Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuɖodzia Nana Ðekawɔwɔ Nɔa Mawu Ƒe Amewo Dome

Ŋkuɖodzia Nana Ðekawɔwɔ Nɔa Mawu Ƒe Amewo Dome

‘Aleke gbegbe wònyo eye wòvivinae ne nɔviwo le afi ɖeka le ɖekawɔwɔ me!’—PS. 133:1.

HADZIDZI: 18, 14

1, 2. Wɔna kae ana amewo nawɔ ɖeka wu le ƒe 2018 me, eye nu ka tae? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

LE March 31, 2018 dzi, le ɣeɖoto megbe la, Mawu ƒe amewo kple ɖetsɔlemetɔ geɖewo aƒo ƒu hena Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe wɔna la. Ame miliɔn geɖe ade Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Ƒe sia ƒe la, esiae nyea wɔna si ƒoa amewo nu ƒu le mɔ tɔxɛ nu le anyigba dzi wu wɔna bubu ɖe sia ɖe!

2 Aleke gbegbee dzi adzɔ Yehowa kple Yesu ye nye esi ne wokpɔ anyigba dzi tɔ miliɔn geɖewo le gome kpɔm le wɔna tɔxɛ sia me le anyigba ƒe teƒeteƒewo va se ɖe esime ŋkeke sia wu enu! Biblia gblɔe ɖi be ‘ameha gã aɖe si ame aɖeke mate ŋu axlẽ o, si tso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ame ƒomeviwo katã kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me’ la ado ɣli be: “Míaƒe xɔname tso mía Mawu, ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi kple Alẽvi la gbɔ.” (Nyaɖ. 7:9, 10) Aleke gbegbee wònyoe nye esi be míetoa ƒe sia ƒe ƒe Ŋkuɖodzi wɔnaa dzi dea bubu Yehowa kple Yesu ŋu!

3. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati sia me?

3 Le nyati sia me la, àkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase ene siawo: (1) Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu eye Ŋkuɖodzia dede naɖe vi na mí bliboe? (2) Mɔ kawo nue Ŋkuɖodzia doa ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome ɖe ŋgɔ le? (3) Akpa kae mawɔ atsɔ ado ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome la ɖe ŋgɔ? (4) Ðe míava dzudzɔ Ŋkuɖodzia ɖuɖu gbe ɖeka? Ne nenemae la, ke ɣekaɣie?

ALE SI MÍADZRA ÐO ÐE ŊKUÐODZIA ŊU AHADEE BE WÒAÐE VI NA MÍ

4. Nu ka tae wòle vevie be míade Ŋkuɖodzia?

4 De ŋugble le nu si tae wòle vevie be míade Ŋkuɖodzia ŋu kpɔ. Ðo ŋku edzi be míaƒe kpekpewo dede nye míaƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa aɖe. Míeka ɖe edzi be Yehowa kple Yesu dea dzesi ame siwo dzea agbagba vevie dea Ŋkuɖodzia, si nye kpekpe vevitɔ le ƒea me. Míedi be woakpɔe be nu ka kee ɖadzɔ o, míade Ŋkuɖodzia, negbe ɖe manya wɔ kura o le susu aɖe ta. Ne míeɖenɛ fiana to míaƒe nuwɔnawo dzi be kpekpeawo le vevie na mí la, ke esia hã nye susu bubu si tae Yehowa ana míaƒe ŋkɔ nakpɔtɔ anɔ eƒe “ŋkuɖodzigbalẽ”—alo “agbegbalẽa”—si me woŋlɔ ame siwo le agbe mavɔ mɔa dzi ƒe ŋkɔwo ɖo la me.—Mal. 3:16; Nyaɖ. 20:15.

5. Le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia me la, aleke míate ŋu ‘ado mía ɖokui kpɔ be míele xɔse la me hã’?

5 Le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia me la, míate ŋu adi ɣeyiɣi ado gbe ɖa ahade ŋugble le ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome ŋu vevie. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 13:5.) Apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔwo be: “Minɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã.” Aleke míawɔ esiae? Míate ŋu atsɔ nyabiase siawo adzro mía ɖokui me kpɔ: ‘Ðe meka ɖe edzi vavã be nye hã mele habɔbɔ ɖeka kolia si ŋu Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖo, si zãm wòle be yeƒe lɔlɔ̃nu nava eme la mea? Ðe mele nye ŋutete katã wɔm le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia hele nu fiam amewo tso eŋua? Ðe nye nuwɔnawo le eɖem fia be mexɔe se vavã be míele ŋkeke mamlɛawo me eye Satana ƒe dziɖuɖu awu enu kpuiea? Ðe mekpɔtɔ ka ɖe Yehowa kple Yesu dzi abe ale si meka ɖe wo dzi esime meɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu enea?’ (Mat. 24:14; 2 Tim. 3:1; Heb. 3:14) Ŋugbledede le nyabiase siawo tɔgbi ƒe ŋuɖoɖowo ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ame siwo ƒomevi míenye.

6. (a) Mɔ ɖeka pɛ kae kplɔa ame yia agbe me? (b) Aleke hamemetsitsi aɖe dzrana ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu ƒe sia ƒe, eye aleke nàte ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

6 Xlẽ Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo dzro nu si tae Ŋkuɖodzia le vevie la me eye nàde ŋugble le nu siwo nèxlẽ ŋu. (Xlẽ Yohanes 3:16; 17:3.) Mɔ ɖeka kolia si dzi míato akpɔ agbe mavɔ ye nye be ‘míanya’ Yehowa, eye ‘míaxɔ’ Yesu, si nye eƒe Tenuvi la ‘dzi ase.’ Ðe manyo be míaɖoe koŋ awɔ numekuku siwo akpe ɖe mía ŋu míate ɖe Yehowa kple Yesu ŋu geɖe wu be míatsɔ adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu oa? Bu nu si nɔviŋutsu aɖe si nye hamemetsitsi ƒe geɖe la wɔna ŋu kpɔ. Ƒe geɖee nye esia la, edzraa Gbetakpɔxɔ me nyati siwo ƒo nu tso Ŋkuɖodzia kple lɔlɔ̃ si Yehowa kpakple Yesu ɖe fia mí ŋu la ɖo na eɖokui. Le kwasiɖa siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia me la, egbugbɔ xlẽa nyati mawo hedea ŋugble le Ŋkuɖodzia ƒe vevienyenye ŋu. Etsɔa nyati ɖeka alo eve aɖewo kpena esiwo li xoxo la ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Hamemetsitsi sia kpɔe be ne yexlẽ nyati mawo kple Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽa hede ŋugble le wo ŋu la, yesrɔ̃a nu yeyewo tso wo me ƒe sia ƒe. Gawu la, ekpɔe be lɔlɔ̃ si le ye si na Yehowa kple Yesu la me gasẽna ɖe edzi ƒe sia ƒe. Numekuku sia tɔgbi ate ŋu ana wò lɔlɔ̃ na Yehowa kple Yesu kpakple wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siwo wowɔ na wò ŋu nadzi ɖe edzi, eye esia ate ŋu awɔe be Ŋkuɖodzia naɖe vi na wò geɖe wu.

ŊKUÐODZIA DOA MÍAƑE ÐEKAWƆWƆ ÐE ŊGƆ

7. (a) Nu kae Yesu do gbe ɖa bia le zã si me woɖu Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu gbãtɔa le me? (b) Nu kae ɖee fia be Yehowa ɖo Yesu ƒe gbedodoɖaa ŋu?

7 Le zã si me woɖu Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu gbãtɔa me la, Yesu do gbe ɖa be ye yomedzelawo katã nawɔ ɖeka, eye ɖekawɔwɔ xɔasi si le ye kple ye Fofo dome la nanɔ woawo hã dome. (Xlẽ Yohanes 17:20, 21.) Yehowa ɖo Via lɔlɔ̃a ƒe gbedodoɖa ma ŋu, eye fifia, ame miliɔn geɖe xɔe se be Yehowa ye dɔ Via ɖa vavã. Le Ŋkuɖodzia ɖuɣi la, ɖekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo dome la ɖea dzesi wu ale si wònɔna le Mawu ƒe amewo ƒe kpekpe bubu ɖe sia ɖe me. Le Ŋkuɖodzia ɖuɣi la, dukɔ geɖe me tɔwo, siwo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo la kpea ta le ƒuƒoƒewo le xexea me godoo. Le teƒe aɖewo la, ame ƒomevi vovovowo ƒe ƒuƒoƒo alea menye nu si bɔ kura o, eye edzena na ame aɖewo gɔ̃ hã be mesɔ o. Ke hã, ɖekawɔwɔ sia nya kpɔna na Yehowa kple Yesu ŋutɔ!

8. Gbedeasi kae Yehowa na Ezekiel?

8 Ðekawɔwɔ si le mía dome la mewɔa nuku na mí Yehowa ƒe amewo o. Le nyateƒe me la, Yehowa gblɔ eŋunya ɖi. Egblɔ na nyagblɔɖila Ezekiel be wòatsɔ ati eve, ɖeka nanye “Yuda” ƒe ati eye evelia nanye “Yosef” ƒe ati, eye wòatsɔ ati evea akpe ne woazu ati ɖeka. (Xlẽ Ezekiel 37:15-17.) Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le July 2016 ƒe Gbetakpɔxɔ me la ɖe eme be: “Yehowa tsɔ gbedeasi aɖe si naa mɔkpɔkpɔ ame la na Ezekiel, si nye ŋugbedodo be Israel dukɔa agava wɔ ɖeka ne wotrɔ gbɔ va Ŋugbedodonyigbaa dzi. Gbedeasi ma ɖee fia hã be Mawu ƒe amewo awɔ ɖeka le ŋkeke mamlɛ siawo me.”

9. Aleke Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me vava ɖea dzesi ƒe sia ƒe le Ŋkuɖodzia ɖuɣi?

9 Tso ƒe 1919 me la, Yehowa te amesiaminawo nu ƒoƒo ƒu vivivi ale be wogawɔ ɖeka. Woawoe le tsitre ɖi na “Yuda” ƒe ati la. Eyome, esi ame gbogbo aɖewo siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le, siwo le tsitre ɖi na “Yosef” ƒe ati la va wɔ ɖeka kple amesiaminawo la, amewo ƒe ƒuƒoƒo eveawo va zu “alẽha ɖeka.” (Yoh. 10:16; Zak. 8:23) Yehowa do ŋugbe be yeatsiã ati eve siawo ɖe wo nɔewo ŋu ale be woazu ati ɖeka le yeƒe asi me. (Eze. 37:19) Fifia, ƒuƒoƒo evea siaa me tɔwo va le subɔsubɔm ɖekae le Fia ɖeka, si nye Yesu Kristo, si wodo ŋutikɔkɔe na, si ŋu woƒo nu tsoe le nyagblɔɖi me be enye Mawu ƒe “subɔla David” la te. (Eze. 37:24, 25) Ðekawɔwɔ xɔasi si woɖɔ le Ezekiel ƒe agbalẽa me la dzena kɔtɛ ƒe sia ƒe ne amesiamina susɔeawo kple ‘alẽ bubuawo’ siaa ƒo ƒu ɖekae hena Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu! Ke hã, akpa kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ atsɔ ado ɖekawɔwɔ ma ɖe ŋgɔ?

MƆ SIWO NU MÍA DOMETƆ ÐE SIA ÐE ATE ŊU ADO ÐEKAWƆWƆ ÐE ŊGƆ LE

10. Aleke míawɔ ado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome?

10 Mɔ aɖe si dzi míate ŋu ato ado ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome ɖe ŋgɔ lee nye be míanye ɖokuibɔbɔlawo. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo. (Mat. 23:12) Ne míebɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le dzi me la, míaƒo asa na dadagbɔgbɔ si xɔ aƒe ɖe xexea me. Ne míebɔbɔ mía ɖokui la, esia akpe ɖe mía ŋu be míaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me. Ema ko hafi ɖekawɔwɔ anɔ mía dome. Ƒo wo katã ta la, míaƒe ɖokuibɔbɔ dzea Mawu ŋu, elabena Mawu tsia “tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.”—1 Pet. 5:5.

11. Aleke ŋugbledede le Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo ŋu akpe ɖe mía ŋu míado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ?

11 Nu evelia si míate ŋu awɔ atsɔ ado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ ye nye be míade ŋugble le gɔmesese si le abolo kple wain si míezãna le Ŋkuɖodzia ɖuɣi ŋu la ŋu. Do ŋgɔ na fiẽ, si me míawɔ Ŋkuɖodzia kple vevietɔ le fiẽsi ma me la, de ŋugble le gɔmesese vevi si le amɔwɔ maʋamaʋã boloa kple wain dzĩa ŋu la ŋu nyuie. (1 Kor. 11:23-25) Aboloa le tsitre ɖi na Yesu ƒe ŋutilã si ŋu nu vɔ̃ mele o, si wòtsɔ sa vɔe, eye wain la le tsitre ɖi na eƒe ʋu si wokɔ ɖi la. Gake menye nu si kpɔɖeŋunuawo le tsitre ɖi na nyanya dzro koe le vevie o. Ðo ŋku edzi be Kristo ƒe tafevɔsaa mee lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake eveawo dze ƒãa le: gbãtɔe nye lɔlɔ̃ gã si Yehowa ɖe fia mí esi wòtsɔ via na ɖe mía ta, eye eveliae nye lɔlɔ̃ si Yesu ɖe fia esi wòlɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. Ele be ŋugbledede le lɔlɔ̃ si woɖe fia mí ŋu naʋã míawo hã be míalɔ̃ wo. Eye ale si míawo ŋutɔwo kple mía nɔvi haxɔsetɔwo siaa lɔ̃ Yehowae la le abe ka si blaa mí ɖekae hedoa ŋusẽ ɖekawɔwɔ si le mía dome la ene.

Ne míelɔ̃a tsɔtsɔke la, míedoa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ (Kpɔ memama 12, 13)

12. Le Yesu ƒe lododo si ku ɖe fia si bu akɔnta kple eƒe kluviwo ŋu me la, aleke Yesu ɖee fia kɔtɛ be Yehowa di be míatsɔ ake mía nɔewo?

12 Nu etɔ̃lia si míate ŋu awɔ atsɔ ado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ ye nye be míatsɔ vo siwo amewo da ɖe mía ŋu la ake wo faa. Ne míewɔa esia la, míeɖenɛ fiana be míekpɔ ŋudzedze ɖe ale si Yehowa tsɔ míawo ŋutɔwo míaƒe nu vɔ̃wo ke mí to Kristo ƒe tafevɔsaa dzi la ŋu. De ŋugble le Yesu ƒe lododo si dze le Mateo 18:23-34 la ŋu kpɔ. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye dzi ʋãm be mawɔ nufiame si le Yesu ƒe lododoa me dzia? Ðe megbɔa dzi ɖi na haxɔsetɔwo hesea nu gɔme na woa? Ðe melɔ̃na faa be matsɔ ake ame siwo dze agɔ le dzinyea?’ Ele eme be nu vɔ̃ aɖewo nye ŋkubiãnya wu bubuwo eye esesẽna na amegbetɔ madeblibowo be woatsɔ vodada aɖewo ake ya. Ke hã, lododo sia na míekpɔ nu si Yehowa di tso mía si. (Xlẽ Mateo 18:35.) Yesu na eme kɔ be ne susu aɖe li si tae wòsɔ be míatsɔ agɔ si mía nɔviwo dze le mía dzi ake wo gake míegbe la, ke Yehowa hã matsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí o. Esia nye ŋkubiãnya vavã! Ne míetsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo abe ale si Yesu fia mí be míawɔe ene la, esia kpɔa míaƒe ɖekawɔwɔa ta.

13. Ne míenye ŋutifafawɔlawo la, aleke esia doa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔe?

13 Ne míetsɔa agɔ siwo amewo dzena le mía dzi kea wo la, míeɖenɛ fiana be míenye ŋutifafawɔlawo. Ðo ŋku edzi be apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí be ‘míadze agbagba vevie alé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye la me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.’ (Ef. 4:3) Tso fifia va de asi na esime míaɖu Ŋkuɖodzia kple le fiẽ si me míaɖu Ŋkuɖodzia me la, de ŋugble le ale si nèwɔa nu ɖe amewo ŋu la ŋu nyuie. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòdzena kɔtɛ le ŋunye be nyemeléa ame ɖe dɔ me oa? Ðe wonyam be medzea agbagba be mawɔ nu si ana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ anyia?’ Esiawo nye biabia vevi siwo ŋu wòle be míabu le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me.

14. Aleke míate ŋu aɖee afia be ‘míedoa dzi nɔa anyi kple mía nɔewo le lɔlɔ̃ me’?

14 Nu enelia si míate ŋu awɔ atsɔ ado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔe nye be míalɔ̃ amewo, abe ale si Yehowa, lɔlɔ̃ ƒe Mawu la lɔ̃ wo ene. (1 Yoh. 4:8) Negadzɔ gbeɖe be míagblɔ tso mía nɔvi haxɔsetɔwo ŋu be, “Ðewohĩ malɔ̃ wo ya, gake nye kpli wo míate ŋu avivi o”! Esia mawɔ ɖeka kple Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si nye be ‘míado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo le lɔlɔ̃ me’ la o. (Ef. 4:2) De dzesii be menye ɖeko wògblɔ be ‘míado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo’ ko evɔ o. Ke egblɔ kpee be ele be míawɔe “le lɔlɔ̃ me.” Vovototo le nya eveawo dome. Ame ƒomevi vovovowoe le míaƒe hamewo me le xexea me godoo eye Yehowae he wo katã va eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44) Esi wònye be Yehowae he wo va eɖokui gbɔ ta la, efia be ekpɔ susu nyui siwo ta wòalɔ̃ wo ɖo. Ne Yehowa lɔ̃ wo la, ekema, aleke wɔ míawo ya míagblɔ be womedze be míalɔ̃ wo o? Ele be míalɔ̃ wo tso dzi me faa abe ale si Yehowa di tso mía si ene!—1 Yoh. 4:20, 21.

ƔEKAƔIE MÍAÐU ŊKUÐODZIA ZI MAMLƐA?

15. Aleke míewɔ nya be míava ɖu Ŋkuɖodzia zi mamlɛa gbe ɖeka?

15 Míava ɖu Ŋkuɖodzi mamlɛtɔ gbe ɖeka. Aleke míewɔ nya? Paulo gblɔ na Kristotɔ amesiaminawo le agbalẽ gbãtɔ si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ na Korintotɔwo la me be, zi ale si wole ŋku ɖom Yesu ƒe kua dzi ƒe sia ƒe la, wole “gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku va se ɖe esime wòava.” (1 Kor. 11:26) Aƒetɔ la ƒe ‘vava’ si ŋu wòƒo nu tsoe le afi sia la ku ɖe Yesu ƒe ‘vava’ ŋu. Yesu ŋutɔ ƒo nu tso eƒe vava sia ŋu le eƒe nyagblɔɖi si ku ɖe nuwuwua ŋu la me. Yesu gblɔ tso xaxa gã si ava kpuie la ŋu be: “Amegbetɔvi la ƒe dzesi adze le dziƒo, eye anyigbadziƒomewo katã afa konyi vevie, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã. Eye [Yesu adɔ] eƒe dɔlawo ɖa kple kpẽ ƒe ɖiɖi gã aɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi yi eƒe go kemɛ dzi.” (Mat. 24:29-31) ‘Ame tiatiawo nu ƒoƒo ƒu’ sia ku ɖe ɣeyiɣi si me Kristotɔ amesiamina siwo katã gakpɔtɔ le anyigba dzi la axɔ woƒe dziƒofetua ŋu. Xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔ megbee esia adzɔ, gake adzɔ do ŋgɔ na Harmagedon-ʋa la. Eyome, ame 144,000 la katã awɔ ɖeka kple Yesu woawɔ aʋa kple anyigba dzi fiawo ahaɖu wo dzi. (Nyaɖ. 17:12-14) Ŋkuɖodzi si míagaɖu hafi woaƒo amesiaminawo nu ƒu ɖe dziƒo lae anye Ŋkuɖodzi mamlɛtɔ, elabena ɣemaɣi la, Yesu ‘va’ vɔ.

16. Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeade ƒe sia ƒe Ŋkuɖodzia?

16 Ðoe kplikpaa be yeade Ŋkuɖodzi si míawɔ le March 31, 2018 dzi la. Eye bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò be nàwɔ tɔwò sinua ado ɖekawɔwɔ si le eƒe amewo dome la ɖe ŋgɔ! (Xlẽ Psalmo 133:1.) Nenɔ susu me na wò be gbe ɖeka la, míava ɖu Ŋkuɖodzia zi mamlɛa. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míanɔ míaƒe ŋutete katã wɔm be míanɔ Ŋkuɖodzia dem ƒe sia ƒe, eye míade asixɔxɔ ɖekawɔwɔ tɔxɛ si teƒe míekpɔna le wɔna sia wɔɣi la ŋu.