Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae wogbugbɔ nya aɖewo gblɔ le Biblia me?

ƔEAÐEWOƔIA, Biblia ŋlɔlawo gagbugbɔa nya aɖewo siwo wogblɔ va yia gblɔna. Na míakpɔ susu etɔ̃ siwo tae woanya wɔe nenema.

Ɣeyiɣi si me woŋlɔe. Le blema Israel la, Se si woŋlɔ menɔ wo dometɔ akpa gãtɔ si o. Zi geɖe ne wova ƒo ƒu ɖe avɔgbadɔa ŋgɔe woxlẽa Sea na wo wosena. (5 Mose 31:​10-12) Anɔ eme be ne ame gbogbowo va ƒo ƒu alea, nu vovovowo ate ŋu ahe woƒe susu. (Neh. 8:​2, 3, 7) Eya ta ne wogbugbɔ nya veviawo gblɔa, ana wòanɔ bɔbɔe na wo be woaɖo ŋku Ŋɔŋlɔawo me nyawo dzi eye woawɔ wo dzi. Eya ta nya ɖeka mawo ke gbugbɔgagblɔ kpe ɖe Israel-viwo ŋu be woaɖo ŋku Mawu ƒe sewo kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo dzi.—3 Mose 18:​4-22; 5 Mose 5:1.

Biblia-gbalẽ si tɔgbi wònye. Biblia ƒe akpa ewo le alafa me nye hadzidziwo. Wo dometɔ aɖewoe nye Psalmowo, Hawo Ƒe Ha, kple Konyifahawo. Ɣeaɖewoɣia, haxe siwo nye nya siwo wogbugbɔgagblɔ kpena ɖe hadzidzi aɖewo ŋu be wòana nu si ŋu haa ku ɖo la me nakɔ eye wòakpe ɖe esela ŋu be wòaɖo ŋku wo dzi. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi dze le Psalmo 115:​9-11 si gblɔ be: “Oo Israel, ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu—Eyae nye miaƒe kpeɖeŋutɔ kple miaƒe akpoxɔnu. Oo Aron ƒe aƒe, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu—Eyae nye miaƒe kpeɖeŋutɔ kple miaƒe akpoxɔnu. Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu—Eyae nye miaƒe kpeɖeŋutɔ kple miaƒe akpoxɔnu.” Mèkpɔe be nya ɖeka mawo ke gbugbɔgagblɔ ana nyateƒenya veviawo natsi dzi kple susu me na haa dzilawo oa?

Be woate gbe ɖe nya vevi aɖewo dzi. Ɣeaɖewoɣia, Biblia ŋlɔlawo ɖonɛ koŋ gbugbɔŋlɔa nya aɖewo tsɔ tea gbe ɖe nya veviwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woagaɖu ʋu o la, ena Mose gblɔ nya ma zi gbɔ zi geɖe. Mawu di be yeate gbe ɖe edzi na wo be ŋutilã ɖe sia ɖe ƒe agbe le ʋu la me, si fia be ʋu le tsitre ɖi na agbe. (3 Mose 17:​11, 14) Emegbe esi apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem nɔ nu siwo wòle be míatsri be míaƒe nu nadze Mawu ŋu yɔm la, wogagblɔe ake be míatsri ʋu.—Dɔw. 15:​20, 29.

Yehowa medi be míagbugbɔ anɔ Biblia me nyawo gblɔm abe kɔnu dzro aɖe ko ene o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migagbugbɔ nɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm atraɖii” o. (Mat. 6:7) Esia tae wòfia nu vovovo siwo míate ŋu abia le gbedodoɖa me wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nua mí. (Mat. 6:​9-13) Eya ta ne míele gbe dom ɖa la, míeƒoa asa na nya ɖeka ma gbugbɔgagblɔ atraɖii. Ke hã, míate ŋu ado gbe ɖa tso nyati aɖewo ŋu edziedzi.—Mat. 7:​7-11.

Eya ta susu nyui geɖe li si tae wogbugbɔgblɔ nya vevi aɖewo zi geɖe le Mawu ƒe Nyaa me. Enye mɔ vovovo siwo dzi míaƒe Nufiala Gãtɔ la tona fiaa nu mí be wòaɖe vi na mí la dometɔ ɖeka.—Yes. 48:​17, 18.