Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vovototo Si Le Ame Siwo Subɔa Yehowa Kple Ame Siwo Mesubɔnɛ O Dome

Vovototo Si Le Ame Siwo Subɔa Yehowa Kple Ame Siwo Mesubɔnɛ O Dome

“[Miakpɔ] vovototo si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome.”—MAL. 3:18.

HADZIDZI: 127, 101

1, 2. Kuxi kae dze ŋgɔ Mawu ƒe amewo egbea? (Kpɔ foto siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

ÐƆKTAWO kple dɔnɔdzikpɔla geɖewo wɔa dɔ le ame siwo ŋu dɔxɔleameŋuwo le la dome. Wokpɔa dɔnɔawo gbɔ, elabena wodi be yewoakpe ɖe wo ŋu. Gake ehiã be woakpɔ wo ɖokuiwo ta ale be woagaxɔ dɔ siwo wole agbagba dzem be yewoada le amewo ŋu la o. Nenema kee míawo hã míele ame siwo ɖea nɔnɔme gbegblẽ siwo tsi tsitre ɖe mawumenɔnɔmewo ŋu la dome eye míewɔa dɔ kpli wo. Esia ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu.

2 Agbe nyui nɔnɔ yi to keŋkeŋ le ŋkeke mamlɛ siawo me. Apostolo Paulo ɖɔ nɔnɔme siwo ame manyamawuwo aɖe afia la le lɛta evelia si wòŋlɔ ɖo ɖe Timoteo la me, eye egblɔ be nɔnɔme mawo ava do fievo ne nuwuwua le aƒe tum. (Xlẽ 2 Timoteo 3:1-5, 13.) Togbɔ be ale si gbegbe nɔnɔme mawo ava do fievo la awɔ nuku na mí hã, ate ŋu adzɔ be míava nɔ ame siwo ɖea nɔnɔme mawo fiana ƒe nuŋububu, nuƒoƒo kple nuwɔnawo srɔ̃m. (Lod. 13:20) Le nyati sia me la, míakpɔ ale si nɔnɔme siwo amewo ɖena fiana le ŋkeke mamlɛ siawo me la tsi tsitre ɖe nɔnɔme siwo Mawu ƒe amewo ɖena fiana la ŋu. Azɔ hã, míadzro ale si míawɔ be míakpɔ mía ɖokui ta be esi míele kpekpem ɖe amewo ŋu be woanya Yehowa la, nɔnɔme gbegblẽ mawo nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o.

3. Ame kawo ŋue nɔnɔme siwo ŋu woƒo nu tsoe le 2 Timoteo 3:2-5 la ku ɖo?

3 Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava.” Eyome, eyɔ nɔnɔme gbegblẽ 19 siwo aɖe dzesi le amewo ŋu le míaƒe ŋkekea me. Nɔnɔme gbegblẽ siwo dzi wòhe susu yi la de sɔsɔ ge kple esiwo dze le Romatɔwo 1:29-31, ke hã, le lɛta si Paulo ŋlɔ na Timoteo me la, etɔ asi nɔnɔme aɖewo siwo megadze le teƒe bubu aɖeke le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me o la dzi. Hafi Paulo nahe susu ayi amewo ƒe nɔnɔme gbegblẽ mawo dzi la, edze eƒe nyaa gɔme be “elabena amewo anye . . . ” Ke hã, menye amewo katãe aɖe nɔnɔme mawo afia o. Nɔnɔme si Kristotɔwo ya ɖena fiana la to vovo kura.—Xlẽ Malaki 3:18.

ALE SI MÍEBUA MÍA ÐOKUII

4. Nya kae nàgblɔ tso ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo ŋu?

4 Esi Paulo gblɔ be ame geɖewo anye ɖokuilɔ̃lawo kple galɔ̃lawo vɔ la, egagblɔ hã be amewo anye adegbeƒolawo, dadalawo kple ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo. Zi geɖe la, amewo ɖea nɔnɔme mawo fiana le esi wosusuna be yewonyo wu ame bubuwo, le yewoƒe ŋutetewo, dzedzeme, kesinɔnuwo, alo ɖoƒe ta. Nu si koŋ wodina ye nye be yewoƒe nu nanyo amewo ŋu eye woade bubu tɔxɛ yewo ŋu. Nu si agbalẽnyala aɖe ŋlɔ tso ame sia tɔgbi ŋue nye be: “Vɔsamlekpui sue aɖe le eƒe dzi me si ŋgɔ wòdea ta agu na eɖokui le.” Ame aɖewo gblɔ be dada si gbɔ eme la nye nɔnɔme gbegblẽ ale gbegbe be dadalawo gɔ̃ hã melɔ̃a ame siwo ɖenɛ fiana ƒe nya o.

5. Gblɔ nuteƒewɔla aɖewo siwo va wɔ nu dadatɔe la ƒe kpɔɖeŋuwo.

5 Yehowa lé fu dada. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be elé fu “dadaŋkuwo.” (Lod. 6:16, 17) Dada tea ame ɖa tso Mawu gbɔ. (Ps. 10:4) Abosam ƒe nɔnɔmee dada nye. (1 Tim. 3:6) Gake nublanuitɔe la, Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖewo gɔ̃ hã va zu dadalawo. Uziya, si nye Yuda fia la wɔ nuteƒe ƒe geɖe. Ke hã, Biblia gblɔ be: “Esi ŋusẽ nya ɖo eŋu ko la, eƒe dzi de asi dada me eye wòhe vɔ̃ va eɖokui dzi, mewɔ nuteƒe na Yehowa eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe gbedoxɔ la me be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ ɖe dzudzɔdomlekpui la dzi.” Emegbe Fia Hizkiya hã ɖe mɔ dada kpɔ ŋusẽ ɖe edzi hena ɣeyiɣi aɖe.—2 Kron. 26:16; 32:25, 26.

6. Nu kawoe ate ŋu ana David nazu dadala hafi? Gake nu ka tae wòyi edzi bɔbɔ eɖokui?

6 Ame aɖewo va zua dadalawo le esi wodze ɖeka alo dze tugbe, alo esi woxɔ ŋkɔ, hadzidzi ƒe ŋutete le wo si, ŋusẽ le wo ŋu, alo ɖoƒe kɔkɔ le wo si ta. Ŋutete siawo katã nɔ David si, gake eyi edzi bɔbɔ eɖokui le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Esi wòwu Goliat eye Fia Saul gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu anɛ wòaɖe la, David gblɔ be: “Ame kae menye, eye ame kae ƒonyemetɔwo kple fofonye ƒe ƒomea nye le Israel, ne mahayi fia ƒe to nye ge?” (1 Sam. 18:18) Nu kae kpe ɖe David ŋu wòyi edzi bɔbɔ eɖokui? David nyae be esi Mawu “bɔbɔ” eɖokui heve ye nu tae ŋutete mawo kple nɔnɔme nyui mawo katã su ye si ɖo. (Ps. 113:5-8) Enyae be Yehowa gbɔe nu nyui siwo katã su ye si la tso.—Tsɔe sɔ kple 1 Korintotɔwo 4:7.

7. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míabɔbɔ mía ɖokui?

7 Abe David ene la, Yehowa subɔla siwo li egbea dzea agbagba vevie be yewoabɔbɔ yewo ɖokuiwo. Ne míebu ale si Yehowa, Ame si nye gã wu ame sia ame le xexe bliboa me la bɔbɔa eɖokuii ŋu la, ewɔa dɔ ɖe mía dzi. (Ps. 18:35) Míedzea agbagba wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo si nye, “Mido dɔmetɔtrɔ, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu” la dzi. (Kol. 3:12) Míenyae hã be lɔlɔ̃ “meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o.” (1 Kor. 13:4) Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, esia ate ŋu ahe amewo ɖe Yehowa ŋu. Ale si ko srɔ̃nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔmagblɔe ate ŋu aɖe wo srɔ̃wo la, nenema kee ne Mawu ƒe amewo bɔbɔa wo ɖokuiwo la, esia ate ŋu ahe amewo ɖe eyama ŋu.—1 Pet. 3:1.

ALE SI MÍEWƆA NU ÐE AMEWO ŊUI

8. (a) Aleke ame aɖewo bua ɖeviwo ƒe tomaɖomaɖo wo dzilawo egbea? (b) Nu kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ be ɖeviwo nawɔ?

8 Paulo ƒo nu tso ale si amewo awɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le ŋkeke mamlɛawo me ŋu. Eŋlɔ bena le ŋkeke mamlɛawo me la, ɖeviwo agbe toɖoɖo wo dzilawo. Togbɔ be wodea nɔnɔme gbegblẽ sia ƒe dzi ƒo le agbalẽwo, filmwo kple television dzi wɔnawo me hã la, tomaɖomaɖo dzilawo dea tɔtɔ ƒomewo me, eye esia gblẽa nu le dukɔ blibowo ŋu. Amewo se nyateƒenya sia gɔme tso blema ke. Enyo be míade dzesii be le blema Hela la, ne ame aɖe ƒo eya ŋutɔ dzilawo la, woxɔa dumevinyenye ƒe gomenɔamesiwo katã le esi; eye le Romatɔwo ƒe se nu la, ne ame aɖe ƒo fofoa la, wobua esia be enye ŋkubiãnya si sɔ kple amewuwu. Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo siaa gblɔ be ɖeviwo nabu wo dzilawo.—2 Mose 20:12; Ef. 6:1-3.

9. Nu kae akpe ɖe ɖeviwo ŋu woabu wo dzilawo?

9 Ne ɖeviwo dea ŋugble le nu siwo wo dzilawo wɔ na wo ŋu la, esia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woaƒo asa na tomaɖomaɖo ƒe gbɔgbɔ si ɖevi bubuwo ɖena fiana. Ne ɖeviwo se egɔme be Mawu, si nye mí katã mía Fofo la, bia tso wo si be woaɖo to wo dzilawo la, esia akpe ɖe wo ŋu woakpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui siwo katã wo dzilawo wɔ na wo ŋu. Ne ɖeviwo ƒoa nu nyui tso woawo ŋutɔ wo dzilawo ŋu le ɖevi bubuwo gbɔ la, esia akpe ɖe ɖevi mawo ŋu be woagade bubu wo dzilawo ŋu geɖe wu. Ke hã, ne dzilawo nye ame siwo melɔ̃a wo viwo o la, esia ate ŋu ana wòasesẽ na ɖeviawo be woaɖo to wo dzilawo. Gake ne ɖevi aɖe kpɔe be ye dzilawo melɔ̃a nu le ye gbɔ o la, esia aʋãe be wòaɖo to wo, togbɔ be esia wɔwɔ asesẽ nɛ ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Austin gblɔ be: “Togbɔ be ɣeaɖewoɣi la, medina be mawɔ nu gbegblẽ hã, menyae be dzinyelawo ƒe sededewo mele kpaɖii o, woɖe nu si tae wode seawo ɖo la me nam, eye wona wòle bɔbɔe nam be mate ɖe wo ŋu aɖo dze kpli wo. Esia na wòle bɔbɔe nam be maɖo to wo. Mekpɔe be wolɔ̃m, eye esia na nye hã medi be madze wo ŋu.”

10, 11. (a) Nɔnɔme gbegblẽ kawoe ɖee fia be amewo melɔ̃a ame ƒe nya o? (b) Aleke gbegbee Kristotɔwo lɔ̃ wo havii?

10 Paulo ƒo nu tso nɔnɔme gbegblẽ bubu siwo ɖee fia be amewo melɔ̃a ame ƒe nya o la ŋu. Esi wòyɔ “ame maɖoto dzilawo” vɔ la, eyɔ ame madakpewo ɖe eyome. Gɔmesese le esia ŋu, elabena ame madakpewo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu nyui siwo amewo wɔ na wo la ŋu o. Amewo anye ame mawɔnuteƒewo hã. Woanye ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, si fia be womelɔ̃na be yewoawɔ ŋutifafa kple ame bubuwo o. Amewo anye busunyagblɔlawo kple yomemɔfialawo, eye woanɔ nya veamewo kple nya vɔ̃wo gblɔm ɖe wo havi kple Mawu ŋu. Azɔ hã, amewo anye ameŋugblẽlawo, woanye ame siwo gblɔa alakpanya vɔ̃ɖiwo ɖe ame bubuwo ŋu be yewoatsɔ agblẽ woƒe ŋkɔ. *

11 Yehowa subɔlawo ƒe nɔnɔme to vovo kura na ame akpa gãtɔ siwo le xexea me la tɔ, elabena woawo ya wolɔ̃ wo haviwo tso dzi me. Aleae wòle tso blema ke. Yesu gblɔ be se vevitɔ evelia le Mose ƒe Sea mee nye be ame nalɔ̃ ehavi; lɔlɔ̃ sia hã ɖea dzesi le lɔlɔ̃ si nye a·gaʹpe ŋu, eye se vevitɔ kekeakee nye be ame nalɔ̃ Mawu. (Mat. 22:38, 39) Yesu gblɔ be nu si ade dzesi Kristotɔ vavãwoe nye lɔlɔ̃ si anɔ wo dome. (Xlẽ Yohanes 13:34, 35.) Kristotɔ vavãwo alɔ̃ woƒe futɔwo gɔ̃ hã.—Mat. 5:43, 44.

12. Aleke Yesu ɖee fia be yelɔ̃ amewo?

12 Yesu ɖee fia be yelɔ̃ amewo vevie. Ezɔ mɔ tso du me yi du me ɖanɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gblɔm na amewo. Eʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo, ena lãmetututɔwo ƒe lãme sẽ, ena anyidɔlélawo ŋuti kɔ, eye wòna tokunɔwo gase nu. Efɔ ame kukuwo hã ɖe tsitre. (Luka 7:22) Yesu tsɔ eƒe agbe gɔ̃ hã sa vɔ ɖe ameƒomea ta, togbɔ be ame geɖe lé fui hã. Yesu ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃ fia le mɔ deblibo nu. Le xexea me godoo la, Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua, eye wolɔ̃a amewo.

13. Ne míelɔ̃ amewo la, aleke esia akpe ɖe wo ŋu woate ɖe Yehowa ŋu?

13 Ne míelɔ̃ amewo la, esia ate ŋu ana woadi be yewoasrɔ̃ nu tso mía Fofo si le dziƒo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ale si nɔviwo ɖe lɔlɔ̃ fia wo nɔewo le nutome gã takpekpe aɖe me la wɔ dɔ ɖe ŋutsu aɖe si le Thailand la dzi ale gbegbe. Esi wòtrɔ yi aƒe me la, ebia tso Ðasefowo si be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye zi eve le kwasiɖa me. Eɖe gbeƒã na eƒe ƒomea me tɔwo katã, eye ɣleti ade pɛ ko le takpekpea megbe la, ewɔ eƒe sukuvi ƒe dɔdeasi gbãtɔ si nye Biblia xexlẽ le Fiaɖuƒe Akpata me. Be míadzro mía ɖokui me akpɔ ale si gbegbe míelɔ̃ amewoe la, anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe medzea agbagba kpena ɖe nye ƒometɔwo, hamea me tɔwo kple ame siwo medoa goe le gbeadzi ŋua? Ðe medzea agbagba be mabu amewo abe ale si Yehowa bua woe enea?’

AMEGÃXIWO KPLE ALẼVIWO

14, 15. Nɔnɔme gbegblẽ kawoe ame geɖe ɖena fiana, gake aleke wo dometɔ aɖewo trɔ woƒe nɔnɔmee?

14 Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, amewo gaɖea nɔnɔme bubu aɖewo hã fiana, siwo wòle be Kristotɔwo naƒo asa na. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe nye ame siwo melɔ̃a nu nyui o, alo abe ale si gɔmeɖeɖe aɖewo gblɔe ene la, “wolé fu nu nyui” alo “wotsia tsitre ɖe nu nyui ɖe sia ɖe ŋu.” Woanye ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo. Ame aɖewo nye totrilawo. Wowɔa nu nuŋumabumabutɔe, eye wometsɔa ɖeke le nu siwo woƒe nuwɔnawo agblẽ le ame bubuwo ŋu la me o.

15 Ame geɖe siwo wɔa nu gbegblẽ mawo tsã la va zu ame nyuiwo fifia. Wogblɔ tɔtrɔ wɔnuku sia ŋuti nya ɖi le Biblia me nyagblɔɖi aɖe me. (Xlẽ Yesaya 11:6, 7.) Biblia gblɔ le afi ma be lã wɔadãwo, abe amegãxiwo kple dzatawo ene, le aƒemelãwo, abe alẽwo kple gbɔ̃viwo ene, gbɔ le ŋutifafa me. Nu ka tae wole wo nɔewo gbɔ kpoo? Biblia ɖe eme be, esi “sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi” tae. (Yes. 11:9) Lãwo mate ŋu asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu o, eya ta ale si amewo atrɔ woƒe amenyenye la koŋ ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo.

Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ nana amewo ƒe nɔnɔme trɔna! (Kpɔ memama 16)

16. Aleke Biblia kpe ɖe amewo ŋu wotrɔ woƒe nɔnɔme?

16 Ame gbogbo aɖewo nye ame wɔadãwo tsã abe amegãxiwo ene, gake fifia, wonɔa anyi le ŋutifafa me kple ame bubuwo. Àte ŋu axlẽ wo dometɔ aɖewo ƒe ŋutinyawo le nyati siwo ƒe tanyae nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” me le jw.org. Ame siwo va nya Yehowa hele esubɔm la mele abe ame siwo ŋu ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme dzena le, gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi o la ene o. Ame mawo tɔgbi wɔa nu abe ɖe wosubɔa Mawu ene, gake woƒe nuwɔnawo mefia nenema o. Ke boŋ ame siwo nye ame wɔadãwo tsã la va do “amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me.” (Ef. 4:23, 24) Ne amewo va le nu srɔ̃m tso Mawu ŋu la, wova kpɔnɛ be ehiã be yewoanɔ agbe wòasɔ ɖe eƒe nudidiwo nu. Esia ʋãa wo be woaɖe asi le nu siwo dzi woxɔ se tsã la ŋu eye woatrɔ woƒe nɔnɔme kple agbenɔnɔ siaa. Mele bɔbɔe be woawɔ tɔtrɔ mawo o, gake Mawu ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe ame siwo di vevie be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ŋu.

“TE ÐOKUIWÒ ÐA TSO AME SIAWO GBƆ”

17. Aleke míawɔ be ame siwo meɖea mawumenɔnɔmewo fiana o la ƒe nuwɔnawo nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o?

17 Egbea, vovototo si le ame siwo subɔa Mawu kple ame siwo mesubɔnɛ o dome va le dzedzem ƒãa wu tsã. Ele be mí ame siwo le Mawu subɔm la míakpɔ nyuie be míagasrɔ̃ ame madzɔmadzɔwo ƒe nɔnɔmewo o. Míedi be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si tso Mawu gbɔ be míate mía ɖokui ɖa tso ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le 2 Timoteo 3:2-5 gbɔ la dzi. Enye nyateƒe be míate ŋu aƒo asa na ame siwo ɖea nɔnɔme gbegblẽwo fiana la keŋkeŋ ya o. Ðewohĩ ahiã be míawɔ dɔ kpli wo, míade suku kpli wo alo mía kpli wo míanɔ aƒe ɖeka me. Gake míate ŋu aƒo asa na woƒe nuŋububu kple woƒe nɔnɔme gbegblẽwo. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Eyae nye be míado ŋusẽ míaƒe xɔse to Biblia sɔsrɔ̃ kpakple hadede kple ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoasubɔ Yehowa la dzi.

18. Aleke míaƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ ate ŋu awɔe be amewo nadi be yewoanya Yehowa?

18 Ele hã be míadze agbagba vevie akpe ɖe amewo ŋu woanya Yehowa. Di mɔnukpɔkpɔwo nàɖi ɖase na amewo eye nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàgblɔ nya si sɔ le ɣeyiɣi si sɔ me. Ele be míana amewo nanya be Yehowa Ðasefowoe míenye. Ne míewɔe alea la, míaƒe agbenɔnɔ nyui la ahe kafukafu vɛ na Mawu, ke menye na míawo ŋutɔwo o. Yehowa fia mí be “míatsri mawumavɔmavɔ̃ kple xexea me nudzodzrowo, eye be míanɔ agbe le ŋuɖɔɖo kple dzɔdzɔenyenye kpakple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me le fifi nuɖoanyi sia me.” (Tito 2:11-14) Ne míesrɔ̃a Yehowa eye míenɔa agbe abe ale si wòdi tso mía si ene la, amewo ade dzesii, eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã agblɔ be: “Míayi kpli mi, elabena míese be Mawu li kpli mi.”—Zak. 8:23.

^ mm. 10 Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ameŋugblẽla” alo “amenutsola” ye nye di·aʹbo·los, si nye dzesideŋkɔ si Biblia zã na Satana, ame si gblɔ alakpanya vɔ̃ɖi ɖe Mawu ŋu.