Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Wòle Be Míana Nu Ame Si Tɔe Nye Nuwo Katã?

Nu Ka Tae Wòle Be Míana Nu Ame Si Tɔe Nye Nuwo Katã?

“Oo mía Mawu, míele akpe dam na wò, eye míele wò ŋkɔ dzeani la kafum.”—1 KRON. 29:13.

HADZIDZI: 80, 50

1, 2. Aleke Yehowa naa eƒe nuwo mí dɔmenyotɔe?

YEHOWA nye Mawu dɔmenyotɔ. Eya gbɔe nu sia nu si le mía si la tso. Yehowa tɔe nye sika kple klosalo siwo katã le anyigba dzi kpakple anyigba dzi nuwo katã, eye ezãa wo tsɔ léa míaƒe agbe ɖe te. (Ps. 104:13-15; Hag. 2:8) Ŋutinya geɖe le Biblia me siwo ɖe ale si Yehowa wɔ eƒe nuwo ŋu dɔ nukutɔe tsɔ kpɔ eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ la fia.

2 Le kpɔɖeŋu me, Yehowa na mana kple tsi eƒe dukɔ Israel ƒe 40 sɔŋ esime wonɔ gbea dzi. (2 Mose 16:35) Esia wɔe be “naneke mehiã wo o.” (Neh. 9:20, 21) Yehowa to nyagblɔɖila Elisa dzi na ahosi wɔnuteƒe aɖe ƒe ami sue la dzi ɖe edzi nukutɔe. Mawu ƒe nunana sia kpe ɖe eŋu wòxe fe siwo wònyi, eye esi susɔ la sɔ gbɔ be eya kple viawo natsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzi. (2 Fia. 4:1-7) Yehowa kpe ɖe Yesu ŋu wòna nuɖuɖu kple ga gɔ̃ hã nukutɔe esi nɔnɔmea bia nenema.—Mat. 15:35-38; 17:27.

3. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

3 Nu geɖe le Yehowa si wòatsɔ akpɔ eƒe nuwɔwɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Ke hã, ekpe esubɔlawo be woazã woƒe nunɔamesiwo atsɔ akpe asi ɖe dɔ si wɔm eƒe habɔbɔa le ŋu. (2 Mose 36:3-7; xlẽ Lododowo 3:9.) Nu ka tae Yehowa di be míatsɔ nu xɔasi siwo yena mí la ƒe ɖe ana ye? Aleke nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la dzɔ nu tsɔ kpe asi ɖe dɔ siwo Yehowa ƒe amewo wɔ ŋu? Aleke habɔbɔa zãa ga siwo míedzɔna egbeae? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo le nyati sia me.

NU KA TAE MÍENAA NU YEHOWA?

4. Ne míekpe asi ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu la, nu kae esia ɖena fiana le mía ŋu?

4 Esi míelɔ̃ Yehowa eye míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo wòwɔ na mí ŋu tae míenaa nui ɖo. Ne míede ŋugble le nu siwo katã Yehowa wɔ na mí ŋu la, ewɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Esime Fia David nɔ nu ƒom tso nu siwo hiã hena gbedoxɔa tutu ŋu la, elɔ̃ ɖe edzi be Yehowa gbɔe nu sia nu si le mía si la tso eye nu siwo míexɔ tso esi me la ƒe ɖee míetsɔ nɛ.—Xlẽ 1 Kronika 29:11-14.

5. Aleke Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ nye subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa aɖe?

5 Nunana nye míaƒe Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖe. Le ŋutega aɖe me la, apostolo Yohanes see Yehowa subɔla siwo le dziƒo la gblɔ be: “Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” (Nyaɖ. 4:11) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be Yehowa dze na ŋutikɔkɔe kple bubu oa? Eya ta, míedi be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔwo anae. Yehowa de se na Israel dukɔa to Mose dzi be woaɖu ŋkekenyui na ye zi etɔ̃ le ƒea me. Le ŋkekenyui mawo dzi la, woƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye be woana nu Yehowa. Mele be Israel-vi aɖeke “nava Yehowa ŋkume asi gbɔlo o.” (5 Mose 16:16) Nenema kee egbea la, míawo hã míaƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖee nye be míadzɔ míaƒe nunɔamesiwo faa. Míetoa esia dzi ɖenɛ fiana be míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo wɔm Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la le ŋu eye míekpea asi ɖe eŋu.

6. Nu ka tae nunana ɖea vi na mí? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

6 Nunana ɖea vi na mí. Ne míenaa nu faa ke menye be míanɔ xɔm ko o la, esia ɖea vi na mí. (Xlẽ Lododowo 29:21.) Tsɔe be ɖevi aɖe tso le eɖokui si tsɔ ga vivivi siwo edzilawo nanae la ƒe ɖe ƒle nunana aɖe na edzilawo. Aleke nunana sia ana woase le wo ɖokuiwo me? Ðekakpui alo ɖetugbui aɖe si nye mɔɖela si gakpɔtɔ le edzilawo gbɔ la ate ŋu adzɔ ga atsɔ akpe asi ɖe edzilawo ŋu le aƒea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me, eye esia sɔ nenema. Togbɔ be ɖewohĩ dzilaawo manɔ mɔ kpɔm na esia o hã la, woate ŋu axɔe, elabe ema nye mɔ aɖe si dzi ɖevia hã ato aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã wowɔna na ye ŋu. Nenema kee Yehowa hã nyae be ne míetsɔ nu xɔasi siwo le mía si ƒe ɖe na ye la, aɖe vi na mí.

ALE SI MAWU SUBƆLA SIWO NƆ ANYI LE BLEMA LA DZƆ NUI

7, 8. Aleke Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema la ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le nudzɔdzɔ (a) hena dɔ aɖewo koŋ wɔwɔ me? (b) hena asikpekpe ɖe Yehowa ƒe subɔsubɔdɔwo ŋu me?

7 Biblia na míekpɔe kɔtɛ be Mawu ƒe amewo dzɔa nu tsɔ kpea asi ɖe eƒe dɔwo ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, Yehowa ƒe amewo dzɔ nu hena dɔ aɖewo koŋ wɔwɔ. Le kpɔɖeŋu me, Mose bia tso dukɔa si be woadzɔ nu hena avɔgbadɔa tutu; nenema kee Fia David hã gblɔ na dukɔa be woadzɔ nu hena gbedoxɔa tutu. (2 Mose 35:5; 1 Kron. 29:5-9) Le Fia Yehoas ƒe dziɖuɣi la, nunɔlawo zã ga siwo dukɔa dzɔ la tsɔ ɖɔ Yehowa ƒe aƒea ɖo. (2 Fia. 12:4, 5) Esi wona ƒe alafa gbãtɔ me Kristo hamea me tɔwo nyae be nɔviwo ɖo hiã me le esi dɔ to ta la, “[woɖoe] be yewoaɖo kpekpeɖeŋununana, ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋui, ɖe nɔvi siwo le Yudea.”—Dɔw. 11:27-30.

8 Ɣebubuɣiwo la, Yehowa ƒe amewo dzɔ nu be woatsɔ akpe ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm le dɔa me ŋu. Le Mose ƒe Sea te la, womena domenyinu Lewi viwo abe ale si wònɔ le to bubuawo gome ene o. Ke boŋ, Israel-viwo dzɔa nu ewolia na Lewi viwo ale be woate ŋu akpɔ vovo ɖe dɔ si wode wo si le avɔgbadɔa me ŋu. (4 Mose 18:21) Nenema kee nyɔnu aɖewo ƒe dɔmenyonunanawo ɖe vi na Yesu kple eƒe apostolowo esi wotsɔ ‘woƒe nunɔamesiwo nɔ wo subɔm.’—Luka 8:1-3.

9. Le blema la, aleke Mawu ƒe amewo wɔ kpɔ nu dzɔ?

9 Mɔnu vovovowo dzie amewo to kpɔ nu dzɔ le blema. Esime Israel-viwo dzɔ nu le gbea dzi hena avɔgbadɔa tutu la, anɔ eme be nu siwo wotsɔ ɖe asi esime woʋu tso Egipte la ƒe ɖee wodzɔ. (2 Mose 3:21, 22; 35:22-24) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔ aɖewo dzra woƒe nunɔamesiwo, abe agblewo kple aƒewo ene, eye wotsɔ ga si wokpɔ la yi ɖana apostoloawo. Eyome, apostoloawo ma ga la ɖe ame sia ame ƒe hiahiã nu. (Dɔw. 4:34, 35) Ame bubuwo hã dzraa ga ɖo vivivi ale be wotea ŋu dzɔa nu edziedzi tsɔ kpea asi ɖe dɔa ŋu. (1 Kor. 16:2) Eya ta ame sia ame kpɔ gome le nudzɔdzɔ me, kesinɔtɔwo kple hiãtɔwo siaa.—Luka 21:1-4.

ALE SI MÍEDZƆA NU EGBEA

10, 11. (a) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa subɔla siwo dzɔ nu faa le blema la ƒe kpɔɖeŋu? (b) Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàkpe asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu la ŋu?

10 Egbea la, woate ŋu abia tso míawo hã si be míadzɔ nu hena dɔ aɖe koŋ wɔwɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wowɔ ɖoɖo be woatu Fiaɖuƒe Akpata yeye si miaƒe hamea azã? Alo ɖe wole asi trɔm le miaƒe Fiaɖuƒe Akpataa ŋua? Woate ŋu ana míanya be wohiã gakpekpeɖeŋu be woatsɔ atrɔ asi le alɔdzedɔwɔƒe si le míaƒe dukɔa me ŋu, alo woatsɔ awɔ ɖoɖo ɖe takpekpe si míade ŋu, alo woatsɔ ana kpekpeɖeŋu mía nɔvi siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le. Míedzɔa nu hã be woatsɔ akpɔ ame siwo le dɔa dzi kpɔm le habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã kple alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me godoo la ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Wozãa míaƒe nudzɔdzɔwo hã tsɔ kpɔa dutanyanyuigblɔlawo, mɔɖela veviwo kpakple dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo hã dzi. Ðikeke mele eme o be miaƒe hamea ɖoe be mianɔ ga home aɖe koŋ ɖom ɖa be woatsɔ akpe asi ɖe Takpexɔwo kple Fiaɖuƒe Akpatawo tutu le xexea me godoo ƒe dɔa ŋu, eye esia ɖea vi na mía nɔviwo le xexea me godoo.

11 Mí katã míate ŋu akpe asi ɖe dɔ si wɔm Yehowa ƒe habɔbɔa le le ŋkeke mamlɛ siawo me ŋu. Ne míedzɔ ga ɖe nudzɔɖaka me le Fiaɖuƒe Akpata me alo míeto jw.org dzi dzɔ nu la, míegblɔa ga home si míedzɔ la na ame bubuwo o. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu awɔ na mí be nu si míedzɔna la meɖi naneke o. Ke hã, nudzɔdzɔ si va kaa habɔbɔa si la ƒe akpa gãtɔ tsoa nu vivivi siwo ame geɖe dzɔna gbɔ, ke menye ga home gã siwo ame ʋɛ aɖewo dzɔ gbɔ o. Mía nɔviwo srɔ̃a Kristotɔ siwo nɔ Makedonia ƒe kpɔɖeŋua—mía nɔvi siwo dzi ganyawo mede kura o gɔ̃ hã srɔ̃a woƒe kpɔɖeŋua. Togbɔ be Makedoniatɔwo ‘da ahe ŋutɔ’ hã la, woɖe kuku be woana mɔnukpɔkpɔ yewo be yewoadzɔ nu, eye wodzɔ nu dɔmenyotɔe.—2 Kor. 8:1-4.

12. Aleke habɔbɔa dzea agbagba vevie wɔa ga siwo míedzɔ la ŋu dɔ nyuie?

12 Dɔdzikpɔhaa dzea agbagba vevie be yewoawɔ nuteƒe ahadze aɖaŋu le habɔbɔa ƒe gawo zazã me, eye wodoa gbe ɖa biaa Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoawɔ esia. (Mat. 24:45) Wowɔa ɖoɖo ɖe ale si woazã ga siwo va kaa habɔbɔa si la ŋu eye wozɔna ɖe ɖoɖoa dzi. (Luka 14:28) Le Biblia ŋlɔɣiwo la, ame siwo kpɔa ga siwo Mawu ƒe amewo dzɔ dzi la zɔna ɖe ɖoɖowo dzi hekpɔa egbɔ be wozã gaa ɖe taɖodzinu si tae wodzɔe ɖo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Ezra tsɔ Persia fia ƒe nunanawo—sika, klosalo kple nu bubu siwo katã ƒe home wu egbegbe dɔlar miliɔn 100—zɔ mɔ yi Yerusalem. Ezra bu nu xɔasi siawo be wonye lɔlɔ̃nu faa nunana siwo nye Yehowa tɔ, eye ewɔ ɖoɖo nyuie be woakpɔ nu xɔasi mawo ta ne wole mɔ zɔm to nuto siwo me woate ŋu aɖo afɔku me le la me. (Ezra 8:24-34) Apostolo Paulo hã xɔ nudzɔdzɔwo be woatsɔ akpe ɖe nɔvi siwo le Yudea la ŋu. Ewɔ ɖoɖo tsɔ kpɔ egbɔ be ame siwo si wotsɔ nudzɔdzɔawo dee la “[kpɔ] nuwo katã gbɔ le anukwareɖiɖi me, menye le Yehowa ŋkume ɖeɖe ko o, ke le amegbetɔwo ŋkume hã.” (Xlẽ 2 Korintotɔwo 8:18-21.) Míaƒe habɔbɔa srɔ̃a Ezra kple Paulo ƒe kpɔɖeŋuawo; habɔbɔa wɔna ɖe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ le ga siwo Mawu ƒe amewo dzɔ la dzi kpɔkpɔ kple wo zazã me.

13. Susu ka tae habɔbɔa wɔ asitɔtrɔ aɖewo nyitsɔ laa?

13 Ƒome aɖe ate ŋu awɔ asitɔtrɔwo be woƒe gazazãwo nagagbɔ ga siwo wokpɔna ŋu o, alo woabu ale si woawɔ be woanɔ agbe tsɛ ahaɖe gazazãwo dzi akpɔtɔ ale be woate ŋu awɔ geɖe na Yehowa la ŋu. Nenema kee wòle le Yehowa ƒe habɔbɔa hã gome. Ƒe ʋɛ aɖewoe nye esia la, habɔbɔa le dɔ yeyewo kple ɖoɖo yeye vovovowo wɔm. Ɣeaɖewoɣi la, esia biaa gazazã geɖe wu esi míedzɔna. Eya ta, habɔbɔa dia mɔ siwo dzi wòato aɖe gazazãwo dzi akpɔtɔ eye wotrɔa asi le dɔwɔna aɖewo ŋu ale be woate ŋu azã ga siwo miedzɔna dɔmenyotɔe la atsɔ awɔ geɖe ale si wòanya wɔ.

ALE SI MIAƑE NUDZƆDZƆWO ÐEA VII

Wotsɔa nu siwo nèdzɔna la kpea asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu (Kpɔ memama 14-16)

14-16. (a) Nu siwo habɔbɔa tsɔa miaƒe nudzɔdzɔwo wɔna la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Mɔ kawo nue nu siawo ɖe vi na wò ŋutɔ le?

14 Nɔvi siwo subɔ Yehowa ƒe geɖe la dometɔ geɖe gblɔ be habɔbɔa le nu geɖe nam mí fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Nyitsɔ laa koe habɔbɔa dze jw.org kple JW Nyakakadɔwɔƒe la ŋu dɔ wɔwɔ gɔme. Wogaɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔme ɖe gbe bubu geɖewo me. Tso ƒe 2014 va ɖo ƒe 2015 me la, wowɔ “Yi Edzi Nànɔ Mawu Fiaɖuƒea Dim Gbã!” Dukɔwo Dome Takpekpe si xɔ ŋkeke etɔ̃ la le fefewɔƒe gãwo le dugã 14 me le xexea me godoo. Vavalawo kpɔ dzidzɔ ale gbegbe.

15 Ame geɖe gblɔ ale si gbegbe wokpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui siwo wɔm Yehowa ƒe habɔbɔa le na wo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, atsu kple asi aɖe si le subɔsubɔm le Asia dukɔ aɖe me la gblɔ tso JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo ŋu be: “Du sue aɖe mee wode dɔ asi na mí le. Esia ta, ewɔna na mí ɣeaɖewoɣi be míeɖe ɖe aga, eye míeŋlɔa ale si gbegbe Yehowa ƒe dɔa keke tae la be vie. Gake ne míenya kpɔ JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo ko la, míeɖoa ŋku edzi be nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexea me godoo la mee míele. Mía nɔvi Kristotɔ siwo le afi sia la kpɔa dzidzɔ ɖe Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo ŋu ale gbegbe. Míesenɛ wogblɔna zi geɖe be ne yewokpɔ ɣleti sia ɣleti ƒe wɔnaa vɔ la, yewosena le yewo ɖokui me be yewote ɖe Dɔdzikpɔhaa me tɔwo ŋu. Enye dada na wo fifia wu tsã be yewole Mawu ƒe habɔbɔa me.”

16 Le xexea me godoo la, Fiaɖuƒe Akpata siwo tum wole kple esiwo ŋu wole asitɔtrɔ gãwo wɔm le la ade 2,500 kloe. Esi hame aɖe si le Honduras la me tɔwo dze woƒe Fiaɖuƒe Akpata yeyea zazã gɔme la, woŋlɔ bena: “Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be míele Yehowa ƒe habɔbɔ gã la me, eye míele dzidzɔ kpɔm le xexea me godoo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me; Yehowa ƒe habɔbɔa na mía nɔviwo kpe asi ɖe eŋu be míaƒe didi si nye be Fiaɖuƒe Akpata nasu míawo hã si le míaƒe nutoa me la va eme na mí.” Nenema kee ame geɖewo se le wo ɖokuiwo me esime woxɔ Biblia kple míaƒe agbalẽ bubu siwo le woawo ŋutɔwo degbe me, esime afɔku dzɔ eye wona kpekpeɖeŋu wo, alo esi wokpɔ nu nyui siwo do tso dugã me ɖaseɖiɖidɔ tɔxɛa kple dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me le woƒe nutoa me.

17. Aleke nu siwo le edzi yim le Yehowa ƒe habɔbɔa me egbea la ɖee fia be Yehowa le megbe na eƒe habɔbɔa?

17 Ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o la metea ŋu sea ale si míetea ŋu zãa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo ɖeɖe ko tsɔ wɔa dɔ siawo katã la gɔme o. Esi dɔwɔƒe gã aɖe ƒe akametiwo dometɔ ɖeka va ɖi tsa le míaƒe agbalẽtaƒe aɖe vɔ la, ewɔ nuku nɛ be míete ŋu le dɔ siawo katã wɔm to lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo kple lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo dzi, evɔ míewɔa wɔna tɔxɛwo tsɔ dzɔa ga le amewo si o. Egblɔ be manya wɔ be amegbetɔ nawɔ nu si wɔm míele la o. Míelɔ̃ ɖe eƒe nyaa dzi! Míenyae be esi Yehowa le megbe na mí tae míete ŋu le dɔ siawo wɔm ɖo.—Hiob 42:2.

YAYRA SIWO MÍEKPƆNA NE MÍETSƆ NU SIWO YEHOWA NA MÍ LA ƑE ÐE NƐ

18. (a) Ne míedzɔa nu tsɔ kpea asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu la, yayra kawoe míekpɔna? (b) Aleke míate ŋu ana hehe mía viwo kple ame yeyewo be woawo hã woawɔ nenema ke?

18 Yehowa de bubu gã aɖe mía ŋu esi wòna mɔnukpɔkpɔ mí be míakpe asi ɖe dɔ gã si le edzi yim egbea la ŋu. Eka ɖe edzi na mí be yeayra mí geɖe ne míekpe asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu. (Mal. 3:10) Yehowa do ŋugbe be eme anyo na ame si naa nu faa. (Xlẽ Lododowo 11:24, 25.) Nunana wɔnɛ be míekpɔa dzidzɔ hã, elabe “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔw. 20:35) Míate ŋu ato nya siwo míegblɔna kple kpɔɖeŋu si míeɖona dzi afia mía viwo kple ame yeyewo be woawo hã woadzɔ nu atsɔ ado alɔ dɔ sia, si awɔe be woakpɔ yayra geɖe.

19. Aleke nyati sia de dzi ƒo na wòe?

19 Yehowa gbɔe nu sia nu si le mía si la tso. Ne míetsɔ nu siwo wòna mí la ƒe ɖe nɛ la, efia be míelɔ̃e eye míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo katã wòwɔ na mí la ŋu. (1 Kron. 29:17) Esime Israel-viwo dzɔ nu hena gbedoxɔa tutu la, “dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa na nu ta, elabena wona nu Yehowa tso dzi blibo me.” (1 Kron. 29:9) Neva eme be míawo hã míayi edzi anɔ dzidzɔ kple dzidzeme kpɔm esime míetsɔ nu siwo míexɔ tso Yehowa ŋutɔ si me la le enam.