Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Edoa Ŋusẽ Ame Si Ŋu Ðeɖi Te”

“Edoa Ŋusẽ Ame Si Ŋu Ðeɖi Te”

Ƒe 2018 ƒe mawunyakpukpuia: ‘Ŋusẽ yeye aɖo ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa ŋu.’—YES. 40:31.

HADZIDZI: 3, 47

1. Nɔnɔme sesẽ kawo me tom míele, gake nu ka tae Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu? (Kpɔ foto siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

AGBENƆNƆ le xexe sia me mele bɔbɔe o. Mia dometɔ geɖe le akɔ kpem kple dɔléle sesẽwo. Togbɔ be mia dometɔ aɖewo tsi hã la, miele be lém na miaƒe ƒometɔ tsitsiwo. Eye avu kple kɔe wònyena na mia dometɔ aɖewo hafi mietea ŋu kpɔa miaƒe ƒomea ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na wo. Eye míenyae be mia dometɔ aɖewo hã le kuxi geɖewo me tom le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me. Esiawo katã xɔa ɣeyiɣi geɖe le mia si, wotea ɖeɖi mia ŋu belibeli, eye wonana miegblẽa ga geɖe. Ke hã, mieɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu bliboe, eye xɔse sesẽ le mia si be etsɔme nyui aɖe li gbɔna. Esia dzea Yehowa ŋu ale gbegbe!

2. Aleke nya siwo le Yesaya 40:29 ate ŋu ade dzi ƒo na mí, gake ne míekpɔ nyuie o la, afɔ gbegblẽ kae míate ŋu ava ɖe?

2 Gake ɖe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be agbemekuxiwo wu tsɔtsɔ na yea? Ne nenemae la, ke nyae be menye wò ɖekae o. Biblia ɖee fia be Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema hã se le wo ɖokuiwo me nenema kpɔ. (1 Fia. 19:4; Hiob 7:7) Gake womena ta o, ke boŋ woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ yewo. Yehowa megblẽ wo ɖi o, elabena “edoa ŋusẽ ame si ŋu ɖeɖi te.” (Yes. 40:29) Gake ewɔ nublanui be egbea la, Yehowa subɔla aɖewo susuna be mɔ nyuitɔ si dzi yewoato anɔ te ɖe agbemekuxiwo nue nye be yewoadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ vie. Ewɔna na wo be agbae Yehowa subɔsubɔ nye ke menye yayra o. Eya ta wodzudzɔa Mawu ƒe Nyaa xexlẽ, womegadea kpekpeawo o, eye womedea gbeadzi hã o—evɔ nu ma tututue Satana le didim be woawɔ.

3. (a) Nu kae míate ŋu awɔ be tame si Satana ɖo be yeana míagbɔdzɔ la nagava eme o? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Abosam nyae nyuie be gomekpɔkpɔ le mawusubɔsubɔdɔwo me bliboe doa ŋusẽ mí, eye medi hã be míaƒe xɔse nasẽ o. Eya ta, ne ɖeɖi te ŋuwò alo dzi ɖe le ƒowò la, mègate ɖokuiwò ɖa le Yehowa ŋu o. Te ɖe eŋu kplikplikpli wu tsã, elabena ‘ana nàli ke, ana nàsẽ ŋu.’ (1 Pet. 5:10; Yak. 4:8) Le nyati sia me la, míadzro nɔnɔme eve aɖewo siwo ate ŋu ana míaƒe alɔwo nado agblɔ le mawusubɔsubɔ me kple ale si Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe wo nui la me. Gake gbã la, na míatrɔ susu ɖe ŋutete si le Yehowa si be wòado ŋusẽ mí, abe ale si wòdze le Yesaya 40:26-31 ene la ŋu.

ŊUSẼ YEYE AÐO AME SIWO KPƆA MƆ NA YEHOWA ŊU

4. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesaya 40:26 me nyawo me?

4 Xlẽ Yesaya 40:26. Ame aɖeke menya xexlẽme na ɣletivi siwo katã le xexe gbahooa me o. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be ɣletivi siwo ade miliɔn 400,000 sɔŋ ye le Masa ɣletivihatsotsoa ɖeɖe dzaa me. Ke hã, Yehowa na ŋkɔ ɣletivi ɖe sia ɖe. Nu kae esia fia mí tso Yehowa ŋu? Ne eƒe nuwɔwɔ siwo me agbe mele o gɔ̃ hã le vevie nɛ la, ke bu ale si gbegbe wòsena le eɖokui me tso wò ame si subɔnɛ, menye le esi wòle be nàsubɔe ta ko o, ke boŋ le esi nèlɔ̃e ta la ŋu kpɔ! (Ps. 19:1, 3, 14) Mía Fofo lɔlɔ̃a nya wò nyuie. Enya ‘xexlẽme na wò taɖawo katã gɔ̃ hã.’ (Mat. 10:30) Eye hakpalaa ka ɖe edzi na mí be: “Nu siwo me tom ame maɖifɔwo le la le nyanya na Yehowa.” (Ps. 37:18) Ɛ̃, enya xaxa siwo me tom nèle, eye ate ŋu ado ŋusẽ wò nàdo dzi le wo dometɔ ɖe sia ɖe me.

5. Nu kae na míeka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ mí?

5 Xlẽ Yesaya 40:28. Yehowae nye dzɔdzɔmeŋusẽwo katã Dzɔtsoƒe. Le kpɔɖeŋu me, bu ŋusẽ si gbegbe wònana míaƒe ɣea ŋu kpɔ. Aƒetɔ David Bodanis, si ŋlɔa nu tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu gblɔ be, ŋusẽ si gbegbe dona tso míaƒe ɣea me le sekɛnd ɖe sia ɖe me la sɔ kple ŋusẽ si ado tso atɔmik bɔmb biliɔn nanewo ƒe wòwó me. Numekula bubu aɖe hã bu akɔnta be ‘ŋusẽ alo dzoxɔxɔ si dona le ɣea me le sekɛnd ɖeka me la ate ŋu alé agbe ɖe te le anyigba dzi ƒe 200,000 sɔŋ’! Vavãe, Yehowa, ame si naa ŋusẽ ɣe la ate ŋu ana ŋusẽ si míehiã la mí be míado dzi le xaxa ɖe sia ɖe me.

6. Gɔmesese ka nue Yesu ƒe kɔkutia tsɔtsɔ le bɔbɔe le, eye aleke esia nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

6 Xlẽ Yesaya 40:29. Dzidzɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi.” Eye wògblɔ kpee be: “Miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo. Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mat. 11:28-30) Nyateƒee nya sia nye vavã! Ɣeaɖewoɣi la, míesena le mía ɖokui me be nu ti kɔ na mí hafi míedzea mɔ be míade kpekpeawo alo ayi gbeadzi. Gake aleke míesena le mía ɖokui me ne míetrɔ gbɔ? Agbe yeye ɖoa mía me, eye míesua te nyuie wu be míanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu. Yesu ƒe kɔkutia tsɔtsɔ le bɔbɔe vavã!

7. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖe nya siwo le Mateo 11:28-30 ƒe nyateƒenyenye fia.

7 Nɔvinyɔnu aɖe si míayɔ be Kayla nɔ avu wɔm kple ɖeɖiteameŋu atraɖii ƒe dɔléle, blanuiléledɔ kple agbotaɖui. Eya ta ɣeaɖewoɣi la, esesẽna nɛ be wòade kpekpeawo. Ke hã, gbe ɖeka esi wòdze agbagba vevie de dutoƒokpekpea la, eŋlɔ bena: “Nuƒoa ku ɖe dziɖeleameƒo ŋu. Veveseɖeamenu kple ɖetsɔleme si nɔvia tsɔ ƒo nuƒoae la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be mefa avi. Esia ɖo ŋku edzi nam be kpekpeawo dede nyo nam.” Aleke gbegbee dzi dzɔe ye nye esi be wòdo vevie nu de kpekpeawo gbe ma gbe!

8, 9. Nu kae apostolo Paulo wɔnɛ esi wòŋlɔ bena: “Ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu”?

8 Xlẽ Yesaya 40:30. Ŋutete kawoe ɖale mía si o, nu geɖewo li siwo míate ŋu awɔ le míawo ŋutɔwo míaƒe ŋusẽ me o. Ele vevie be nya ma nanɔ susu me na mí. Togbɔ be ŋutete geɖe nɔ apostolo Paulo si hã la, menye nu sia nu si wòdi be yeawɔ lae wòtea ŋu wɔna o. Esi wògblɔ eƒe dzimedidiwo na Mawu la, eɖo eŋu nɛ be: “Nye ŋusẽ zua blibo le wò gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” Paulo se nu si esia fia gɔme. Eya ta eƒo nya ta be: “Ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.” (2 Kor. 12:7-10) Eƒe nya mawo gɔme ɖe?

9 Paulo de dzesii be seɖoƒe li na yeƒe ŋutetewo, eya ta yehiã kpekpeɖeŋu tso ame si tri akɔ wu ye la gbɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye ado ŋusẽ Paulo ne egbɔdzɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe Paulo ŋu wòawɔ dɔ siwo manya wɔ nɛ gbeɖe le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Nenemae wòle le míawo hã gome. Ne Yehowa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí la, ŋusẽ anɔ mía ŋu vavã!

10. Aleke Yehowa kpe ɖe David ŋu wòdo dzi le nɔnɔme sesẽ siwo me wòto la me?

10 Hakpala David kpɔe dze sii enuenu be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ ye. Edzi ha be: “Wò kpekpeɖeŋu ana manya adzoha ɖe nu; le Mawu ƒe ŋusẽ me la, mate ŋu aflɔ gli.” (Ps. 18:29) Kuxi aɖewo le abe gli kɔkɔ siwo míate ŋu “aflɔ” le mía ɖokui si o ene; Yehowa koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu kuxi mawo dzi.

11. Ƒo nu tso ale si gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nui ŋu.

11 Xlẽ Yesaya 40:31. Hɔ̃ tea ŋu nɔa agba sam le yame ɣeyiɣi didi aɖe, gake menye le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Ya xɔdzo si ƒona yia dzi le dzɔdzɔme nu la kɔnɛ yia dzi, si wɔnɛ be mezãa eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ fũu o. Eya ta ne kuxi sesẽ aɖe dze ŋgɔ wò la, ɖo ŋku hɔ̃ dzi. Ðe kuku na Yehowa be wòado ŋusẽ wò to “kpeɖeŋutɔ la, [si nye] gbɔgbɔ kɔkɔe” la dzi. (Yoh. 14:26) Dzidzɔtɔe la, míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa zã kple keli, le gaƒoƒo ɖe sia ɖe me, ahabiae be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí. Nane si ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be míehiã na Mawu ƒe kpekpeɖeŋu vevie ye nye ne masɔmasɔ ɖo mía kple nɔvi aɖe dome. Gake nu ka tae masɔmasɔ mawo doa mo ɖa?

12, 13. (a) Nu ka tae masɔmasɔwo ɖoa Kristotɔwo dome ɣeaɖewoɣi? (b) Nu kae Yosef ƒe ŋutinyaa fia mí tso Yehowa ŋu?

12 Esi mí katã míede blibo o tae masɔmasɔwo ɖoa mía dome ɖo. Esia ta, ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be mía nɔvi Kristotɔwo nagblɔ nya alo awɔ nane si ave mí—alo ate ŋu adzɔ be míawo hã míawɔ nane alo agblɔ nya si ave wo. Esia ate ŋu anye dodokpɔ sesẽ aɖe na mí. Gake esia nyea mɔnukpɔkpɔ na mí be míawɔ nuteƒe na Yehowa. Le mɔ ka nu? Enana míesrɔ̃a ale si míawɔ nu kple mía nɔviwo le ɖekawɔwɔ me le hamea me. Yehowa lɔ̃ wo, togbɔ be womede blibo o hã, eye ele be míawo hã míalɔ̃ wo.

Yehowa megblẽ Yosef ɖi o; magblẽ wò hã ɖi o (Kpɔ memama 13)

13 Nyateƒe si wònye be Yehowa mexea mɔ ɖe dodokpɔwo nu be woagava esubɔlawo dzi o la dze ƒãa le Yosef ƒe ŋutinyaa me. Esime Yosef nye ɖekakpui dzaa la, nɔviaŋutsuwo ʋã ŋui, si wɔe be wotsɔe dzra eye wòva zu kluvi le Egipte. (1 Mose 37:28) Yehowa kpɔ nu si nɔ edzi yim, eye ɖikeke mele eme o be ale si wowɔ nu ɖe exɔlɔ̃a Yosef, si nye ame dzɔdzɔe ŋu la te ɖe edzi vevie. Ke hã, mexe mɔ ɖe enu o. Emegbe, esi wotso Yosef nu be ete kpɔ be yeadɔ Potifar srɔ̃ gbɔ sesẽe eye wolée de gaxɔ me la, Yehowa mexe mɔ ɖe esia hã nu o. Gake le ɣeyiɣi mawo katã me la, ɖe Mawu gblẽ Yosef ɖia? Kura o. Biblia gblɔ be: “Nu sia nu si [Yosef wɔna] la, Yehowa nana wòdzea edzi.”—1 Mose 39:21-23.

14. Ne míena míaƒe dɔmedzoe ‘nu fa’ la, vi kae wòɖena na mí?

14 Kpɔɖeŋu bubue nye esi. Ame geɖe meto nu madzɔmadzɔ siwo gbegbe wowɔ ɖe David ŋu la me kpɔ o. Ke hã, Mawu xɔlɔ̃ ma melé dziku ɖe dɔ me o. Ke boŋ, eŋlɔ bena: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò ne nàtrɔ ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu o.” (Ps. 37:8) Susu vevitɔ si tae wòle be míana míaƒe dɔmedzoe ‘nu nafa’ ye nye be míedi be míasrɔ̃ Yehowa, ame si “mewɔa nu ɖe mía ŋu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu o.” (Ps. 103:10) Gake viɖe bubuwo hã dona tso eme ne míena míaƒe dɔmedzoe ‘nu fa.’ Dzikudodo ate ŋu ahe lãmesẽkuxiwo, abe ʋusɔgbɔdɔ kple dzitodzito me dɔlélewo ene, ava mía dzi. Ate ŋu agblẽ nu le míaƒe aklã kple ƒomeɖe ŋu, eye ate ŋu agblẽ nu le míaƒe dɔgbo hã ŋu. Ne míedo dziku la, zi geɖe la, míetea ŋu bua nuwo ŋu nyuie o. Eye ɣeaɖewoɣi la, dzikudodo helĩhelĩ ate ŋu awɔe be nu nate ɖe mía dzi ɣeyiɣi didi aɖe. Gake Biblia gblɔ be: “Dzi fatu naa agbe ametia.” (Lod. 14:30) Ke ne mía nɔvi aɖe wɔ nu wòve mí la, aleke míana míaƒe dɔmedzoe nu nafa eye míana ŋutifafa nanɔ mía kplii dome? Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiwo dzi wɔwɔe akpe ɖe mía ŋu.

NE MÍA NƆVI KRISTOTƆWO WƆ NU WÒVE MÍ

15, 16. Ne nɔvi aɖe wɔ nu wòve mí la, afɔ kae wòle be míaɖe?

15 Xlẽ Efesotɔwo 4:26. Ne ame siwo menye haxɔsetɔwo o wɔ nu manyomanyo ɖe mía ŋu la, mewɔa nuku na mí o. Gake ne mía nɔvi Kristotɔ alo ƒometɔ aɖe wɔ nane alo gblɔ nya aɖe wòte ɖe mía dzi la, esia ate ŋu ave mí kaɖikaɖi. Ke mítsɔe be míate ŋu aŋe aɖaba aƒu nyaa dzi o. Ðe míalé nyaa ɖe dɔme ɖikaa ƒe geɖea? Alo ɖe míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiawo dzi ahakpɔ nyaa gbɔ kaba? Zi ale si míehe nyaa gbɔ kpɔkpɔ ɖe megbe la, zi nenemae wòasesẽ na mí be míawɔ ŋutifafa kple mía nɔvia.

16 Ke tsɔe be nɔvi aɖe wɔ nu wòve wò, eye nèkpɔe be yemate ŋu aŋe aɖaba aƒu nyaa dzi o. Afɔ vevi kawoe nàte ŋu aɖe be nàwɔ ŋutifafa kple nɔvia? Gbã, do gbe ɖa na Yehowa vevie tso nyaa ŋu. Ðe kuku nɛ be wòakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu aɖo dze kple nɔviwòa tso nyaa ŋu le ŋutifafa me. Ðo ŋku edzi be eya hã nye Yehowa xɔlɔ̃wo dometɔ ɖeka. (Ps. 25:14) Mawu lɔ̃e. Yehowa wɔa nu ɖe exɔlɔ̃wo ŋu dɔmenyotɔe, eye edi be míawo hã míawɔ nu ɖe wo ŋu nenema ke. (Lod. 15:23; Mat. 7:12; Kol. 4:6) Eyome, bu nya siwo nàgblɔ nenye be èyi egbɔ la ŋu. Megawɔ na wò be ɖe nɔviwòa ɖoe koŋ be yeawɔ nu wòave wò o; tsɔe ko be menye ɖe wòɖoe o. Eye ɖo ŋku edzi be, ɖewohĩ wò hã èwɔ nane si wɔe be masɔmasɔa do mo ɖa. Ne èyi egbɔ la, àte ŋu adze nyaa gɔme ale, “Ðewohĩ nyee mese nyaa gɔme nyuie o, gake esi nèƒo nu nam etsɔa, mese le ɖokuinye me be . . . ” Ne èyi ɖakpɔe gake miete ŋu kpɔ nyaa gbɔ o la, di mɔnukpɔkpɔ bubu be nàwɔ ŋutifafa kplii. Nɔ gbe dom ɖa ɖe nɔviwòa ta; bia Yehowa be wòayrae. Bia Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò be wò susu nanɔ nɔviwòa ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Aleke kee nyaa ɖava yi o, ka ɖe edzi be Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe agbagba si nèdze vevie be yeawɔ ŋutifafa kple nɔviwòa, si hã nye Mawu xɔlɔ̃ la ŋu.

NE NU SIWO MÍEWƆ VA YI GAKPƆTƆ LE FU ÐEM NA MÍ

17. Mɔ ka dzie Yehowa ate ŋu ato akpe ɖe mía ŋu be míahaya ne míewɔ nu vɔ̃, eye nu ka tae wòle be míalɔ̃ faa axɔ kpekpeɖeŋua?

17 Ame aɖewo sena le wo ɖokui me be yewomedze asubɔ Yehowa o, le nu vɔ̃ gã si wowɔ va yi ta. Fɔbuameɖokui ate ŋu ana míaganɔ dzidzɔ kpɔm o, nu nate mía ŋu, eye míaƒe dzi madze eme o. Fia David, si fɔbuameɖokui ɖe fu na ale gbegbe la gblɔ eƒe seselelãmewo ale: “Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke bliboa na nye ƒuwo nyunyɔ. Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye zã kple keli.” Dzidzɔtɔe la, David wɔ ŋutsu eye wòkpɔ eƒe kuxia gbɔ abe gbɔgbɔmeme ene. Eŋlɔ bena: “Meʋu nye nu vɔ̃ me na wò mlɔeba, . . . eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ŋuti fɔɖiɖi kem.” (Ps. 32:3-5) Ne èwɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya la, Yehowa le klalo be yeakpe ɖe ŋuwò be nàhaya. Gake ele be nàlɔ̃ faa axɔ kpekpeɖeŋu si wònana to hamemetsitsiwo dzi. (Lod. 24:16; Yak. 5:13-15) Mègahe ɖe megbe o, elabena wò agbe mavɔ kpɔkpɔ ɖo afɔku me! Gake ne èʋu wò nu vɔ̃a me na Yehowa eye wòtsɔe ke wò xoxo evɔ wò dzitsinya gakpɔtɔ le fu ɖem na wò ɖe nu si nèwɔ va yi ta ya ɖe?

18. Aleke Paulo ƒe ŋutinyaa ate ŋu aɖe vi na ame siwo sena le wo ɖokui me be yewomedze asubɔ Yehowa o?

18 Dzi ɖe le apostolo Paulo ƒo ɣeaɖewoɣi ɖe nu vɔ̃ siwo wòwɔ va yi ta. Egblɔ be: “Nyee nye suetɔ le apostoloawo dome, eye nyemedze woayɔ be apostolo o, elabena meti Mawu ƒe hame la yome.” Ke hã, egagblɔ kpee be: “Ke le Mawu ƒe amenuveve me la, mezu nu si menye egbea.” (1 Kor. 15:9, 10) Yehowa va kpɔ ŋudzedze ɖe Paulo ŋu togbɔ be mede blibo o hã, eye edi be Paulo hã nanyae nenema. Ne ètrɔ dzi me tso wò nu vɔ̃wo me vavã eye nèʋu wo me abe ale si Yehowa di tso asiwò ene la, ekema ka ɖe edzi be atsɔe ake wò godoo. Eya ta, ka ɖe edzi be Yehowa tsɔ wò nu vɔ̃ ke wò abe ale si wòdo ŋugbee ene!—Yes. 55:6, 7.

19. Ƒe 2018 ƒe mawunyakpukpuia ye nye ka, eye nu ka tae wòsɔ nyuie?

19 Míenya be esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, agbemekuxiwo anɔ dzidzim ɖe edzi. Gake ka ɖe edzi be Ame si doa “ŋusẽ ame si ŋu ɖeɖi te eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo” la ate ŋu ana kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si nèhiã la wò ale be nàyi edzi awɔ nuteƒe nɛ. (Yes. 40:29; Ps. 55:22; 68:19) Le ƒe 2018 me la, míanɔ ŋku ɖom nyateƒenya vevi sia dzi ɣesiaɣi si míede kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpataa me eye míekpɔ ƒea ƒe mawunyakpukpuia. Ƒea ƒe mawunyakpukpuia me nyawoe nye: ‘Ŋusẽ yeye aɖo ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa ŋu.’Yes. 40:31.