Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔlɔ̃ Ka Ƒomevie Nana Ame Kpɔa Dzidzɔ Vavãtɔ?

Lɔlɔ̃ Ka Ƒomevie Nana Ame Kpɔa Dzidzɔ Vavãtɔ?

“Dzidzɔtɔe nye dukɔ si ƒe Mawu Yehowa nye!”—PS. 144:15.

HADZIDZI: 111, 109

1. Nu ka tae ɣeyiɣi si me míele la le etɔxɛ?

MÍELE agbe le ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe me le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me. Biblia gblɔe ɖi be Yehowa le “ameha gã aɖe si . . . tso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ame ƒomeviwo katã kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” nu ƒom ƒu. Ame siawo va zu “dukɔ sesẽ” kpɔdzidzɔ si me ame miliɔn enyi kple edzivɔ le, eye “wole subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm [na Mawu] zã kple keli.” (Nyaɖ. 7:9, 15; Yes. 60:22) Medzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me kpɔ be ame gbogbo siawo gbegbe lɔ̃ Mawu kple wo havi amegbetɔwo siaa o.

2. Lɔlɔ̃ ka ƒomevie ɖea dzesi le ame siwo menya Mawu o ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

2 Gake Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi hã be le míaƒe ŋkekea me la, lɔlɔ̃ ƒomevi aɖe si to vovo la aɖe dzesi le ame siwo menya Mawu o ŋu. Eyae nye ɖokuitɔdidi ƒe lɔlɔ̃. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, . . . amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ wu esi woalɔ̃ Mawu.” (2 Tim. 3:1-4) Ðokuitɔdidi ƒe lɔlɔ̃ sia to vovo sãsãsã na lɔlɔ̃ si Kristotɔwo ɖena fiana. Ðokuitɔdidi menana ame kpɔa dzidzɔ o, togbɔ be ɖokuitɔdilaa asusu be esia ana yeakpɔ dzidzɔ gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ sia na ɖokuitɔdidi xɔ aƒe ɖe xexea me, si wɔe be agbea le sesẽm na ame sia ame.

3. Nu ka me míadzro le nyati sia me, eye nu ka tae?

3 Paulo nyae be ɖokuitɔdidi ƒe lɔlɔ̃ si axɔ aƒe ɖe xexea me la ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔwo ŋu. Eya ta, exlɔ̃ nu wo be ‘woate wo ɖokuiwo ɖa’ tso ame siwo ɖea lɔlɔ̃ sia ƒomevi fiana la ŋu. (2 Tim. 3:5) Ke hã míate ŋu aƒo asa na ame siawo keŋkeŋ o. Eya ta, aleke míawɔ be míagasrɔ̃ xexea me tɔ siwo dome míele la ƒe nɔnɔme o eye míadze agbagba adze Yehowa, si nye lɔlɔ̃ ƒe Mawu la ŋu? Na míakpɔ vovototo si le lɔlɔ̃ si Mawu di be míaɖe afia kple lɔlɔ̃ si ŋu woƒo nu tsoe le 2 Timoteo 3:2-4 dome ɖa. Esia akpe ɖe mía ŋu míadzro mía ɖokui me kpɔ ahakpɔ ale si míawɔ aɖe lɔlɔ̃ si hea dzidzɔ vavãtɔ kple dzidzeme vɛ la afia.

ÐE MÍELƆ̃ MAWU LOO, ALO MÍELƆ̃ MÍA ÐOKUI?

4. Nu ka tae menye nu gbegblẽ be míalɔ̃ mía ɖokui va se ɖe afi aɖe o?

4 Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amewo anye ɖokuilɔ̃lawo.” Ðe wògblẽ be míalɔ̃ mía ɖokuia? Ao, esɔ be míalɔ̃ mía ɖokui va se ɖe afi aɖe, eye ehiã gɔ̃ hã. Nenemae Yehowa wɔ mí. Yesu gblɔ be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Marko 12:31) Ne mímelɔ̃ mía ɖokui o la, míate ŋu alɔ̃ mía havi o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ hã be: “Srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã ene. Ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a la lɔ̃a eɖokui, elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie.” (Ef. 5:28, 29) Eya ta, eme kɔ ƒãa be ele be míalɔ̃ mía ɖokui ale si dze.

5. Nya kae nàgblɔ tso ame siwo lɔ̃ wo ɖokuiwo fũu akpa ŋu?

5 Ðokuilɔlɔ̃ si ŋu woƒo nu tsoe le 2 Timoteo 3:2 la nye lɔlɔ̃ si mesɔ o. Ðokuitɔdidi ƒe lɔlɔ̃e wònye. Ame siwo lɔ̃ wo ɖokui fũu akpa la bua wo ɖokuiwo ŋu wu ale si dze. (Xlẽ Romatɔwo 12:3.) Woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo koe nɔa vevie na wo wu le agbe me. Wometsɔa ɖeke le eme na ame bubuwo o. Ne nuwo meyi nyuie o la, wobua fɔ ame bubuwo le esi teƒe be woalɔ̃ ɖe woƒe vodada dzi. Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be ɖokuilɔ̃lawo le abe xɔfie ene. Lã sia xatsaa eɖokui ale be eƒe fu si nana dzo ɖoa lãme nɛ la trɔna ɖe eya ŋutɔ ƒe akɔme eye wòtrɔa eŋutifu si tɔa ame ya ɖe ame bubuwo. Ðokuilɔ̃lawo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ menye dzidzɔ vavãtɔ o.

6. Aleke lɔlɔ̃ na Mawu ɖea vi na mí?

6 Biblia ŋuti nunyalawo gblɔ be nu si tae Paulo yɔ ɖokuilɔlɔ̃ do ŋgɔ na nɔnɔme gbegblẽ bubu siwo axɔ aƒe ɖe ŋkeke mamlɛawo mee nye be ɖokuilɔlɔ̃ gbɔe nɔnɔme gbegblẽ bubuawo tsona. Gake ame siwo lɔ̃ Mawu ya ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana. Biblia tsɔ lɔlɔ̃ si Mawu di be míaɖe afia la do ƒome kple dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. (Gal. 5:22, 23) Hakpalaa ŋlɔ bena: “Dzidzɔtɔe nye dukɔ si ƒe Mawu Yehowa nye!” (Ps. 144:15) Dzidzɔmawue Yehowa nye, eye nɔnɔme sia dzena le eƒe amewo ŋu. Azɔ hã, Yehowa subɔlawo lɔ̃na faa tsɔa wo ɖokuiwo nana ɖe ame bubuwo ƒe nyonyo ta, womele abe ame siwo lɔ̃a wo ɖokuiwo fũu akpa eye nu si woakpɔ tso ame bubuwo gbɔ koe nɔa vevie na wo la ene o.—Dɔw. 20:35.

Aleke míawɔ be míagava zu ɖokuilɔ̃lawo o? (Kpɔ memama 7)

7. Biabia kawoe míate ŋu atsɔ adzro mía ɖokui me kpɔ be míanya ale si míelɔ̃ Mawui?

7 Aleke míawɔ anya nenye be míele mía ɖokui lɔ̃m wu Mawu? Bu aɖaŋuɖoɖo si dze le Filipitɔwo 2:3, 4 ŋu kpɔ; afi ma gblɔ be: “Migawɔ naneke le dzrehehe alo bubu dzodzro didi ta o, ke boŋ mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi, ale be miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.” Míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe mewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzia? Ðe medzea agbagba vevie be mawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nua? Ðe media mɔnu kpena ɖe amewo ŋu le hamea me kple gbeadzisubɔsubɔdɔa mea?’ Ðokuitsɔtsɔ na faa alea menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ebia agbagbadzedze eye wòbiana be míatsɔ nanewo asa vɔe. Gake, ɖe nu bubu aɖe gali si ana míakpɔ dzidzɔ wu nyanya be xexea me katã ƒe Dziɖulagã la kpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋua?

8. Nu kae lɔlɔ̃ na Mawu ʋã ame aɖewo wowɔ?

8 Lɔlɔ̃ na Mawu ʋã ame aɖewo wotso nya me be yewomati dɔ si me yewoate ŋu akpɔ ga geɖe le hafi la yome o ale be yewoate ŋu asubɔ Yehowa bliboe. Le kpɔɖeŋu me, Ericka, si le Amerika la nye ɖɔkta. Meti ŋkɔxɔxɔ yome le atikewɔnyawo me o, ke boŋ ezu gbesiagbe mɔɖela eye eya kple srɔ̃a woyi ɖawɔ subɔsubɔdɔa le dukɔ vovovowo me. Esi wòde ŋugble le tiatia si wòwɔ ŋu la, egblɔ be: “Esi míeyi ɖakpe asi ɖe dɔa ŋu le gbe bubu dolawo ƒe anyigbamamawo me la, nuteƒekpɔkpɔ gbogbo aɖewo su mía si eye míedze xɔlɔ̃ geɖewo hã, eye esia ɖe vi na mí le mɔ geɖe nu.” Ericka gakpɔtɔ wɔa ɖɔktadɔa ya, gake esi wòzãa ɣeyiɣi geɖe wu tsɔ fiaa nu amewo tso Yehowa ŋu eye wòkpena ɖe nɔviwo hã ŋu le hamea me ta la, egblɔ be esia nana yekpɔa “dzidzɔ kple dzidzeme geɖe.”

ÐE MÍEƑOA KESINƆNUWO NU ƑU ÐE DZIƑO LOO ALO ANYIGBA DZI?

9. Nu ka tae galɔlɔ̃ menana ame kpɔa dzidzɔ o?

9 Apostolo Paulo ŋlɔ bena amewo anye “galɔ̃lawo.” Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, nɔviŋutsu mɔɖela aɖe si le Ireland la ɖi ɖase na ŋutsu aɖe ku ɖe Mawu ŋu. Ŋutsua ɖe ga le eƒe kotoku me, doe ɖe dzi hegblɔ dadatɔe be, “Nye mawue nye esi!” Togbɔ be ame akpa gãtɔ magblɔe kã alea o hã la, egbea, xexea me yɔ fũu kple ame siwo lɔ̃ ga kple nu si ga ate ŋu aƒle. Ke hã, Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ akpɔ o, eye ame si lɔ̃a kesinɔnuwo la, viɖe maɖi ƒo nɛ akpɔ o.” (Nyagb. 5:10) Ame siawo tɔgbi adi ɣesiaɣi be ga geɖe wu nasu yewo si. Eye esi wole agbagba dzem be yewoaƒo ga geɖe nu ƒu na yewo ɖokuiwo la, wohea “vevesese geɖe” vaa wo ɖokuiwo dzi.—1 Tim. 6:9, 10.

10. Nu kae Biblia gblɔ ku ɖe kesinɔtɔnyenye kple ahedada ŋu?

10 Enye nyateƒe be mí katã míehiã ga. Ekpɔa mía ta va se ɖe afi aɖe. (Nyagb. 7:12) Gake ne agbemenuhiahiã veviwo koe le ame aɖe si la, ɖe wòate ŋu akpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔa? Ɛ̃, ate ŋui! (Xlẽ Nyagblɔla 5:12.) Agur, si nye Yake ƒe vi, ŋlɔ bena: “Mègana mada ahe alo anye kesinɔtɔ o. Ke na maɖu nu si nye tɔnye.” Ele bɔbɔe be míase nu si tae medi be yeada ahe kolikoli o la gɔme. Eya ŋutɔ ɖe eme be, yemedi be ahedada naƒoe ɖe ye nu yeafi fi o, elabena fififi ado vlo Mawu ƒe ŋkɔ. Gake nu ka tae wòdo gbe ɖa be yemaganye kesinɔtɔ o? Eŋlɔ bena: “Ne [nyemagaɖi] ƒo ahagbe nu le gbɔwò agblɔ be, ‘Ame kae nye Yehowa?’ o.” (Lod. 30:8, 9) Ðewohĩ wò susu ayi ame aɖewo siwo ɖoa ŋu ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu tsɔ wu be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu la dzi.

11. Aɖaŋu kae Yesu ɖo ku ɖe ga ŋu?

11 Ame siwo lɔ̃a ga la mate ŋu adze Mawu ŋu o. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o; elabena alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo alé ɖe ɖeka ŋu, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” Hafi Yesu nagblɔ nya mawo la, egblɔ be: “Midzudzɔ kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu na mia ɖokuiwo ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebia gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia fi le. Ke boŋ miƒo kesinɔnuwo nu ƒu na mia ɖokuiwo ɖe dziƒo, afi si agbagblaʋui alo ɣebia megblẽa nu le o, eye fiafitɔwo medzea kpɔ va fia fi le o.”—Mat. 6:19, 20, 24.

12. Aleke agbe tsɛ nɔnɔ ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míasubɔ Mawu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Ame geɖe kpɔe be agbe tsɛ nɔnɔ nana yewokpɔa dzidzɔ geɖe wu, gake menye ema koe o, wobe ewɔnɛ hã be yewokpɔa ɣeyiɣi geɖe ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Jack, si le Amerika la dzra eƒe aƒe kple eƒe asitsadɔa elabe enyae be esia ana wòanya wɔ be yeakpe ɖe ye srɔ̃ ŋu yewoawɔ mɔɖeɖedɔa. Egblɔ emegbe be: “Menɔ bɔbɔe be míadzra míaƒe aƒe dzeani ma si nɔ teƒe si nya kpɔ la o. Ke hã, le ƒe siwo me menɔ dɔa wɔm la, megbɔna vaa aƒe me kple dzigbãnyawo. Srɔ̃nye si nye gbesiagbe mɔɖela ya kpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi. Egblɔna be, ‘Aƒetɔ nyuitɔ kekeakee mele dɔ wɔm na!’ Fifia si nye hã mele mɔɖeɖedɔa wɔm la, mí ame evea siaa míele dɔ wɔm na Ame ɖeka, si nye Yehowa.”

Aleke míawɔ be míagava zu galɔ̃lawo o? (Kpɔ memama 13)

13. Aleke míadzro mía ɖokui me be míanya ale si míebua gae?

13 Be míadzro mía ɖokui me anya ale si míebua gae la, anyo be míabia nya siawo ahaɖo wo ŋu na mía ɖokui anukwaretɔe: ‘Ðe meka ɖe nya si Biblia gblɔ tso ga ŋu la dzi nyateƒea, eye ɖe mewɔna ɖe edzia? Gadidie nye nu vevitɔ nam le agbe mea? Ðe ŋutilãmenuwo nɔa vevie nam wu ƒomedodo si le nye kple Yehowa kpakple amewo domea? Ðe meɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ nama?’ Míate ŋu aka ɖe edzi be magblẽ ame siwo kpɔa mɔ nɛ la ɖi gbeɖe o.—Mat. 6:33.

ÐE MÍELƆ̃ YEHOWA LOO ALO DZIDZƆKPƆKPƆ?

14. Nu kae nye dzidzɔkpɔkpɔ ŋuti susu si da sɔ?

14 Abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene la, egbea, ame geɖe nye “ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ.” Ale si ko míenyae be naneke megblẽ le eŋu be míalɔ̃ mía ɖokui va se ɖe afi si sɔ o eye susu nyui nanɔ mía si ɖe ga ŋu la, nenema kee naneke megblẽ le eŋu ne míeda sɔ le dzidzɔkpɔkpɔ gome o. Yehowa medi be míate nu mía ɖokui le agbe me atraɖii alo aƒo asa na dzidzɔdonamenu siwo tua ame ɖo o. Biblia de dzi ƒo na nuteƒewɔlawo be: “Heyi nàɖu wò abolo kple dzidzɔ, eye nàno wò wain kple dzi kpɔdzidzɔ.”—Nyagb. 9:7.

15. Dzidzɔkpɔkpɔ ka tɔgbi ŋue woƒo nu tsoe le 2 Timoteo 3:4?

15 Dzidzɔkpɔkpɔ si ŋu woƒo nu tsoe le 2 Timoteo 3:4 ye nye be amewo alɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ ale gbegbe be woaŋlɔ Mawu be. De dzesii be mawunyakpukpuia megblɔ be amewo alɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ wu Mawu o, elabe esia afia be wolɔ̃ Mawu va se ɖe afi aɖe ya teti. Ke egblɔ boŋ be wolɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ “le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu.” (Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe) Agbalẽnyala aɖe ŋlɔ bena: “[Mawunyakpukpui] sia mefia be wolɔ̃ Mawu hã va se ɖe afi aɖe o. Nu si wòfia ye nye be womelɔ̃ Mawu kura o.” Esia nye nuxlɔ̃ame vevi aɖe na ame siwo lɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ fũu akpa. Nyagbɔgblɔ si nye “ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ” la ɖɔ ame siwo “agbe sia me . . . dzidzɔdonamenuwo he” dzoe la nyuie.—Luka 8:14.

16, 17. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na mí le dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nyaa me?

16 Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí le dzidzɔkpɔkpɔ gome. Ede “srɔ̃ɖeŋkekenyui” aɖe ɖuƒe; eye ede ‘kplɔ̃ɖoƒe gã’ aɖe hã. (Yoh. 2:1-10; Luka 5:29) Esi wain va vɔ le srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe la, Yesu trɔ tsi wòzu wain nukutɔe. Eye esi ɖokuiŋudzelawo ƒo nu tsi tre ɖe eŋu le eƒe nuɖuɖu kple nunono ta la, ena ame mawo nya nyuie be woƒe nuŋububu mesɔ o.—Luka 7:33-36.

17 Ke hã, Yesu meti dzidzɔkpɔkpɔ yome atraɖii o. Etsɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ eye wòku kutri geɖe kpe ɖe amewo ŋu. Elɔ̃ faa se veve helĩhelĩ le fuwɔameti ŋu heku ale be ame geɖewo nakpɔ agbe. Yesu gblɔ na ame siwo di be yewoadze eƒe afɔɖoƒewo yome la be: “Dzidzɔtɔwoe mianye ne amewo doa vlo mi, tia mia yome, eye wokaa aʋatso gblɔa nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe mia ŋu le tanye. Mitso aseye, eye migli kple dzidzɔ, elabena miaƒe fetu lolo le dziƒo, elabena nenema kee woti nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi hã yome.”—Mat. 5:11, 12.

Aleke míawɔ be míagava zu ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ o? (Kpɔ memama 18)

18. Biabia kawoe akpe ɖe mía ŋu míanya ale si gbegbe míelɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔe?

18 Aleke míadzro mía ɖokui me anya ale si gbegbe míelɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔe? Anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe modzakaɖeɖe le vevie nam wu kpekpeawo dede kple gbeƒãɖeɖedɔa? Ðe melɔ̃na faa be mate nanewo ɖokuinye le esi medi be mawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ta? Ne mele dzidzɔdonamenuwo tiam la, ɖe mebua ale si Yehowa abu nye tiatiawoe ŋua?’ Ne míelɔ̃ Mawu vavã la, menye nu siwo míenya be madze eŋu o la koe míaƒo asa na o, ke míaƒo asa na nu siwo míesusu be madze eŋu o la hã.—Xlẽ Mateo 22:37, 38.

NU SI TUTUTU NANA MÍEKPƆA DZIDZƆ

19. Ame kawo ƒomevie mate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ gbeɖe o?

19 Ƒe 6,000 aɖewoe nye esia amegbetɔwo le fu kpem le Satana ƒe xexe sia si le nu wu ge kpuie la me. Anyigba dzi yɔ fũu kple ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo kple ame siwo lɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ. Wonye ame siwo tsia dzi ɖe nu siwo ate ŋu asu wo si la ɖeɖe ko ŋu, eye woƒe nudzodzrowoe nye nu siwo nɔa vevie na wo wu le agbe me. Ame mawo tɔgbi mate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ o. Ke boŋ, Biblia gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si ƒe xɔnametɔ Yakob ƒe Mawu la nye, ame si da eƒe mɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa eƒe Mawu la dzi.”—Ps. 146:5.

20. Esi nèlɔ̃ Mawu ta la, aleke esia na nèle dzidzɔ kpɔm?

20 Lɔlɔ̃ si le Yehowa Mawu subɔlawo si na eyama la nu le sesẽm ɖe edzi. Eye ƒe sia ƒe la, ame geɖe siwo lɔ̃ eyama la hã va zua esubɔlawo. Esia ɖee fia be Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum eye eteƒe madidi o, ahe yayra manyagblɔwo ava anyigba dzi. Ne míewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye míede dzesii be Nuwokatãtaƒola la kpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, emae nana míekpɔa dzidzɔ vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa. Eye ame siwo lɔ̃ Yehowa la akpɔ dzidzɔ tegbee! Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro nɔnɔme gbegblẽ aɖewo siwo dona tso ɖokuitɔdidi ƒe lɔlɔ̃ me la me, eye míakpɔ ale si esiawo to vovo na nɔnɔme siwo ɖea dzesi le Yehowa subɔlawo ŋu.