Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ðe wowɔa gɔmeɖose siwo le Mose ƒe Sea me la ŋu dɔ le ʋɔnu tsɔ kpɔa nyaʋiʋli siwo ɖo amewo dome le blema Israel la gbɔa?

Ɛ̃, WOWƆA wo ŋu dɔ ɣeaɖewoɣi. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia, ta 24:14, 15 gblɔ be: “Mègatafa apadɔwɔla si da ahe la o, eɖanye nɔviwòwo alo amedzro siwo le wò duwo me le wò anyigba dzi la dometɔ aɖee o . . . Ne wòagado ɣli na Yehowa le tawò, ne wòazu nu vɔ̃ na wò o.”

Anyize kakɛ si dzi wokpɔ agbledɔwɔlaa ƒe kokoƒoƒoa le

Nuŋlɔɖi aɖe si ku ɖe nya sia tɔgbi ŋu la nye esi woŋlɔ tso keke ƒe alafa adrelia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Wokpɔ nuŋlɔɖi sia le teƒe aɖe si te ɖe Asdod ŋu. Anɔ eme be woŋlɔe na agbledɔwɔla aɖe si ŋu wotsɔ nya ɖo be metsɔ nuku ƒe agbɔsɔsɔme si tututu eƒe aƒetɔ bia tso esi la nɛ wòde o. Nuŋlɔɖi sia si woŋlɔ ɖe anyize kakɛ dzi la gblɔ be: “Esime wò subɔvi [ame si le kuku ɖem] la ƒo nukuawo katã nu ƒu ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Hoshayahu, si nye Shobay vi la va xɔ wò subɔvi ƒe avɔ le esi. . . . Nye hadɔwɔla bubuawo, siwo nɔ nukuawo fɔm kplim ŋdɔkutsu dzatsɛ ma la katã aɖi ɖase . . . be nyateƒe tom mele. Nyemeɖi fɔ o. . . . Ne medze nutodziɖulaa ŋu be wòana woagbugbɔ eƒe subɔvi ƒe avɔ nɛ o la, nekpɔ nye nublanui ne wòawɔe! Mègazi kpi esime woxɔ wò subɔvi ƒe avɔ le esi o!”

Blemaŋutinyaŋlɔla Simon Schama gblɔ be: Menye ɖeko kokoƒoƒo sia “na míenya ale si gbegbe agbledɔwɔlaa le didim vevie be woagbugbɔ [yeƒe avɔ ana ye o]. Ke boŋ eɖee fia hã be ame si le kuku ɖem la nya Biblia me sewo, vevietɔ esiwo dze le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia kple Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia me, siwo xlɔ̃ nu amewo be woagawɔ ŋlɔmi ame dahewo o la.”