Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 3

Aleke Nàwɔ Adzɔ Wò Dzi Ŋu?

Aleke Nàwɔ Adzɔ Wò Dzi Ŋu?

“Dzɔ wò dzi ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe.”​—LOD. 4:23.

HADZIDZI 36 Míadzɔ Míaƒe Dzi Ŋu

NYA VEVIAWO *

1-3. (a) Nu ka tae Yehowa lɔ̃ Salomo, eye aleke wòyrae? (b) Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati sia me?

SALOMO zu Israel dukɔa ƒe fia esime wònye ɖekakpui dzaa ko. Esi wòdze fiaɖuɖu gɔme eteƒe medidi o la, Yehowa ɖe eɖokui fiae le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be: “Bia nu si mana wò.” Salomo ɖo eŋu nɛ be: “Ðevi dzaa ko menye, eye nuteƒekpɔkpɔ mesu asinye o. . . . Eya ta na dzi [ɖoto] wò subɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ la.” (1 Fia. 3:5-10) Esi Salomo bia Yehowa be wòana “dzi [ɖoto]” ye la, esia fia be Salomo nya afi si eƒe ŋutete se ɖo. Mewɔ nuku o be Yehowa lɔ̃ Salomo ale gbegbe! (2 Sam. 12:24) Nu si fia ɖekakpui Salomo bia la dze mía Mawu la ŋu ale gbegbe be ena “dzi nyanu si sea nu gɔme” lae.—1 Fia. 3:12.

2 Zi ale si Salomo yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa la, zi nenemae Yehowa yrae. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe su esi wòtu gbedoxɔ aɖe “na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe ŋkɔ.” (1 Fia. 8:20) Salomo ƒe ŋkɔ de du le nunya si Mawu nae ta. Eye wova ŋlɔ nya siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ la ɖe Biblia-gbalẽ etɔ̃ me. Wo dometɔ ɖekae nye Lododowo ƒe agbalẽa.

3 Woyɔ dzi la zi alafa ɖeka kloe le Lododowo ƒe agbalẽa me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ le Lododowo 4:23 be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe.” Nu kae ŋkɔnya “dzi” fia le mawunyakpukpui sia me? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia le nyati sia me. Azɔ hã, míadzro biabia eve bubuwo hã me; woawoe nye: Aleke Satana dzea agbagba be yeagblẽ nu le míaƒe dzia ŋu? Eye nu kae míate ŋu awɔ be míadzɔ míaƒe dzi ŋu? Hafi míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu la, ele be míanya biabia vevi siawo ƒe ŋuɖoɖowo.

“WÒ DZI”—NU KAE WÒFIA?

4-5. (a) Aleke Psalmo 51:6 kpe ɖe mía ŋu míese nu si ŋkɔnya “dzi” fia la gɔme? (b) Aleke míate ŋu atsɔ míaƒe lãmesẽmenɔnɔ awɔ kpɔɖeŋu na ale si ame si míenye le ememe la le vevie?

4 Le Lododowo 4:23 la, wozã ŋkɔnya “dzi” wòfia ame si míenye “le ememe ke.” (Xlẽ Psalmo 51:6.) Ne míagblɔe bubui la, “dzi” la fia míaƒe tamesusuwo, seselelãmewo, nu siwo ʋãa mí míewɔa nu, kple míaƒe didiwo. Efia ame si tututu míenye le ememe, ke menye ale si míedzena le gotae ko o.

5 Bu ale si míate ŋu atsɔ míaƒe lãmesẽmenɔnɔ awɔ kpɔɖeŋu na ale si gbegbe ame si míenye le ememe la le vevie ŋu kpɔ. Gbã la, hafi míate ŋu anɔ lãmesẽ nyui me le ememe la, ele be míanɔ nu siwo me nunyiame le la ɖum, eye míanɔ kame dem edziedzi. Nenema kee hafi míanɔ lãmesẽ nyui me le gbɔgbɔme la, ele be míanɔ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo xlẽm edziedzi eye míanɔ eɖem fia edziedzi be míexɔ Yehowa dzi se. Míeɖenɛ fiana be míexɔ Yehowa dzi se ne míewɔna ɖe nu siwo míesrɔ̃ la dzi eye míeƒoa nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu na amewo. (Rom. 10:8-10; Yak. 2:26) Evelia, ale si míedzena le gotae la ate ŋu ana míasusui be míele lãmesẽ nyui me evɔ míele dɔ lém vevie le ememe. Le mɔ ma ke nu la, ɖewohĩ esi míele gome kpɔm le teokrasidɔwo me edziedzi ta la, míasusui be míesẽ le xɔse me, gake ate ŋu anye be dzodzro vɔ̃wo le ke ƒom ɖe to ɖe mía me. (1 Kor. 10:12; Yak. 1:14, 15) Ele be míaɖo ŋku edzi be Satana di be yeaƒã yeƒe susuwo ɖe mía me. Mɔ kawo dzie wòtona dzea agbagba be yeawɔ esia? Eye aleke míate ŋu akpɔ mía ɖokui tae?

ALE SI SATANA DZEA AGBAGBA BE YEAGBLẼ NU LE MÍAƑE DZIA ŊU

6. Nu kae nye Satana ƒe taɖodzinu, eye aleke wòdzea agbagba be yeaɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ?

6 Satana di be míanye aglãdzela siwo ŋea aɖaba ƒua Yehowa ƒe sewo dzi kple ame siwo dia wo ɖokuiwo tɔ abe ye ke ene. Satana mate ŋu azi mía dzi be míabu nuwo ŋu ahawɔ nu abe ye ene o. Eya ta, etoa mɔ bubuwo dzi dzea agbagba be yeaɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo dome míele la le eƒe ŋusẽ te xoxo. (1 Yoh. 5:19) Enɔa mɔ kpɔm be míawo ŋutɔwo míatiae be míade ha kpli wo, togbɔ be míenyae be hadede vɔ̃wo akpɔ ŋusẽ ‘gbegblẽ’ ɖe míaƒe tamesusu kple nuwɔna dzi gɔ̃ hã. (1 Kor. 15:33) Mɔ̃ sia ɖe Fia Salomo. Eɖe nyɔnu trɔ̃subɔla geɖewo, eye mlɔeba, “srɔ̃awo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi,” eye “ʋɛʋɛʋɛ la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi” ɖa le Yehowa ŋu.—1 Fia. 11:3; etenuŋɔŋlɔ.

Aleke nàte ŋu adzɔ wò dzi ŋu be agbagba siwo dzem Satana le be yeaƒã yeƒe susuwo ɖe eme la nagadze edzi o? (Kpɔ memama 7 lia) *

7. Mɔ bubu ka dzie Satana tona kakaa eƒe susuwo, eye nu ka tae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe eŋu?

7 Satana toa filmwo kple televisiondziwɔnawo dzi kakaa eƒe susuwo. Enyae be menye ɖeko ŋutinyawo sese doa dzidzɔ na mí ko o; ke wofiaa ale si míabu nuwo ŋui, ale si míase le mía ɖokuiwo me kple ale si míawɔ nui hã mí. Yesu zã mɔnu sia le eƒe nufiafia me. De ŋugble le eƒe kpɔɖeŋu siwo ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa kple vi nudomegblẽlaa ŋu la ŋu kpɔ. (Mat. 13:34; Luka 10:29-37; 15:11-32) Gake, ame siwo dzi Satana kpɔ ŋusẽ ɖo ya ate ŋu awɔ ŋutinyawo ŋu dɔ atsɔ akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. Eya ta, ele be míada asɔ. Míate ŋu ase vivi na filmwo kple televisiondziwɔnawo eye woafia nu geɖe mí evɔ womakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe tamesusuwo dzi o. Ke hã, ele be míaɖɔ ŋu ɖo. Ne míele dzidzɔdonamenu aɖe tiam la, anyo be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe film alo televisiondziwɔna sia ana masusu be megblẽ be maɖi kɔ na nye ŋutilã ƒe nudzodzrowo oa?’ (Gal. 5:19-21; Ef. 2:1-3) Ne ède dzesii be nu si kpɔm nèle la le Satana ƒe susuwo dom ɖe ŋgɔ la, nu kae wòle be nàwɔ? Ƒo asa nɛ abe ale si nàƒo asa na dɔxɔleameŋu ene!

8. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woadzɔ woƒe dzi ŋu?

8 Dzilawo, miaƒe agbanɔamedzi vevi aɖee wònye be miakpɔ mia viwo ta tso agbagba siwo dzem Satana le be yeagblẽ nu le woƒe dzia ŋu la me. Ðikeke mele eme o, be miewɔa mia tɔ sinua be miakpɔ mia viwo ta tso dɔlélewo si me. Mienaa miaƒe aƒe me nɔa dzadzɛ, eye mietsɔa nu sia nu si ate ŋu ana mia kple mia viwo miadze dɔ la ƒua gbe. Le mɔ ma ke nu la, ehiã be miakpɔ mia viwo ta tso film, televisiondziwɔna, videofefe kple Internet nyatakakadzraɖoƒe siwo ate ŋu aƒã Satana ƒe susuwo ɖe woƒe dzi me la si me. Yehowa na ŋusẽ mi be miakpe ɖe mia viwo ŋu be woazu ye xɔlɔ̃wo. (Lod. 1:8; Ef. 6:1, 4) Eya ta, migahe ɖe megbe kura o, mide se siwo wɔ ɖeka kple Biblia me gɔmeɖosewo la na mia viwo. Migblɔ film alo televisiondziwɔna siwo ƒomevi woate ŋu akpɔ kple esiwo mele be woakpɔ o la na wo, eye mikpe ɖe wo ŋu woase nu si tae mietso nya me nenema la gɔme. (Mat. 5:37) Ne mia viwo le tsitsim la, mina hehe wo be woawo ŋutɔwo woate ŋu akpɔ nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ le Yehowa ƒe susu nu la adze sii. (Heb. 5:14) Eye nenɔ susu me na mi be mia viwo asrɔ̃ nu geɖe tso nya siwo miegblɔna na wo la me, gake woagasrɔ̃ nu geɖe wu tso kpɔɖeŋu siwo mieɖona na wo la me.—5 Mose 6:6, 7; Rom. 2:21.

9. Susu aɖe si Satana dona ɖe ŋgɔe nye ka, eye nu ka tae afɔku le eme?

9 Satana dzea agbagba hã be yeana míava nɔ ŋu ɖom ɖe amegbetɔ ƒe nunya ŋu tsɔ wu Yehowa ƒe susuwo ŋu ale be yeagblẽ nu le míaƒe dzia ŋu. (Kol. 2:8) Bu susu siwo wòdona ɖe ŋgɔ la dometɔ ɖeka ko ŋu kpɔ: eyae nye be, ele be gakpɔkpɔ nanye nu vevitɔ na mí le agbe me. Ame siwo bua nu ŋu alea la ate ŋu ava zu kesinɔtɔwo loo alo womazu kesinɔtɔwo o. Aleke kee wòɖale o, afɔku le eme. Nu ka tae? Nu si tae nye be, woate ŋu ava vu ɖe gadidi ŋu ale gbegbe be agblẽ nu le woƒe lãmesẽ, ƒomekadodowo kple ƒomedodo si le wo kple Mawu dome gɔ̃ hã ŋu, le esi wodi kokoko be yewoakpɔ ga ko ta. (1 Tim. 6:10) Ele be míada akpe be mía Fofo si le dziƒo, si nye nunyawo katã tsoƒe, la le kpekpem ɖe mía ŋu be míada asɔ le ale si míebua gae la gome.—Nyagb. 7:12; Luka 12:15.

NU KAE MÍATE ŊU AWƆ BE MÍADZƆ MÍAƑE DZI ŊU?

Abe gbetakpɔla kple agbonudzɔla siwo nɔ anyi le blema ene la, nɔ ŋudzɔ eye nàɖe afɔ siwo hiã be nu siwo agblẽ nu le wò dzi ŋu la nagage ɖe eme o (Kpɔ memama 10-11 lia) *

10-11. (a) Nu kae wòle be míawɔ be míakpɔ mía ɖokui ta? (b) Nu kae dzɔlawo wɔna le blema, eye aleke míaƒe dzitsinya ate ŋu anɔ na mí abe dzɔla ene?

10 Hafi míate ŋu adzɔ míaƒe dzi ŋu dzidzedzetɔe la, ele be míade dzesi afɔku siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe dzia ŋu eye míaɖe afɔ kaba atsɔ akpɔ mía ɖokui ta. Nya si gɔme woɖe be “dzɔ . . . ŋu” le Lododowo 4:23 la nana míeɖoa ŋku dɔ si dzɔlawo alo gbetakpɔlawo wɔna le blema la dzi. Le Fia Salomo ƒe ɣeyiɣia me la, dzɔlawo nɔa tsitre ɖe dua ƒe gliwo tame eye ne wokpɔe be afɔku aɖe gbɔna la, wonana dua me nɔlawo nyana. Kpɔɖeŋu sia akpe ɖe mía ŋu míase nu si wòle be míawɔ be Satana nagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe tamesusuwo dzi o la gɔme.

11 Le blema la, dzɔlawo alo gbetakpɔlawo wɔa dɔ aduadua kple dua ƒe agbonudzɔlawo. (2 Sam. 18:24-26) Woƒe dɔwɔwɔ ɖekae tea ŋu kpɔa dua me nɔlawo ta ne futɔwo gbɔna wo dzi dze ge. (Neh. 7:1-3) Míaƒe dzitsinya * si míetsɔ Biblia na hehee la ate ŋu awɔ dɔ abe dzɔla ene eye axlɔ̃ nu mí ne Satana le agbagba dzem be yeadze míaƒe dzia dzi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, akpɔ mía ta ne Satana dze agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusuwo, seselelãmewo, nu siwo ʋãa mí míewɔa nu, alo míaƒe didiwo dzi. Ɣesiaɣi si míaƒe dzitsinya xlɔ̃ nu mí la, ele be míaɖo toe eye míatu míaƒe dzia ƒe agbowo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu.

12-13. Nu kae ate ŋu azu tetekpɔ na mí ɣeaɖewoɣi, gake nu kae wòle be míawɔ?

12 Bu ale si míate ŋu akpɔ mía ɖokui ta be Satana ƒe susuwo nagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi o la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Yehowa fia mí be mele be “woayɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu kple makɔmakɔnyenye aɖeke ƒomevi alo ŋukeklẽ ŋkɔ gɔ̃ hã le [mía] dome o.” (Ef. 5:3) Gake, ne eva dzɔ be míaƒe dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo te dzeɖoɖo tso gbɔdɔnuwɔna manɔsenuwo ŋu ɖe, nu kae míawɔ? Míenya be ele be “míatsri mawumavɔmavɔ̃ kple xexea me nudzodzrowo.” (Tito 2:12) Eye ɖewohĩ dzɔlaa alo gbetakpɔlaa, si nye míaƒe dzitsinya, hã xlɔ̃ nu mí. (Rom. 2:15) Gake ɖe míaɖo toea? Ðewohĩ, adzro mí be míaɖo to dze si ɖom mía hatiawo le alo míakpɔ foto siwo kpɔm wole. Gake ɣeyiɣi sia mee wòle be míatu míaƒe dzi ƒe agbowo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Míawɔ esia ne míetrɔ dzeɖoɖoa wòku ɖe nya bubu ŋu alo míedzo le wo dome.

13 Ebia dzinɔameƒo be míagbe mía hatiwo ƒe nyaƒoƒo ɖe mía nu be míabu nu gbegblẽwo ŋu alo awɔ nu siwo mesɔ o. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa kpɔa míaƒe agbagbadzedzewo, eye ana ŋusẽ kple nunya si míehiã be míatsri Satana ƒe susuwo la mí. (2 Kron. 16:9; Yes. 40:29; Yak. 1:5) Gake nu bubu kawoe míate ŋu awɔ be míadzɔ míaƒe dzi ŋu?

NƆ ŊUDZƆ

14-15. (a) Nu kawoe wòle be míaɖe mɔ na be woage ɖe míaƒe dzia me, eye aleke míate ŋu awɔ esiae? (b) Aleke nya siwo le Lododowo 4:20-22 la kpena ɖe mía ŋu be Biblia xexlẽ naɖe vi na mí geɖe wu? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Míade Ŋugblee” hã.)

14 Togbɔ be míaƒe dzia ŋu dzɔdzɔ bia be míatu míaƒe dzi ƒe agbowo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be nu gbegblẽwo nagage ɖe eme o hã la, ebia hã be míaʋu agboawo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be nu nyuiwo nage ɖe eme. Gabu du si woɖo gli ƒo xlã, si ƒe kpɔɖeŋu míewɔ va yi la ŋu kpɔ. Ne futɔwo gbɔna dua dzi dze ge la, agbonudzɔlaa tua dua ƒe agbowo be woagage ɖe eme o, gake ɣebubuɣiwo la, eʋua agboawo ale be amewo natsɔ nuɖuɖu kple nuhiahiã bubuwo ava dua me. Ne womeʋua agboawo gbeɖe o la, dɔ awu dua me nɔlawo woaku. Nenema kee wòhiã be míanɔ míaƒe dzia ƒe agboawo ʋum le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be míaɖe mɔ na Mawu ƒe susuwo woage ɖe eme.

15 Yehowa ƒe susuwoe le Biblia me, eya ta, ɣesiaɣi si míexlẽe la, míeɖea mɔ Yehowa ƒe susuwo kpɔa ŋusẽ nyui ɖe míaƒe tamesusuwo, seselelãmewo kple nuwɔnawo dzi. Nu kae míawɔ be míaƒe Biblia xexlẽ naɖe vi na mí geɖe wu? Gbedodoɖa le vevie ŋutɔ. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Hafi maxlẽ Biblia la, medoa gbe ɖa na Yehowa hebianɛ be wòakpe ɖe ŋunye be ‘mate ŋu ake ɖe kesinɔnu siwo’ le eƒe Nyaa me ŋu.” (Ps. 119:18) Ehiã hã be míade ŋugble le nu si míexlẽ ŋu. Ne míedo gbe ɖa hafi xlẽ Biblia eye míede ŋugble le nu si míexlẽ ŋu la, esia wɔnɛ be Mawu ƒe Nyaa gena ɖe míaƒe “dzi ƒe gogloeƒe ke,” eye míeva lɔ̃a Yehowa ƒe susuwo.—Xlẽ Lododowo 4:20-22; Ps. 119:97.

16. Aleke JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo kpɔkpɔ ɖe vi na nɔvi geɖe?

16 Mɔ aɖe si nu míato ana Mawu ƒe susuwo nakpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía dzi ye nye be míanɔ JW Nyakakadɔwɔƒe ƒe videowo kpɔm. Atsu kple asi aɖe gblɔ be: “Míekpɔe be ɣleti sia ɣleti ƒe wɔnaa nye míaƒe gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo vavã! Wodoa ŋusẽ mí eye wodea dzi ƒo na mí ne míelé blanui alo míetsi akogo. Eye míeƒoa habɔbɔa ƒe hakpakpaawo edziedzi le mía ƒe me. Míeƒoa wo ne míele nu ɖam, ne míele aƒea me dzram ɖo, alo ne tii ko nom míele gɔ̃ hã.” Wɔna siawo kpena ɖe mía ŋu be míadzɔ míaƒe dzi ŋu. Wofiaa mí be míana míaƒe tamesusuwo nawɔ ɖeka kple Yehowa tɔ eye míaƒo asa na xexea ƒe nyaƒoɖeamenuwo, ale be míagaɖe mɔ be Satana ƒe susuwo nage ɖe míaƒe dzia me o.

17-18. (a) Abe ale si 1 Fiawo 8:61 gblɔe ene la, nu kae dzɔna ne míewɔ ɖe nu siwo Yehowa fia mí la dzi? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Fia Hizkiya ƒe kpɔɖeŋua me? (d) Le ɖekawɔwɔ me kple David ƒe gbedodoɖa si dze le Psalmo 139:23, 24 la, nu kae míate ŋu ado gbe ɖa abia?

17 Ɣesiaɣi si míekpɔ nu nyui siwo do tso míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ me la, míaƒe xɔse gasẽna ɖe edzi. (Yak. 1:2, 3) Míekpɔa dzidzɔ, elabe míenyae be míewɔ nu si dze Yehowa ŋu eye wònyea dada nɛ be wòayɔ mí be ye viwo, eye esia wɔnɛ be míegadina vevie wu be míawɔ nu si dzea eŋu. (Lod. 27:11) Míebua tetekpɔ ɖe sia ɖe si vaa mía dzi la be enye mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖee afia mía Fofo lɔ̃ame la be míeɖoe kplikpaa be míasubɔ eyama. (Ps. 119:113) Eye míeɖenɛ fiana Yehowa be míelɔ̃e kple dzi blibo, si fia be, míeɖoe kplikpaa be míawɔ eƒe sededewo dzi eye míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.—Xlẽ 1 Fiawo 8:61.

18 Ke ɖe wòate ŋu adzɔ be míawɔ vodada? Ɛ̃; elabe míede blibo o. Gake ne míeda vo la, anyo be míaɖo ŋku Fia Hizkiya ƒe kpɔɖeŋua dzi. Ewɔ vodada aɖewo. Gake etrɔ dzi me, eye wòyi edzi subɔ Yehowa “kple dzi blibo.” (Yes. 38:3-6; 2 Kron. 29:1, 2; 32:25, 26) Neva eme be míaƒo asa na agbagba siwo dzem Satana le be yeaƒã yeƒe susuwo ɖe mía me la. Mina míado gbe ɖa abia Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu be “dzi [ɖoto]” nasu mía si. (1 Fia. 3:9; xlẽ Psalmo 139:23, 24.) Míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ne míedzɔ míaƒe dzi ŋu wu nuwo katã.

HADZIDZI 54 “Mɔ Lae Nye Esi”

^ mm. 5 Ðe míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, alo ɖe míaɖe mɔ Satana nakplɔ mí atra ɖa tso mía Mawu la gbɔa? Menye ale si gbegbe tetekpɔ si va mía dzi la nu sẽe lae ana míanya o, ke boŋ, ale si gbegbe míedzɔa míaƒe dzi ŋue. Nu kae ŋkɔnya “dzi” fia? Aleke Satana dzea agbagba be yeagblẽ nu le míaƒe dzia ŋui? Eye nu kae míate ŋu awɔ be míadzɔ míaƒe dzi ŋu? Míakpɔ biabia vevi siawo ƒe ŋuɖoɖowo le nyati sia me.

^ mm. 11 NYAMEÐEÐE: Esi Yehowa wɔ mí la, ena ŋutete mí be míadzro míaƒe tamesusuwo, seselelãmewo, kple nuwɔnawo me ahadrɔ̃ ʋɔnu mía ɖokui. Biblia yɔ ŋutete sia be dzitsinya. (Rom. 2:15; 9:1) Dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la nye esi zãa Yehowa ƒe se siwo le Biblia me tsɔ drɔ̃a ʋɔnu be yeakpɔe ɖa be nu si míesusu, nu si míewɔ alo nya si míegblɔ la le eteƒe loo alo enye nu gbegblẽ.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖe le television kpɔm, eye kasia, gbɔdɔnuwɔna aɖe dze le television-a dzi. Ele be wòatso nya me le nu si wòawɔ ŋu.

^ mm. 58 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Gbetakpɔla aɖe kpɔe be futɔwo gbɔna dua dzi dze ge. Edo ɣli yɔ dua ƒe agbonudzɔlawo, eye wotu dua ƒe agbowo enumake hetsɔ atikpo glãe le eme.