Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 1

“Mègatsi Dzi O, Elabena Nyee Nye Wò Mawu”

“Mègatsi Dzi O, Elabena Nyee Nye Wò Mawu”

“Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu. Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò.”​—YES. 41:10.

HADZIDZI 7 Yehowa, Míaƒe Ŋusẽ

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Aleke nya siwo le Yesaya 41:10 la kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Yoshiko la ŋu? (b) Ame kawoe nya mawo siwo Yehowa na woŋlɔ ɖi la ate ŋu aɖe vi na?

NƆVINYƆNU Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Yoshiko la se nya vɔ̃ aɖe. Eƒe ɖɔkta gblɔ nɛ be ɣleti ʋɛ aɖewo koe susɔ wòatsɔ anɔ agbe. Aleke wòwɔ nui? Yoshiko ɖo ŋku eƒe mawunyakpukpui vevi aɖe dzi; eyae nye Yesaya 41:10. (Xlẽe.) Egblɔ na ɖɔktaa dziɖeɖitɔe be nyaa metso dzika ƒo na ye o, elabe Yehowa lé yeƒe asi goŋgoŋ. * Akɔfanya siwo le mawunyakpukpui sia me la kpe ɖe mía nɔvinyɔnu vevi sia ŋu wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Kpukpui sia ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu míaɖe dzi ɖi ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Gbã la, na míadzro susu si tae Mawu de gbe ma asi na Yesaya ɖo la me, ale be míase nu si tae nya sia ate ŋu ade dzi ƒo na mí la gɔme.

2 Yudatɔ siwo ava yi aboyo me le Babilon la tae Yehowa de gbe ma asi na Yesaya ɖo, ale be yeatsɔ afa akɔ na wo. Ke hã, menye Yudatɔ aboyomeawo ta koe Yehowa na Yesaya ŋlɔ nya mawo ɖi ɖo o, ke enyae hã be ava ɖe vi na yeƒe amewo katã emegbe. (Yes. 40:8; Rom. 15:4) Egbea, míele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me, eye míehiã dzideƒonya siwo le Yesaya ƒe agbalẽa me fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe.—2 Tim. 3:1.

3. (a) Ŋugbedodo kawoe dze le Yesaya 41:10, si nye ƒe 2019 ƒe mawunyakpukpuia me? (b) Nu ka tae míehiã na kakaɖedzinya siwo dze le Yehowa ƒe ŋugbedodo mawo me?

3 Le nyati sia me la, míalé ŋku ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo dze le Yesaya 41:10 la dometɔ etɔ̃ siwo doa ŋusẽ míaƒe xɔse la ŋu; woawoe nye: (1) Yehowa anɔ kpli mí, (2) eyae nye míaƒe Mawu, eye (3) akpe ɖe mía ŋu. Míehiã na kakaɖedzinya * siawo, elabe nɔnɔme sesẽwo vaa mía dzi abe ale si wòdzɔ ɖe Yoshiko dzi ene. Nu siwo le edzi yim le xexea me la wɔnɛ be míawo hã míetoa nɔnɔme sesẽwo me. Mía dometɔ aɖewo le fu kpem gɔ̃ hã le dziɖuɖu triakɔwo ƒe yometiti ta. Na míadzro kakaɖedzinya etɔ̃awo me ɖekaɖeka.

“MELI KPLI WÒ”

4. (a) Nu kae nye kakaɖedzinya gbãtɔ si me míadzro? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (b) Nya kawoe Yehowa gblɔ tsɔ ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na mí? (d) Dɔ kae kakaɖedzinya mawo wɔ ɖe dziwò?

4 Kakaɖedzinya gbãtɔ si Yehowa gblɔ na mí ye nye: “Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.” * Yehowa ɖenɛ fiana be yeli kpli mí, le mɔ sia nu be, eléa be na mí eye melɔ̃a nu le mía gbɔ o. De dzesi ale si wòɖe ale si wòtsɔ ɖe le eme na mí vevie la gblɔe ɖa. Yehowa gblɔ be: “Èxɔ asi le ŋkunyeme, mede bubu ŋuwò, eye melɔ̃ wò.” (Yes. 43:4) Ŋusẽ aɖeke mele xexe bliboa me si ate ŋu ana Yehowa nadzudzɔ ame siwo subɔnɛ la lɔlɔ̃ o; eƒe nuteƒewɔwɔ li tegbee. (Yes. 54:10) Ale si wòlɔ̃ míi kple ƒomedodo si le mía kplii dome la nana dzi nɔa mía ƒo. Akpɔ mía ta egbea, abe ale si wòkpɔ exɔlɔ̃ Abram (Abraham) ta ene. Yehowa gblɔ nɛ be: “Abram, mègavɔ̃ o. Nyee nye wò akpoxɔnu.”—1 Mose 15:1.

Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu ato nɔnɔme sesẽ siwo le abe tɔsisi ene kple esiwo le abe dzoƒaɖe ene la me ado (Kpɔ memama 5-6 lia) *

5-6. (a) Aleke míewɔ nya be Yehowa dina be yeakpe ɖe mía ŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yoshiko ƒe kpɔɖeŋua me?

5 Míenya be Yehowa dina be yeakpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe si le nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋu, elabe edo ŋugbe na eƒe amewo be: “Ne èto tsi me la, manɔ kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èzɔ dzo me la, mamè wò loo, alo dzoƒaɖe nafiã wò o.” (Yes. 43:2) Nu kae nya siawo fia?

6 Yehowa medo ŋugbe be yeaɖe xaxa siwo nana agbea sesẽna na mí la ɖa le mía dzi o, ke boŋ, edo ŋugbe be yemaɖe mɔ kuxi gbogbo siwo vaa mía dzi abe ‘tɔsisi’ ene alo nɔnɔme sesẽ siwo le abe “dzoƒaɖe” ene la nagblẽ nu le mía ŋu ɖikaa o. Eka ɖe edzi na mí be yeanɔ kpli mí ahakpe ɖe mía ŋu ‘míato’ xaxa mawo me ado. Aleke Yehowa awɔ esiae? Aɖe vɔvɔ̃ ɖa le mía me ale be míate ŋu awɔ nuteƒe nɛ, ne míedze ŋgɔ ku gɔ̃ hã. (Yes. 41:13) Nenema tututue wòdzɔ le nɔvinyɔnu Yoshiko si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gome. Vianyɔnu gblɔ be: “Ale si Dada ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la wɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe. Míekpɔe dzesii be Yehowae na wòɖe dzi ɖi nenema. Dada ɖe gbeƒã na dɔnɔdzikpɔlawo kple dɔnɔ bubuwo tso Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo ŋu va de asi na eƒe kugbe.” Nu kae míesrɔ̃ tso Yoshiko ƒe kpɔɖeŋua me? Ne míeka ɖe ŋugbe si Mawu do be “manɔ kpli wò” dzi la, dzi anɔ míawo hã ƒo eye míasẽ ŋu ahado dzi le xaxawo me.

“NYEE NYE WÒ MAWU”

7-8. (a) Nu kae nye kakaɖedzinya evelia si me míadzro, eye nu kae wòfia? (b) Nu ka tae Yehowa gblɔ na Yuda dukɔa si yi aboyo me la be: “Mègatsi dzi o”? (d) Nya kawoe dze le Yesaya 46:3, 4 siwo anya wɔe be Mawu ƒe amewo ɖe dzi ɖi?

7 De dzesi kakaɖedzinya evelia si Yehowa gblɔ to Yesaya dzi; egblɔ be: “Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu.” Nu kae nya sia fia mí tso ale si ame natsi dzimaɖi ŋu? Le kpukpui sia me la, gbe gbãtɔa me nya si gɔme woɖe be ‘tsi dzi’ fiana be ame “natrɔ kpɔ megbe ziewoziewo le esi wòbu be ame aɖe alo nane awɔ nu vevi ye ta” alo ame “nanɔ ŋu tsam le esi wòle vɔvɔ̃m ta.”

8 Nu ka tae Yehowa gblɔ na Yudatɔ siwo ava nɔ aboyo me le Babilon la be ‘woagatsi dzi o’? Nu si tae nye be, enyae be ŋɔdzi alé dukɔ ma me tɔwo. Nu ka gbɔe wòatso? Le ƒe 70 si Yudatɔwo tsɔ nɔ aboyo me ƒe nuwuwu lɔƒo la, Medo-Persia ƒe asrafo sesẽawo ava dze Babilon dzi. Yehowa ato asrafo siawo dzi aɖe eƒe amewo tso aboyo me le Babilon. (Yes. 41:2-4) Esi Babilontɔwo kple dukɔ bubu siwo nɔ anyi ɣemaɣi la me tɔwo kpɔe be yewoƒe futɔwo gbɔna la, wodze agbagba be yewoade dzi ƒo na yewo nɔewo henɔ gbɔgblɔm na wo nɔewo be: “Sẽ ŋu.” Wogali legba bubu geɖewo henɔ mɔ kpɔm be woakpɔ yewo ta. (Yes. 41:5-7) Evɔ Yehowa ya na Yudatɔ aboyomeawo ɖe dzi ɖi esi wògblɔ na wo be: “Ke wò, Israel, [to vovo na dukɔ siwo ƒo xlã wò la,] nye subɔla nènye . . . Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu.” (Yes. 41:8-10) De dzesii be Yehowa gblɔ be: “Nyee nye wò Mawu.” Yehowa to nya siawo dzi ka ɖe edzi na esubɔla wɔnuteƒewo be yemeŋlɔ wo be o—yegakpɔtɔ nye woƒe Mawu, eye woawo hã wokpɔtɔ nye yeƒe dukɔ. Egblɔ na wo be: ‘Matsɔ mi eye maxɔ na mi.’ Ðikeke mele eme o be, kakaɖedzinya mawo do ŋusẽ Yudatɔ aboyomeawo ale gbegbe.—Xlẽ Yesaya 46:3, 4.

9-10. Nu ka tae mehiã be míavɔ̃ kura o? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Ame siwo dome míele la tsi dzimaɖi fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe, le esi nuwo le gbegblẽm ɖe edzi le xexea me ta. Kuxi mawo kee ɖea fu na míawo hã. Gake mehiã be míavɔ̃ kura o. Yehowa le gbɔgblɔm na mía dometɔ ɖe sia ɖe be: “Nyee nye wò Mawu.” Nu ka tae nya mawo nye susu vevi aɖe si tae wòle be míaɖe dzi ɖi?

10 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Mɔzɔla eve siwo ƒe ŋkɔwoe nye Jim kple Ben la ɖo yameʋu yina teƒe aɖe, eye kasia, ya sesẽ aɖe te ƒoƒo henɔ yameʋua lɔm. Esi yaa nɔ yameʋua ʋuʋum kedzekedze la, yameʋukulaa ɖe gbeƒãe na mɔzɔlaawo be: “Mibla mia ɖokuiwo ɖe zikpuiawo me nyuie. Míato yaƒoƒo sesẽwo me hena ɣeyiɣi aɖe.” Jim nɔ vɔvɔ̃m vevie. Yameʋukulaa gagblɔ be: “Migatsi dzi o. Nye, yameʋukulaa ye le nu ƒom.” Esi Jim se nya sia la, eʋuʋu ta hegblɔ be, “Kakaɖedzinya kae nye ema ya?” Ke hã, ede dzesii be, Ben ya metsi dzi kura o. Eya ta, Jim biae be: “Nu ka tae nèɖe dzi ɖi nenema gbegbe?” Ben ko alɔgbɔnu hegblɔ nɛ be: “Nu si tae nye be, menya yameʋukulaa nyuie. Tɔnyee!” Eyome, Ben gblɔ nɛ be: “Na maƒo nu tso tɔnye ŋu na wò. Meka ɖe edzi be, ne èva nya nu tso eŋu eye nènya ale si gbegbe wòbi ɖe yameʋukuku me la, wò hã àɖe dzi ɖi.”

11. Nufiame kawoe le mɔzɔla eveawo ƒe kpɔɖeŋua me na mí?

11 Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu sia me? Abe Ben ene la, míawo ya míeɖe dzi ɖi, elabena míenya Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la nyuie. Míenyae be akplɔ mí ato kuxi sesẽ siwo le abe ahomya sesẽwo ene, siwo vaa mía dzi le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me, la me ado dedie. (Yes. 35:4) Míeka ɖe Yehowa dzi, eya ta, ne amewo tsi dzodzodzoe le nu siwo le edzi yim le xexea me ta hã la, míawo ya míate ŋu aɖe dzi ɖi. (Yes. 30:15) Míewɔa nu abe Ben ene ne míegblɔ nu siwo tae míeka ɖe Mawu dzi ɖo la na míaƒe aƒelikawo. Esia awɔe be kakaɖedzi asu woawo hã si be, nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava yewo dzi o, Yehowa akpe ɖe yewo ŋu.

“MADO ŊUSẼ WÒ [EYE] MAKPE ÐE ŊUWÒ”

12. (a) Nu kae nye kakaɖedzinya etɔ̃lia si me míadzro? (b) Nyateƒenya ka dzie Yehowa ƒe “alɔ” si dze le Yesaya 40:10 la ɖo ŋkui na mí?

12 Bu kakaɖedzinya etɔ̃lia si Yehowa gblɔ to Yesaya dzi ŋu kpɔ; egblɔ be: “Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò.” Yesaya ɖɔ ale si Yehowa ado ŋusẽ Eƒe amewoe la xoxo esi wògblɔ be: “Yehowa gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe alɔ aɖu fia ɖe enu.” (Yes. 40:10) Biblia zãa ŋkɔnya “alɔ” zi geɖe wòtsia tsitre ɖi na ŋusẽ. Eya ta, nya si nye be Yehowa ƒe “alɔ aɖu fia” la ɖo ŋku edzi na mí be Yehowa nye Fia si si ŋusẽ geɖe le. Le blema la, ezã eƒe ŋusẽ alo alɔkame sesẽ la tsɔ kpe ɖe esubɔlawo ŋu hekpɔ wo ta, eye nenema kee egbea hã, egakpɔtɔ le ŋusẽ dom ame siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu la hele wo ta kpɔm.—5 Mose 1:30, 31; Yes. 43:10, etenuŋɔŋlɔ.

Lãnu aɖeke mate ŋu akpe Yehowa ƒe alɔkame sesẽ si kpɔa mía ta la dzi o (Kpɔ memama 12-16 lia) *

13. (a) Ɣekaɣi koŋue Yehowa wɔa ŋugbe si wòdo be yeado ŋusẽ mí la dzi? (b) Yehowa ƒe ŋugbedodo kae nana ŋusẽ ɖoa mía ŋu eye kakaɖedzi blibo sua mía si?

13 Ne futɔwo le mía yome tim la, ɣemaɣi koŋue Yehowa wɔa ŋugbe si wòdo be, “Mado ŋusẽ wò” la dzi. Egbea le xexea ƒe akpa aɖewo la, míaƒe futɔwo le agbagba dzem vevie be yewoatɔ te míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa keŋkeŋ alo aɖo asi míaƒe habɔbɔa dzi. Ne edzɔ alea gɔ̃ hã la, míetsia dzimaɖi le amedzidzedze mawo ŋu fũu o. Yehowa do ŋugbe aɖe na mí si nana ŋusẽ ɖoa mía ŋu eye kakaɖedzi blibo sua mía si. Edo ŋugbe na mí be: “Lãnu sia lãnu si woatu ɖe ŋuwò la madze edzi o.” (Yes. 54:17) Ŋugbedodo sia ɖoa ŋku nyateƒenya vevi etɔ̃ aɖewo dzi na mí.

14. Nu ka tae mewɔa nuku na mí be Mawu ƒe futɔwo dzea mía dzi o?

14 Gbã la, esi míenye Kristo yomedzelawo ta la, míenyae be amewo alé fu mí. (Mat. 10:22) Yesu gblɔe ɖi be woati yeƒe nusrɔ̃lawo yome vevie le ŋkeke mamlɛawo me. (Mat. 24:9; Yoh. 15:20) Evelia, Yesaya ƒe nyagblɔɖia xlɔ̃ nu mí be, menye ɖeko míaƒe futɔwo alé fu mí o, ke woazã lãnu vovovowo hã ɖe mía ŋu. Lãnu mawo dometɔ aɖewoe nye amefuflu si menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o, alakpanya vɔ̃ɖiwo, kple yometiti tagbɔsesẽtɔe. (Mat. 5:11) Yehowa maxe mɔ na míaƒe futɔwo be woagazã lãnu siawo ɖe mía ŋu o. (Ef. 6:12; Nyaɖ. 12:17) Gake mele be míavɔ̃ kura o. Nu ka tae?

15-16. (a) Nu kae nye nyateƒenya etɔ̃lia si dzi wòle be míaɖo ŋkui, eye aleke Yesaya 25:4, 5 me nyawo ɖo kpe edzi? (b) Aleke Yesaya 41:11, 12 ɖɔ nu si ava dzɔ ɖe ame siwo le avu wɔm kpli mí la dzi?

15 Bu nyateƒenya etɔ̃lia si dzi wòle be míaɖo ŋkui la ŋu kpɔ. Yehowa gblɔ be “lãnu sia lãnu” si wotu ɖe mía ŋu la “madze edzi o.” Ale si ko gli kpɔa mía ta tso yatsi sesẽ gblẽnu si me la, nenemae Yehowa kpɔa mía ta tso ‘ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe’ la me. (Xlẽ Yesaya 25:4, 5.) Míaƒe futɔwo mate ŋu agblẽ nu le mía ŋu ɖikaa akpɔ gbeɖe o.—Yes. 65:17.

16 Azɔ hã, Yehowa gblɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe ame siwo “do dɔmedzoe ɖe” mía ŋu dzi la ŋu nya ɖi tsitotsito ale be yeana míagaɖo ŋu ɖe ye ŋu geɖe wu. (Xlẽ Yesaya 41:11, 12.) Aleke kee míaƒe futɔwo ɖawɔ avu kpli mí o, eye aleke kee woƒe amedzidzedzea nu ɖasẽe o, nya ɖeka koe li: Mawu ƒe amewo ƒe futɔwo katã “azu tofloko, eye woatsrɔ̃” gbidii.

ALE SI MÍAWƆ AÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU GEÐE WU

Nuxexlẽ tso Yehowa ŋu le Biblia me edziedzi ate ŋu ana míagaɖo ŋu ɖe eŋu geɖe wu (Kpɔ memama 17-18 lia) *

17-18. (a) Aleke Biblia xexlẽ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míagaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu geɖe wu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Aleke ŋugbledede le ƒe 2019 ƒe mawunyakpukpuia ŋu akpe ɖe mía ŋu?

17 Zi ale si míele Yehowa nyam nyuie la, zi nenemae míeva ɖoa ŋu ɖe eŋu geɖe wu. Eye mɔ ɖeka kolia si dzi míate ŋu ato anya Mawu nyuie ye nye be míalé fɔ ɖe Biblia xexlẽ ŋu eye míanɔ ŋugble dem le nu si míexlẽ ŋu. Ale si Yehowa kpɔ eƒe amewo ta le blema la ŋuti nuŋlɔɖi siwo ŋu kakaɖedzi le la le Biblia me. Nuŋlɔɖi mawo naa kakaɖedzi mí be, alé be na mí egbea hã.

18 Bu kpɔɖeŋu nyui si Yesaya wɔ tsɔ ɖɔ ale si Yehowa kpɔa mía tae la ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋua me la, eyɔ Yehowa be alẽkplɔla, eye eyɔ Mawu subɔlawo be alẽviwo. Yesaya gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Aƒo alẽviawo nu ƒu ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu.” (Yes. 40:11) Ne míese le mía ɖokui me abe ɖe Yehowa tsɔ eƒe abɔ sesẽawo lé mí ɖe eƒe akɔnu ene la, míekpɔnɛ be míele dedie eye míeɖea dzi ɖi bɔkɔɔ. Esi kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa di be yeakpe ɖe mía ŋu míaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ togbɔ be míele nɔnɔme sesẽwo me tom hã ta la, etia Yesaya 41:10 be wòanye ƒe 2019 ƒe mawunyakpukpuia; afi ma gblɔ be: “Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu.” De ŋugble le kakaɖedzinya siawo siwo dea dzi ƒo na ame la ŋu. Woado ŋusẽ wò le nɔnɔme sesẽ siwo ava dziwò le etsɔme la me.

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

^ mm. 5 Mawunyakpukpui si wotia na ƒe 2019 la na susu etɔ̃ aɖewo mí, siwo tae wòle be míaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ ne nɔnɔmeawo le sesẽm le xexea me alo ne míawo ŋutɔwo míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Le nyati sia me la, míadzro susu etɔ̃awo me, eye míakpɔ ale si míawɔ be míagatsi dzimaɖi fũu o, ke boŋ, míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. De ŋugble le ƒea ƒe mawunyakpukpuia ŋu. Lé emenyawo ɖe susu me ne anya wɔ na wò. Ne èwɔ esia la, ado ŋusẽ wò be nàdo dzi le nɔnɔme sesẽ siwo ava dziwò le etsɔme la me.

^ mm. 3 NYAMEÐEÐE: Kakaɖedzinya nye nyateƒenya aɖe alo ŋugbedodo aɖe si fia be nane ava eme godoo. Yehowa ƒe kakaɖedzinyawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagatsi dzimaɖi le kuxi siwo vaa mía dzi le agbe me la ŋu o.

^ mm. 4 Yehowa zã nyagbe “Mègavɔ̃ o” zi etɔ̃ le Yesaya 41:10, 13, kple 14. Azɔ hã, Yehowa zã nyawo abe “Meli kpli wò,” “Nyee nye wò Mawu,” “Mado ŋusẽ wò,” kple “Makpe ɖe ŋuwò” ene le kpukpui mawo me. Nu ka tae Yehowa na Yesaya zã nya siawo? Susua ye nye be yeatsɔe ate gbe ɖe nyateƒenya vevi aɖe dzi—eyae nye be, ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ko hafi míavɔ̃ o.

^ mm. 52 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Ƒome aɖe me tɔwo do go kuxi vovovowo le dɔme, le lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ me, le gbeƒãɖeɖedɔa me, kple le suku.

^ mm. 54 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Poliswo lé tuwo ɖe asi va dze Ðasefowo dzi esime wole kpekpe wɔm le nɔvi aɖe ƒe aƒe me, gake ŋɔdzi melé nɔviawo o.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Ƒometadedeaguwɔwɔ edziedzi doa ŋusẽ mí míedoa dzi.