GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 2018

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso February 26 va se ɖe April 1, 2018 la le tata sia me.

WOTSƆ WO ÐOKUIWO NA FAA

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Madagascar

Xlẽ nu tso nya nyui gbeƒãɖela siwo ku kutri vevie yi ɖakaka Fiaɖuƒegbedeasia na amewo le Madagascar dukɔ gã la ƒe teƒeteƒewo la ŋu.

“Edoa Ŋusẽ Ame Si Ŋu Ðeɖi Te”

Míenya be esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, nɔnɔme sesẽ siwo me míato hã adzi ɖe edzi. Ƒe 2018 ƒe mawunyakpukpuia ɖoa ŋku edzi na mí be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ mí.

Ŋkuɖodzia Nana Ðekawɔwɔ Nɔa Mawu Ƒe Amewo Dome

Mɔ kawo nue Ŋkuɖodzia doa ŋusẽ ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome le? Ɣekaɣie míaɖu Ŋkuɖodzia zi mamlɛa?

Nu Ka Tae Wòle Be Míana Nu Ame Si Tɔe Nye Nuwo Katã?

Nunana Mawu nye mɔ aɖe si dzi míetona ɖenɛ fiana be míelɔ̃e. Ne míetsɔ míaƒe nu xɔasiwo de bubu Yehowa ŋu la, aleke esia ɖea vi na mí?

Lɔlɔ̃ Ka Ƒomevie Nana Ame Kpɔa Dzidzɔ Vavãtɔ?

Vovototo kae le mawumelɔlɔ̃ kple lɔlɔ̃ si ŋu woƒo nu tsoe le 2 Timoteo 3:2-4 dome? Ŋuɖoɖoa ate ŋu ana míakpɔ dzidzeme kple dzidzɔ vavãtɔ.

Vovototo Si Le Ame Siwo Subɔa Yehowa Kple Ame Siwo Mesubɔnɛ O Dome

Vovototo kae le nɔnɔme siwo amewo ɖena fiana le ŋkeke mamlɛawo me kple nɔnɔme siwo Mawu ƒe amewo ɖena fiana dome?

Ènyaa?

Ðe blema Israel-viwo wɔ gɔmeɖose siwo le Mose ƒe Sea me la ŋu dɔ le ʋɔnu tsɔ kpɔ nyaʋiʋli siwo ɖo amewo dome la gbɔa?