŋu, menye esi wòlɔ̃e ta ko o, ke boŋ vevietɔ wua, esi wòlɔ̃ Yehowa eye wòdea bubu eŋu tae.

Esi Abigail ɖo nuɖuɖu ɖe David kple eŋumeawo vɔ la, eya ŋutɔ yi vae kpe David. Edze klo ɖe eŋkume eye wòɖe kuku nɛ be wòagakɔ ʋu ɖi o (Kpɔ memama 16 lia)

16. Le 1 Samuel 25:3, 23-28 ƒe nya nua, kuxi kawoe dze ŋgɔ Abigail? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

16 Abigail ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Nabal. Nabal nye ɖokuitɔdila, dadala, kple akpemadala. Togbɔ be Nabal nɔ alea hã la, Abigail meto mɔ aɖe nu be yeaɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te o. Ne ɖe wòdi be yeawɔe alea, anye ne azi kpi be David kple eŋumeawo nawu Nabal hafi. Gake eɖe afɔ enumake tsɔ kpɔ srɔ̃a kple woƒe aƒe bliboa ta. Bu ale si Abigail alé dzi ɖe ƒo hafi ate ɖe aʋawɔla 400 mawo ŋu aƒo nu na David bubutɔe ŋu kpɔ. Elɔ̃ faa xɔ srɔ̃a ƒe vodadawo ƒu akɔ eye wòɖe kuku ɖe eta. (Xlẽ 1 Samuel 25:3, 23-28.) David de dzesii kaba ŋutɔ be Yehowa ye to nyɔnu sia si ƒo dzi le la dzi le aɖaŋu ɖom na ye be yeagawɔ vodada gã ma o.

17. Nu kae srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ tso David kple Abigail ƒe ŋutinyaa me?

17 Nu si srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ tso eme. Abigail nye nyɔnu dzeaɖaŋu. David hã dze aɖaŋu eya ta eɖo toe. Esia wɔe be David meɖi ʋufɔ o. Nenema kee srɔ̃ŋutsu si dze aɖaŋu la ada srɔ̃a ƒe susuwo akpɔ hafi awɔ nyametsotso veviwo. Ðewohĩ, susu siwo srɔ̃anyɔnua ado ɖaa, akpe ɖe eŋu be mawɔ nyametsotso gbegblẽ o.

18. Nu kae srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Abigail gbɔ?

18 Nu si srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ tso eme. Srɔ̃nyɔnu si lɔ̃ Yehowa eye wòdea bubu eŋua ƒe nuwɔna ate ŋu aɖe vi na eƒe ƒomea, ne srɔ̃a mesubɔa Yehowa alo wɔna ɖe eƒe nudidiwo dzi o gɔ̃ hã. Manɔ te ɖe nane si mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o dzi aɖe ta le srɔ̃ɖeɖea me o. Ke boŋ ne edea bubu srɔ̃a ŋu eye wòbɔbɔa eɖokui nɛ la, ato ema dzi akpe ɖe srɔ̃aŋutsu ŋu be wòava subɔ Yehowa. (1 Pet. 3:1, 2) Gake ne ŋutsua meva subɔ Yehowa o hã la, Yehowa akpɔ dzidzɔ ɖe srɔ̃nyɔnua ŋu, elabe eɖo to srɔ̃a eye wòwɔ nuteƒe na Yehowa.

19. Nɔnɔme kawo me srɔ̃nyɔnu maɖo to srɔ̃a le o?

19 Srɔ̃nyɔnu Kristotɔ si bɔbɔa eɖokui mada le Biblia ƒe se alo mɔfiamewo dzi le esi srɔ̃a bia tso esi ta o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be srɔ̃nyɔnu aɖe si srɔ̃ menye Ðasefo o la bia tso esi be wòada alakpa, afi fi alo awɔ nane si mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o. Yehowa Mawu ye nye ame gbãtɔ si wòle be Kristotɔwo katã, siwo dome srɔ̃nyɔnuwo hã le, la naɖo toe. Ne wobia tso nɔvinyɔnu aɖe si be wòada le Biblia ƒe mɔfiame aɖe dzia, ele be wòatɔ afɔ to agbe, gake wòatsɔ tufafa aɖe susu si tae wògbe ɖoa me na srɔ̃a.—Dɔw. 5:29.

Kpɔ memama 20 lia *

20. Aleke míewɔ nya be Maria kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli?

20 Maria kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli. Edze ƒãa be enya Ŋɔŋlɔawo nyuie. Esi eya kple Elizabet, si nye Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa nɔ wonɔ dze ɖom la, Maria yɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me wu zi 20 sɔŋ. (Luka 1:46-55) Eye bu nya sia ŋu kpɔ lo: Togbɔ be Yosef do ŋugbe na Maria be yeaɖee hãa, menye Yosef ye Yehowa ƒe dɔlaa ɖe eɖokui fia gbã o. Maria ye mawudɔlaa ɖe eɖokui fia tẽe eye wògblɔ nɛ be eyae adzi Mawu ƒe Via. (Luka 1:26-33) Yehowa nya Maria nyuie eye wòka ɖe edzi be alɔ̃ ye Via eye wòalé be nɛ. Eye Maria yi edzi na eya kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli, togbɔ be Yesu ku eye Yehowa fɔe ɖe tsitre wòyi dziƒo gɔ̃ hã.—Dɔw. 1:14.

21. Nu kae srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ tso nya si Biblia gblɔ tso Maria ŋu me?

21 Nu si srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ tso eme. Srɔ̃ŋutsu dzeaɖaŋu kpɔa dzidzɔ ne srɔ̃a nya Ŋɔŋlɔawo nyuie. Esia menana wòsena le eɖokui me be ye srɔ̃ di be yeaʋli tanyenyea kpli ye o. Enyae be srɔ̃nyɔnu si nya Biblia kple Biblia ƒe mɔfiamewo ƒe nuwɔnawo aɖe vi na ƒomea. Ne srɔ̃nyɔnua nya agbalẽ wu srɔ̃a gɔ̃ hã, ŋutsua ƒe agbae wònye be wòaxɔ ŋgɔ woawɔ ƒometadedeagu eye wòakpe ɖe ƒomea ŋu be woayi Yehowa subɔsubɔ dzi.—Ef. 6:4.

Nu kae srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Maria, si nye Yesu nɔ gbɔ ku ɖe nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede ŋu? (Kpɔ memama 22 lia) *

22. Nu kae srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Maria gbɔ?

22 Nu si srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ tso eme. Ele be srɔ̃nyɔnu nabɔbɔ eɖokui na srɔ̃a, gake ele be wòawɔ nu siwo ana wòagatsi le xɔse me. (Gal. 6:5) Esia fia be, ele be wòadi ɣeyiɣi asrɔ̃ nu le eɖokui si eye wòade ŋugble. Ne ewɔe alea, akpe ɖe eŋu be wòayi edzi alɔ̃ Yehowa, ade bubu eŋu, eye wòatsɔ dzidzɔ abɔbɔ eɖokui na srɔ̃a.

23. Ne srɔ̃nyɔnuwo bɔbɔa wo ɖokuiwoa, vi kae wòɖena na woawo ŋutɔwo, woƒe ƒomewo, kple hamea?

23 Srɔ̃nyɔnu siwo yia edzi bɔbɔa wo ɖokuiwo na wo srɔ̃ le esi wolɔ̃ Yehowa ta la, kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme wu srɔ̃nyɔnu siwo gbe be yewomawɔ ɖe Yehowa ƒe tanyenye ƒe ɖoɖoa dzi o. Wonyea kpɔɖeŋu nyui na ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo siaa. Azɔ hã, wokpea asi ɖe eŋu be ŋutifafa nɔa ƒomea kple hamea siaa me. (Tito 2:3-5) Egbea, Yehowa subɔla wɔnuteƒe akpa gãtɔ nye nyɔnuwo. (Ps. 68:11) Mí katã, míeɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, míewɔa akpa vevi aɖe le hamea me. Le nyati si kplɔ esia ɖo mea, míadzro akpa si mía dometɔ ɖe sia ɖe wɔna la me.

HADZIDZI 131 “Nu Si Mawu Bla Ðekae”

^ mm. 5 Yehowa ɖoe be srɔ̃nyɔnu nabɔbɔ eɖokui na srɔ̃a. Nu kae esia bia? Kristotɔ atsu kple asiwo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe ku ɖe toɖoɖo kple ale si woabɔbɔ ɖe tanyenye te ŋu tso Yesu kple nyɔnu siwo ɖo kpɔɖeŋu nyui siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la gbɔ.

^ mm. 68 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Esi Maria kple Elizabet, si nye Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa nɔ wonɔ dze ɖom la, Maria te ŋu yɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyawo tso susu me.

^ mm. 70 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Ne srɔ̃nyɔnu Kristotɔ di be yeatsi le xɔse me la, ele be wòadi ɣeyiɣi anɔ Biblia srɔ̃m.